-
Nu Ka Tututue Dzɔ Ðe Vihehe Dzi?Nyɔ!—2015 | April
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI
Nu Ka Tututue Dzɔ Ðe Vihehe Dzi?
Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, ƒomegbenɔnɔ trɔ kura le yevudukɔwo me. Tsã la, dzilawo ƒe gbe dzie ɖeviwo wɔna. Gake le ƒome aɖewo me egbea la, edze abe ɖeviwo boŋ ƒe gbe dzie dzilawo va le wɔwɔm ene. Bu kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ, wotu wo ɖe nu siwo dzɔna ŋutɔŋutɔ la dzi.
Esi ŋutsuvi ƒe-ene-vi aɖe kple dadaa yi fiase aɖe me la, ɖevia do asi ɖa be yeatsɔ fefenu aɖe. Dadaa dze agbagba be yeagbe nɛ hegblɔ be: “Fefenu gbogbo aɖewo le asiwò, alo?” Ðe menya medoa ŋgɔ o, dadaa va kpɔe dze sii be menye nyae wòle be yeabiae hafi o. Ðevia te gbe me tete gblɔ be: “Gake medi eya hã!” Esi dadaa medi be wòagado ɣli ɖe ye ta abe ale si wòwɔna ɖaa ene o ta la, eƒlee nɛ kpoo.
Nyɔnuvi ƒe-atɔ̃-vi aɖe fofo nɔ dze ɖom kple ame tsitsi aɖe eye nyɔnuvia gblɔ be: “Miaƒe dzeɖoɖoa tim, medi be mayi aƒe me!” Fofoa tso dzeɖoɖoa dzi hebɔbɔ gblɔ ɖe to me nɛ be: “Vinye, esusɔ vie ko míadzo, èsea?”
Wogblɔ le James si xɔ ƒe 12 ŋu be egado ɣli ɖe eƒe nufiala ta. Gake James fofo kpɔ dziku ɖe nufialaa boŋ ŋu. James fofo gblɔ nɛ be: “Ðeko wò nufiala ɖe vɔ̃e na wò. Meyina esama ge na sukutatɔwo.”
Kpɔɖeŋu siawo menye nu siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ o, gake woate ŋu adzɔ. Woɖe kuxi siwo ŋutɔŋutɔ dze ŋgɔ dzila siwo ɖea mɔ ɖe wo viwo ƒe amemabumabu ŋu, wɔa vi na wo viwo alo dea wo dzi ne wowɔ nu gbegblẽ la fia. Agbalẽ aɖe (The Narcissism Epidemic) gblɔ be: “Eva le bɔbɔm le ŋkeke siawo me be dzila geɖewo megatea ŋu ɖea gbe na wo viwo o. Gake ƒe ʋɛ aɖewo koe nye esi va yi la, ɖeviwo nya ame si dze aɖe gbe le aƒea me, wonyae be menye yewoe o.”
Enye nyateƒe be dzila geɖewo dzea agbagba be yewoahe yewo viwo nyuie. Woɖoa kpɔɖeŋu nyui na wo viwo eye wotɔa afɔ to heɖɔa wo ɖo le lɔlɔ̃ me ne ehiã. Abe ale si agbalẽ si me míeyɔ nya tsoe va yi gblɔe ene la, dzila siwo nya viɖe siwo le esia wɔwɔ ŋu la “wɔa nu si to vovo na nu si ame akpa gãtɔ le wɔwɔm.”
Aleke wɔ nuwo va trɔ alea? Nu kae dzɔ ɖe vihehe dzi?
Dzilawo Megatea Ŋu Gbea Nya Na Wo Viwo Tututu O
Ame aɖewo gblɔ be tso ƒe 1960 ƒe ƒeawo me kee dzilawo megate ŋu le nya gbem na wo viwo tututu o. Nu si gbɔ wòtsoe nye be agbalẽnyala siwo be yewonya nu tso vihehe ŋu la xlɔ̃a nu dzilawo be woƒe asi megasẽ ɖe wo viwo dzi o. Wogblɔna be: ‘Nye wo xɔlɔ̃, mègana woanɔ vɔ̃wòm o.’ ‘Kafukafu nyo wu tohehe.’ ‘Mègagbe nya na viwòwo o, ke boŋ nɔ wo kafum ne wowɔ nu nyui.’ Ehiã be dzilawo nada asɔ le wo viwo kafukafu kple tohehe na wo me ya, gake agbalẽnyala siawo ƒe nyawo ɖee fia be tohehe na ɖeviwo ate ŋu agblẽ nu le woƒe seselelãme ŋu eye wòana woava lé fu wo dzilawo ne wotsi.
Le ema megbe kpuie la, agbalẽnyalaawo ke gava le boblo domee be ele be woana ɖeviwo nase le wo ɖokuiwo me be ame veviwoe yewonye. Ðeko wòdze abe ɖe wova ke ɖe vihemɔnu nyuitɔ kekeake ŋu zi ɖeka ene, eyae nye be: Na viwòwo nakpɔe be ame veviwoe yewonye. Ele eme baa be ele be dzilawo nana wo viwo nakpɔe be asixɔxɔ le yewo ŋu ya. Gake ame siwo doa boblo susu si nye be ele be woana ɖeviwo nase le wo ɖokuiwo me be ame veviwoe yewonye la ya tɔ gagbɔ eme. Agbalẽnyala siawo gblɔna na dzilawo be: ‘Miganɔ nya siwo ado dziku na ɖeviawo abe “Ao” alo “Mègawɔe O” ene gblɔm na wo o. Minɔ gbɔgblɔm na wo be woxɔ asi ŋutɔ eye woate ŋu awɔ nu sia nu si wodi.’ Ðeko wòva le abe sese le ame ɖokui me be yenye ame vevi va le vevie na wo wu be woanye ame vevi ŋutɔŋutɔ ene.
Ame siwo doa bobloe be ele be woana ɖeviwo nase le wo ɖokuiwo me be ame veviwoe yewonye la na be ɖeviwo va bua wo ɖokuiwo amegãwoe
Esia na be ame aɖewo va ƒo nya ta be ame siwo doa bobloe be ele be woana ɖeviwo nase le wo ɖokuiwo me be ame veviwoe yewonye la na be ɖeviwo va bua wo ɖokuiwo amegãwoe, eye wobunɛ be ele be woawɔ nu sia nu na yewo. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Esia wɔe be ŋutete si hiã be woado dzi atsɔ nyaheɖeameŋu kple dzidzedzemakpɔmakpɔ siwo doa mo ɖa godoo le agbe me la mesua wo si o.” (Generation Me) Vifofo aɖe ƒe nya si woyɔ le agbalẽ ma me gblɔ be: “Amebubu ame vevii ƒe nya aɖeke mele dɔwɔƒewo o. . . . Ne èŋlɔ nyatakaka aɖe si mede o le dɔwɔƒe la, wò dɔtɔ makafu wò be, ‘Ee, agbalẽ si dzi nèŋlɔ nua ɖo la nya kpɔ ŋutɔ’ o. Ðeviwo hehe alea menye nu nyui aɖeke kura wɔwɔ na wo o.”
Amewo Ƒe Susu Le Tɔtrɔm
Le ƒe geɖe siwo va yi me la, ale si amegbetɔwo ƒe susuwo trɔna nue vihehe ƒe mɔnuwo hã trɔna ɖo zi geɖe. Agbalẽnyala Ronald G. Morrish gblɔ be: “Vihehe ƒe mɔnuwo le tɔtrɔ dzi ɖaa. Ne amewo ƒe nɔnɔme trɔ ko la, vihehe ƒe mɔnuwo hã trɔna ɖe enu.”a Eya ta abe ale si Biblia gblɔe ene la, ele bɔbɔe be “nufiafia ƒe ya sia ya” nanɔ dzilawo ƒom anɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm.—Efesotɔwo 4:14.
Edze ƒãa be ale si dzilawo wɔa vi na wo viwo la le nu gblẽm. Esia na be dzilawo megatea ŋu zãa woƒe ŋusẽ o, eye le ɖeviawo hã gome la, mɔfiame siwo akpe ɖe wo ŋuti be woawɔ tiatia nyuiwo eye kakaɖedzi ŋutɔŋutɔ nanɔ wo si woatsɔ akpe akɔ kple agbemenyawo la mesua wo si o.
Ðe vihemɔnu aɖe li si nyo wua?
a Míawoe bi nya aɖewo; woɖee tso Secrets of Discipline: 12 Keys for Raising Responsible Children me.
-
-
Vihehe Si Nyo WuNyɔ!—2015 | April
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA TUTUTUE DZƆ ÐE VIHEHE DZI?
Vihehe Si Nyo Wu
ENYE nyateƒe be vihehe mele bɔbɔe o. Gake ne womehe ɖeviawo ale si dze o la, ɖeko wògblẽa nyaa ɖe edzi. Nu ka tae? Elabena ne womena hehe ɖeviwo o la, (1) ɖeviwo yia edzi nɔa aglãdzenuwo wɔm si nana agbea tia wo dzilawo, eye (2) dzilawo ƒe nyawo megatoa mɔ ɖeka o eye wònana ɖeviwo tɔtɔna.
Gake vihehe si me lɔlɔ̃ le eye wòda sɔ la kpena ɖe ɖeviwo ŋu wosrɔ̃a ale si woabu tame kple ale si woanɔ agbe nyui. Enana ɖeviwo sena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie ne wole tsitsim. Gake afi kae míate ŋu akpɔ mɔfiame adodoewo le atsɔ ahe ɖeviwo?
Biblia Ƒe Mɔfiamewo Nyo Na Vihehe
Yehowa Ðasefowo, ame siwo nye magazine sia talawo, xɔe se be Biblia me nyawo nyo “na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe.” (2 Timoteo 3:16) Mɔfiame siwo nyo na vihehe kple esiwo akpe ɖe ƒomewo ŋu siaa le Biblia me. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.
BIBLIA GBLƆ BE: “Bometsitsi bla ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu.”—Lododowo 22:15.
Togbɔ be ɖeviwo tea ŋu wɔa nu nyuiwo hã la, wowɔa bometsinu ɣeaɖewoɣi. Eya ta ehiã be woahe ɖeviwo. (Lododowo 13:24) Ne dzilawo kpɔ esia dze sii la, akpe ɖe wo ŋu woahe wo viwo nyuie.
BIBLIA GBLƆ BE: “Mègagbe tohehe na vi o.”—Lododowo 23:13, etenuŋɔŋlɔ.
Mele be nàvɔ̃ be hehe si da sɔ nana viwòwo agblẽ nu le wo ŋu alo ana woava lé fu ye ne wotsi o. Ne èhea to na viwòawo lɔlɔ̃tɔe la, ana woasrɔ̃ ale si woabɔbɔ wo ɖokuiwo awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo dzi ne wogbe nya na wo, eye woava hiã nɔnɔme sia ne wotsi gɔ̃ hã.—Hebritɔwo 12:11.
BIBLIA GBLƆ BE: “Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7.
Dzilawo dina vevie be yewoakpɔ yewo viwo ta, eye esɔ nenema hã. Ke hã, ehiã be woada asɔ. Maɖe vi aɖeke na viwòwo ne èxɔa nya ɖe wo ta ne wowɔ nu gbegblẽ alo ʋlia wo ta ne woƒe nufialawo alo ame tsitsi aɖe gblɔ woƒe nu gbegblẽ si wowɔ la na wò o. Bu ame siawo be wonye yeƒe kpeɖeŋutɔwo boŋ. Ne èwɔe alea la, ke èle viwòawo fiam be woade bubu ame tsitsiwo ŋu, eye woade bubu wò ŋutɔ hã ŋuwò.—Kolosetɔwo 3:20.
BIBLIA GBLƆ BE: “Vi si womekpla o la dea ŋukpe mo na dadaa.”—Lododowo 29:15.
He viwòwo le lɔlɔ̃ me, wò nya neto mɔ ɖeka, eye nàda sɔ
Mele be dzilawo nasẽ tagbɔ le wo viwo ŋu o, gake ehiã be woakpɔ nyuie hã be yewomewɔa vi na wo o. Agbalẽ aɖe (The Price of Privilege) gblɔ be: “Dzila siwo wɔa vi na wo viwo la menana ɖeviawo kpɔnɛ be ame tsitsiwo tee wòle be yewoanɔ le aƒea me o.” Ne mèle wò ŋusẽ ŋu dɔ wɔm nyuie o la, viwòa ate ŋu asusu be yee kpɔ ŋusẽ le aƒea me. Eye godogodo la, ava wɔ nane siwo ado nuxaxa na wò kplii siaa.—Lododowo 17:25; 29:21.
BIBLIA GBLƆ BE: ‘Ŋutsu aku ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.’—Mateo 19:5.
Le Biblia ƒe sedede nu la, ele be ŋutsu kple nyɔnu naɖe wo nɔewo hafi adzi vi eye woakpɔtɔ anɔ wo nɔewo gbɔ ne wo viawo tsi dzo le wo gbɔ. (Mateo 19:5, 6) Le gɔmesese ma nu la, srɔ̃tɔnyenye ƒe agbae xɔ nɔƒe gbãtɔ hafi dzilanyenye ƒe agba kplɔe ɖo. Ke hã ne wotsɔ dzilanyenye ƒe agba va ɖo nɔƒe gbãtɔ la, ana ɖevia nabu “eɖokui ŋu wu ale si dze.” (Romatɔwo 12:3) Ne srɔ̃tɔwo tsia dzi ɖe wo viwo ŋu wu wo nɔewo la, woƒe srɔ̃ɖeɖea mali ke o.
Nu Si Akpe Ðe Dzilawo Ŋu
Be dzilawo nate ŋu ahe wo viwo nyuie la, ele be woahe wo wòasɔ ɖe mɔfiame siawo nu.
He viwòwo le lɔlɔ̃ me. “Miganɔ dziku dom na mia viwo o, ale be dzi nagaɖe le wo ƒo o.”—Kolosetɔwo 3:21.
Wò nya neto mɔ ɖeka. “Mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ɛ̃, eye miaƒe ‘Ao’ nanye ao.”—Mateo 5:37.
Da sɔ. “Mahe to na wò ale si dze.”—Yeremiya 30:11.a
a Àte ŋu axlẽ nu geɖe le jw.org/ee. Yi BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > SRƆ̃TƆWO KPLE DZILAWO, eye nyati siwo nàkpɔ le afi ma dometɔ aɖewoe nye “Hehenana Ðeviwo,” “Ale Si Nàxɔ Vinugbewɔwɔ Le Viwò Si,” “Fia Viwòwo Ale Si Woanɔ Agbe Nyui,” kple “Ale Si Nàhe Viwò Ƒewuivi.”
-