INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 1/07 axa 32
  • Nunana Aɖe Si Ŋu Wokpɔ Ŋudzedze Ðo Ŋutɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nunana Aɖe Si Ŋu Wokpɔ Ŋudzedze Ðo Ŋutɔ
  • Nyɔ!—2007
Nyɔ!—2007
g 1/07 axa 32

Nunana Aɖe Si Ŋu Wokpɔ Ŋudzedze Ðo Ŋutɔ

Ne nunana aɖe kpɔ nuhiahiã vevi aɖe gbɔ na ame, eye wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la, ehea dzidzɔ vɛ na nunalaa kple exɔlaa siaa. Dziɖuɖudɔwɔlawo ƒe amegã aɖe ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico nyitsɔ laa tsɔ da akpe ɖe agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, si su esi ta. Eƒe lɛtaa me nya aɖewoe nye esi:

“Agbalẽ sia me nyawo nyo ŋutɔ. Mekpɔe dze sii be togbɔ be blemagbalẽ ade dzie wotu emenyawo ɖo hã la, wosɔ na agbenɔnɔ egbea kokoko.

“Mexɔe se be agba le mí dzilawo dzi be míaƒã dzidzenu siwo akpe ɖe mía viwo ŋu woanya ale si woawɔ nui la ɖe wo me, be wòakpe ɖe wo ŋu woazu ame siwo su te, eye be woanɔ agbe le bubu kple anukwareɖiɖi me le xexe sia si me nɔnɔme siawo megale o la me. Vevietɔ wu la, ele be míakpe ɖe wo ŋu woanyae be Nuwokatãtaƒola dɔmenyotɔ lɔ̃ame aɖe li. Nyemable mi o, agbalẽ si mieɖo ɖem la aɖe vi geɖe ŋutɔ nam le nye dɔwɔɖui me, eye le agba si mía Wɔla da ɖe mí dzilawo dzi be míakpe ɖe mía viwo ŋu woatsi azu ame siwo lɔ̃a wo haviwo la tsɔtsɔ me.”

Dziɖuɖudɔwɔla sia kpɔe be asixɔxɔ le Yesu Kristo ƒe nufiafiawo kple kpɔɖeŋu me nusɔsrɔ̃ siwo dze le Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ gbalẽa me ŋu. Wò hã àte ŋu axɔ agbalẽ dzeani sia, si ƒe lolome le abe magazine sia ene, eye axa 256 le esi, la ƒe ɖeka. Àte ŋu adɔ ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g12/06.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe