-
Dɔléle Siwo Nudzodzoeviwo Hena Vɛ—Kuxi aɖe si Le Dzidzim Ðe EdziNyɔ!—2003 | June 8
-
-
Ŋkutsitsidɔ si voewo hena vɛ na Afrikatɔ siwo ade 400,000 ƒe ŋku tsi. Protozoa dɔlékui si nɔa ŋtumu me ate ŋu ahe dɔléle si woyɔna be leishmaniasis vɛ, si nye dɔléle ƒomevi si nana ame tuna, eƒe ametia gblẽna, eye zi geɖe wòwua ame eye wòle nu gblẽm ale gbegbe le ame miliɔn siwo xɔ ƒe vovovo ŋu le xexeame godoo. Dɔmekplevi nɔa axɔ̃ si bɔ ɖe afisiafi la me, eye wòhea ahɔhɔ̃ ƒe abixɔxɔ, tularemia dɔléle, kpakple dɔ vɔ̃ɖi—si woyɔna be Dɔvɔ̃, si tsrɔ̃ Europatɔwo ƒe akpa etɔ̃lia alo esi wu nenema le ŋkeke ade ko me le Titinaɣeyiɣiwo me, la gɔ̃ hã vɛ.
Ðameyɔe, yɔe, axɔ̃ ate ŋu ahe ŋudza sesẽ ƒomevi vovovowo vɛ, tsɔ kpe ɖe dɔléle bubuwo ŋu. Dɔléle vɔ̃ɖi si woyɔna be Lyme ƒe dɔléle ate ŋu anɔ axɔ̃ siwo le anyigba xɔdzowo dzi le xexeame godoo la me—eye wònye nusi koŋ kakana dɔlélewo le United States kple Europa. Swedentɔ aɖe ƒe numekuku aɖe ɖee fia be axɔ̃ akpe nanewo ate ŋu anɔ xevi siwo ʋuna ŋu eye wotsɔa wo zɔa mɔ kilometa geɖe, si ate ŋu ahe dɔlélewo vɛ le nuto yeye siwo me woʋu yi. Britannica gblɔ be: “Alesi axɔ̃ kakana dɔlélee la ƒo nudzodzoevi ɖesiaɖe tɔ ta (negbe muwo ko mele eme o) le dɔléle siwo wodea lã me na amegbetɔwo gome.” Le nyateƒe me la, dɔlékui ƒomevi vovovo etɔ̃ ate ŋu anɔ axɔ̃ ɖeka me eye wòate ŋu ade wo katã lã me na ame le woƒe ametete ɖeka pɛ ko me!
“Vovoɣi” aɖe le Dɔléle si Me
Nyitsɔ laa le ƒe 1877 mee dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va de dzesii be nudzodzoeviwo ate ŋu akaka dɔlékuiwo. Tso ɣemaɣi la, wowɔ boblododo geɖe be woatsɔ aɖe nudzodzoevi siwo me dɔlékuiwo nɔna la ɖa. Le ƒe 1939 me la, wotsɔ nudzodzoewutike DDT kpe ɖe ewunuwo ŋu, eye kaka ƒe 1960 naɖo la womegabua nudzodzoevi siwo kakaa dɔlélewo abe afɔku ene na dukɔ bubu siwo ƒo xlã Afrika o. Woɖe susu ɖa le dɔléle kaka nudzodzoeviwo ŋu eye wotrɔ ɖe atike siwo woatsɔ ada dɔ kpatawo ŋu, eye dzotsɔtsɔ ɖe nudzodzoeviwo kple wo nɔƒewo ŋuti nusɔsrɔ̃ ƒe didi nu va tsi. Woto atike yeye aɖewo vɛ, eye wòdze abe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ate ŋu akpɔ “atike wɔnuku” aɖe si ate ŋu ada dɔ ɖesiaɖe ene. Xexeame kpɔ “vovoɣi” aɖe le dɔxɔleameŋu si me. Gake vovoɣia ava wu enu kpuie. Nyati si gbɔna aɖe nusitae me.
-
-
Nukatae Wogatrɔ Gbɔ?Nyɔ!—2003 | June 8
-
-
Nukatae Wogatrɔ Gbɔ?
ANƆ abe ƒe 40 enye esi va yi ene la, amewo bui be woɖe dɔléle nyanyɛ siwo nudzodzoeviwo hena vɛ abe asrã, ŋudza dzẽ kple ƒunukpeƒeŋudza ene ɖa le xexeame ƒe akpa gãtɔ keŋkeŋ kloe. Gake nu makpɔmɔna aɖe va dzɔ—dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ la gatrɔ gbɔ.
Nuka gbɔe wòtso? Nusiwo tae dometɔ aɖee nye be nudzodzoeviawo dometɔ aɖewo kple dɔlékui siwo nɔa wo ŋu va kpɔ ŋusẽ ale gbegbe be nudzodzoewutike kple atike siwo wotsɔ léa wo nu megawɔa naneke le wo ŋu o. Ŋusẽ si ɖo wo ŋu le dzɔdzɔmenu alea metso nudzodzoewutike zazã fũ ɖeɖeko gbɔ o ke boŋ etso atikewo mazamazã nyuie hã gbɔ. Agbalẽ si nye Mosquito gblɔ be: “Le ƒome dahe geɖewo me la, amewo dia atike si aɖe woƒe vevesese dzi akpɔtɔ vie ko, eye dɔlélea gakpɔtɔ tsia lãme na wo vaseɖe esime wogadzea dɔ ma ke.” Dɔlélea madamada keŋkeŋ alea te ŋu nana dɔlékuiawo gakpɔa ŋusẽ le amea ƒe lãme eye wògadzia dɔlékui yeye siwo dzi atikewo mekpɔa ŋusẽ ɖo o.
Yame ƒe Nɔnɔme si Trɔ
Nu vevi aɖe si na dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ gatrɔ gbɔe nye tɔtrɔ—si va dzɔdzɔmenuwo kple hadomegbenɔnɔ me. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye yame ƒe nɔnɔme si trɔ le xexeame godoo. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo kpɔ mɔ be xexeame ƒe dzoxɔxɔ fifia ana nudzodzoevi siwo ŋu dɔlékuiwo nɔna aʋu ayi nuto siwo fana fifia la me. Kpeɖodzi aɖewo li si fia be esia le dzɔdzɔm fifi laa. Ðk. Paul R. Epstein si le Dɔwɔƒe si Kpɔa Lãmesẽ Kple Xexeame Nutowo ƒe Nyawo Gbɔ, le Harvard Atikesɔsrɔ̃ Suku gblɔ be: “Nudzodzoeviwo kple dɔléle siwo wohena vɛ (asrã, kple ƒunukpeƒeŋudza siaa) va le aƒe xɔm ɖe Afrika, Asia, kple Latin Amerika ƒe tonyigbawo dzi.” Le Costa Rica la, ƒunukpeƒeŋudza kaka ɖe nuto siwo nye tonyigbawo dzi, si na dɔlélea menɔ Pacific-ƒuta o, eye fifia la ekaka ɖe dukɔa katã me.
Ke yame ƒe dzoxɔxɔ gbagbagbã hã ate ŋu awɔ akpa aɖe. Le teƒe aɖewo la, enana tɔsisiwo zua tsiʋewo, eye wòna tsi dzana fũ eye wòhea tsiɖɔɖɔ vaa teƒe bubuwo eye tsi xana ɖi. Le go evea siaa me la, tsi si xa ɖi la nyea teƒe si sɔ na muwo be woaƒo viwo le le agbɔsɔsɔ me. Yame ƒe dzoxɔxɔ gbagbagbã hã nana muwo ƒe viƒoɣiwo nɔna kpuie, eye wònana wosɔa gbɔ kabakaba, eye muwo ƒe anyinɔɣi va didina ɖe edzi. Muwo sɔa gbɔ le dzomeŋɔliwo me ŋutɔ. Dzoxɔxɔ gbagbagbã ɖoa mu ƒe dɔgbowo gɔ̃ hã me eye wònana nugbagbevi siwo hea dɔléle vɛ dzina ɖe edzi, si nana wònɔa bɔbɔe be wòade dɔ lãme na ame le eɖuɖu zi ɖeka pɛ ko me. Gake kuxi bubuwo gali.
Dɔléle Kaka ƒe Kpɔɖeŋu Aɖe
Tɔtrɔ siwo va amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ me hã nye nusi ate ŋu ahe nudzodzoeviwo ƒe dɔlélewo vɛ. Hafi míase eme la, ahiã be míadzro nu me tsitotsito tso akpa si nudzodzoeviwo wɔna ŋu. Le dɔléle geɖewo me la, nudzodzoevi ate ŋu anye mɔ vovovo siwo dzi dɔlélewo tona kakana la dometɔ ɖeka ko. Lã alo xevi aɖe ate ŋu anye dɔléle tsoƒe ne nudzodzoeviwo le eƒe ŋutilã ŋu alo dɔlékuiwo le ʋu me nɛ. Ne ete ŋu tsi agbe esime nusiawo le lã me nɛ la, ekema woawo hã woate ŋu ava zu dɔléle tsoƒe gã aɖe.
Bu Lyme ƒe dɔléle, si wode dzesi le ƒe 1975 me eye wotsɔ ŋkɔ ma nɛ esi wònye Lyme, Connecticut, United States, Amerika ye nye afisi woke ɖe eŋu le zi gbãtɔ ta, ŋu kpɔ. Dɔlékui si hea Lyme dɔléle vɛ anya ɖo Dziehe Amerika ƒe alafa ɖeka enye esi va yi to alegeli alo lãha siwo wode meli tso Europa dzi. Ne axɔ̃ ƒomevi aɖe si woyɔna be Ixodes no lã si me dɔlélea le ƒe ʋu vɔ la, dɔlékuia nɔa axɔ̃ la ƒe dɔme le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne axɔ̃a ɖu lã bubu aɖe alo amegbetɔ la, ate ŋu ana dɔlékuia nage ɖe eƒe ʋu me.
Le United States ƒe dzieheɣedzeƒe gome la, Lyme dɔlélea nye dɔvɔ̃—ele afima eteƒe didi. Nusi koŋ ŋue Lyme dɔlélea ƒe dɔlékuiawo nɔna enye afi ƒomevi aɖe si ƒe afɔwo le ɣie. Axɔ̃wo hã ganɔa afiawo ŋu, vevietɔ ne axɔ̃awo le tsitsim. Axɔ̃ siwo tsi hã dina be yewoanɔ sãde ƒe ŋutilã ŋu koŋ, afimae wonɔna ɖua nu heƒoa viwo. Ne axɔ̃nɔ nya no ʋu ɖi ƒo ko la, egena ɖe anyigba hena aziɖɔɖɔ, eye afimae aziawo ƒona le hetsina gava ƒoa vi bubuwo.
Nɔnɔmewo ƒe Tɔtrɔ
Nugbagbevi siwo naa dɔléle nɔ anyi kple lãwo kpakple nudzodzoeviwo hena ƒe geɖe eye womehe dɔléle aɖeke vɛ na amegbetɔwo o. Gake nɔnɔmewo ƒe tɔtrɔ ate ŋu ana dɔléle aɖe si le teƒe aɖe ko nazu dɔvɔ̃ akaka—agblẽ nu le ame geɖewo ŋu le nuto aɖe me. Ekema tɔtrɔ kawoe va le Lyme dɔlélea gome?
Le blema la, lãlénuwo wɔe be axɔ̃ siwo nɔa sãde ŋu mete ŋu ɖoa amegbetɔwo gbɔ tututu o esi woɖua wo ta. Esi Europatɔ gbãtɔ siwo nɔ afima ƒo aveawo hena agbledede la, sãdeawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ eye wo lélawo hã ʋu le afima. Gake le ƒe 1800-awo ƒe domedome la, agbleawo dometɔ geɖe tsi anyi esi agbledela geɖewo ʋu yi ɣedzeƒe gome ta, eye aveawo gagbugbɔ xɔ anyigbaa katã dzi. Sãdeawo trɔ gbɔ, gake lã siwo léa wo megatrɔ gbɔ o. Esia na sãdeawo ƒe agbɔsɔsɔ va dzi ɖe edzi ale gbegbe, alea tututu wònɔ le axɔ̃awo hã gome.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dɔlékui siwo naa Lyme dɔléle la trɔ gbɔ eye wòva xɔ anyinɔ hena ƒe gbogbowo hafi va zu ŋɔdzi na amegbetɔwo. Gake esi wodze du viwo tsotso ɖe aveawo xa gɔme la, ɖeviwo kple ame tsitsi gbogbo aɖewo siaa va te gege ɖe nuto siwo me axɔ̃awo le me. Axɔ̃awo ɖo lã me na amegbetɔwo, eye woxɔ Lyme dɔlélea.
Dɔléle le Xexe Madeamedzi aɖe Me
Nudzɔdzɔ si ŋu nya míegblɔ va yi fia mɔ geɖe siwo dzi dɔléle tona kakana dometɔ ɖeka eye wònye alesi amegbetɔ ƒe nuwɔna hea dɔléle vɛ ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko. Eugene Linden, amesi nye nutome taʋlila ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Future in Plain Sight me be: “Dɔléle
-