-
Sɔhɛwo Ðo Xaxa MeNyɔ!—2005 | July 8
-
-
Sɔhɛwo Ðo Xaxa Me
◼ Le United States la, ƒe 15-vi aɖe da tu le sukuxɔ me wu eƒe sukuxɔmevi 2 hede abi 13 ŋu.
◼ Le Russia la, ƒewuiviwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo mu aha la wu nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe asieke la tagbɔsesẽtɔe heƒo fofoa kple etɔɖia ƒe viŋutsu.
◼ Le Britain la, ƒe 17-vi aɖe ƒo ƒewuivi aɖe si wòtsi wu hetɔ hɛ wòku. Egblɔ na kpovitɔwo be: “Nyemeɖoe be mawui hafi o; gake esi mekpɔ be ʋu nɔ dodom le eŋu la, ɖeko meyi edzi wɔe.”
NUDZƆDZƆ tsodzikaƒoname siawo bɔ le afisiafi. Míate ŋu agblɔ ko be wonye nusiwo ƒã hafi wodzɔna o. Agbalẽ si nye Professional School Counseling gblɔ be: “Sɔhɛwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ nye kuxi gã aɖe le mía dome egbea.” Akɔntabubuwo ɖo kpe nya sia dzi.
United States Dukɔa ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Agbalẽsrɔ̃nyawo Ŋuti Kɔntabubuwo Gbɔ gblɔ be togbɔ be ŋutasesẽ siwo yia edzi le suku ŋuti kɔntabubuwo dzi ɖe kpɔtɔ vie le dukɔ ma me hã la, “wowɔ ŋutasẽnu siwo me amewuwu alo fififi mele o ɖe sukuvi siwo xɔ tso ƒe 12 vaseɖe 18 siwo ade abe miliɔn 2 ene ŋu le suku le ƒe 2001 me.” Anyrawɔwɔ le suku ŋuti nyatakakawo hã le dzidzim ɖe edzi.
Gake menye hati sukuviwo ɖeɖeko ŋue sɔhɛwo sẽa ŋuta lena le United States o. Nyatakaka ma ke gblɔ be: “Le ƒe 5 siwo va yi tso 1997 vaseɖe 2001 me la, wowɔ ŋutasẽnu siwo ade 1,300,000 kloe ɖe nufialawo ŋu togbɔ be womewu wo o hã; ŋutasẽnu siawo dometɔ 817,000 nye fififi; eye wo dometɔ 473,000 nye amedzidzedze ŋutasesẽtɔe.” Gakpe ɖe eŋu la, “nufiala siwo katã le gɔmedzesukuwo kple sekɛndrisukuwo dometɔ 9 le alafa me nye esiwo sukuvi aɖe do ŋɔdzi na kpɔ be yeawɔ nuvevii, eye wo dometɔ 4 le alafa me nye esiwo dzi sukuvi aɖe dze kpɔ.”
Aleke nɔnɔmea le le dukɔ bubuwo ya me? Nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe habɔbɔ aɖe gblɔ be: “Wolé sɔhɛ dzeaglã 69,780 le China le ƒe 2003 me, esia nye dzidziɖedzi 12.7 le alafa me wu ƒe 2002 me tɔ.” Nyatakaka la gblɔ be “gbevuhawo ƒe nuvlowɔwɔwo dometɔ 70 le alafa me tso sɔhɛ dzeaglãwo gbɔ.” Nyatakaka aɖe si tso Japan le 2003 me hã gblɔ nya sia tɔgbe be sɔhɛwoe wɔ hlɔ̃nu siwo wowɔ le ƒe ewo siwo va yi me la ƒe afã.
Atikevɔ̃ɖiwo—Wogblẽa Nu le Sɔhɛwo ƒe Ŋutilã Ŋu
Kpeɖodzi bubu si fia be kuxi aɖe li ye nye alesi sɔhɛwo le wo ŋutɔwo woƒe ŋutila gblẽmee. Le kpɔɖeŋu me, le United States la, titinasuku ƒe klass evelia me viwo ƒe gbekui kple cocaine nono va “dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve le ƒe 1991 kple 1994 domedome, eye le mama dedie nu la, kaka woaxɔ abe ƒe 14 ene ko la, wosrɔ̃a gbekui nono.”
United States Dukɔa ƒe Atikezazã Ðe Mɔ Gbegblẽ Nu Ŋuti Numekuƒea gblɔ be ƒewuivi siwo le dukɔ ma me ƒe afã tea gbekui nono kpɔ hafi wua sekɛndrisuku nu. Nyatakaka la gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Aha muame zazã gakpɔtɔ bɔ ɖe sɔhɛwo dome ale gbegbe. Ne woma sukuviwo ɖe akpa atɔ̃ la, ene kloe (si nye ame 77 le alafa me) noa aha muame edziedzi (menye eƒe vi aɖe nono ko o) kaka woawu sekɛndrisuku nu; eye woƒe afã kloe (si nye ame 46 le alafa me) noa aha edziedzi ne wonya ɖo titinasuku ƒe klass evelia ko.”
Tsatsa le Ðekakpui alo Ðetugbi Geɖe Dzi
Le ɣeyiɣi siawo si me AIDS bɔ me la, ɖikeke aɖeke mele eme o be tsatsa le ŋutsuwo alo nyɔnuwo dzi nye nusi me afɔku le. Ke hã, sɔhɛwo le gbɔdɔdɔ bum abe fefe si mewɔa nuvevi aɖeke ame o ene. Le kpɔɖeŋu me, ne Amerika sɔhɛ aɖe dɔ kple ŋutsu alo nyɔnu aɖe kpɔ zi ɖeka la, ayemenya aɖe li wògblɔna adegbeƒoƒotɔe ko amesiame sea egɔme. Ne wodɔna kple ame ɖeka aɖe edziedzi femaxee la, eya hã ayemenya aɖe li wogblɔna ko amesiame sea egɔme.
Agbalẽŋlɔla Scott Walter ƒo nu tso dugã me sɔhɛwo ƒe kplɔ̃ɖoɖo siwo gbɔa eme ne wo dzilawo yi dɔ me ŋu. Le kplɔ̃ɖoɖo mawo dometɔ ɖeka me la, nyɔnuvi dzaa aɖe gblɔ be “yele dɔdɔ ge kple ŋutsuvi siwo katã va afima hafi yewoakpã. . . . Ðevi siwo xɔ ƒe 12 pɛ ko hã kpɔ gome le kplɔ̃ɖoɖoa me.”
Ðe wòwɔ moyaa na wòa? Mewɔ nuku na amesiwo srɔ̃a nu tso ƒewuiviwo ƒe gbɔdɔnyawo ŋu ya o. Ðɔkta Andrea Pennington ŋlɔ be: “Míeva kpɔe le ƒe 20 siwo va yi me be ƒewuiviwo megale tsitsim kura hafi le wo ɖokui ƒom ɖe gbɔdɔdɔ me o. Meganye nu wɔmoyaa be nàkpɔ ŋutsuvi kple nyɔnuvi siwo xɔ 12 ko la nate wo nɔewo gbɔ dɔdɔ o.”
Esi gate ɖe ame dzi wue nye nyatakaka aɖe si nyadzɔdzɔgbalẽ si nye USA Today gblɔ be: “Ðevi siwo ɖo woƒe ƒewuiwo me teti le dukɔa me dometɔ geɖe siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la, . . . va le gome kpɔm le gbɔdɔdɔnuwɔna si me woƒoa vidzinuwo ɖe nu me na ame alo gbugbɔnɛ me. . . . Ðeviwo xɔe se be ‘menye gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔe nusia nye o.’” Le numekuku aɖe si wowɔ le nyɔnuvi 10,000 ŋu la, wo dometɔ “blanyi le alafa me gblɔ be ɖetugbui leaƒee yewonye, evɔ wo dometɔ 25 le alafa kpɔ gome le gbɔdɔdɔnuwɔna si me woƒoa vidzinuwo ɖe nu me na ame alo gbugbɔnɛ me kpɔ. Eye wo dometɔ 27 le alafa me gblɔ be ‘enye nusi nàwɔ kple ŋutsuvi aɖe atsɔ afe ko.’”
Gbɔdɔdɔ ŋuti nukpɔsusu sia le kakam ɖe afisiafi. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnuwo ƒe Nyawo Gbɔkpɔha (UNESCO) gblɔ be: “Afɔku va li be Asia sɔhɛwo axɔ HIV dɔlélea kabakaba to gbɔdɔdɔ me esi wònye wo dometɔ geɖe mele tsitsim hafi le wo ɖokui ƒom ɖe gbɔdɔdɔ me o ta.” Egblɔ kpee be: “Sɔhɛwo megale wo dzila ‘Asiatɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ dzidzenuwo’ bum ɖe naneke me kura o, elabena wokpɔa gome le gbɔdɔdɔ me hafi va ɖea srɔ̃, eye zi geɖe la, wodɔna kple ame geɖe.”
Ðe kpeɖodzi bubuwo gali si fia be sɔhɛwo ɖo xaxa mea? Canadatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Women’s Health Weekly ka nya ta be: “Nyɔnuvi siwo xɔ tso ƒe 16 vaseɖe 19 dometɔ 25 le alafa me alé blanui vevie.” Ke hã, blanuiléle nye dɔléle si ɖea fu na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Le U.S.News & World Report, ƒe nya nu la, sɔhɛ akpe atɔ̃ ya teti wua wo ɖokui ƒe sia ƒe le dukɔ ma me. Nyatakakaa gblɔ be le susu aɖewo ta la, “ŋutsuvi siwo wua wo ɖokui la ƒe xexlẽme wu nyɔnuviwo tɔ zi gbɔ zi ade.”
Ðikeke mele eme o be sɔhɛ siwo li egbea ɖo xaxa me ŋutɔ. Nuka gbɔe kuxi sia tso?—g05 4/8.
-
-
Nyaƒoɖeamenu Siwo Sɔhɛwo Dzea Ŋgɔe EgbeaNyɔ!—2005 | July 8
-
-
Nyaƒoɖeamenu Siwo Sɔhɛwo Dzea Ŋgɔe Egbea
EÐANYE aleke kee ame aɖe to sɔhɛmenɔɣi me nyuie o, nɔnɔme sesẽwo nɔa eme kokoko. Seselelãme sesẽwo ɖea fu na sɔhɛwo ne wole tsitsim. Wodzea ŋgɔ nyaƒoɖeamenuwo tso nufialawo kple wo hati sɔhɛ bubuwo gbɔ gbesiagbe. Television dzi fefewo, video, haƒoƒo, kple Internet kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi atraɖii. Eyatae Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ tso sɔhɛmenɔnɔ ŋu be “enye ɣeyiɣi aɖe si me tɔtrɔ siwo hea xaxa kple dzimaɖitsitsi vɛ zi geɖe la yia edzi le.”
Nublanuitɔe la, nuteƒekpɔkpɔ menɔa sɔhɛwo si zi geɖe ne woate ŋu anɔ te ɖe xaxa kple dzimaɖitsitsiwo nu le nunya me o. (Lododowo 1:4) Ne womekpɔ mɔfiame nyui aɖeke o la, woate ŋu asrɔ̃ nugbegblẽwɔwɔ bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakakaa gblɔ be: “Numekuku siwo wowɔ fia be atikevɔ̃ɖi nono dzea egɔme tso sɔhɛmenɔɣi alo ne wole ame tsitsi me ɖom.” Ɣeyiɣi mawo ke mee agbe baɖa bubuwo, abe ŋutasesẽ kple gbɔdɔdɔ nuwɔnawo ene, hã dzea egɔme.
Ne dzila aɖe susui be “ame dahewo” alo gbe aɖe dolawo koŋ ƒe viwo ƒe nya gblɔmee wole la, ke ele eɖokui blem vodadatɔe. Kuxi siwo me tom sɔhɛwo le egbea menya amekae nye hotsuitɔ, ame dahe, bubume, alo gbe si ame aɖe dona o. Agbalẽŋlɔla Scott Walter ŋlɔ be: “Ne èsusu be ‘sɔhɛ dzeaglã’ ye nye ƒe 17 vi aɖe si le amesiwo ŋu womedea bubui boo o dome, si dada nɔa agbe ɖe kpekpeɖeŋunana nu la, ke efia be mèléa ŋku ɖe nusiwo le edzi yim le ŋkeke siawo me ŋu o. Egbevi dzeaglãwo ate ŋu anye yevu alo ame yibɔ, ate ŋu atso hotsuitɔ ƒe me, ate ŋu anye amesi mexɔ ƒe 16 (alo gogoe kura teti) haɖe o, eye ate ŋu anye ŋutsuvi alo nyɔnuvi.”
Ke nukatae sɔhɛ geɖe ɖo xaxa me alea? Ðe sɔhɛ siwo nɔ anyi le dzidzime siwo va yi me hã medze ŋgɔ gbetɔame kple tetekpɔwo oa? Ẽ, gake míawo ya míele agbe le ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me. (Timoteo II, 3:1-5) Nɔnɔme kple nyaƒoɖeamenu siwo dze ŋgɔ sɔhɛwo le ɣeyiɣi siawo me la le etɔxɛ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Na míadzro wo dometɔ aɖewo me akpɔ.
Tɔtrɔ Siwo Va le Ƒomegbenɔnɔ Me
Le kpɔɖeŋu me, bu tɔtrɔ siwo va le ƒomegbenɔnɔ me ŋu kpɔ. Magazine si nye Journal of Instructional Psychology ka nya ta be: “Ne woma ɖevi siwo le Amerika ɖe akpa etɔ̃ me la, akpa si wu ɖeka dzilawo gbea wo nɔewo hafi woxɔa ƒe 18.” Woate ŋu akpɔ akɔntabubu siawo tɔgbe le Ɣetoɖoƒe dukɔ bubuwo hã me. Ne sɔhɛwo dzilawo gbe wo nɔewo la, eva hiãna be woakpe akɔ kple seselelãme siwo vena. Magazine ma si míeyɔ do ŋgɔ gblɔ be: “Zi geɖe la, agbalẽsɔsrɔ̃ kple hadede kple wo tɔwo le suku sesẽna na ɖevi siwo tso ƒome siwo me wo dzilawo gbe wo nɔewo eteƒe medidi o me wu ɖevi siwo tso ƒome siwo me dzilawo katã li, dzilaɖekɛ ƒome siwo li ke, alo ƒome abɔlegbe siwo kpɔa dzidzɔ me. . . . Gakpe ɖe eŋu la, ne dzilawo gbe wo nɔewo la, egblẽa nu le ɖevia ƒe seselelãme kple bubu si le eŋu hã ŋu.”
Nyɔnu geɖe siwo va le dɔ wɔm hã wɔe be nɔnɔmewo trɔ le ƒomegbenɔnɔ me. Numekuku aɖe si wowɔ tso sɔhɛwo ƒe ŋutasẽnuwɔnawo ŋu le Japan ɖee fia be esesẽ na ƒome siwo me dzila eveawo wɔa dɔ le be woalé be na wo viwo wu ƒome siwo me dzila ɖeka koe wɔa dɔ.
Nyateƒee, le go aɖewo me la, ehiã be dzila eveawo nawɔ dɔ hafi woate ŋu akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ. Nyateƒee wònye hã be ne dzila eveawo le dɔ wɔm la, woate ŋu akpɔ sɔhɛwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le mɔ si nu ahe dzidzeme vɛ na wo wu nu. Gake emetsonu siwo menyo o hã li: Sɔhɛ miliɔn geɖe gbɔna tso suku va nɔa aƒe gbɔlo me. Kaka dzilawo nagbɔ la, ɖeɖi te wo ŋu xoxo eye wotsia dzi ɖe kuxi siwo wodo goe le dɔme ŋu boŋ. Nukae nye emetsonu? Ƒewuivi geɖe megakpɔa beléle si wohiã tso wo dzilawo gbɔ o. Sɔhɛ aɖe xa nu be: “Míekpɔa vovo wɔa nu ɖekae le mía ƒeme o.”
Amesiwo léa ŋku ɖe nu ŋu xɔe se be nɔnɔme sia made ɖeviwo dzi o. Ðɔkta Robert Shaw gblɔ be: “Mexɔe se be alesi dzilanyenye va trɔe le ƒe blaetɔ̃ siwo va yi me la na be lɔlɔ̃ aɖeke megava le ɖeviwo me ɖe woƒe ƒomea ŋu o, dzeɖoɖomɔnu aɖeke megali o, ɖeviwo megate ŋu va le nu srɔ̃m o, eye dzilawo megava le ŋusẽ kpɔm ɖe wo viwo dzi o. Xexe si dea ŋutilãmenudidi kple nusi gbɔ ame ƒe ŋutete ŋu wɔwɔ ƒe dzi ƒo la wɔ dzilawo kluviwoe, eye esia na be wozãa ɣeyiɣi geɖe le dɔme hezãa ga geɖe ale gbegbe be womate ŋu akpɔ ɣeyiɣi awɔ nusiwo hiã be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ woa kple wo viwo dome la o.”
Nu bubu aɖe si hã gblẽa nu le ɖeviwo ƒe dedienɔnɔ ŋu enye si: Zi geɖe la, ɖevi siwo dzilawo wɔa dɔ la zãna ɣeyiɣi gbogbo aɖe wɔa nu le wo ɖokui si. Ɣeyiɣi gbogbo aɖe si ŋu dzilawo ƒe ɖoɖowɔwɔ aɖeke mele o hea kuxi vɛ.
Amehehe Ŋuti Nukpɔsusuwo Trɔ
Amehehe ŋuti nukpɔsusu siwo le tɔtrɔm hã gblẽ nu le egbe sɔhɛwo ŋu. Agbalẽnyalagã Ron Taffel gblɔe kaŋ be dzila geɖe “megawɔa woƒe ŋusẽ ŋudɔ o.” Ne edzɔ alea la, mɔfiafia alo hehe vi aɖe koe ɖeviwo xɔna ne wole tsitsim, ne woxɔ ɖe hã enye ma.
Le go aɖewo me la, edze abe dzilawo medi be yewoahe yewo viwo kple asi sesẽ abe alesi wohe yewo ŋutɔe o ene. Wodi be yewoanɔ anyi kple yewo viwo abe ame kple exɔlɔ̃ ene—menye abe amedzizilawo ene o. Ke hã dzila geɖe gawɔnɛ wògbɔa eme akpa. Vidada aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Mewɔ vi nɛ akpa. Dzinyelawo ƒe nya me sẽ ŋutɔ, eyata nyemedi be mawɔ nu ɖe vinye ŋu nenema o. Nyemewɔe nyuie o.”
Aleke gbegbe dzila aɖewo wɔa vi na wo viwoe? Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye USA Today gblɔ be: “Numekuku yeye aɖe si wowɔ le ƒewuivi siwo anɔ abe 600 ene siwo ŋu wonɔ kpekpem ɖo le atikevɔ̃ɖi nono ta le New York, Texas, Florida kple California ŋu ɖee fia be wo dometɔ 20 le alafa me srɔ̃ atikevɔ̃ɖi nono le wo dzilawo gbɔ, eye wo dometɔ 5 le alafa me dzilawo dometɔ aɖee fia wo atikevɔ̃ɖi—zi geɖe la gbe muame—nono.” Nuka gbɔe wòatso be dzila aɖe nawɔ yakamenu sia? Dzila aɖe ʋu eme be: “Megblɔ na vinyenyɔnuvia be medi boŋ be wòawɔe le aƒeme ale be nye ŋku nanɔ eŋu.” Ame aɖewo sena le wo ɖokui me ko be gbe muame nono kple wo viwo ana xɔlɔ̃dzedze nanɔ wo dome.
Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ƒe Nyaƒoɖeamenu
Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo hã nye nya bubu li. Numekuku aɖe si Marita Moll wɔ le United States ɖee fia be sɔhɛ akpa gãtɔ zãna gaƒoƒo 4 miniti 48 ɖe television kpɔkpɔ alo kɔmpiuta zazã ŋu gbesiagbe.
Ðe ema nye nu gbegblẽ le eɖokui sia? Nyati aɖe si wota ɖe Science magazine me ka nya ta be “habɔbɔ xɔŋkɔ ade aɖewo siwo le United States,” siwo dome Amerika Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ hã le, va kpɔe dze sii be ŋutasesẽnuwɔna siwo dzena le nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo dzie na “ɖevi aɖewo va zu adãwɔlawo.” Science magazine la gblɔ be: “Togbɔ be numekukuwɔlawo va kpɔ nɔnɔmea dze sii hã la, edze abe ame tsɛwo ya menya be nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo hã na be nuvlowɔwɔ va bɔ le míaƒe ŋkekeawo me o ene.”
Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le videohaƒoƒowo ŋu kpɔ. Zi geɖe la ewɔa moyaa na dzilawo ne wokpɔ alesi gbegbe wodoa boblo gbɔdɔdɔe gaglã le video aɖewo dzi. Ðe wòate ŋu agblẽ nane le sɔhɛwo ƒe agbenɔnɔ ŋu vavã? Le numekuku aɖe si wowɔ tso kɔledzidela 500 ŋu me la, edze ƒã be “haƒoƒo siwo me hagbewo kafua adãnuwɔwɔ nana susu kple seselelãme vɔ̃ɖi ɖoa wo me.” Numekuku bubu siwo wowɔ nyitsɔ laa fia be “ƒewuivi siwo zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ kpɔa gbɔdɔdɔ kple nuvlowɔwɔ le ‘nuvlowɔhawo’ ƒe rap videohaƒoƒowo me la adi godoo be yewoate nusiwo yewokpɔ la kpɔ ŋutɔŋutɔ.” Numekuku sia si wowɔ tso nyɔnuvi siwo wu 500 ŋu la ɖee fia be amesiwo kpɔa nuvlowɔhawo ƒe video fũ lae adi be yewoawɔ nuvevi nufiala aɖe, awɔ nusi ana woalé wo, eye woadi be yewoadze ahiã geɖe.
Ŋusẽ si Kpɔm Kɔmpiuta Le ɖe Ƒewuiviwo Dzi
Tso nyitsɔ laa ƒeawo me la, kɔmpiuta hã va le ŋusẽ kpɔm ɖe sɔhɛwo ƒe susu dzi ale gbegbe. Magazine si nye Pediatrics gblɔ be: “Kɔmpiuta va bɔ ɖe aƒewo me tso ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me ko. Le [United States] dukɔa me godoo la, le aƒe etɔ̃ ɖesiaɖe si me sukuvi aɖe le (si xɔ ƒe 6 vaseɖe 17) me la, kɔmpiuta le wo dometɔ eve me . . . Aƒe siwo me ɖeviwo xɔ ƒe 3 vaseɖe 17 eye kɔmpiuta le wo si la ƒe agbɔsɔsɔ va dzi ɖe edzi tso 55 le alafa me le 1998 yi 65 le alafa me le 2000 me le United States.” Kɔmpiuta zazã va bɔ ɖe dukɔ bubuwo hã me.
Ke hã, mehiã be kɔmpiuta nanɔ sɔhɛ aɖe si kokoko hafi wòanya alesi wozãnɛ o. Numekula aɖe gblɔ be “sɔhɛ 90 kloe le alafa me siwo xɔ tso ƒe 5 vaseɖe 17 la zãa kɔmpiuta, eye wo dometɔ 59 le alafa me zãa Internet.” Esia na wòva le bɔbɔe wu na sɔhɛwo be woake ɖe nyatakakawo ŋu—si nye viɖenu nenye be woazãe le mɔ nyui nu le ame tsitsiwo ƒe mɔfiafia te. Gake nublanuitɔe la, dzila geɖe ɖe mɔ na ɖeviwo wozãna nusiawo alesi woa ŋutɔwo lɔ̃.
Le kpɔɖeŋu me, numekula Moll ŋlɔ ɖe magazine si nye Phi Delta Kappan me be numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 2001 me ku ɖe Internet zazã ŋu ɖee fia be “dzila 71 le alafa me susu be yewonya ‘nusianu kloe’ tso yewo viwo ƒe Internet zazã ŋu. Gake esi wobia nya mawo ke ɖeviawo la, wo dometɔ 70 le alafa me gblɔ be ‘nu ʋɛ aɖewo koe yewo dzila aɖewo nya eye ɖewo hã menya naneke kura o’ tso yewoƒe Internet zazã ŋu.” Numekuku sia ɖee fia be “ɖevi 30 le alafa me siwo xɔ tso ƒe 9 vaseɖe 10 gblɔ be yewodea Internet dzi nyatakakadiƒe siwo ame tsitsiwo koe woɖea mɔ na be woazã wo. Nɔnɔmea gagblẽ ɖe edzi kura elabena ɖevi 58 le alafa me siwo xɔ ƒe 11 vaseɖe 12, wo dometɔ 70 le alafa me siwo xɔ ƒe 13 vaseɖe 14, kple wo dometɔ 72 le alafa me siwo xɔ ƒe 15 vaseɖe 17, gblɔ be yewodea Internet dzi nyatakakadiƒe mawo. . . . Numekuku aɖe si wowɔ tso Internet zazã le aƒeme ŋu le Britain ɖee fia be dzila ɖeka le adre ɖesiaɖe me lɔ̃ ɖe edzi be yemenya naneke tso nusiwo ye viwo kpɔna le Internet dzi ŋu o.”
Internet zazã si ŋu womewɔ ɖoɖo aɖeke ɖo o ate ŋu ahe ɖeviwo ade amamaɖeɖe fotowo hã kpɔkpɔ me. Ke hã afɔku bubuwo gali. Taffel, amesi ƒe nya míegblɔ va yi fa konyi be: “Mía viwo le xɔlɔ̃ dzem le suku kple to kɔmpiutamɔ̃ɖaŋu dzi—eye emetsonu enye be wozãa woƒe ɣeyiɣiwo kple ɖevi bubu siwo míekpɔ kpɔ o.”
Eme kɔ ƒã be sɔhɛ siwo li egbea dze ŋgɔ nyaƒoɖeamenu kple kuxi siwo menɔ anyi le dzidzime siwo va yi me o. Eyata mewɔ nuku o be sɔhɛ geɖe ƒe nuwɔna le fu ɖem! Ðe nane li woate ŋu awɔ akpe ɖe sɔhɛ siwo li egbea ŋua?—g05 4/8.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
“Mexɔe se be alesi dzilanyenye va trɔe le ƒe blaetɔ̃ siwo va yi me la na be lɔlɔ̃ aɖeke megava le ɖeviwo me ɖe woƒe ƒomea ŋu o, dzeɖoɖomɔnu aɖeke megali o, ɖeviwo megate ŋu va le nu srɔ̃m o, eye dzilawo megava le ŋusẽ kpɔm ɖe wo viwo dzi o.”—ÐƆKTA ROBERT SHAW
[Nɔnɔmetata si le axa 6, 7]
Nyɔnu geɖe ƒe dɔwɔwɔ na nu gblẽ le ƒomegbenɔnɔ ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Sɔhɛ siwo ŋu womeléa ŋku ɖo o ate ŋu aɖo xaxa me bɔbɔe
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Numekukuwɔlawo gblɔ be videohaƒoƒo siwo kafua nuvlowɔwɔ na ŋutasẽnuwɔnawo va bɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Ènya nusi viwòwo kpɔna le Internet dzia?
-
-
Kpekpeɖeŋu si Woana Egbe SɔhɛwoNyɔ!—2005 | July 8
-
-
Kpekpeɖeŋu si Woana Egbe Sɔhɛwo
XEXE si me sɔhɛwo le tsitsim le egbea la ɖoa vɔvɔ̃ na wo ɣeaɖewoɣi. Wo dometɔ aɖewo kpɔnɛ wo dzilawo dome klãna alo wogbea wo nɔewo gake womate ŋu awɔ naneke le eŋu o. Bubuwo kpɔa wo hati sukuviwo ƒoa wo ɖokui ɖe atike vɔ̃ɖiwo nono kple nuvlowɔwɔ me. Wo dometɔ geɖe dzea ŋgɔ nyaƒoɖeamenuwo tso wo hati ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa gbɔ be woadɔ kple yewo. Eye sɔhɛwo katã kloe senɛ le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi be womese nu gɔme na yewo o, yewotsi akogo, eye yewolé blanui.
Nukae akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woanɔ te ɖe gbetɔame siwo dzea ŋgɔ wo nu? Ðɔkta Robert Shaw ŋlɔ be: “Ðeviwo hiã agbenyuinɔnɔ dzidzenu siwo li ke be woate ŋu atia xɔlɔ̃ nyui, awɔ nyametsotso siwo sɔ, ahase veve ɖe ame bubuwo nu.” Biblia mee agbenyuinɔnɔ dzidzenu nyuitɔ kekeake le, elabena Wɔla la ƒe susuwoe le eme. Ðe ame aɖe li si nya nusi míehiã be míate ŋu akpɔ ɣeyiɣi sesẽ siwo me míele egbea ƒe kuxiwo gbɔ wu Yehowa Mawua?
Mɔfiame Nyui si dzi Woate Ŋu Aka Ðo
Biblia ƒe gɔmeɖosewo nye esiwo dzi woate ŋu aka ɖo eye wowɔa dɔ hã. Asixɔxɔ le eŋu ale gbegbe na dzilawo kple ame tsitsi bubu siwo di be yewoakpe ɖe sɔhɛwo ŋu woazu ame tsitsi ɖɔʋuwo.
Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ kple kakaɖedzi be “bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu.” Alo abe alesi Today’s English Version gblɔe ene la, “ɖeviwo dzɔ movi hewɔa nu ŋumaɖɔɖotɔe.” (Lododowo 22:15) Sɔhɛ aɖewo dzena ame tsitsiwoe, gake ɖevi siwo si nuteƒekpɔkpɔ aɖeke mele o koe wogakpɔtɔ nye. Le esia ta la, dzimaɖitsitsi, dzodzro vɔ̃wo, kple ɖekakpui alo ɖetugbui nyenye ƒe nudzodzrowo ɖea fu na wo. (Timoteo II, 2:22) Aleke woate ŋu akpe ɖe sɔhɛ siawo ŋui?
Biblia de dzi ƒo na dzilawo kple ɖeviwo be woaɖe woƒe seselelãmewo afia to dzeɖoɖo dzi edziedzi. Ede dzi ƒo na dzilawo be: “Naƒo nu le [Mawu ƒe dzidzenuwo] ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (Mose V, 6:6, 7) Dzeɖoɖo sia tɔgbe aɖe vi le mɔ eve nu. Gbã la, afia nu ɖevia tso Mawu ƒe mɔwo ŋu. (Yesaya 48:17, 18) Evelia, ana dzeɖoɖo nanɔ dzilawo kple ɖeviwo dome. Esia le vevie ŋutɔ elabena ne ɖeviwo le sɔhɛmenɔnɔ me tom la, woate ŋu aɖe wo ɖokui ɖe aga ahatsi akogo.
Nyateƒee wònye be sɔhɛ akpa gãtɔ sena le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi be yewotsi akogo ya. Ke hã, wo dometɔ aɖewo va zua ɣeyiɣiwo katã ƒe akogotsilawo. Sɔhɛwo ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ðevi siawo ƒomevi gblɔna be esesẽna na yewo be yewoadze xɔlɔ̃ le suku, be ame aɖeke meli yewoaɖo dze kplii o, be yewotsi akogo, be esesẽna na yewo be yewoana ame bubuwo nalɔ̃ yewoƒe nya, eye be ame aɖeke meli akpe ɖe yewo ŋu ne yewohiã kpekpeɖeŋu o.”a
Dzilawo kple ame tsitsi siwo tsɔa ɖe le eme na ɖeviwo ate ŋu awɔ geɖe akpe ɖe wo ŋu be woaɖu woƒe xaxawo dzi. Aleke woawɔ esiae? Ƒewuiviwo ƒe magazine aɖe ƒe nuŋɔŋlɔmetolawo ƒe amegã ŋlɔ be: “Mɔ ɖeka kolia si dzi nàto anya nusi le susu me na sɔhɛwo koe nye be nàbia wo.” Nyateƒee, ehiã ɣeyiɣi kple dzigbɔɖi be woakpe ɖe sɔhɛwo ŋu woaɖe nusiwo le fu ɖem na wo le dzime agblɔ. Gake viɖe gbogbo aɖewo le esia wɔwɔ me.—Lododowo 20:5.
Mɔxexe Ðe Nusiwo Sɔ Nu Hiã
Hekpe ɖe dzeɖoɖomɔnuwo ŋu la, sɔhɛwo hiã—eye wodinɛ vevie le dzime hã—be woaxe mɔ ɖe nusiwo sɔ la nu na yewo. Biblia gblɔ be ‘ɖevi si ŋu woɖe asi le wòwɔa nusi dzea eya ŋutɔ ŋu la dea ŋukpe mo na dadaa.’ (Lododowo 29:15) Amesiwo nya nu tso vihehe ŋu xɔe se be mɔmaxemaxe ɖe nusiwo sɔ nu na ɖeviwo ate ŋu ana ɖeviwo nadze aglã. Shaw, amesi ƒe nyawo míeyɔ va yi la gblɔ be: “Ne woɖea nusianu ƒe mɔ na ɖevi eye womegblɔ nɛ kpɔ be ‘ao’ alo ɖo seɖoƒe aɖeke na eƒe nuwɔnawo o la, mɔnukpɔkpɔ masu esi be wòasrɔ̃e be ele be yeade bubu ame bubuwo ƒe agbe, seselelãmewo, nuhiahiãwo, kple woƒe didiwo ŋu o. Ne womefia alesi wosea veve ɖe ame nui ɖevi o la, mate ŋu ava nye amesi lɔ̃a ame o.”
Agbalẽnyalagã Stanton Samenow, amesi le dɔ wɔm ƒe geɖe kple sɔhɛ siwo ɖo xaxa me, gblɔ nya sia tɔgbe. Eŋlɔ be: “Dzila aɖewo xɔe se be ele be woaɖe asi le ɖeviwo ŋu woawɔ woƒe lɔlɔ̃nu. Le esi womenyae o ta la, woxɔe se be ne wode se aɖewo na ɖeviwo alo xe mɔ ɖe nanewo nu na wo la, anye agba si mesɔ o dada ɖe wo dzi eye be agblẽ nu le woƒe ɖevimenɔɣi ŋu. Gake esi womeɖo seɖoƒe ɖe nuwo nu na ɖeviwo o boŋ ye ahe afɔku vɛ. Dzila siawo menya be ne womena hehe ŋutsuvi alo nyɔnuvi o la, asesẽ nɛ be wòava nye ame ɖɔʋu si amla ye ŋutɔ ɖokui le etsɔme o.”
Ðe esia fia be ele be dzilawo nanye amesiwo ƒe nya me sẽ ko evɔa? Kpao. Mɔxenuwo ɖoɖo nye dzilanyenye ƒe akpa aɖe ko. Ne wowɔe wògbɔ eme akpa la, se kpaɖii alo kplalaa dede ate ŋu ana aƒea me nɔnɔ nasesẽ. Biblia gblɔ be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o.”—Kolosetɔwo 3:21; Efesotɔwo 6:4.
Eyata ele be dzilawo nanɔ asitɔtrɔ wɔm le woƒe nufiafia kple amehehe mɔnuwo ŋu tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi, vevietɔ ne wo viwo le tsitsim hele dzesi siwo fia be wole ame tsitsi zum ɖem fia. Ðewohĩ anyo be woawɔ asitɔtrɔ le se alo mɔxeɖenu aɖewo ŋu wòasɔ kple ɖevia ƒe nuwɔna siwo afia be ele tsitsinyenye ɖem fia la ta.—Filipitɔwo 4:5.
Ƒomedodowo Tutuɖo
Abe alesi wòdze le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, Biblia gblɔe ɖi be míato ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ’ me hafi Mawu naɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le xexeame. Ðaseɖiɖiwo fia kɔte be míele ɣeyiɣi ma tututu me—si nye ame mavɔ̃mawuwo ƒe nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo.” Abe ame tsitsiwo siaa ene la, ele na sɔhɛwo hã be woado dzi le xexe si me yɔ fũ kple amesiwo nye “ɖokuilɔ̃lawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o” me.—Timoteo II, 3:1-5.b
Dzila siwo se le wo ɖokui me be yewo kple yewo vi ŋutsuvi alo nyɔnuvi dome ƒomedodo menyo tututu o la ate ŋu ato dzeɖoɖo aɖe dzi tso ɣeyiɣi yi ɣiyiɣi agatu wo kple wo dome ƒomedodo ɖo ake. Enyo ŋutɔ be dzila geɖe le agbagba dzem be woahe wo viwo woava nye ame ɖɔʋuwo le etsɔme.
Biblia ƒe mɔfiamewoe nye nyuitɔ kekeake le vihehenyawo me. Ekpe ɖe dzila geɖe ŋu wowɔ wɔƒe si le wo si eye ekpe ɖe sɔhɛwo hã ŋu woƒo asa na mɔ̃ siwo ate ŋu ava nye afɔku na wo gɔ̃ hã la. (Mose V, 6:6-9; Psalmo 119:9) Esi mía Wɔla Yehowa Mawu gbɔe Biblia tso ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe sɔhɛ siwo li egbea ŋu le mɔ nyuitɔ kekeake nu.c—g05 4/8.
-