INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • re ta 35 axa 251-258
  • Babilon Gã la Tsɔtsrɔ̃

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Babilon Gã la Tsɔtsrɔ̃
  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukatae Woyɔe be Fia Enyilia?
  • Fia Ewo le Gaƒoƒo Ðeka Me
  • Gbolo la Wɔwɔ Aƒedoe
  • Mawu ƒe Tameɖoɖo Dzi Wɔwɔ
  • Akɔ Kpekpe Kple Lã Wɔadã Eve
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Nu Si Adzɔ Ðe Mawu Ƒe Futɔwo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Yehowa Ðea Nu Siwo ‘Ava Dzɔ Kpuie La Fiana’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ʋɔnu Dɔdrɔ̃ Gbolo Ŋkɔgbegblẽxɔla La
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
re ta 35 axa 251-258

Ta 35

Babilon Gã la Tsɔtsrɔ̃

1. Aleke mawudɔla la ɖɔ lã wɔadã dzẽ lae, eye nunya ka ƒomevie hiã bene woase dzesi siwo le Nyaɖeɖefia me la gɔme?

ESIME mawudɔla la gayi edzi le nu ƒom tso lã wɔadã dzẽ si le Nyaɖeɖefia 17:3 me ŋu la, egblɔ na Yohanes be: “Afii gɔmesese, si me nunya le la, hiã le: Ta adreawo nye to adre, siwo dzi nyɔnu la bɔbɔ nɔ, eye wonye fia adre: Wo ame atɔ̃ dze anyi, eye ɖeka li, mamletɔ la meva haɖe o, eye ne eva la, ele nɛ be, wòanɔ anyi ʋee ko.” (Nyaɖeɖefia 17:9, 10) Nunya si tso dziƒo, si nye nunya si ko ate ŋu ana Nyaɖeɖefia me dzesiwo gɔmesese ame lae mawudɔla la tsɔ le nanam. (Yakobo 3:17) Nunya sia kɔa nu me na Yohanes ƒe ha la kple woƒe zɔhɛwo be woakpɔ ɣeyiɣi si me míele la ƒe vevienyenye adze sii. Etua ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo, esusɔ vie ko wòahe wo vɛ la ŋu ɖe amesiwo tsɔ wo ɖokui ke la ƒe dzi me, eye wòƒãa Yehowa-vɔvɔ̃ nyuitɔ ɖe ame me. Abe alesi Lododowo 9:10 gblɔe ene la: “Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto, eye sidzedze kɔkɔetɔ la enye gɔmesese.” Nukae Mawu ƒe nunya ɖe fia mí ku ɖe lã wɔadã la ŋu?

2. Nukae nye lã wɔadã dzẽ la ƒe ta adreawo ƒe gɔmeɖeɖe, eye aleke ‘wo ame atɔ̃ dze anyi eye ɖeka lie’?

2 Lã wɔadã ma ƒe ta adreawo tsi tre ɖi na “to” adre, alo “fia” adre. Wozã nya evea siaa le Ŋɔŋlɔawo me tsɔ wɔ kpɔɖeŋue na dziɖuɖuwo ƒe ŋusẽ. (Yeremya 51:24, 25; Daniel 2:34, 35, 44, 45) Woyɔ xexemeŋusẽ ade ŋkɔ be wokpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo ƒe nuwɔnawo dzi le Biblia me; woawoe nye: Egipte, Siria, Babilon, Medo-Persia, Hela, kple Roma. Esiawo dometɔ atɔ̃ nɔ anyi eye wo nu va yi xoxo le ɣeyiɣi si me wotsɔ Nyaɖeɖefia la na Yohanes, gake Roma gakpɔtɔ nye xexemeŋusẽ kokoko ɣemaɣi. Esia sɔ ɖe nyagbɔgblɔa nu nyuie be, “wo ame atɔ̃ dze anyi, eye ɖeka li.” Gake “mamletɔ” si le vava ge ya ɖe?

3. (a) Aleke wɔ Roma-fiaɖuƒe la me mã? (b) Nukawoe dzɔ le Ɣetoɖoƒekpa dzi? (d) Aleke wòle be woabu Roma-fiaɖuƒe Kɔkɔe lae?

3 Roma-fiaɖuƒe la nɔ anyi didi eye wòkeke ta hã ƒe alafa geɖe le Yohanes ƒe ŋkekea megbe. Le ƒe 330 M.Ŋ. me la, Fia Konstantino ʋu eƒe fiadu tso Roma yi Byzantium, si ƒe ŋkɔ wòtrɔ be Konstantinople. Le ƒe 395 M.Ŋ. me la, Roma-fiaɖuƒe la me mã ɖe akpa eve siwo nye Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe ƒe akpawo me. Le ƒe 410 M.Ŋ. me la, Alarik, Visigothtɔwo (to aɖe si me wogblɔa gbe si do ƒome kple Germaniagbe, amesiwo trɔ dzime ɖe Aryatɔwo ƒe Kristotɔnyenye ŋu) ƒe fia xɔ Roma la ŋutɔ. Dukɔ siwo gblɔa gbe siwo do ƒome kple Germaniagbe (siwo hã nye “Kristotɔwo”) va xɔ Spania kple Roma ƒe anyigbamamã siwo le Afrika ƒe Anyiehe ƒe akpa geɖe. Zitɔtɔ, ʋunyaʋunyawɔwɔ kple tɔtrɔwo yi edzi ƒe alafa geɖe le Europa. Fia xɔŋkɔ geɖe nɔ anyi le Ɣetoɖoƒea; wo dometɔ aɖewoe nye Charlemagne, si bla nu kple Papa Leo III le ƒe alafa 9 lia me, kple Frederick II, si ɖu fia le ƒe alafa 13 lia me. Gake togbɔ be woyɔ woƒe dziɖuƒewo be wonye Roma-fiaɖuƒe Kɔkɔe la hã la, wonɔ sue wu alesi Roma-fiaɖuƒe la nɔ gbã esime wòɖo eƒe ŋusẽ ƒe kɔkɔƒe kekeake la. Le go geɖe me la, enye xexemeŋusẽ xoxo sia gbugbɔɖoanyi alo eƒe dziyiyi ke menye fiaɖuƒe yeyee o.

4. Dzidzedze kawoe Ɣedzeƒefiaɖuƒe la kpɔ, gake nukae dzɔ ɖe afisiwo nye blema Roma ƒe anyigbamamã siwo le Anyiehe Afrika, Spania, kple Siria la ƒe akpa gãtɔ dzi?

4 Roma ƒe Ɣedzeƒefiaɖuƒe si ƒe fiadue nye Konstantinople la nɔ anyi le ƒomedodo si me wo kple Ɣetoɖoƒefiaɖuƒe la menyina tututu o la me. Le ƒe alafa adelia me la, Ɣedzeƒe-fia Justinian I te ŋu gaxɔ Anyiehe Afrika ƒe akpa gãtɔ, exɔ Spania kple Italia hã. Le ƒe alafa adrelia me la, Justinian II xɔ Makedonia-nyigbamamã siwo Slavtɔwo xɔ le wo si la na Fiaɖuƒe la. Gake tso ƒe alafa enyilia dzi heyina la, blema Roma ƒe anyigbamamã xoxotɔ geɖe siwo nɔ Dziehe Afrika, Spania, kple Siria la va nɔ Islam-fiaɖuƒe yeyea ƒe kpɔkplɔ te eye womeganɔ Konstantinople kple Roma ƒe ŋusẽ te o.

5. Togbɔ be Roma-dua dze anyi le ƒe 410 M.Ŋ. me hã la, aleke wɔ wòxɔ ƒe alafa geɖe hafi nusiwo de dzesii abe dunyahehe ƒe Roma-fiaɖuƒe ene la nu yi le xexemenudzɔdzɔwo me?

5 Konstantinople-dua ŋutɔ nɔ anyi wòdidi vie. Edo dzi le Persiatɔwo, Arabtɔwo, Bulgariatɔwo, kple Russiatɔwo ƒe amedzidzedze kabakabawo me vaseɖe esime wòdze anyi mlɔeba le ƒe 1203 me—menye Moslemtɔwoe sii o ke boŋ Atitsogaʋawɔla siwo tso Ɣetoɖoƒe ye. Gake le ƒe 1453 me la, Moslemtɔ siwo le Ottoman ƒe dziɖula Mehmed II te la va ɖu edzi eye eteƒe medidi hafi wòzu Ottoman alo Turkey-fiaɖuƒe la ƒe fiadu o. Eyata togbɔ be Roma-dua dze anyi le ƒe 410 M.Ŋ. me hã la, exɔ ƒe alafa bubu geɖe hafi Roma ƒe Dunyahefiaɖuƒenyenye ƒe dzesi ɖesiaɖe bu ɖa le xexeame. Eye le ɣemaɣi kura gɔ hã la, wogate ŋu kpɔ eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi le subɔsubɔha ƒe fiaɖuƒe siwo wotu ɖe Roma ƒe papanyenye la kple Ɣedzeƒe Orthodoks sɔlemewo dzi la me.

6. Fiaɖuƒe yeye kawoe woɖo anyi, eye wo dometɔ kae kpɔ dzidzedze wu?

6 Gake va de asi na ƒe alafa 15 lia me la, dukɔ geɖewo nɔ fiaɖuƒe yeyewo ɖom anyi. Togbɔ be fiaɖuƒe yeye siawo dometɔ aɖewo ƒe dziɖuƒewo nɔ anyigbamamã siwo dzi Roma ɖu tsã la dzi hã la, woƒe fiaɖuƒeawo menye Roma-fiaɖuƒe la ƒe dziyiyiwo o. Portugal, Spania, Franse, kple Holland katã va zu dziɖuƒe siwo metsɔ ɖe wo nɔewo gbɔ o la ƒe nɔƒewo. Gake esi kpɔ dzidzedze wu le wo katã domee nye Britania, si va ɖu fiaɖuƒe nyadri aɖe si dzi ‘ɣe meɖoa to ɖo o’ la dzi. Fiaɖuƒe sia keke ta le ɣeyiɣi vovovowo me ɖe Anyiehe Amerika, Afrika, India, kple Dzieheɣedzeƒe Asia ƒe akpa geɖewo, kpakple ɖe Dziehe Pasifik ƒukpo gbogboawo dzi.

7. Aleke xexemeŋusẽ eve ƒokpli aɖe wɔ va dzɔ, eye ɣeyiɣi didi kae Yohanes gblɔ be ‘ta,’ alo xexemeŋusẽ adrelia anɔ anyi ase ɖo?

7 Kaka ƒe alafa 19 lia naɖo la, dutanyigba siwo le Anyiehe Amerika la dometɔ aɖewo ɖe wo ɖokui ɖa tso Britania ŋu eye woƒo ƒu wɔ United States, Amerika si le eɖokui si la. Le dunyahehe gome la, ʋiʋli aɖe yi edzi le dukɔ yeyea kple dukɔ si nɔ abe eƒe aƒenɔ xoxo ene la dome. Gake xexemeʋa gbãtɔ zii ɖe dukɔ evea dzi be woalɔ̃ ɖe nusi aɖe vi na wo ame evea dzi eye wòna ƒomedodo tɔxɛ aɖe nɔ wo dome kplikplikpli. Aleae xexemeŋusẽ eve ƒokpli tɔgbe aɖe, si nye United States, Amerika, si nye dukɔ si si kesinɔnuwo le wu azɔ kple Britania Gãtɔ, si nye xexeame katã ƒe fiaɖuƒe gãtɔ kekeake ƒe nɔƒe la va li. Eyata ‘ta’ alo xexemeŋusẽ adrelia si yi edzi nɔ anyi le nuwuɣia me eye wòɖu anyigbamamã siwo dzi míaƒe ŋkekea me Yehowa Ðasefowo dze woƒe dɔa gɔme le gbã la dzi lae nye esi. Ne wotsɔe sɔ kple ta adelia ƒe dziɖuɣi didia la, ta adrelia anɔ anyi “ʋee ko,” vaseɖe esime Mawu ƒe Fiaɖuƒea atsrɔ̃ dukɔwo katã.

Nukatae Woyɔe be Fia Enyilia?

8, 9. Ŋkɔ kae mawudɔla la yɔ na lã wɔadã dzẽ la, eye le mɔ ka nue wòdo go tso adrelia me?

8 Mawudɔla la gaɖe nu me na Yohanes be: “Eye lã, si nɔ anyi, eye megali o la, eya ŋutɔ hã enye [fia] enyilia, eye wònye adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe gbegblẽ me.” (Nyaɖeɖefia 17:11) Kpɔɖeŋulã wɔadã dzẽ la ‘do go tso’ ta adreawo me; eyae nye be, edzɔ tso ‘lã wɔadã si do tso atsiaƒu me,’ si lã wɔadã dzẽ la nye legba na la ƒe tawo me alo woawoe na wòva li. Le mɔ ka nu? Le ƒe 1919 me la, Anglo-Amerika xexemeŋusẽa ye nye ta si ƒe ŋusẽ nɔ dzi dem. Ta ade gbãtɔwo dze anyi, eye xexemeŋusẽ si le dzi ɖum ƒe nɔƒea va ge ɖe ta eve ƒokpli sia si me eye wòtsi esi me fifia. Abe xexemeŋusẽ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la teƒenɔla si li fifia ene la, ta adrelia siae nye ŋusẽ si nɔ megbe na Dukɔwo ƒe Nubabla la ɖoɖo anyi eye eyae gakpɔtɔ nye ame vevitɔ si le megbe na Dukɔ Ƒoƒuawo ɖoɖo anyi kple amesi nɔa megbe nɛ le ganyawo me. Eyata le kpɔɖeŋumɔ nu la, lã wɔadã dzẽ la—si nye fia enyilia—‘do tso’ ta adre gbãtɔawo ‘me.’ Ne míebui le mɔ sia nu la, nyagbɔgblɔ si nye be edo go tso ta adreawo me la wɔ ɖeka kple ɖeɖefia si do ŋgɔ be lã wɔadã si to dzo eve abe alẽvi ene (Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa si nye lã wɔadã gbãtɔ ma ƒe ta adrelia) de dzi ƒo be woawɔ legba la eye wòna agbee.—Nyaɖeɖefia 13:1, 11, 14, 15.

9 Hekpe ɖe eŋu la, dukɔ siwo nye Dukɔwo ƒe Nubabla me nɔla gbãtɔwo kpakple Britania Gãtɔ siaa ɖu dzi le ta siwo do ŋgɔ siwo nye Hela, Iran, (Persia), kple Italia, (Roma) ƒe dziɖuƒewo. Mlɔeba la, dziɖuɖu siwo ɖu dzi le afisiwo xexemeŋusẽ ade siwo do ŋgɔ la ɖu dzi le la nye dukɔ siwo nɔ megbe na lã wɔadã la ƒe legba la. Le gɔmesese sia nu hã la, woate ŋu agblɔe be lã wɔadã dzẽ sia do tso xexemeŋusẽ adreawo me.

10. (a) Aleke woate ŋu agblɔ be lã wɔadã dzẽ la ‘ŋutɔ nye fia enyiliae’? (b) Aleke Soviet dumegã aɖe ɖe eƒe megbenɔnɔ na Dukɔ Ƒoƒuawo fiae?

10 De dzesii be lã wɔadã dzẽ la “ŋutɔ hã nye [fia] enyilia.” Eyata woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo anyi be wòanɔ abe xexemeŋusẽ ene. Ɣeaɖewoɣi la, ewɔ nu abe dziɖuɖu ene, edɔ asrafowo ɖe aʋagbedzi be woakpɔ dukɔwo dome dzrewo gbɔ, le kpɔɖeŋu me, abe le Korea, Sinai Ƒudomekpoa, kple le Afrika dukɔ aɖewo me kpakple Lebanon ene. Gake fia aɖe ƒe legba koe wònye. Abe subɔsubɔha ƒe legba ene la, ŋusẽkpɔɖeamedzi alo dziɖuŋusẽ aɖeke mele esi wu esi amesiwo ɖoe anyi hedea ta agu nɛ la tsɔ nɛ o. Ɣeaɖewoɣi la, kpɔɖeŋulã wɔadã sia dze ame belii; gake medo go alesi amewo katã agbugbɔ le eyome abe alesi Dukɔwo ƒe Nubabla me nɔla siwo dzizizidziɖuɖu le mo na la gbugbɔ le eyomee eye wotutui tramatrama de aʋli me ene la o. (Nyaɖeɖefia 17:8) Togbɔ be amesiawo ƒe nukpɔsusuwo to vovo sãa tso wo nɔewo tɔ gbɔ le go bubuwo me hã la, Soviet dumegã aɖe wɔ ɖeka kple Roma papawo le ƒe 1987 me le eƒe megbenɔnɔ na Dukɔ Ƒoƒuawo me. Ebia kura gɔ̃ hã be woawɔ “dukɔwo dome dedienɔnɔ ƒe nuɖoanyi si lɔ nusianu ɖe eme” si anɔ te ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo dzi. Abe alesi woagblɔe na Yohanes fifia ene la, ɣeyiɣi li gbɔna si me Dukɔ Ƒoƒuawo atsɔ ŋusẽ gã aɖe awɔ nui. Ekema eya hã tɔ aɖo edzi be ‘wòayi gbegblẽ me.’

Fia Ewo le Gaƒoƒo Ðeka Me

11. Nya kae Yehowa ƒe dɔla gblɔ tso lã wɔadã dzẽ la ƒe kpɔɖeŋudzo ewoawo ŋu?

11 Le Nyaɖeɖefia ƒe ta si do ŋgɔ me la, mawudɔla adelia kple adrelia kɔ Mawu ƒe dɔmedzoekpluwo ɖi. Eyata wogblɔ na mí be wole anyigbadzifiawo nu ƒom ƒu hena Mawu ƒe Harmagedon-ʋa la eye be ‘woaɖo ŋku Babilon Gã la dzi le Mawu ŋkume.’ (Nyaɖeɖefia 16:1, 14, 19) Azɔ míase numeɖeɖe geɖe wu ku ɖe alesi Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ava amesiawo dzie la ŋu. Gaɖo to ake esi Yehowa ƒe dɔla la le nu ƒom na Yohanes: “Eye dzo ewo, si nèkpɔ la, woawoe nye fia ewo, siwo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o; gake woawo kple lã la woaxɔ ŋusẽ abe fiawo ene gaƒoƒo ɖeka. Nenem me siawo la tameɖoɖo ɖeka li na wo, eye wotsɔ woƒe ŋutete kple ŋusẽ na lã la. Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kapkple nuteƒewɔlawo.”—Nyaɖeɖefia 17:12-14.

12. (a) Nukae dzo ewoawo le tsitre ɖi na? (b) Aleke wɔ wogblɔ be dzo ewoawo “mexɔ fiaɖuƒe haɖe o”? (d) Aleke dzo ewoawo xɔ “fiaɖuƒe” fifiae, eye vaseɖe ɣekaɣi wòanɔ anyi ase ɖo?

12 Dzo ewoawo tsi tre ɖi na dunyaheŋusẽ siwo katã le xexeame dzi ɖum fifia eye wonɔa megbe na lã wɔadã la ƒe legba la. Dukɔ siwo li egbea dometɔ ʋee aɖewo koe wonya le Yohanes ƒe ŋkekea me. Eye esiwo wonya ɣemaɣi, abe Egipte kple Persia (Iran) ene la ƒe dunyaheɖoɖowo to vovo kura. Eyata le ƒe alafa gbãtɔ me la, ‘dzo ewoawo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o.’ Gake fifia le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la, “fiaɖuƒe,” alo dunyaheŋusẽ le wo si. Esi blema fiaɖuƒe siwo ɖu dutanyigbawo dzi dze anyi, vevietɔ le xexemeʋa evelia megbe la, woɖo dukɔ yeye geɖewo anyi. Dukɔ siawo kpakple dziɖuɖu siwo nɔ anyi didi wu siaa aɖu fia kple lã wɔadã la ɣeyiɣi kpui aɖe—“gaƒoƒo ɖeka” pɛ ko—hafi Yehowa nahe xexeame ƒe dunyahedziɖuɖuwo katã ava nuwuwui le Harmagedon me.

13. Mɔ ka nue “tameɖoɖo ɖeka” le dzo ewoawo si le, eye nɔnɔme si woaɖe afia Alẽvi la ka dzie esia ɖo kpee?

13 Egbea dukɔmevinyenye ye nye gbɔgbɔ sesẽtɔ kekeake siwo ʋãa dzo ewo siawo la dometɔ ɖeka. “Tameɖoɖo ɖeka” ye le wo si le gɔmesese sia nu be wodi be yewoakpɔ yewoƒe dukɔwo ƒe fianyenye ta le esi teƒe be woaxɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Esia koŋ ye na wolɔ̃ ɖe edzi be yewoanɔ Dukɔwo ƒe Nubabla kple Dukɔ Ƒoƒuawo me ɖo—bene yewoakpɔ xexeame ƒe ŋutifafa ta eye esia nana yewoadzɔ yewo ŋutɔwo ƒe anyinɔnɔ ŋu. Nɔnɔme sia na kakaɖedzi mí be dzoawo atsi tre ɖe Alẽvi, ‘aƒetɔwo dzi Aƒetɔ kple fiawo dzi Fia’ la ŋu elabena Yehowa ɖoe be eteƒe madidi o yeƒe Fiaɖuƒe si le Kristo Yesu si me la axɔ ɖe fiaɖuƒe siawo katã teƒe.—Daniel 7:13, 14; Mateo 24:30; 25:31-33, 46.

14. Aleke xexeamedziɖulawo ate ŋu awɔ aʋa kple Alẽvi lae, eye nukae anye emetsonu?

14 Abe alesi míenyae ene la, xexe sia me fiawo mate ŋu awɔ naneke Yesu ŋutɔ o. Dziƒo, afisi kɔkɔ boo tso wo gbɔ lae wòle. Gake Yesu nɔviwo, nyɔnu la ƒe dzidzimevia ƒe ame susɔeawo, ya gale anyigba dzi kokoko eye edze ƒã be woate ŋu adze wo dzi. (Nyaɖeɖefia 12:17) Dzoawo dometɔ geɖe ɖe fuléle helĩhelĩ fia ɖe wo ŋu, eye le mɔ sia nu la, wowɔ aʋa kple Alẽvi la. (Mateo 25:40, 45) Gake esusɔ vie ko ɣeyiɣia nade be Mawu ƒe Fiaɖuƒea “[nagbã] fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo.” (Daniel 2:44) Le ɣemaɣi me la, anyigbadzifiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la vaseɖe esi aʋa la nawu enu abe alesi míele ekpɔ ge kpuie ene. (Nyaɖeɖefia 19:11-21) Gake vaseɖe afisia la, míesrɔ̃ nu geɖe henya be makpa dukɔwo o. Togbɔ be “tameɖoɖo ɖeka” la anɔ woa kple Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe lã wɔadã dzẽ la siaa si hã la, womate ŋu aɖu ‘fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ’ gã la dzi o, eye womate ŋu aɖu “amesiwo li kplii la, [siwo nye] ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo,” siwo dome eyomedzela amesiamina siwo gale anyigba dzi la le hã dzi o. Amesiawo hã aɖu dzi le nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi me le Satana ƒe nutsotso vɔ̃ɖiawo ŋu ɖoɖo me.—Romatɔwo 8:37-39; Nyaɖeɖefia 12:10, 11.

Gbolo la Wɔwɔ Aƒedoe

15. Nukae mawudɔla la gblɔ ku ɖe gbolo la kple nɔnɔme si dzo ewoawo kple lã wɔadã la aɖe afia ɖe eŋu kple nusi woawɔe la ŋu?

15 Menye Mawu ƒe amewo koe dzo ewoawo aɖe kpe na o. Mawudɔla la gahe susu va gbolo la dzi ake azɔ: “Eye wògblɔ nam bena: Tsi, siwo nèkpɔ, siwo dzi gbolo la bɔbɔ nɔ la, wonye dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo. Eye dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.”—Nyaɖeɖefia 17:15, 16.

16. Nukatae Babilon Gã la mate ŋu aɖo ŋu ɖe eƒe tsiwo ŋu be woakpɔ ye ta ne dunyahedziɖuɖuwo trɔ ɖe eŋu o?

16 Abe alesi blema Babilon ɖo ŋu ɖe tsi siwo nye takpɔnu nɛ la ŋu ene la, nenema ke egbea Babilon Gã la ɖoa ŋu ɖe eƒe hamevi siwo nye “dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo” ŋui. Esɔ be mawudɔla la he míaƒe susu yi nusiawo dzi hafi gblɔ nudzɔdzɔ sia si do voɖi na ame la: Anyigba sia dzi dunyahedziɖuɖuwo atrɔ ɖe Babilon Gã la ŋu ŋutasesẽtɔe. Nukae “dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo” mawo katã awɔ ɣemaɣi? Mawu ƒe amewo le nu xlɔ̃m Babilon Gã la xoxo be Frat-tɔsisi la me tsiwo le miemie ge. (Nyaɖeɖefia 16:12) Tsi mawo asi adzo keŋkeŋ mlɔeba. Womate ŋu anɔ megbe na gbolo nyɔŋu xoxoa le gaƒoƒo si me wòɖo eƒe hiãkameɣi gãtɔ kekeake me o.—Yesaya 44:27 Yeremya 50:38; 51:36, 37.

17. (a) Nukatae Babilon Gã la ƒe kesinɔnuwo mate ŋu aɖee o? (b) Aleke Babilon Gã la ƒe nuwuwu anye gbɔɖiɖie? (d) Le dzo ewoa, alo dukɔ vovovoawo megbe la, nuka hãe akpe asi ɖe Babilon Gã la haha ŋu?

17 Kakaɖedzitɔe la, Babilon Gã la ƒe ŋutilãmekesinɔnu gbogboawo maɖee o. Woate ŋu ado tsɔtsɔe eƒe tsɔtsrɔ̃a gɔ̃ hã, elabena ŋutega la ɖee fia be ne lã wɔadã la kple dzo ewoawo trɔ woƒe fulélea kɔ ɖe edzi la, woaɖe eƒe fiawua kple eƒe lekewɔnuawo katã le eŋu. Woaha eƒe kesinɔnuawo. “Woaɖe amamae,” ne woklo nu le amesi wònye ŋutɔŋutɔ la dzi ŋukpetɔe. Aƒedozuzu gã kae nye si! Bubu aɖekeɖeke hã manɔ eƒe nuwuwua ŋu o. Woatsrɔ̃e, “woaɖu eƒe ŋutilã” eye woana wòazu ƒu kloyii, esi me agbe mele o. Mlɔeba la, “woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.” Woatɔ dzoe abe amesi ŋu dɔvɔ̃ le ene, eye womaɖii le bubumɔ aɖeke nu gɔ̃ hã o! Menye dukɔwo, si dzo ewoa nye kpɔɖeŋu na koe atsrɔ̃ gbolo gã la o, ke boŋ ‘lã wɔadã la,’ si tsi tre ɖi na Dukɔ Ƒoƒuawo la ŋutɔe akpe ɖe wo ŋu le nuhaha sia me. Ada asi ɖe alakpasubɔsubɔha la ƒe tsɔtsrɔ̃a dzi. Dukɔ siwo wu 190 siwo le Dukɔ Ƒoƒuawo me la ƒe akpa gãtɔ ɖe fuléle si le wo me ɖe subɔsubɔha, vevietɔ Kristodukɔa, ŋu la fia le woƒe akɔdamɔnu me xoxo.

18. (a) Ŋutete si le dukɔwo si be woatrɔ ɖe Babilon subɔsubɔha ŋu kae dze xoxo? (b) Nukae nye susu vevi si ta koŋ woaho aʋa blibo ɖe Babilon Gã la ŋu?

18 Nukatae dukɔwo awɔ adã ɖe woƒe ahiãvi xoxoa ŋu alea gbegbe ɖo? Nyitsɔ laa koe míekpɔe le ŋutinya me be ŋutete li be woatrɔ ɖe Babilon subɔsubɔha ŋu nenema. Dziɖuɖu ƒe tsitretsiɖeŋu na subɔsubɔha ƒe ŋusẽkpɔɖenudzi yi to vevie le anyigba siawo abe Soviet Union kple China ene dzi. Le Europa ƒe anyigba siwo nye Protestant-dukɔwo me la, ɖekematsɔleme kple ɖikeke si keke ta ɖi gbɔlo sɔlemewo, ale be subɔsubɔha zu nu kuku kloe. Aglãdzedze kple numasɔmasɔ mã Katoliko fiaɖuƒe nyadria me kakɛkakɛ esi papa si le tsaɖiɖi dzi mete ŋu lé avui o. Gake migana míaŋlɔ be o be Babilon Gã la dzi dzedze keŋkeŋ mlɔe sia nye Mawu ƒe ʋɔnu matrɔmatrɔ dɔdrɔ̃ gbolo gã la.

Mawu ƒe Tameɖoɖo Dzi Wɔwɔ

19. (a) Aleke míate ŋu atsɔ Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si wòahe va gbolo gã la dzi asɔ kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si wòhe va Yerusalem xɔsegbela la dzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. mee? (b) Kpɔɖeŋu kae alesi Yerusalem zu aƒedoe eye ame aɖeke meganɔ eme o le ƒe 607 D.M.Ŋ. megbe la nye na míaƒe ŋkekea?

19 Aleke Yehowa ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ sia vɛ? Míate ŋu atsɔ nusi Yehowa wɔ eƒe dukɔ xɔsegbela la le blema me la awɔ esia ƒe kpɔɖeŋue. Egblɔ tso amesiawo ŋu be: “Mekpɔ ŋunyɔnuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem la ŋu: Wole amatre wɔm, wole alakpadada dzi, eye wodo ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi, ale be wometrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me o; wo katã wole nam abe Sodom ene, eye emenɔlawo le abe Gomora ene.” (Yeremya 23:14) Le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, Yehowa zã Nebukadnezar tsɔ ‘ɖe awu le du ma si wɔ gbolo le gbɔgbɔ me la ŋu, elɔ eƒe atsyɔ̃nuwo dzoe eye wògblẽe ɖi wòtsi amama kple ƒeƒle.’ (Xezekiel 23:4, 26, 29) Alesi Yerusalem nɔ le ɣemaɣi la nye kpɔɖeŋu na Kristodukɔa egbea, eye abe alesi Yohanes kpɔe le ŋutega siwo do ŋgɔ mee ene la, Yehowa ahe tohehe ma tɔgbe ava Kristodukɔa kple alakpasubɔsubɔha ƒe akpa susɔea dzi. Aƒedozuzu ƒe nɔnɔme si me ame aɖeke meganɔ Yerusalem o le ƒe 607 D.M.Ŋ. megbe la ɖe alesi subɔsubɔha ƒe Kristodukɔa anɔ emegbe ne woɖe eƒe kesinɔnuwo le eŋu eye woɖe amamae ŋukpenatɔe la fia. Eye eme manyo na Babilon Gã la ƒe akpa mamlea hã o.

20. (a) Aleke Yohanes ɖee fiae be Yehowa agazã dziɖula siwo nye amegbetɔwo le ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe vɛ me? (b) Nukae nye Mawu ƒe “tameɖoɖo”? (d) Mɔ ka nue dukɔwo awɔ woƒe “tameɖoɖo ɖeka” dzi le, gake ameka ƒe tameɖoɖo koŋ dzie woawɔ?

20 Yehowa agazã dziɖula siwo nye amegbetɔwo ake le ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe vɛ me: “Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu.” (Nyaɖeɖefia 17:17) Nukae nye Mawu ƒe “tameɖoɖo”? Eyae nye be woawɔ ɖoɖo be Babilon Gã la tsrɔ̃lawo nabla ɖekae be woatsrɔ̃e keŋkeŋ. Ẽ, dziɖulawo ƒe susu si woatsɔ adze edzie anye be yewoawɔ yewo ŋutɔwo ƒe “tameɖoɖo ɖeka” dzi. Woase le wo ɖokui me be anye nusi ade yewoƒe dukɔ dzi be yewoatrɔ ɖe gbolo gã la ŋu. Ate ŋu anye be woava bui be alesi mawusubɔsubɔ si woɖo anyi la agayi edzi anɔ yewoƒe dukɔ me la anye afɔku na yewoƒe fianyenye. Gake Yehowa ŋutɔe anɔ asi dem nyawo me; woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi ne wotsrɔ̃ eƒe futɔ ahasiwɔla xoxo sia ɖa zi ɖeka!—Tsɔe sɔ kple Yeremya 7:8-11, 34.

21. Esi woazã lã wɔadã dzẽ la atsɔ atsrɔ̃ Babilon Gã lae ta la, nukae dze ƒã be dukɔwo awɔ na Dukɔ Ƒoƒuawo?

21 Ẽ, dukɔwo azã Dukɔ Ƒoƒuawo, lã wɔadã dzẽ la, atsɔ atsrɔ̃ Babilon Gã lae. Menye woa ŋutɔwoe atso le wo ɖokui si ko awɔe o, elabena Yehowa adee woƒe dzi me bene “woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la.” Ne eɖo edzi la, dukɔwo akpɔe kɔte be ehiã be yewoado ŋusẽ Dukɔ Ƒoƒuawo. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, woana woato aɖu, eyae nye be woatsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽ ɖesiaɖe si le wo si la nɛ be wòate ŋu atrɔ ɖe alakpasubɔsubɔha ŋu eye wòawɔ aʋa kplii “halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu.” Aleae gbolo xoxo la ƒe nuwuwu keŋkeŋ anɔ. Ẽ, nehede nyuie!

22. (a) Nukae nya siwo mawudɔla la tsɔ ƒo eƒe ɖaseɖiɖia ta le Nyaɖeɖefia 17:18 me la fia? (b) Aleke Yehowa Ðasefowo wɔa nu ɖe alesi woklo nu le nya ɣaɣla la dzi ŋue?

22 Mawudɔla wɔ abe ɖe wòdi be yeaɖo kpe kakaɖedzi si le Yehowa ƒe ʋɔnu dɔdrɔ̃ alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea ŋu la dzi ene, eye wòwu eƒe ɖaseɖiɖi la nu be: “Eye nyɔnu, si nèkpɔ la, enye du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.” (Nyaɖeɖefia 17:18) Abe Belsazar ŋɔli ƒe Babilon la ene la, “woda [Babilon Gã la] le nudanu me eye wokpɔ be mede o.” (Daniel 5:27, The New English Bible) Woatsɔ ablaɖeɖe gã atsrɔ̃e gbidii. Eye aleke Yehowa Ðasefowo wɔa nu ɖe gbolo gã la kple lã wɔadã dzẽ la ƒe nya ɣaɣla la me ɖeɖe ŋue? Wotsɔa dzonɔameme ɖea gbe ƒã Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wotsɔa “amenuveve” ɖoa nya ŋu na anukwaretɔ siwo le nyateƒea dim. (Kolosetɔwo 4:5, 6; Nyaɖeɖefia 17:3, 7) Abe alesi míaƒe ta si kplɔe ɖo aɖee afia ene la, ele be amesiwo katã di be yewoatsi agbe ne wotsrɔ̃ gbolo gã la nawɔ nu, ahawɔe kpata!

[Nɔnɔmetata siwo le axa 252]

Xexemeŋusẽ Adre Siwo Kplɔ Wo Nɔewo Ðo

EGIPTE

ASIRIA

BABILON

MEDO-PERSIA

HELA

ROMA

ANGLO-AMERIKA

[Nɔnɔmetata siwo le axa 254]

“Eya ŋutɔ hã enye [fia] enyilia”

[Nɔnɔmetata si le axa 255]

Wotrɔ megbe de Alẽvi la eye ‘wotsɔ woƒe ŋusẽ kple fiaɖuƒe na lã wɔadã la’

[Nɔnɔmetata si le axa 257]

Kristodukɔa si nye Babilon Gã la ƒe akpa vevitɔ anɔ abe blema Yerusalem si wowɔ aƒedoe keŋkeŋ la ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe