INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Mawu ƒe Ŋkɔ—Alesi Woazãe Kple Gɔmesese si Le Eŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
    • ate ŋu anɔ kplikplikplia? Gawu la, ne amewo mezãa Mawu ƒe ŋkɔa o la, womenyaa gɔmesese tɔxɛ si le eŋu o. Gɔmesese kae le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu?

      Mawu ŋutɔ ɖe gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu me na esubɔla wɔnuteƒe Mose. Esi Mose bia Mawu be yeanya eƒe ŋkɔ la, Yehowa ɖo eŋu nɛ be: ‘Mava nye amesi mava nye.’ (Mose II, 3:14) Rotherham ƒe gɔmeɖeɖea xlẽ ale: “Mava Nye nusianu si dze ŋunye.” Eyata Yehowa ate ŋu ava nye nusianu si hiã ale be wòawɔ eƒe tameɖoɖowo dzi.

      Tsɔe be àte ŋu ava nye amesi nèdi be yeanye ale be nàwɔ nusianu si nèdi. Nukae nàwɔ na xɔ̃wòwo? Ne wo dometɔ aɖe dze dɔ vevie la, àte ŋu anye ɖɔkta bibi aɖe ahada dɔa nɛ. Ne gakuxiwo le fu ɖem na ame bubu la, àte ŋu anye kesinɔtɔ dɔmenyola aɖe ahakpɔ eƒe kuxia gbɔ. Gake le nyateƒe me la, màte ŋu ava nye nusianu wɔla o. Mía dometɔ aɖeke mate ŋui o. Ne èle Biblia srɔ̃m la, awɔ nuku na wò be nàde dzesi alesi Yehowa ya te ŋu va nyea nusianu si hiã be wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme. Eye edzɔa dzi nɛ be yeazã yeƒe ŋusẽ atsɔ akpe ɖe amesiwo lɔ̃nɛ ŋu. (Kronika II, 16:9) Amesiwo menya Yehowa ƒe ŋkɔ o ya menya naneke tso eƒe amenyenye ƒe akpa nyui siawo ŋu o.

      Eyata eme kɔ ƒã be ele be woazã ŋkɔ Yehowa le Biblia me. Gɔmesese si le ŋkɔa ŋu nyanya kple ezazã faa le míaƒe subɔsubɔ me la kpena ɖe mía ŋu míetena ɖe Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, ŋu.a

  • Alesi Daniel ƒe Nyagblɔɖia Gblɔ Mesia la ƒe Vava Ðii
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
    • MEGBENYAWO

      Alesi Daniel ƒe Nyagblɔɖia Gblɔ Mesia la ƒe Vava Ðii

      NYAGBLƆÐILA Daniel nɔ agbe ƒe 500 kple edzivɔ do ŋgɔ na Yesu dzidzi. Gake Yehowa ɖe nyatakaka aɖewo fia Daniel siwo ate ŋu ana míanya ɣeyiɣi si me woasi ami na Yesu wòava zu Mesia, alo Kristo. Wogblɔ na Daniel be: “Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si wode se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na [alo Mesia] dzi la, le kwasiɖa adre; [kple] kwasiɖa blaade vɔ eve.”—Daniel 9:25.

      Hafi míanya ɣeyiɣi si me Mesia la ava la, gbã ele be míanya ɣeyiɣi si me nudzɔdzɔ si dzi woaxlẽe atsoe hafi Mesia nava la dze egɔme. Nyagblɔɖia gblɔe be adze egɔme “tso ɣeyiɣi, si wode se be, woagatso Yerusalem.” Ɣekaɣie “wode se” sia? Biblia-ŋlɔla Nexemya gblɔ be wode se be woagbugbɔ aɖo Yerusalem ƒe gliawo “le fia Artaxsasta ƒe ƒe blavelia me.” (Nexemya 2:1, 5-8) Ŋutinyaŋlɔlawo ɖo kpe edzi be ƒe 475 D.M.Ŋ. ye nye Artaxsasta ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ. Eyata eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 20 lia enye ƒe 455 D.M.Ŋ. Azɔ míenya ƒe si me Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Mesia ŋu la adze egɔme, si nye ƒe 455 D.M.Ŋ.

      Daniel gblɔ didime si anɔ ɣeyiɣi ma kple ɣeyiɣi si me ‘Mesia Kplɔla la’ ava dome. Nyagblɔɖia yɔ ‘kwasiɖa adre kple kwasiɖa blaade vɔ eve’—wo katã ƒe ƒuƒoƒoe nye kwasiɖa 69. Ɣeyiɣi didi kae nye esia? Biblia gɔmeɖela geɖe de dzesii be menye ŋkeke adre ƒe kwasiɖa ŋue wole nu ƒom tsoe le afisia o, ke boŋ ƒewo ƒe kwasiɖawoe. Esia fia be kwasiɖa ɖesiaɖe fia ƒe adre. Yudatɔ siwo nɔ anyi le blema la nya nu tso ƒewo ƒe kwasiɖa, alo ƒe adre ɖesiaɖe ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, woɖua Sabat-ƒe aɖe ƒe adre ɖesiaɖe. (Mose II, 23:10, 11) Eyata nyagblɔɖi me kwasiɖa 69-awo ƒe didimee nye ƒe 7 teƒe 69, si ƒe ƒuƒoƒoe nye ƒe 483.

      Akɔntaa koe susɔ míabu azɔ. Ne míexlẽ ƒe 483 tso ƒe 455 D.M.Ŋ. me la, ekplɔ mí va ƒe 29 M.Ŋ. me. Ƒe ma tututu mee wonyrɔ Yesu eye wòva zu Mesia!a (Luka 3:1, 2, 21, 22) Ðe Biblia ƒe nyagblɔɖi sia si va eme alea la mewɔ nuku ŋutɔ oa?

      Nyaɖoɖo: Nyagblɔɖi si ku ɖe kwasiɖa blaadrea ŋu si dze le Daniel 9 gblɔ Mesia la ƒe vava ɖi

      a Tso ƒe 455 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 1 D.M.Ŋ. la le ƒe 454. Tso ƒe 1 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 1 M.Ŋ. la le ƒe ɖeka. Eye tso ƒe 1 M.Ŋ. vaseɖe ƒe 29 M.Ŋ. la le ƒe 28. Ƒe etɔ̃ siawo katã ƒe ƒuƒoƒo le ƒe 483. Ƒewo ƒe kwasiɖa 70 lia mee ‘wotsrɔ̃’ alo wowu Yesu, le ƒe 33 M.Ŋ. me. (Daniel 9:24, 26) Kpɔ Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe ta 11, kple Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 899-901 (Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 995-7). Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ eveawo siaa.

  • Yesu Kristo—Mesia si Ŋugbe Wodo
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
    • MEGBENYAWO

      Yesu Kristo​—Mesia si Ŋugbe Wodo

      YEHOWA MAWU kpe ɖe mía ŋu be míanya amesi Mesia la nye esi wòna eƒe gbɔgbɔ ʋã Biblia me nyagblɔɖila geɖe wona numeɖeɖe tso Ðela sia si ŋugbe wodo la ƒe dzidzi, eƒe subɔsubɔdɔ, kple eƒe ku ŋu. Yesu Kristo dzie Biblia me nyagblɔɖi

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe