INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Aleke Nu Gbagbewo Wɔ Va Dzɔ?
    Nyɔ!—2015 | January
    • Nusuekpɔmɔ̃

      NYATI SI LE AKPAA DZI

      Aleke Nu Gbagbewo Wɔ Va Dzɔ?

      Aleke nàɖo nyabiase si gbɔna la ŋu?

      NU SIAWO DOMETƆ KA DZIE NU GBAGBEWO TO VA DZƆ ․․․․․?

      1. NƆNƆMETƆTRƆ

      2. NUWƆWƆ

      AME aɖewo agblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo atia “nɔnɔmetɔtrɔ,” gake mawusubɔlawo ya atia “nuwɔwɔ.”

      Gake menye ɣesiaɣie wònɔna nenema o.

      Le nyateƒe me la, ame gbogbo aɖewo, siwo dometɔ geɖe nye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gɔ̃ hã, tsia tre ɖe nufiafia sia ŋu.”

      Gerard, si fiaa nu dzodzoewo ŋuti nunya, ame si srɔ̃ nu tso nɔnɔmetɔtrɔ ŋu le suku kɔkɔ hã gblɔ be: “Ne míewɔ dodokpɔ la, meŋlɔa ŋuɖoɖo siwo nufialawo di la na wo, gake nyemexɔ ŋuɖoɖoawo dzi se o.”

      Nu ka tae dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gɔ̃ hã mexɔ nufiafia si nye be ɖeko nu gbagbewo dzɔ le wo ɖokui si la dzi se o? Be míaɖo nya sia ŋu la, míadzro nyabiase eve siwo tɔtɔa numekulawo me, woawoe nye: (1) Aleke nu gbagbewo wɔ va dzɔ? kple (2) Aleke wòdzɔe be nu gbagbe ƒomevi vovovowo va li?

  • Nyabiase Vevi Eveawo Me Dzodzro
    Nyɔ!—2015 | January
    • NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE NU GBAGBEWO WƆ VA DZƆ?

      Nyabiase Vevi Eveawo Me Dzodzro

      1 Aleke Nu Gbagbewo Wɔ Va Dzɔ?

      Domenyiŋusẽfianu

      NYA SI AME AÐEWO GBLƆNA. Ðeko nu gbagbewo dzɔ tso nu siwo me agbe mele o me le wo ɖokui si.

      NU SI TA AME AÐEWO MEDAA ASI ÐE NUMEÐEÐE SIA DZI O. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya nu tso dzɔdzɔmenuwo kple atom ƒokpliwo (molecule) ƒe wɔwɔme ŋu egbea nyuie wu tsã, gake wometea ŋu ɖea ale si tututu nu gbagbewo wɔ va dzɔ la me o. Vovototo gã aɖe le nu siwo me agbe mele o kple nu gbagbe suetɔ kekeake gɔ̃ hã dome.

      Ðeko dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ate ŋu asusu ale si nuwo nɔ le anyigba dzi ƒe miliɔn akpe geɖee nye esi va yi la agblɔ. Susu vovovowoe le wo si. Wo dometɔ aɖewo gblɔna be dzotowo alo atsiaƒu mee nu gbagbewo dzɔ tso. Eye bubuwo hã be xexea me ƒe teƒe bubu aɖee nu gbãtɔ si va zu nu gbagbe la dzɔ tso eye wòle ɣletivitoasike me va ɖo anyigba dzi. Gake esia mena míekpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase si nye be, ‘Aleke nu gbagbewo wɔ va dzɔ?’ la o, ɖeko wògblẽ nyaa ɖe edzi boŋ.

      Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo susui be atom ƒokpliwo li hafi dzɔdzɔmenu siwo míenya egbea la va dzɔ. Wobe ɖeko atom ƒokpliwo dzɔ tso dzɔdzɔmenu siwo metrɔna o la me kpoyi eye wodzi ɖe edzi zã. Ke hã dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mekpɔ kpeɖodzi aɖeke si ɖee fia be atom ƒokpli mawo nɔ anyi kpɔ gɔ̃ hã o, eye woawo ŋutɔwo hã mete ŋu wɔ atom ƒokpli mawo le woƒe numekuƒewo gɔ̃ hã kpɔ o.

      Nu gbagbewo le tɔxɛe le ale si wotea ŋu dzraa nyatakakawo ɖo hewɔa wo ŋu dɔe me. Lãmenugbagbeviwo tea ŋu fiaa mɔ woƒe domenyiŋusẽfianuwo, alo xɔa mɔfiame tso domenyiŋusẽfianuwo gbɔ hewɔa wo dzi. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo tsɔa domenyiŋusẽfianuwo sɔna kple kɔmpiutaɖoɖowo eye wotsɔa lãmenugbagbeviwo ŋutɔ sɔna kple kɔmpiuta ŋutɔ. Gake nɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo mate ŋu agblɔ afi si nyatakaka mawo tso o.

      Ehiã be nunyiame siwo woyɔna be protein ƒe atom ƒokpliwo nanɔ lãmenugbagbeviwo me hafi woate ŋu awɔ dɔ nyuie. Nu siwo woyɔna be amino acid alafa geɖewoe nɔa protein ɖeka me eye woléna ɖe wo nɔewo ŋu henɔa ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu. Gakpe ɖe eŋu la, ele be protein la nanɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi wòate ŋu awɔ dɔ nyuie. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo ƒo nya ta be asesẽ ŋutɔ be protein ƒe ƒuƒoƒo ƒokpli siawo dometɔ ɖeka nadzɔ le eɖokui si. Paul Davies si nye dzɔdzɔmeŋusẽŋutinunyala gblɔ be: “Esi wònye be lãmenugbagbeviwo hiã protein alafa geɖe hafi woate ŋu awɔ dɔ nyuie ta la, susu manɔ eme be woasusu be ɖe wodzɔ le wo ɖokui si o.”

      NYATAƑOƑO. Le ƒe geɖe siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo katã kloe tsɔ ku nu me tso nya sia ŋu me la, nyateƒenya ɖeka sia metrɔ o, eyae nye be nu si me agbe le ko mee agbe ate ŋu adzɔ tso.

      2 Aleke Wòdzɔe Be Nu Gbagbe Ƒomevi Vovovowo Va Li?

      Agama si ƒe amadede sɔ kple aŋgba tɔ

      NYA SI AME AÐEWO GBLƆNA. Nu gbagbe gbãtɔ nɔ tɔtrɔm vivivi le eɖokui si ʋuu va zu nu gbagbe vovovo siwo dome amegbetɔ hã le.

      NU SI TA AME AÐEWO MEDAA ASI ÐE NUMEÐEÐE SIA DZI O. Lãmenugbagbevi aɖewo ƒe wɔwɔme de ŋgɔ wu bubuwo tɔ. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, ale si tututu lãmenugbagbevi kpokploewo wɔna hafi trɔna zua lãmenugbagbevi deŋgɔwo “nye nu masegɔmena evelia si tɔtɔa nɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo, gbãtɔe nye afi si agbe dzɔ tso.”

      Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo de dzesii be le lãmenugbagbevi ɖe sia ɖe me la, atom ƒokpli mɔ̃wo li. Nunyiame si nye protein siwo wɔa ɖeka hewɔa dɔ nyadriwoe le mɔ̃ siawo me. Ðe nu gbagbewo ƒe tɔtrɔ le wo ɖokui si alo nu gbagbe siwo sesẽ wu ƒe agbetsitsi ate ŋu awɔe be dɔwɔnu deŋgɔ mawo nanɔ mɔ̃ mawo mea? Ame geɖe kpɔe be mate ŋu adzɔ nenema o.

      Azi si me vi ɖo ye va zua amegbetɔ, nenema kee wòle le lãwo hã gome. Le fugboea me la, lãmenugbagbeviwo dzina ɖe edzi eye wova mana wotɔxɛwotɔxɛe, ɖe sia ɖe kple eƒe dɔwɔwɔ eye woƒe nɔnɔme nɔa vovovo eye wova zua ŋutilã ƒe ŋutinu vovovowo. Nɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo metea ŋu ɖea ale si lãmenugbagbeviwo wɔna nyaa nu si woava zu kple afi si woanɔ le ametia me la me o.

      Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va de dzesii be hafi lã ƒomevi aɖe nate ŋu atrɔ azu bubu la, ele be atom ƒokpli siwo le eƒe lãmenugbagbeviwo me ƒe wɔwɔme natrɔ kura. Esi wònye be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu aɖo kpe ale si dzɔdzɔmenu siwo me agbe mele o ate ŋu atrɔ azu lãmenugbagbevi suetɔ kekeake gɔ̃ hã dzi o la, ke ɖe woate ŋu aɖo kpe edzi be nu gbagbe gbãtɔ aɖee nɔ anyi henɔ tɔtrɔm vivivi le eɖokui si ʋuu va zu nu gbagbe vovovowoa? Michael Behe si nye nu gbagbewo ŋuti nunyala gblɔ ku ɖe lãwo ƒe wɔwɔme ŋu be “togbɔ be woɖe nu wɔnuku si míekpɔ mɔ na kura o la fia hã la, míete ŋu kpɔ kpeɖodzi aɖeke si ɖe ale si nu gbagbe deŋgɔ mawo ate ŋu adzɔ le wo ɖokui si nunyala aɖeke manɔmee la fia va se ɖe fifia o.”

      Amegbetɔ nyaa nu, enyana be amegbetɔe yenye, ebua tame, nɔnɔme nyuiwo abe dɔmenyonyo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ene le esi eye wòdea vovototo nyui kple vɔ̃ dome. Womate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmetɔtrɔ dzi aɖe nu si tae nɔnɔme tɔxɛ siawo le amegbetɔ si ɖo la me o.

      NYATAƑOƑO. Nɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo tea tɔ ɖe edzi be ɖikeke aɖeke mele eme o be dzɔdzɔmenu siwo me agbe mele o woe trɔ zu nu gbagbewo, gake ame aɖewo ya meda asi ɖe woƒe numeɖeɖe ku ɖe ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ kple ale si wowɔ va zu nu gbagbe vovovowo la dzi o.

  • Ŋuɖoɖo Si Dzi Wòle Be Nàlɔ̃ Ðo
    Nyɔ!—2015 | January
    • Biblia si le ʋuʋu

      NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE NU GBAGBEWO WƆ VA DZƆ?

      Ŋuɖoɖo Si Me Susu Le

      ESI ame geɖewo bu kpeɖodziawo ŋu vɔ la, woƒo nya ta be nunyala deŋgɔ aɖee wɔ nu gbagbewo. Bu xexemenunyafialagã Antony Flew, si xɔ ŋgɔ na mawudzimaxɔselawo tsã la ŋu kpɔ. Esi aƒetɔ Flew srɔ̃ nu tso ale si nu gbagbewo ƒe wɔwɔme wɔ nuku ŋutɔ kple dzɔdzɔmese siwo le xexea me ŋu la, etrɔ eƒe nuŋububu. Eyɔ blemaxexemenunyalawo ƒe nya nyanyɛ aɖe gblɔ be: “Ne nyateƒea nya dze go ko la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi.” Nufialagã Flew ƒo nya ta be kpeɖodziawo ɖee fia be Wɔla aɖee wɔ nu gbagbewo.

      Aƒetɔ Gerard si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la hã ƒo nya ta nenema ke. Togbɔ be enye agbalẽnyalagã kple nudzodzoeŋutinunyala hã la, egblɔ be: “Nyemekpɔ kpeɖodzi aɖeke be ɖe nu gbagbewo dzɔ tso nu si me agbe mele o me le wo ɖokui si o. Ale si nu gbagbewo ƒe wɔwɔme de ŋgɔ hele ɖoɖo nu la na meka ɖe edzi be Ðoɖowɔla kple Wɔla aɖe li.”

      Abe ale si ko ame ate ŋu asrɔ̃ nu tso nutala aɖe ŋu to ŋkuléle ɖe eƒe nutatawo ŋu me ene la, aƒetɔ Gerard hã va kpɔ Wɔla la ƒe nɔnɔmewo dze sii esi wòsrɔ̃ nu tso nu siwo le xexea me ŋu. Aƒetɔ Gerard di ɣeyiɣi de ŋugble tso agbalẽ aɖe si wogblɔna be Wɔla lae ŋlɔe la ŋu. Agbalẽ mae nye Biblia. (2 Timoteo 3:16) Ekpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siwo ku ɖe nu siwo dzɔ le blema ŋu kple aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ame ŋu wòanɔ te ɖe egbekuxiwo nu le agbalẽ sia me. Ale wɔ wòva xɔ edzi se be nunyala deŋgɔ aɖee ŋlɔ Biblia.

      Abe ale si aƒetɔ Gerard va de dzesii ene la, anyo be míalɔ̃ ɖe ŋuɖoɖo siwo le Biblia me la dzi. Míele dzi dem ƒo na wò be nàdzro Biblia me ne wò ŋutɔ nàkpɔ ŋuɖoɖoawo.

      Ènyaa?

      BIBLIA METSI TSITRE ÐE DZƆDZƆMEŊUTINUNYA ŊU O. Ke boŋ ɖe wòde dzi ƒo be woalé ŋku ɖe xexea me nuwɔwɔwo ŋu. (Yesaya 40:26) Togbɔ be menye dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽe Biblia nye o hã la, emenyawo wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya. Le kpɔɖeŋu me, Biblia meda asi ɖe ame siwo fiaa nu be ŋkeke ade siwo wotsɔ wɔ anyigbadzi- nuwo la dometɔ ɖe sia ɖe nye gaƒoƒo 24 la ƒe nufiafiawo dzi o. Nya “ŋkeke” si wozã le 1 Mose fia ɣeyiɣi didi aɖe.a

      a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Was Life Created? (La vie a-t-elle été créée ?) si Yehowa Ðasefowo ta me. Ele www.pr2711.com alo www.pr2711.com/fr.

      Biblia Fia Nu Be . . .

      NU GBAGBE ME KOE NU GBAGBE ATE ŊU ADZƆ TSO. ‘Mawu gbɔe agbedzɔƒe le.’—Psalmo 36:10.

      MAWU WƆ LÃWO KPLE ATIWO “WO TƆ WO TƆWOE.” (1 Mose 1:11, 12, 21, 24, 25) Biblia megblɔ afi si nyagbɔgblɔ “wo tɔ wo tɔwoe” keke ta se ɖo la na mí o. Esia na be lã kple ati siwo nye hatsotso ɖeka me tɔwo ate ŋu ato vovo tso wo nɔewo gbɔ va se ɖe afi aɖe.

      MAWU WƆ AMEGBETƆWO HENA ŊUTETE WO BE WOAÐE NƆNƆME NYUI SIWO LE EYA ŊUTƆ SI LA AFIA. Nɔnɔme nyui siawo dometɔ aɖewoe nye lɔlɔ̃, nyuiwɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye. Mawu gblɔ be: “Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, wòaɖi mí.”​—1 Mose 1:26.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe