INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/10 axa 9
  • Di Ɣeyiɣi Na Nu Si Hiã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Di Ɣeyiɣi Na Nu Si Hiã
  • Nyɔ!—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔ Geɖe Li Ɣesiaɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Ðea Gbeƒã Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Ðo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • ‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2010
g 4/10 axa 9

Di Ɣeyiɣi Na Nu Si Hiã

“Ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ.”—1 Korintotɔwo 7:29.

MICHAEL LEBOEUF gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be: “Menye dzodzo adze tsi me ahaƒo tsie nye tsiƒuƒu o.”—Working Smart.

Ne míagblɔe bubui la, menye dɔ gbɔ nɔnɔ koe nye dɔ nyui wɔwɔ o. Bu kwasiɖa si va yi ŋu kpɔ. Nu kawo ŋue nèzã ɣeyiɣia ɖo? Kawo koŋue xɔ ɣeyiɣi le asiwò wu? Ðe nèkpɔe be ehiã be nàdi ɣeyiɣi ɖe nu siwo hiã wò ŋutɔŋutɔ la ŋua?

Bu nya si Yesu gblɔ tso míaƒe ɣeyiɣi sia, si me nu sia nu le du dzi le ŋu la ŋuti kpɔ. Egblɔ be ne nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu gogo, eye xexe yeye si me ame dzɔdzɔewo ko anɔ la le aƒe tum la, yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋku abiã ɖe dɔ aɖe ŋu. Dɔ ka? Eyae nye gbeƒãɖeɖe Mawu “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la. Yesu gblɔ hã be ame akpa gãtɔ agblɔ be vovo mele yewo ŋu yewoaɖo to o. Woatsi dzi ɖe gbe sia gbe nuwɔnawo boŋ ŋu. Egblɔ kpee be ame siwo be vovo mele yewo ŋu yewoase Fiaɖuƒe gbedeasia o la atsrɔ̃.—Mateo 24:14, 37-39; Luka 17:28-30.

Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia egbea le dukɔ 230 kple edzivɔ me. Abe ale si Yesu gblɔe ene la, ame geɖe medina be yewoasee o hegblɔna be vovo mele yewo ŋu o. Gake míade dzi ƒo na wò be nàdi ɣeyiɣi vi aɖe ase nu si Biblia fia tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu, togbɔ be mèvona o hã. Míexɔe se be ne èva srɔ̃ nu tso ale si Mawu ɖoe be yeava yra amegbetɔwo le etsɔmee ŋu la, àlɔ̃ ɖe edzi be ehiã be nàdi ɣeyiɣi ɖe Biblia me gbedeasia sese kple wɔwɔ ɖe edzi ŋu, eye be ehiã vavã.a—g10-E 04.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èdi be woagakɔ nu geɖe me na ye la, ekema bia Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ, alo nàzã adrɛs siwo le axa 5 lia dometɔ si sɔ na wò atsɔ aŋlɔ agbalẽ na Yehowa Ðasefowo alo àte ŋu ayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe