INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Blanuiléledɔlélawo Aleke Wosena Le Wo Ðokui Me?
    Nyɔ!—2009 | July
    • Blanuiléledɔlélawo Aleke Wosena Le Wo Ðokui Me?

      JAMESa ɖo ŋku edzi gblɔ be: “Esime mexɔ ƒe 12 la, mefɔ gbe ɖeka ŋdi hebɔbɔ nɔ nye aba dzi hebia ɖokuinye be, ‘Ðe wònye be mekua?’” Blanuiléledɔ sesẽ aɖee nɔ fu ɖem na James. Egblɔ le ƒe 30 megbe be: “Mewɔa avu kple seselelãme kpakple susu me dɔléle sia gbe sia gbe.” Esime James nye sɔhɛ la, ese le eɖokui me be viɖe aɖeke menɔ ye ŋu o ale gbegbe be edze eƒe ɖevimefotowo ƒu gbe. Egblɔ be: “Nyemesusu be medze be woaɖo ŋku dzinye gɔ̃ hã o.”

      Esi wònye be mí katã míeléa blanui ɣeaɖewoɣi ta la, míate ŋu aƒo nya ta be míese ale si tututu blanuiléledɔlélawo sena le wo ɖokuiwo me la gɔme. Gake biabia lae nye be, alekee ame siwo le blanuiléledɔ sesẽ lém la sena le wo ɖokui me?

      Edzea Ame Dzi Le Vome Vɔ̃ɖitɔe

      Menye blanuiléle si me mí katã míetona ɣeaɖewoɣi dzro koe blanuiléledɔ sesẽ nye o, ke boŋ enye dɔléle sesẽ aɖe si naa ame tɔtɔna zi geɖe ale gbegbe be megate ŋu wɔa eƒe gbe sia gbe dɔwo o.

      Le kpɔɖeŋu me, “vɔvɔ̃, susumetɔtɔ, veve heliheli sese, kple blanuiléle si nu sẽ” ɖe fu na Álvaro hena ƒe 40 kple edzivɔwo. Egblɔ be: “Nye blanuiléledɔa wɔe be ame bubuwo ƒe nukpɔsusu si woɖe gblɔ la naa nu tena ɖe dzinye ŋutɔ. Ɣesiaɣi si nane meyi nyuie o la, mesena le ɖokuinye me be gbɔnyee kuxia tso.” Egblɔ le blanuiléledɔ ŋu be enye “vevesese heliheli, evɔ mànya afi si tututu vevesesea le o; vɔvɔ̃, evɔ mànya nu si tututu tae o, eye esi gavɔ̃ɖi wue nye be, màdi kura be yeaƒo nu tso eŋu o.” Gake fifia ya, eƒe dzi dze eme, elabena enya nu si gbɔ eƒe seselelãme mawo tso. Egblɔ be: “Nyanya be kuxi si le fu ɖem nam la ɖea fu na ame bubuwo hã ɖeɖe dzaa wɔe be nye dzi dze eme.”

      Blanuiléledɔ na be alɔ̃madɔmadɔ, vevesese, dzikudodo kabakaba, kple “nuxaxa si nu gbea tsotso” ɖe fu na Maria, si xɔ ƒe 49, si le Brazil. Esi wova de dzesi dɔléle si nɔ fu ɖem na Maria zi gbãtɔ la, eƒe dzi dze eme esi wòkpɔe be dɔ nyanyɛ aɖee nɔ fu ɖem na ye. Ke hã, egblɔ be, “esia wɔe be meva tsi dzimaɖi ŋutɔ, elabena ame geɖe mesea ale si tututu blanuiléledɔ le gɔme o eye wobunɛ be enye dɔléle vɔ̃ɖi aɖe.”

      Nu Si Ŋu Mele Be Woalé Blanui Le O Ye Wònyea?

      Togbɔ be ɣeaɖewoɣi la, wonyaa nu si gbɔ blanuiléledɔ tsona hã la, zi geɖe la, ɖeko wòva dzea ame dzi le vome. Richard, si le South Africa gblɔ be: “Ðeko nàse le ɖokuiwò me enumake be blanuiléle va xɔ aƒe ɖe mewò abe alilikpo dodo aɖee va tsyɔ̃ dziwò le vome ene, evɔ mànya nu si gbɔ wòtso o. Wò ame nyanyɛ aɖeke meku o, eye nublanuinya aɖeka hã medzɔ ɖe dziwò o. Ke hã, àse le ɖokuiwò me be dzi mele dzɔwòm o eye nu te ye ŋu. Eye nu sia nu si nàwɔ la maɖe blanuiléle ƒe alilikpoa ɖa o. Nuteɖeamedzi si wu tsɔtsɔ na wò ana nàdi be yeana ta, eye mànya nu si tae o.”

      Mele be blanuiléledɔ nanye nu si akpe ŋu na ame o. Ke hã, ekpe ŋu na Ana, si le Brazil la be wokpɔe be blanuiléledɔe nɔ fu ɖem na ye. Egblɔ be: “Le nyateƒe me la, ƒe enyi va yi esi wode dzesi nye dɔlélea, gake egakpea ŋu nam kokoko.” Nu si ɖea fu nɛ vevie wue nye be, ekpɔe be esesẽna na ye ŋutɔ be yeakpe akɔ kple blanuiléle sesẽ si ɖea fu na ye la. Egblɔ be: “Fukpekpea nu sẽna ɣeaɖewoɣi ale gbegbe be mesea veve ŋutɔŋutɔ. Nye lãme katã nɔa veyem.” Le ɣeyiɣi mawo tɔgbi me la, esesẽna ŋutɔ be nàfɔ le aba dzi. Hekpe ɖe eŋu la, edzɔna ɣeaɖewoɣi be Ana metea ŋu dzudzɔa avifafa o. Egblɔ be: “Mefaa avi hehehe ale gbegbe be ɖeɖi tea ŋunye, eye mesena le ɖokuinye me abe ɖe ʋu meganɔ sisim to nye ʋukawo me o ene.”

      Biblia lɔ̃ ɖe edzi be ate ŋu adzɔ be nu nate ɖe ame dzi vevie vɔ̃ɖitɔe. Le kpɔɖeŋu me, nane si ŋu Paulo tsi dzi ɖo vevie ye nye be ame aɖe si nɔ nu xam la ƒe ‘nuxaxa akpa ate ŋu mii.’ (2 Korintotɔwo 2:7) Dzi ɖena le ame siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na dometɔ aɖewo ƒo ale gbegbe be ɖeko wodina be yewoadɔ alɔ̃ le ku me. Ame geɖe se le wo ɖokuiwo me abe nyagblɔɖila Yona ene hegblɔna be: “Enyo nam be, maku wu esi manɔ agbe.”—Yona 4:3.

      Dɔdadamɔnu kae ame siwo le blanuiléledɔ lém la ate ŋu azã ahanɔ te ɖe dɔléle ɖedzileameƒo sia nu?—g09 07-E.

  • Blanuiléledɔ Ale Si Woadae
    Nyɔ!—2009 | July
    • Blanuiléledɔ Ale Si Woadae

      RUTH si blanuiléledɔ ɖe fu na ƒe geɖe la gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míetsɔ nye dɔlélea yi kɔdzi, míewɔ tɔtrɔ geɖe le agbe me, eye míedze agbagba vevie nɔa agbe le mɔ aɖe si ana agbea nanya nɔ nam la nu. Míekpɔe be atike si zãm mele la le dɔ wɔm, eye nye nɔnɔmea le kakam ɖe eme. Gake ɣeyiɣi siwo me nɔnɔmea gadoa mo ɖa eye nu sia nu si míawɔ doa kpo nu la, lɔlɔ̃ si srɔ̃nye ɖena fiaam madzudzɔmadzudzɔe kple xɔlɔ̃wo ƒe ɖetsɔleme ye kpena ɖe ŋunye nyemenaa ta o.”

      Abe ale si nu si me Ruth to ɖee fia ene la, ehiã be xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nana kpekpeɖeŋu geɖe ale si woate ŋui la ame siwo blanuiléledɔ sesẽ le fu ɖem na, hekpe ɖe dɔdamɔnu ɖe sia ɖe si ƒe aɖaŋu ɖɔktawo aɖo la ŋu dɔ wɔwɔ ŋu. Enye nu si me afɔku le be woaŋe aɖaba aƒu blanuiléledɔa dada dzi elabena dɔ siawo dometɔ aɖewo ate ŋu ade ame ƒe agbe afɔku me ne womele atike wɔm o. Anɔ abe ƒe akpe eve enye sia ene la, Yesu Kristo gblɔ be atikewɔlawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu, esime wògblɔ be ‘ame siwo le dɔ lém la hiã atikewɔla.’ (Marko 2:17) Nyateƒeae nye be atikewɔlawo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe atsɔ aɖe blanuiléledɔlélaa ƒe fukpekpewo dzi kpɔtɔ.a

      Edadamɔnu Aɖewo Siwo Ðea Vi

      Blanuiléledɔdada ƒe mɔnu vovovo li, eye dɔa ƒe dzesiwo kple ale si enu sẽe la dzie wonɔa te ɖo nyana mɔnu si woazã. (Kpɔ aɖaka si le axa 15, si ƒe tanyae nye, “Blanuiléledɔ Ka Ƒomevie?”) Le ame geɖe go la, woƒe ƒomea ƒe ɖɔkta ate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo, gake le ame bubuwo ya gome la, wohiã dɔdamɔnu si le etɔxɛ. Ðɔktaa ate ŋu aŋlɔ blanuilélenulétike na amea alo akafu kpekpeɖeŋunamɔnu bubu aɖe nɛ. Dɔléla aɖewo ƒe nɔnɔmea ka ɖe eme na wo esi wozã gbetikewo, esi wotrɔ asi le woƒe nuɖuɖu ŋu, alo wɔ ɖoɖo ɖe kamedede si da sɔ ŋu.

      Kuxi Aɖewo Siwo Doa Mo Ða

      1. Xɔlɔ̃ nyuidinamela siwo si nuteƒekpɔkpɔ boo aɖeke mesu le atikewɔnyawo me o ate ŋu ava gblɔ atike siwo nàzã kple esiwo nàtsri la ŋu nya na wò. Woagate ŋu ate tɔ ɖe edzi be ele be nàzã gbetikewo, alo atike siwo ɖɔktawo ŋlɔ na wò loo alo be màgazã atike aɖeke kura o.

      Bu nyaa ŋu: Kpɔ nyuie be kakaɖedzi le aɖaŋuɖoɖo ɖe sia ɖe si dzi nàlɔ̃ ɖo la ŋu. Mlɔeba la, wò ŋutɔe awɔ tiatia le dɔdamɔnu si nèkpɔ be esɔ na ye la ŋu.

      2. Dziɖeleameƒo tea ŋu naa dɔnɔ aɖewo dzudzɔa atike si woŋlɔ na wo la nono, elabena wose le wo ɖokui me be nɔnɔmea mele kakam ɖe eme na yewo o alo be eva le nu bubuwo gblẽm le yewo ŋu.

      Bu nyaa ŋu: ‘Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afi si adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.’ (Lododowo 15:22) Dɔdamɔnu aɖe si ŋu dɔ wɔm dɔnɔ aɖe le ate ŋu akpɔ dzidzedze nyuie wu ne dzeɖoɖo nyui le ɖɔktaa kple dɔnɔa dome. Ƒo nu tso dɔa ƒe dzesi siwo doa mo ɖa alo nu siwo ŋu nètsi dzi ɖo la ŋu na wò ɖɔktaa, eye nàbiae nenye be ahiã be nàwɔ asitɔtrɔ aɖewo le atikea nono ŋu loo alo ahiã be nàyi enono dzi veviedodotɔe hafi akpɔ eƒe dɔwɔwɔ hã.

      3. Kakaɖeameɖokuidzi akpa ate ŋu ana dɔnɔawo nadzudzɔ atikea zazã kpata le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko megbe le esi wose le wo ɖokui me be nɔnɔmea ka ɖe eme na yewo vie ta. Woate ŋu aŋlɔ ale si gbegbe woƒe nɔnɔmea nye ŋkubiãnyae hafi wodze atikea zazã gɔme la be.

      Bu nyaa ŋu: Asiɖeɖe le atike si woŋlɔ na ame le kɔdzi zazã ŋu kpata ɖɔktaa mabiamabiae ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu alo ade eƒe agbe gɔ̃ hã afɔku me.

      Togbɔ be Biblia menye atikewɔɖaŋuɖogbalẽ o hã la, Eŋlɔlaa, Yehowa Mawu, ye nye mía Wɔla. Nyati si kplɔe ɖo adzro akɔfafa kple mɔfiafia siwo Mawu ƒe Nya la naa ame siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na kpakple wo dzi kpɔlawo siaa la me.—g09 07-E.

      [Etenuŋɔŋlɔ]

      a Nyɔ! mele dɔdamɔnu aɖeke kafum o. Ele be ame sia ame ŋutɔ nada dɔdamɔnu vovovo siwo li la kpɔ nyuie hafi awɔ tiatia.

      [Aɖaka si le axa 15]

      BLANUILÉLEDƆ KA ƑOMEVIE?

      Blanuiléledɔdada ƒe mɔnu si aɖe vi na ame la nɔ te ɖe blanuiléledɔ si ƒomevi le fu ɖem nɛ la dzi.

      ◼ Blanuiléledɔ sesẽ ƒe dzesiwo nu sẽna ale gbegbe be woate ŋu anɔ anyi hena ɣleti ade alo esi wu nenema ne womewɔ atike o, eye ekpɔa ŋusẽ ɖe dɔlélaa ƒe agbe ƒe akpa sia akpa kloe dzi.

      ◼ Nuwɔwɔ tramatrama ƒe dɔ alo blanuiléledɔ si naa nu tena ɖe ame dzi vevie. Seselelãme ƒe fuɖename siwo gbɔ eme—ate ŋu atso nu trama wɔwɔ adãtɔe si nɔa anyi ɣeyiɣi didi dzi ahatrɔ kpata azu blanuiléle vevie.—Kpɔ nyati si nye “Tenɔnɔ Ðe Seselelãme Trama Dɔwo Nu,” si dze le January 8, 2004, ƒe Nyɔ! me.

      ◼ Disaimia blanuiléledɔ; togbɔ be eƒe fuɖename nu mesẽna abe blanuiléledɔ sesẽ tɔ ene o hã la, blanuiléledɔ ƒe dzesi siwo dzena le dɔlélaa ŋu wɔnɛ be megatea ŋu wɔa nu ɖe ɖoɖo nyui nu o. Le wo dometɔ aɖewo gome la, blanuiléledɔ sesẽ ɖea fu na wo enuenu.

      ◼ Vidzidzi megbe ƒe blanuiléledɔ nye seselelãmedɔ si ɖea fu na vidadawo vevie le vidzidzi megbe.—Kpɔ nyati si nye “Vidzidzi Megbe Blanuiléle Gɔme Sese (Understanding Postpartum Depression,)” si dze le June 8, 2003, ƒe Nyɔ! yevugbe me tɔ me.

      ◼ Vuvɔŋɔli me nuteɖeamedzi ɖea fu na amewo le esi womegakpɔa ŋdɔ le kele kple vuvɔŋɔli me o ta. Zi geɖe la, enu yina le adame kple dzomeŋɔli me.

  • Kpekpeɖeŋuxɔxɔ Tso ‘Akɔfafa Ƒe Mawu La’ Gbɔ
    Nyɔ!—2009 | July
    • Kpekpeɖeŋuxɔxɔ Tso ‘Akɔfafa Ƒe Mawu La’ Gbɔ

      FIA DAVID nye ame aɖe si nuteɖeamedzi kple ‘dzodzodzoetsitsi’ geɖe ɖe fu na. Ke hã, meke ɖi kpɔ gbeɖe be mía Wɔla la sea míaƒe nɔnɔmewo gɔme na mí le goawo katã me o. Eŋlɔ bena: “Yehowa èdzro menye, eye nèdze sim. Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke. Elabena nya aɖeke mele nye aɖe dzi o, kpɔ ɖa, Yehowa, ènya wo keŋ.”—Psalmo 139:1, 2, 4, 23.

      Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi be mía Wɔla la sea míaƒe nɔnɔmewo kple ŋusẽ si gbegbe blanuiléledɔ ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe susu kple ŋutilã madebliboa dzi la gɔme na mí. Enya nu si gbɔ blanuiléledɔ tsona kple ale si míawɔ akpe akɔ kplii nyuie wu le nɔnɔme si me míele fifia la me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, egblɔ ale si wòava ɖe blanuiléledɔ ɖa keŋkeŋ la na mí. Míate ŋu akpɔ mɔ na ame bubu aɖeke be wòakpe ɖe mía ŋu tsɔ wu mía “Mawu ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la” o.—2 Korintotɔwo 7:6, Agbenya La.

      Gake ame siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na la abia be, alekee Mawu ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu ne nuteɖeamedzi ƒe seselelãmewo le fu ɖem na yewo mahã.

      ◼ Ðe Mawu tsɔ ɖe blanuiléledɔlélawo gbɔa?

      Mawu tsɔ ɖe esubɔla siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na la gbɔ ale gbegbe be ɖeko wòle abe ɖe wòle ‘ame si wogbã gudugudu, kple ame si ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ ɖe anyi la gbɔ ŋutɔŋutɔ, ne wòagbɔ agbe ame siwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ’ ene. (Yesaya 57:15) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na amee nye esi be míanya be ‘Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi’!—Psalmo 34:19.

      ◼ Aleke Mawu ate ŋu afa akɔ na blanuiléledɔlélawo?

      Mawu subɔlawo ate ŋu ate ɖe ‘Gbedodoɖasela’ la ŋu le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, elabena ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple nuteɖeamedzi ƒe seselelãmewo kple nɔnɔme bubu ɖe sia ɖe. (Psalmo 65:3) Biblia de ƒo na mí be míaɖe míaƒe dzimenyawo agblɔ nɛ, esi wògblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

      ◼ Ke ne sese le ame ɖokui me be yemele ɖeke me o wɔe be míesusu be womele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom o ya ɖe?

      Blanuiléledɔ ate ŋu awɔe be míase le mía ɖokui me be agbagba si dzem míele be míadze Mawu ŋu la mede edeƒe o. Gake mía Fofo si le dziƒo la nya míaƒe seselelãme ememetɔwo katã “heɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:14) Ne “míaƒe dzi abu fɔ mí” gɔ̃ hã la, “míana kakaɖedzi míaƒe dziwo” be “Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.” (1 Yohanes 3:19, 20) Eya ta àte ŋu azã nya siwo dze le mawunyakpukpuiwo abe Psalmo 9:9, 10; 10:12, 14, 17; kple 25:17 ene me la dometɔ aɖewo le wò gbedodoɖawo me.

      ◼ Ke ne nu te ɖe mía dzi ale gbegbe be míenya ale si tututu míaɖe míaƒe seselelãmewo agblɔ le gbedodoɖa me o ya ɖe?

      Ne seselelãme ƒe nuteɖeamedziwo nu sẽ ale gbegbe be esesẽ na wò be nàgblɔ nya siwo me susu le la, mègana ta o! Yi edzi nànɔ tetem ɖe “dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu” la ŋu, le esi wòsea wò seselelãmewo kple hiahiãwo gɔme ta. (2 Korintotɔwo 1:3) Maria, si ŋu míeƒo nu tso le nyati siawo ƒe gbãtɔ me la, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi ne metɔtɔ la, nyemenyaa nya si tututu magblɔ le gbedodoɖa me o. Gake menya be Mawu sea nye seselelãmewo gɔme eye woléam ɖe te.”

      ◼ Alekee Mawu ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui?

      Biblia megblɔ be Mawu ɖea míaƒe fukpekpewo katã ɖa le mía dzi fifia o. Gake Mawu doa ŋusẽ mí be míakpe akɔ kple “nuwo katã”—blanuiléledɔ hã le eme. (Filipitɔwo 4:13) Martina gblɔ be: “Zi gbãtɔ si blanuiléledɔ ɖe fu nam la, medo gbe ɖa be Yehowa nana dɔa navɔ nam enumake elabena mesusui be nyemagate ŋu anɔ te ɖe enu o. Fifia, biabia gbe sia gbe le gbedodoɖa me be ŋusẽ naɖo ŋunye dzea ŋunye.”

      Ŋɔŋlɔawo nye gbɔgbɔmeŋusẽtsoƒe vevi aɖe si kpena ɖe ame siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na ŋu be woanɔ te ɖe enu. Sarah, si wɔ avu kple blanuiléledɔ hena ƒe 35 sɔŋ la kpɔ ale si gbegbe Biblia xexlẽ gbe sia gbe kpena ɖe ame ŋui la dze sii. Egblɔ be: “Mekpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si atikewɔlawo nam la ŋu ŋutɔ. Gake ƒo wo katã ta la, mekpɔ ale si Mawu ƒe Nyaa xexlẽ ɖea vi hekpena ɖe ame ŋu le gbɔgbɔ me la dze sii. Mena exexlẽ gbe sia gbe zu numame nam.”

      Blanuiléledɔ Nu Ayi Tegbee!

      Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be Mawu na ŋusẽ ye be yeada dɔléle siwo nu sẽ. Yesu di vevie be yeana gbɔdzɔe ame siwo nɔ fu kpem le dɔléle sesẽwo si me. Gakpe ɖe eŋu la, eya ŋutɔ to seselelãme ƒe nuteɖeamedzi sesẽwo me. Le zã si do ŋgɔ hafi Kristo nase veve heliheli aku me la, “Eto ɣlidodo sesẽwo kple aɖatsiwo me nɔ kokoƒoƒowo kple kukuɖeɖewo dzi na Ame si te ŋu ɖee tso ku me.” (Hebritɔwo 5:7) Togbɔ be nu te ɖe Yesu dzi vevie ŋutɔ ɣemaɣi hã la, eɖea vi na mí egbea elabena “ate ŋu akpe ɖe ame siwo dom wole kpɔ la ŋu.”—Hebritɔwo 2:18; 1 Yohanes 2:1, 2.

      Biblia ɖee fia be Mawu ɖo tame be yeaɖe nuteɖeamedzi ƒe nɔnɔme siwo katã hea blanuiléledɔ vɛ la ɖa. Edo ŋugbe be: ‘Mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nu si mawɔ la ŋuti.’ (Yesaya 65:17, 18) “Dziƒo yeye” la, si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea, ada gbe le “anyigba yeye” la, si nye ame dzɔdzɔe siwo anɔ anyigba dzi la, ŋu woade blibo le ŋutilãme, le seselelãme gome kple gbɔgbɔ me siaa. Woaɖe dɔlélewo katã ɖa tegbee.—g09 07-E.

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

      ‘Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le do me ʋĩ ke. Èse nye ɣli, mègaɖe wò to ɖa le nye kokoƒoƒo ŋu nàgbe akɔfafa nam o. Ètsɔ kpuie le gbe si gbe meyɔ wò, eye nègblɔ be: Mègavɔ̃ o!’

      —Konyifahawo 3:55-57

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe