INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g17 No. 2 axa 12-13
  • Tsaɖiɖi Yi Spain

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsaɖiɖi Yi Spain
  • Nyɔ!—2017
Nyɔ!—2017
g17 No. 2 axa 12-13
Toledo, nye Spain ƒe teƒe si ame geɖe ɖia tsa yina

Spain ƒe blemaxɔwo kple nu siwo ku ɖe woƒe dekɔnuwo ŋu la le Toledo. Le ƒe 1986 me la, wotia Toledo kpe ɖe teƒe siwo tsaɖilawo ayi akpɔ Blemanuwo le xexea me la ŋu

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Spain

Spain ƒe anyigbatata

AME ƒomevi vovovowo kple nu vovovowoe le Spain. Lugblewo, waingblewo kple amitigblewo xɔ Spain dukɔa ƒe akpa geɖe. Atsiaƒu si ƒe kekeme nye kilometa 14 koe tso Spain ƒe anyiehe kple Afrika dome.

Foiniketɔwo, Helatɔwo kple Carthagetɔwoe ʋu va tsi Europa ƒe anyieheɣetoɖoƒe dukɔ sia me. Esi Romatɔwo va ɖo afi ma le ƒe alafa etɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, wotrɔ ŋkɔ na teƒe sia si woxɔ la be Hispania. Emegbe Visigottɔwo kple Moortɔwoe va nɔ afi ma eye woƒe dekɔnuwoe xɔ teƒea.

Le nyitsɔ laa ƒe ƒe aɖe me la, ame siwo wu miliɔn 68 ye ɖi tsa yi Spain. Tsaɖilawo dometɔ geɖe yia afi ma le ŋdɔkutsu ƒe ʋuʋu, woƒe ƒuta siwo nya kpɔ, dukɔa ƒe aɖaŋudɔwo, blemanuwo kple ale si woƒe xɔwo nya kpɔe ta. Spaintɔwo ƒe nuɖuɖuwo hã doa dzidzɔ na tsaɖila geɖe. Nuɖuɖu siawo dometɔ aɖewoe nye, bɔlu, fɔlĩ, halã, tadi viviwo, salada, kple amagbe siwo woɖa alo wodzaba kple ami. Spaintɔwo ƒe koklozi tɔtɔe, mɔlu si wotsɔ bɔlu kple nu vovovowo tsaka ɖa kple numeɖenu si woyɔna be tapas nye nuɖuɖu siwo wonya le xexea ƒe afi sia afi.

Mariscada, nye nuɖuɖu si me bɔlu, fɔlĩ kple bubuawo le

Mariscada, nye nuɖuɖu si me bɔlu, fɔlĩ kple bubuawo le

Ame eve le Spaintɔwo ƒe ɣe si nye flamenco ɖum

Wole ɣe si nye flamenco ɖum

Spaintɔwo kɔa mo ɖe ame eye wodoa vivi ɖe ame ŋu ŋutɔ. Wo dometɔ geɖe gblɔna be Roma Katolikotɔwoe yewonye gake ʋɛ aɖewo koe dea Misa. Nyitsɔ laa la, ame gbogbo aɖewo tso Afrika, Asia, kple Latin Amerika ʋu va tsi Spain. Edzɔa dzi na wo dometɔ geɖe be yewoaƒo nu tso yewoƒe dzixɔsewo kple dekɔnuwo ŋu. Yehowa Ðasefowo ɖoa dze viviwo kple wo dometɔ geɖe eye wokpe ɖe wo ŋu wosrɔ̃ nu si Biblia fia tso nu geɖewo ŋu.

Le ƒe 2015 me la, Ðasefo siwo wu 10,500 tsɔ wo ɖokuiwo na faa eye wotu woƒe tadeaguƒe si woyɔna be Fiaɖuƒe Akpata 70 alo dzra wo ɖo. Dɔwɔƒe siwo kpɔa anyigbanyawo gbɔ la na anyigba wo be woatu woƒe tadeaguƒeawo ƒe ɖewo. Esi Yehowa Ðasefowo di be yewoakpe ɖe ame siwo ʋu va tsi dukɔa me ŋu ta la, wowɔa kpekpewo le gbegbɔgblɔ siwo wu 30 me kpe ɖe Spaingbea ŋu. Le ƒe 2016 me la, ame siwo wu 186,000 ye de kpekpe tɔxɛ aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ tsɔ ɖo ŋku Yesu Kristo ƒe kua dzi.

ÈNYAA?

Spain ye wowɔa amiti ƒe ami le wu le xexea me.

Teide To si kɔ meta 3,718 le Canary Ƒukpowo dzi lae nye Spain ƒe to kɔkɔtɔ kekeake. Ne wodzidzee tso atsiaƒua nu la, eyae nye dzoto kɔkɔtɔ etɔ̃lia le xexea me.

  • GBEGBƆGBLƆ: SPAINGBE, BASQUEGBE, CATALONIAGBE, GALICIAGBE KPLE VALENCIAGBE

  • DUKƆA ME TƆWO: 46,439,000

  • FIADU: MADRID

  • YAME ƑE NƆNƆME: ETRƆNA; EFANA EYE ƔEAÐEWOƔI EXƆA DZO

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe