-
‘Míate Ŋu Agbe Nuƒoƒo tso Yesu Ŋuti O’Gbetakpɔxɔ—2006 | September 15
-
-
“Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene Wu Amewo”
‘Míate Ŋu Agbe Nuƒoƒo tso Yesu Ŋuti O’
SANHEDRIN, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe gã la, ɖi ʋɔnu ɖe Yesu Kristo yomedzela 12 ŋu le ƒe 33 M.Ŋ. me, le Yerusalem. Ðe susu ka ta? Le esi wonɔ gbeƒã ɖem tso Yesu ŋu ta. Zi eveliae nye ema apostolo Petro kple Yohanes do ɖe ʋɔnu sia. Gake esiae nye zi gbãtɔ si apostolo mamlɛawo ya do ɖe afima.
Nunɔlagã la nyrã ɖe apostolo 12-awo dzi be womese se si ʋɔnudrɔ̃ƒea de na wo dometɔ eve siwo wolé gbã la o mahã. Esime wolé apostolo Petro kple Yohanes zi gbãtɔa hede se na wo be woagafia nu tso Yesu ŋu akpɔ gbeɖe o la, nya si wotsɔ ɖo eŋu na wo lae nye si: “Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ! Elabena míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o.” Wodo gbe ɖa hebia dzideƒo, emegbe woyi gbeƒã ɖeɖe nyanyuia dzi.—Dɔwɔwɔwo 4:18-31.
Esi nunɔlagã la kpɔe be ŋɔdzi si yewodo na wo le wo lelé zi gbãtɔa me metsɔ fu lãme na wo o ta la, egblɔ na wo le zi evelia sia me be: “Alo ɖe menye se míede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatsɔ amesia ƒe ʋu aɖo mía dzi.”—Dɔwɔwɔwo 5:28.
Tameɖoɖo Kplikpaa si me Sẽ Ŋutɔ
Petro kple apostoloawo ɖo eŋu dzinɔameƒotɔe gblɔ bena: “Ele be, míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Nyateƒee, ne eva eme be amegbetɔ dzrowo ƒe sededewo tsi tre ɖe Yehowa tɔ ŋu la, ele be míaɖo to eyama wu amewo.a
Ele be nya siawo siwo apostoloawo gblɔ tsɔ ɖo kpe woƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoawɔ nuteƒe na Mawu dzi la nawɔ dɔ ɖe Sanhedrin la me tɔwo dzi vevie. Eye ne woabia Yuda-dukɔa ƒe ŋgɔnɔla siawo be ɖe wòle be woaɖo to Mawu hã la, ele be woatsɔ nu sɔsɔe aɖo eŋu be: “Ẽ, miɖo to Mawu.” Elabena woxɔ edzi se be Mawue nye xexeame katã ƒe Dziɖula Gã la.
Petro ƒo nu ɖe apostoloawo katã nu hegblɔ be, le yewoƒe subɔsubɔ nyawo gome la, yewoɖoa to Mawu wu amewo. Eyata ena eme kɔ nyuie be mesɔ be woatsɔ nya ɖe yewo ŋu le yewoƒe tomaɖomaɖo amegbetɔwo ta o. Sanhedrin la me tɔwo ŋutɔ hã nyae le Yuda-dukɔa ƒe ŋutinya me be ehiãna ɣeaɖewoɣi be woaɖo to Mawu wu amewo. Vixela eve siwo nɔ Egipte la mewɔ ɖe se si Farao de na wo la dzi o, ke boŋ wovɔ̃ Mawu, eye womewu ŋutsuvi siwo Hebri-nyɔnuwo dzi la o. (Mose II, 1:15-17) Esime Fia Sanxerib dze agbagba be yeana Fia Xizkiya na na ta la, Xizkiya meɖo toe o, eɖo to Yehowa boŋ. (Fiawo II, 19:14-37) Hebri Ŋɔŋlɔawo, siwo Sanhedrin la me tɔwo nya nyuie la, te gbe ɖe edzi be Yehowa di tso esubɔlawo si be woaɖo to ye.—Samuel I, 15:22, 23.
Woɖo Woƒe Toɖoɖo Teƒe Na Wo
Nya siwo apostoloawo gblɔ be “ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo” la wɔ dɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe gã la me tɔ ɖeka ya teti dzi vevie. Eŋkɔe nye Gamaliel, eye wònye Sanhedrin la ƒe sefiala si ŋu wodea bubui ŋutɔ. Eɖe kpɔ etɔ mamlɛawo heƒoe ɖe wo nu be woase yeƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le. Gamaliel tsɔ nusiwo dzɔ va yi wɔ kpɔɖeŋui heɖee fia wo be nunya manɔ eme be yewoaxe mɔ ɖe dɔ si wɔm apostoloawo nɔ la nu o. Eƒo eƒe nyaa ta be: “Mite ɖa le amesiawo gbɔ, eye miɖe asi le wo ŋu; . . . bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.”—Dɔwɔwɔwo 5:34-39.
Gamaliel ƒe nya siawo siwo me nunya le la ƒoe ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe gã la nu woɖe asi le apostoloawo ŋu. Togbɔ be woƒo apostoloawo hã la, ema medo ŋɔdzi na wo kura o. Ðe eteƒe la, Biblia gblɔ be: “Gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.”—Dɔwɔwɔwo 5:42.
Yayra ka gbegbee nye si apostoloawo xɔ le esi woku ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu goŋgoŋ be eya koe ƒo ɖesiaɖe ta la ta! Nɔnɔme ma tututue le Kristotɔ vavãwo si egbea. Yehowa Ðasefowo bua Yehowa be eyae nye yewoƒe Dziɖula Gã. Ne wode se na wo be woawɔ nane si tsi tre ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo ŋu la, woɖoa eŋu abe alesi ko apostoloawo ɖo eŋui ene be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”
-
-
‘Woyɔ Sanhedrin La Me Tɔwo Va Ƒo Ƒu’Gbetakpɔxɔ—2006 | September 15
-
-
‘Woyɔ Sanhedrin La Me Tɔwo Va Ƒo Ƒu’
NUNƆLAGà la kple Yuda-megãwo tɔtɔ le wo ɖokui me. Nukae woate ŋu awɔ atsɔ atsi dzidzɔnya gbogbo siwo sem wonɔ le Yesu Kristo ŋu la nu? Wokpɔ dzidzedze le Yesu wuwu me, gake fifia la, eƒe nusrɔ̃lawo le gbeƒã ɖem eƒe tsitretsitsia le Yerusalem-du bliboa me. Nukae woate ŋu awɔ atsɔ tsi wo nui? Be woanya nusi woawɔ la, nunɔlagã la kple eƒe kpeɖeŋutɔwo yɔ Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gãtɔ la, me tɔwo va ƒo ƒu.—Dɔwɔwɔwo 5:21.
Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Roma-mɔ̃mefia Pontio Pilato ƒe dziɖuŋusẽe ƒo Israel dukɔa me tɔ ɖesiaɖe tɔ ta. Gake aleke Sanhedrin la wɔa nu kple Pilatoe? Afikae Sanhedrin la ƒe ŋusẽ se ɖo? Amekawoe nye Sanhedrin la me tɔwo? Eye aleke Sanhedrin la wɔa dɔe?
Sanhedrin la Ðoɖo Kple Eƒe Ŋusẽ
Helagbe me nya si gɔme woɖe be Sanhedrin, la gɔme ŋutɔŋutɔe nye “anyinɔnɔ ɖe nane ŋu.” Wozãnɛ le gɔmesese gbadzaa nu wòfiana takpekpe alo kpekpe aɖe. Le Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi nu la, wozãnɛ zi geɖe na subɔsubɔnyawo ŋuti ʋɔnudrɔ̃lawo, alo na ʋɔnudrɔ̃ƒe.
Amesiwo ŋlɔ rabiwo ƒe se si woyɔna be Talmud, le ƒe alafa siwo kplɔ Yerusalem tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me ɖo la yɔ Sanhedrin la be blema ƒuƒoƒo. Wosusui be ƒuƒoƒo sia me tɔwo nye agbalẽnyalagã siwo kpea ta dea ŋugble le Yudatɔwo ƒe sewo ŋu, eye wòbui hã be tso esime Mose tia ame tsitsi 70 aɖewo bene woakpe ɖe ye ŋu le Israel-dukɔa kpɔkplɔ me kee woɖo ƒuƒoƒo sia anyi. (Mose IV, 11:16, 17) Ke hã, blemaŋutinyaŋlɔlawo meda asi ɖe numeɖeɖe sia dzi o. Wogblɔ be esime Persiatɔwo va
-