-
EmenyawoNyɔ!—2012 | July
-
-
© 2012 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania. Míawo Koe Kpɔ Mɔ Atae.
-
-
Ðe Wò Nuɖuɖu Le Dediea?Nyɔ!—2012 | July
-
-
Ðe Wò Nuɖuɖu Le Dediea?
“Germany Tu Sukuwo Le Vɔvɔ̃ Na E. Coli Dɔléle Ta.”—REUTERS NEWS SERVICE, GERMANY.
“Salmonella Dɔléle Si Tso Nu Miemie Aɖewo Gbɔ La Kaka Ðo Nuto Gã Atɔ̃ Me.”—USA TODAY.
“Nyi 6 Siwo Wona Gbe Siwo Me Aɖi Le Woɖu Ƒe Lã Ðo Nuto 9 Me.”—THE MAINICHI DAILY NEWS, JAPAN.
TANYA siawoe dze le nyadzɔdzɔgbalẽwo me le kwasiɖa eve pɛ ko me le ƒe si va yi me. Numekulawo bu akɔnta be ƒe sia ƒe la, nuɖuɖu si me dɔlékuiwo le gblẽa nu le ame siwo le dukɔ deŋgɔwo me la dometɔ 30 le alafa ɖe sia ɖe me ŋu.
Aleke nyatakaka mawo ka wòe? Hoi, si nye vifofo aɖe si le Hong Kong gblɔ be: “Metsia dzodzodzoe eye dzi kuam gɔ̃ hã. Vi eve le asinye eye metsia dzi ɖe ale si wotrɔa asi le woƒe nuɖuɖuwo ŋu kple afi si woɖaa wo le la ŋu.”
Ƒe sia ƒe la, dɔléle siwo woxɔna le nuɖuɖu kple tsi me wua ame miliɔn geɖe, vevietɔ ɖeviwo, le dukɔ dahewo me. Bola, si le Nigeria gblɔ be: “Le asi me afi sia la, ɖeko wogblẽa nuɖuɖu ɖi nudzodzoewo dzena ɖe wo dzi, tsi ƒona, ya kple ʋuʋudedi ƒona ɖe wo dzi. Vɔvɔ̃ ɖoam ne mexlẽ nu alo se nu tso dɔléle si woxɔna tso nuɖuɖu me ŋu. Medina vevie be makpɔ nye ƒomea ta.”
Ðe nàte ŋu akpɔ wò ƒomea ta tso nuɖuɖu siwo mele dedie o si mea? Canadatɔwo Ƒe Ŋkuléle Ðe Nuɖuɖu Ŋu Dɔwɔƒea gblɔ be: “Ne wokpɔ nuɖuɖu siwo me dɔlékuiwo le le míaƒe fiasewo me la, wodoa bobloe bobobo le nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Eye esɔ nenema hã. Gake nuɖuɖu siwo mele dedie o, siwo ate ŋu ana ame nadze dɔ, ate ŋu atso nu siwo míewɔna kple nu siwo míedoa kpo wɔwɔ le míawo ŋutɔwo míaƒe dzodoƒewo hã gbɔ.”
Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ wò ƒomea ta tso nuɖuɖu siwo me dɔlékuiwo le si me? Míadzro mɔ ene siwo dzi nàto ana wò nuɖuɖuwo nanɔ dedie wu la me.—g12-E 06.
[Aɖaka si le axa 3]
AME KAWO ŊUE WÒATE ŊU AGBLẼ NU LE?
Ame siwo koŋ ate ŋu axɔ dɔ le nuɖuɖu me bɔbɔe la dometɔ aɖewoe nye:
● Ðevi siwo mexɔ ƒe atɔ̃ haɖe o
● Funɔwo
● Ame siwo xɔ wu ƒe 70
● Ame siwo ƒe dɔlélenutsiŋutete gbɔdzɔ
Ne wò ŋutɔ alo ame si ɖua nu kpli wò le hatsotso siawo dometɔ aɖe me la, ekema ɖɔ ŋu ɖo le nu si nèɖana, nu si nènana amewo woɖuna kple nu si nèɖuna la ŋu.
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Nyatakakatsoƒe: New South Wales Food Authority, Australia.
-
-
1. Ƒle Nu ŊuɖɔɖotɔeNyɔ!—2012 | July
-
-
1. Ƒle Nu Ŋuɖɔɖotɔe
NE MENYE wò agble mee nuɖuɖua tso o la, ke asi me alo fiase mee nàkpɔ nuɖuɖu le aƒle. Ne èle nuɖuɖu ƒlem la, aleke nàwɔ atia nyuitɔwo?
● Wɔ ɖoɖo ɖe ɣeyiɣi si nàƒle nanewo ŋu.
Nuɖuɖu Ƒe Dedienɔnɔ Ŋuti Nyatakaka Dɔwɔƒe si le Australia la ɖo aɖaŋu be: “Ƒle nu siwo magblẽ kaba ne womede wo nufamɔ me o gbã. Ƒle nuɖuɖu siwo nɔa nufamɔ me la mamlɛ.” Azɔ hã ne àƒle nuɖuɖu dzodzoewo la, ne èwɔ vɔ be yeadze aƒe me mɔ hafi nàƒle wo.
● Lɔ̃ nu siwo dzi ŋu meke ɖo o la ƒeƒle wu.
Ne anya wɔ la, ƒle nu siwo dzi ŋu meke ɖo o.a Ruth, si nye vidada si le Nigeria si si vi eve le gblɔ be: “Zi geɖe la, meyia asi me ŋdi kanya esime wotsɔ nuawo va asi me teti.” Elizabeth, si le Mexico, hã ƒlea nu le asi me. Egblɔ be: “Nye ŋutɔ mate ŋu ayi aɖaƒle atikutsetse kple detsiƒonu siwo wotsɔ tso agble gbe ma gbe ko le afi ma. Lã si wowu gbe ma gbe lae meƒlena ɣesiaɣi. Ne ɖe susɔ la, medenɛ nufamɔ me.”
● Lé ŋku ɖe wò nuɖuɖuwo ŋu nyuie.
Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe tsro alo agbalẽ si le nu si medi be maƒle ŋuti la le dediea? Ðe lã si mebe maƒle la le ʋeʋẽma?’ Ne wobla nu ɖe nuɖuɖua ŋu xoxo la, lé ŋku ɖe eŋu nyuie. Ne nu si wobla ɖe eŋu la ƒe afi aɖe vuvu la, ate ŋu ana dɔlékui vɔ̃ɖiwo nage ɖe nuɖuɖua me.
Chung Fai, si ƒlea nu le fiase gã me le Hong Kong, gblɔ be: “Nenye nuɖuɖu si ŋu wobla nu ɖo la, ele vevie be nàlé ŋku ɖe ŋkeke si woŋlɔ ɖe edzi be maganyo na zazã o la hã ŋu.” Nu ka tae? Eŋunyalawo xlɔ̃ nu be nenye be nuɖuɖu si ƒe “ɣeyiɣi va yi” la le nɔnɔme nyui me, le ʋeʋẽm nyuie alo vivi gɔ̃ hã la, ate ŋu ana nàdze dɔ.
● Ale si nàna woanɔ dedie.
Ne èzãa asimedekplo aɖe edziedzi la, ke tsɔ adzalẽ kple tsi dzodzoe klɔe edziedzi. De ʋulã kple tɔmelãwo akplo vovovowo me be dɔlékui matso ɖeka me age ɖe evelia me o.
Enrico kple Loredana, atsu kple asi aɖe si le Italy la, ƒlea asi le woƒe nutoa me. Wogblɔ be: “Esia wɔnɛ be nuɖuɖua megblẽna o, elabe mehiã be míazɔ mɔ ɣeyiɣi didi aɖe hafi aɖo aƒe me o.” Ne axɔ miniti 30 hafi nàɖo aƒe me la, ke tsɔ nuɖuɖu siwo woɖe le nufamɔ me la de aŋekotoku alo nu bubu aɖe si ana be fafa nagakpɔtɔ anɔ eme la me.
Le nyati si kplɔe ɖo me la, àkpɔ ale si nàna wò nuɖuɖu nanɔ dedie ne èva ɖo aƒe me.—g12-E 06.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ nyati si nye “Nu Vevi Gbãtɔ—Ðɔ Ŋu Ðo Le Nuɖuɖu Me,” le Nyɔ!, March 2011 ƒe yevugbe me tɔ me.
[Aɖaka si le axa 4]
NA HEHE VIWÒWO: “Mefia vinyewo be nenye be woaƒle nuɖuɖu siwo ŋu wobla nu ɖo la, woalé ŋku ɖe ŋkeke si woŋlɔ ɖe edzi be maganyo na zazã o la ŋu hafi aƒle wo.”—Ruth, Nigeria
-
-
2. Na Wòanɔ DzadzɛNyɔ!—2012 | July
-
-
2. Na Wòanɔ Dzadzɛ
ABE ale si ko amekola klɔa asi, kɔa atike ɖe eƒe dɔwɔnuwo dzi tsɔ wua dɔlékuiwo le wo ŋu, eye wònana be amekoƒea nɔa dzadzɛ tsɔ kpɔa eƒe dɔnɔwo ta ene la, nenema kee wò hã àte ŋu akpɔ wò ƒomea ta ne ènana wò ŋutɔ, wò dzodoƒe kple wò nuɖuɖu nɔa dzadzɛ.
● Klɔ asi.
Canadatɔwo ƒe Hahoo Lãmesẽ Nyawo Gbɔ Kpɔƒe gblɔ be: “Míaƒe asiwo koŋue kakaa dɔxɔleameŋu siwo bɔ, abe kpeƒoame alo wɔɖi ene, dometɔ 80 le alafa me.” Eya ta tsɔ adzalẽ kple tsi klɔ asi nyuie hafi nàɖu nu, ne ègbɔ tso nugodo alo hafi nàɖa nu.
● Na wò dzodoƒe nanɔ dzadzɛ.
Numekuku aɖe ɖee fia be togbɔ be tsileƒee nɔa dzadzɛ wu le aƒea me hã la, “nu siwo me dɔlékuiwo bɔna ɖo wu le aƒea mee nye akutsa alo nututuvɔ siwo le dzodoƒea.”
Eya ta ɖɔ li nututuvɔawo edziedzi, eye nàtsɔ adzalẽtsi alo dɔlékuiwutike atutu nu siwo le dzodoƒekplɔ̃ kple nu bubuawo dzi. Le nyateƒe me la, esia mele bɔbɔe o. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Bola le aƒe aɖe si me pɔmpi mele o me. Egblɔ be: “Esia mele bɔbɔe kura o. Gake míevea nu le adzalẽ kple tsi ŋu o, eya ta wonɔa mía si ɣesiaɣi míezãna tsɔ kpɔa egbɔ be míaƒe dzodoƒe kple aƒe me le dzadzɛ.”
● Klɔ nu siwo nèƒlena la nyuie.
Hafi woadzra agblemenukuwo la, dɔlékui siwo tso tsi ƒoɖi, lãwo, mĩ, alo nuɖuɖu bubuwo me anya lé ɖe wo ŋu xoxo. Eya ta ne èɖoe be yeakpa tsro ɖa le wo ŋu hã la, klɔ wo nyuie be dɔlékuiwo naɖe ɖa le wo ŋu. Esia xɔa ɣeyiɣi. Daiane, si nye vidada aɖe le Brazil, gblɔ be: “Ne mele asi trɔm le amagbewo ŋu la, megbɔa dzi ɖi hekpɔa egbɔ be meklɔ amagbeawo nyuie.”
● Ðe lã mumuwo ɖe vovo.
Be nàxe mɔ na dɔlékuiwo ƒe kaka la, tu nu ɖe ʋulãwo kple tɔmelã mumuwo nu alo nàbla nu ɖe wo ŋu nyuie eye nàɖe wo ɖe vovo tso nuɖuɖu bubuwo gbɔ. Na ʋuƒo si dzi nèflia nuɖuɖu bubuwo le kple hɛ si nèzãna tsɔ flia woe la nato vovo na esiwo nèzãna tsɔ flia lãwoe, alo tsɔ adzalẽ kple tsi dzodzoe klɔ ʋuƒo si dzi nèfli lã le kple hɛ si nèzã la nyuie hafi azã wo na nu bubuwo.
Azɔ esi wò ŋutɔ, wò dɔwɔnuwo kple wò detsiƒonuwo le dzadzɛ la, aleke nàɖa nu wòanɔ dedie?—g12-E 06.
[Aɖaka si le axa 5]
NA HEHE VIWÒWO: “Míefia mía viwo be woaklɔ asi hafi aɖu nu alo ne nuɖuɖu aɖe ge ɖe anyigba la, ele be woaklɔe alo atsɔe aƒu gbe.”—Hoi, Hong Kong
-
-
3. Ða Nu Beléletɔe Eye Nàdzrae Ðo NyuieNyɔ!—2012 | July
-
-
3. Ða Nu Beléletɔe Eye Nàdzrae Ðo Nyuie
NUÐALA maɖɔŋuɖo aɖe si nɔ blema Israel la, gbe treklɔnuwo, togbɔ be ‘medze si nu si wònye o’ hã. Eɖa nu sia si menya o la. Eye nua ɖula siwo vɔ̃ be aɖi anya nɔ nuɖuɖua me la do ɣli be: “Ku le zea me!”—2 Fiawo 4:38-41.
Abe ale si kpɔɖeŋu si dze ele etame la ɖee fia ene la, ele be nàkpɔ nyuie le nuɖuɖu si womeɖa kple beléle o la ŋu, elabena ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò alo awu wò gɔ̃ hã. Eya ta be nàƒo asa na dɔlékui siwo gena ɖe nuɖuɖu me la, ele be nàlé be na nu siwo nèɖana eye nàdzra wo ɖo nyuie. Lé ŋku ɖe aɖaŋuɖoɖo ene siwo gbɔna la ŋu:
● Mègada ʋulã ɖe ya nu le xɔ me be fafa nado le eme o.
United States ƒe Agblededɔwɔƒe gblɔ be: “Togbɔ be lã la titina ya akpɔtɔ asẽ esi wodae ɖi be fafa nado le eme hã la, anɔ bɔbɔe be yame ƒe fafa si ɖo dzidzenu Celsius 4 kple eƒe dzoxɔxɔ si ɖo dzidzenu Celsius 60 si me dɔlékuiwo dzina le kabakaba la nawɔe be dɔlékuiwo nage ɖe afi siwo bɔbɔ la ya me.” Eya ta da lã la ɖe nufamɔ, alo microwave (micro-ondes) loo alo nàdee tsi fafɛ me be wòabɔbɔ.
● Ðae wòabi nyuie.
Le Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nya nu la, “dɔlékui vɔ̃ɖiwo katã kloe kuna ne woɖa nuɖuɖu wòbi nyuie.” Ne èle nu ɖam, vevietɔ ne èle detsi ƒom alo le atadi wɔm la, kpɔ egbɔ be dzoa nu sẽ ɖo dzidzenu Celsius 70 ya teti.a Esi wònye be mele bɔbɔe be woanya ne nuɖuɖu aɖewo bi de eto me nyuie o ta la, nuɖala geɖewo zãa dzoxɔxɔdzidzenu tsɔ nyana ne lãwo bi nyuie.
● Ðui kaba.
Mele be woada nu siwo woɖa la ɖi eteƒe nadidi o, eya ta miɖu wo kaba, eye ne anya wɔ la miɖu wo enumake ale be dɔlékuiwo nagaɖo wo me o. De nuɖuɖu siwo hiã be woafa hafi woaɖu la nufamɔ me, eye kpɔ egbɔ be esiwo wòle be woaɖu dzodzoe la naxɔ dzo. Àte ŋu ana lã siwo nèɖa nakpɔtɔ anɔ dzodzoe ne ède wo kpo si ƒe dzoxɔxɔ de dzidzenu Celsius 93 me.
● Lé be na nuɖuɖu si susɔ la nyuie.
Zi geɖe la, Anita, si nye vidada aɖe le Poland, nana eƒe ƒomea ɖua nu siwo wòɖa la lali le eɖaɖa vɔ megbe. Egblɔ be gake ne nuɖuɖua sɔ gbɔ la, ‘yedea wo nu suesuewo me tsɔ dea nufamɔ me le eɖaɖa vɔ megbe teti ale be ne wo ɖuɣi ɖo la, fafa dona le wo me kaba.’ Anyo be miaɖu nu siwo susɔ mietsɔ de nufamɔ me la le ŋkeke etɔ̃ alo ene me.
Ame bubuwoe ɖaa nuwo le nuɖuɖudzraƒewo, eya ta aleke nàwɔ akpɔ wò ƒomea ta ne miebe yewoaɖu nu le nuɖuɖudzraƒe?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le nuɖuɖu aɖewo abe ʋulã gome la, ele be dzoa nu nasẽ wu.
[Aɖaka si le axa 6]
NA HEHE VIWÒWO: “Ne vinyewo be yewoaɖa nane la, meɖoa ŋku edzi na wo be woaxlẽ mɔfiame siwo le go si me nuɖuɖua le la dzi ahawɔ wo dzi.”—Yuk Ling, Hong Kong
-
-
4. Lé Ŋku Ðe Nu Ŋu Ne Èle Nu Ðum Le GbɔdomeNyɔ!—2012 | July
-
-
4. Lé Ŋku Ðe Nu Ŋu Ne Èle Nu Ðum Le Gbɔdome
Jeff, si xɔ ƒe 38, si ŋu ŋusẽ le eye wòle lãmesẽ me la, kplɔ eƒe ƒomea woyi ɖaɖu nu le nuɖuɖudzraƒe aɖe si gogo Pittsburgh, Pennsylvania, U.S.A. Le ɣleti ɖeka megbe la, Jeff ku le dɔléle aɖe si gblẽ nu le eƒe aklã ŋu ta. Nu ka gbɔe wòtso? Sabala aɖe si me aklãdɔlékui (hepatitis A) le lae wòɖu.
LE Ɣetoɖoƒedukɔ aɖe me la, wozãa ga siwo katã wozãna ɖe nuɖuɖu ŋu la ƒe afã kloe le nuɖuɖudzraƒewo. Gake le dukɔ ma ke me la, nu siwo wodzrana le nuɖuɖudzraƒewo la mee amewo xɔa dɔlékui siwo nɔa nuɖuɖu me la le wu.
Enye nyateƒe be le nuɖuɖudzraƒe la, ame bubuwoe ƒlea nuɖanuawo, dzraa dzodoƒea ɖo heɖaa nuawo. Ke hã wò ŋutɔe atso nya me le afi si nàɖu nu le, nu si nàɖu kple nu si me nàbla nuɖuɖu si nàdi be yeatsɔ ayi aƒe mee ɖo la ŋu.
● Lé ŋku ɖe teƒea ŋu nyuie.
Daiane, si le Brazil gblɔ be: “Ne míeyi nuɖuɖudzraƒe aɖe zi gbãtɔ la, meléa ŋku ɖe teƒea ŋu hekpɔnɛ ɖa be kplɔ̃awo, kplɔ̃dzivɔwo, agbaawo kple kplɔ̃ŋusubɔlawo le dzadzɛ eye nuawo le ɖoɖo nu hã. Ne mele nenema o la, míedzona yia nuɖuɖudzraƒe bubu.” Le dukɔ aɖewo me la, enuenu lãmesẽnyawo gbɔ kpɔlawo yina ɖaléa ŋku ɖe nuwo ŋu le nuɖuɖudzraƒewo henaa dzeside esiwo le dzadzɛ wu, eye woklãa numekukua me tsonuwo ɖi amewo va xlẽna.
● Ðɔ ŋu ɖo le akplo siwo me nèblaa nuɖuɖu siwo susɔ ɖo la ŋu.
United States ƒe Nuɖuɖu Kple Atike Nyawo Gbɔkpɔdɔwɔƒe xlɔ̃ nu be: “Ne màte ŋu atsɔ nuɖuɖu si nèƒle, si xɔ dzo ɖo dzidzenu Celsius 32 ayi aƒe mee le gaƒoƒo eve me o la, ke mègatsɔ esi susɔ la yi aƒe mee o.” Tsɔ nuɖuɖu si susɔ la yi aƒe me enumake eye nàdee nufamɔ me.
Ne èwɔ ɖe mɔfiame ene siwo dze le nyati siawo me dzi la, wò nuɖuɖu anɔ dedie wu.—g12-E 06.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]
NA HEHE VIWÒWO: “Míefia mía viwo be woaƒo asa na nuɖuɖu siwo mele dedie be woaɖu o.”—Noemi, Philippines
-
-
Ame Sia Ame Akpɔ Nu Nyuiwo Aɖu—Kpuie!Nyɔ!—2012 | July
-
-
Ame Sia Ame Akpɔ Nu Nyuiwo Aɖu—Kpuie!
ÀTE ŋu atrɔ asi le wò nuɖuɖu ŋu be wòanɔ dedie wu. Gake nu geɖewo li si ŋu màte ŋu awɔ naneke le o. Le kpɔɖeŋu me, wò ŋutɔ màte ŋu alé ŋku ɖe nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋu tsitotsito hafi aƒle alo aɖa o. Ahiã be nàƒle nuɖuɖu aɖewo siwo tso duta siwo ŋu wotrɔ asi le xoxo. Eye aɖi gblẽnu siwo le ya, tsi, alo anyigba me anya ge ɖe nuɖuɖu aɖewo me hafi nèƒle.
Le nyatakaka aɖe si ƒe tanyae nye “Nuɖuɖumedɔlékuiwo Dzi Ðeɖe Kpɔtɔ: Dukɔwo Dome Kuxie” me la, Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe akameti aɖewo gblɔ be nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ ƒe kuxi aɖewo ya la, “dukɔ ɖekaɖekawo ƒe dziɖuɖu vovovoawo ɖeɖe mate ŋu akpɔ wo gbɔ o; ehiã be dukɔwo nawɔ ɖeka akpɔ wo gbɔ.” Nuɖuɖu siwo me dɔlékuiwo ge ɖo nye kuxi le xexea me godoo!
Eya ta eme kɔ be ame geɖe mase nu si tae míate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be eteƒe madidi o ame sia ame akpɔ nu nyuiwo aɖu la gɔme o. Gake “anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ, Yehowa,” do ŋugbe be yeakpɔ amegbetɔ ƒe nuɖuɖu ŋuti kuxiwo gbɔ. (Yosua 3:13) Ame aɖewo ate ŋu agblɔ be nuɖuɖu ƒe dediemanɔmanɔ nye kpeɖodzi be míate ŋu aka ɖe Mawu dzi o. Gake bu eŋu kpɔ: Ne kplɔ̃ŋusubɔla aɖe ƒe bemalémale na nuɖuɖu wɔe be nuɖuɖua dome gblẽ la, ɖe wòasɔ be woabu fɔ ame si ɖa nua? Ao.
Nenema kee amegbetɔwoe míabu fɔe ɖe nuɖuɖu nyui siwo míekpɔna tso anyigba me la dome gbegblẽ ta, ke menye Wɔla la o. Ale si nuɖuɖu siwo mele dedie o va bɔe la tso amegbetɔ ƒe bemalémale na nu gbɔ. Ŋugbe si Mawu doe nye be yeahe “gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.”—Nyaɖeɖefia 11:18.
Nyateƒeae nye be Mawu na wòdze ƒãa be yetsɔ ɖe le ale si míakpɔ nu nyuiwo aɖu la me. Eyae wɔ anyigba la hewɔ atiwo ɖe edzi, mewɔ atiawo be ‘woanya kpɔ’ ko o, ke woƒe tsetse hã “nyo na ɖuɖu.” (1 Mose 2:9) Esi dɔléle va ge ɖe amegbetɔwo dome gɔ̃ hã la, Yehowa Mawu na mɔfiame aɖewo koŋ eƒe amewo be wòakpe ɖe wo ŋu be woawo ŋutɔwo kple woƒe nuɖuɖuwo nanɔ dedie.—Kpɔ aɖaka si nye “Lãmesẽmenɔnɔ Ŋuti Se Aɖewo.”
Nuɖuɖu ka ƒomevie Mawu di be míaɖu? Biblia gblɔe na mí be: “Enana gbe miena na lãwo kple agblemenuwo na amegbetɔwo ƒe ŋu dɔwɔwɔ, ne woaɖe nuɖuɖu atso anyigba me. Wein doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi, eye wònana eƒe mo zrɔ̃na lãlãlã wu ami; ke abolo doa ŋusẽ amegbetɔ ƒe dzi.” (Psalmo 104:14, 15) Biblia gagblɔ na mí be ‘nu gbagbe siwo katã ʋãna nanye miaƒe nuɖuɖu,’—1 Mose 9:3.
Eƒe Nya la do ŋugbe ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu be: “Ana tsi nadza ɖe nuku, siwo nèƒã ɖe agble me la dzi, nuɖuɖu, si tso wò agblemenukuwo me la, avivi, eye woada ami; le ɣemaɣi la wò lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo.” (Yesaya 30:23) Ɛ̃, gbeƒãɖeɖe si ava xɔ ɖe egbegbe nyadzɔdzɔgbalẽwo me tanya dovoɖinamewo teƒee nye: “Ame sia ame akpɔ nu nyuiwo aɖu!”—g12-E 06.
-