“Nufiagbalẽ Nyui Aɖe Ŋutɔe Wònye!”
Nya mae Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe si le Panama ŋlɔ tso axa 224 gbalẽ, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?—si le amadede vovovowo me, si zãm wole fifia tsɔ le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kple amewo la ŋu. Eŋlɔ bena: “Ewɔ nuku ŋutɔ! Nu sia nu kloe le eme; nyawo de nu wo nɔewo me, eye wowɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Ale si wofiaa asi nya bubuwo hekplɔa exlẽla yia megbenyawo gbɔ aɖaŋutɔe la dea dzi ƒo na ame be wòawɔ numekuku.”
Biblia fiala aɖe si le Missouri, U.S.A. la gblɔ be: “Ale si wozã nyagbe bɔbɔewo le agbalẽa me la doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Nyatiawo kplɔ wo nɔewo ɖo le ɖoɖo nyui aɖe nu, si tɔgbe nyemekpɔ kpɔ o.” Esi Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa nya do teti ko la, Biblia fiala sia tsɔe yi na nyɔnu aɖe si nɔ Biblia srɔ̃m tsã, gake dzi va ɖe le eƒo la.
Biblia fiala la gblɔ be: “Nyɔnua mewu ta gbãtɔa xexlẽ nu hafi ƒo ka nam hegblɔ ale si gbegbe agbalẽa xexlẽ do dzidzɔ nɛ la nam o.” Nusrɔ̃via gblɔ be yese le yeɖokui me abe ye koŋue woŋlɔ agbalẽa na ene, eye be yedi be yeagbugbɔ adze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Nufialaa de dzesii be esi yewosrɔ̃ ta ewo gbãtɔawo ɖekae vɔ la, dzidzɔ si kpɔm nusrɔ̃via nɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wònɔ ŋu teƒekpɔkpɔ do dzidzɔ na ye ŋutɔ.
Togbɔ be woɖe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ɖe go mekpɔ de ƒe eve o hã la, wota agbɔsɔsɔ si wu miliɔn 50 xoxo ɖe gbegbɔgblɔ 150 me. Àte ŋu adɔ ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi, alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g4/07.