Ame Miliɔn Geɖe Ayi—Wò Hã Àyia?
◼ Ayi afika? Ayi “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe la! Wowɔ ɖoɖo ɖe ŋkeke etɔ̃ takpekpe sia dometɔ siwo woawɔ zi alafa geɖe wɔwɔ ŋu le du geɖe me hena ɣleti geɖe le xexeame godoo. Wodze egɔme xoxo le May ƒe kwasiɖanuwuwu mamlɛtɔ me, le Amerika. Amesiwo ade miliɔn 11 kloe ye de takpekpe gã 2,981 siwo wowɔ le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ laa me!
Le teƒe geɖe la, wotsɔa haƒoƒo dzea ɖoɖoawo gɔme le ŋdi 9:30 me. Nyati siwo ŋu woaƒo nu tsoe le Fiɖagbe dometɔ aɖewoe nye, “Wò Ŋku Nenɔ Yehowa ƒe Ðeɖe Ŋugbedodowo Dzi” kple “Alesi Yehowa Ðea ‘Ame Dahe si Le Ɣli Dom’ Lae.” Woatsɔ nuƒo tɔxɛ si ƒe tanyae nye, “Ðoɖo Siwo Yehowa Wɔ Hena Míaƒe ‘Xɔxɔ Mavɔ’” awu ŋdi kpaa dzi ƒe wɔnawo nui.
Nuƒo siwo woaƒo le Fiɖagbe ŋdɔ me dometɔ aɖewoe nye, “Yehowa Léa Be Na Ame Tsitsiwo Lɔlɔ̃tɔe,” “Ðeɖe Kpɔkpɔ tso Fukpekpewo Me,” kple “‘Subɔsubɔdɔ’ si Mawudɔlawo Wɔna.” Woaƒo nuƒo kpui ene siwo anɔ te ɖe tanya si nye “Yehowa—‘Xɔnametɔ’” la dzi, eye woatsɔ nuƒo si ƒe tanyae nye, “Lãnu sia Lãnu alo Nya sia Nya si Wotsɔ Ðe Mía Ŋu Madze Edzi O” awu ŋdɔkpa dzi ƒe wɔnawo nu.
Nuƒo siwo woaƒo le Memleɖagbe ŋdi dometɔ aɖewo anye nuƒo kpui etɔ̃ siwo anɔ te ɖe tanya si nye, “Yi Subɔsubɔdɔa Dzi ‘Madzudzɔmadzudzɔe’” dzi, kple nuƒo bubu siwo nye, ‘Ðeɖe Kpɔkpɔ tso Xevimɔ̃trela ƒe Mɔ̃ Me’ kpakple “‘Mawu ƒe Nu Gogloawo’ Me Dzodzro.” Woaƒo ŋdi me wɔnaa ta kple nyɔnyrɔxɔxɔnuƒo, emegbe mɔnukpɔkpɔ asu amesiwo dze la si be woaxɔ nyɔnyrɔ.
Nuƒo siwo woaƒo le Memleɖagbe ŋdɔ dometɔ aɖewoe nye, “Wɔ Ðe Biblia ƒe Aɖaŋuɖoɖo Dzi le Dɔdanyawo Me,” “Gbɔgbɔ Kae Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbenɔnɔ Dzi?,” “Na Wò Srɔ̃ɖeɖea Nayi Edzi Anye ‘Ka Ŋukplaba Etɔ̃,’” kple “Sɔhɛwo, ‘Miɖo Ŋku Mia Wɔla Dzi’ Fifia.” Míaxɔ aɖaŋuɖoɖo siwo dzi wɔwɔ aɖe vi na mí egbea la le ŋkekea ƒe nuƒo mamlɛ si ƒe tanyae nye, “Ðe Yehowa ƒe Ŋkekea Le Susu me na Wò Gbesiagbea?” la me.
Nuƒo siwo woaƒo le Kwasiɖagbe ŋdi dometɔ aɖewoe nye nuƒo kpui ene, siwo anɔ te ɖe tanya si nye, “Dziƒofiaɖuƒe la Ði . . .” dzi. Nuƒo kpui siawo adzro Yesu ƒe lododowo me kpuie.
Kwasiɖagbe ŋdi ƒe wɔnaa ayi edzi kple nuƒo aɖe si ado ŋgɔ na takpekpea ƒe wɔna vevitɔwo dometɔ ɖeka. Wɔna vevi lae nye drama si me woado blemawuwo le, si anɔ te ɖe Biblia-gbalẽ si nye Fiawo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, ta 13 lia me nyawo dzi. Le Kwasiɖagbe ŋdɔ, si nye takpekpea ƒe akpa mamlɛa me la, woaƒo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye, “Míakpɔ Ðeɖe Kpuie—To Mawu ƒe Fiaɖuƒea Dzi!”
Wɔ ɖoɖo tso fifia be nàde takpekpe sia. Bia takpekpewɔƒe si tsɔ ɖe mia gbɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me, alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. Woŋlɔ afisiwo woawɔ takpekpeawo le, le Benin, Burkina-Faso, Côte dˈIvoire, Ghana, Togo, kple teƒe bubuwo ɖe March 1, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ, si míetana kpena ɖe magazine sia ŋu, me.—g6/06.