TA 7
Kpekpe Siwo ‘Doa Ŋusẽ Ame Na Lɔlɔ̃ Kple Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ’
TSO blema ke la, Yehowa ƒe amewo ƒoa ƒu hewɔa nu le ɖoɖo nu. Le blema Israel la, ŋutsuwo katã zɔa mɔ yia Yerusalem na ŋkekenyui gã etɔ̃awo ɖuɖu. (5 Mose 16:16) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔwo ƒoa ƒu edziedzi, eye zi geɖe la, woƒoa ƒu le amewo ƒe aƒewo me. (Filem. 1, 2) Egbea, míawo hã míedea kpekpewo, takpekpe suewo kple takpekpe gãwo. Nu ka tae Mawu subɔlawo ƒoa ƒu ɖekae ɖo? Susu si koŋ tae nye be, enye míaƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe.—Ps. 95:6; Kol. 3:16.
2 Ƒuƒoƒo alea ɖea vi na vavalawo katã. Wogblɔ na Israel-viwo ku ɖe Agbadɔŋkekenyui adrelia ɖe sia ɖe ŋu be: “Ƒo dukɔ la nu ƒu, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzrovi siwo le wò dukɔ me siaa, ne woaɖo to, eye woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ Yehowa mia Mawu la, eye woawɔ Se sia me nyawo katã dzi pɛpɛpɛ.” (5 Mose 31:12) Eme kɔ ƒãa be, susu vevi aɖe si tae míeƒoa ƒu ɖekae ye nye be ‘Yehowa nafia nu’ mí. (Yes. 54:13) Ƒuƒoƒo ɖekae naa mɔnukpɔkpɔ mí be míanya mía nɔewo, ade dzi ƒo na mía nɔewo ahado ŋusẽ mía nɔewo le hadede kple mía nɔewo me.
HAMEA ƑE KPEKPEWO
3 Nusrɔ̃la siwo nu woƒo ƒu le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekoste ŋkekea megbe la lé fɔ ɖe apostoloawo ƒe nufiafiawo ŋu, eye “wonɔa gbedoxɔa me gbe sia gbe kple tame ɖeka.” (Dɔw. 2:42, 46) Emegbe ne Kristotɔwo va ƒo ƒu na tadedeagu la, woxlẽa ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me, siwo dometɔ aɖewoe nye lɛta siwo apostoloawo kple Kristotɔ nusrɔ̃la bubuwo ŋlɔ. (1 Kor. 1:1, 2; Kol. 4:16; 1 Tes. 1:1; Yak. 1:1) Hamea doa gbe ɖa ɖekae hã. (Dɔw. 4:24-29; 20:36) Ɣeaɖewoɣi la, wogblɔa nu siwo teƒe wokpɔ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me na hamea. (Dɔw. 11:5-18; 14:27, 28) Wodzroa Biblia ƒe nufiafiawo kple nyagblɔɖi siwo tso gbɔgbɔ me, siwo le eme vam la me. Wofiaa nu ku ɖe agbenɔnɔ si dze Kristotɔwo kple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ŋu. Wodea dzi ƒo na ame sia ame be wòanye nya nyui gbeƒãɖela dovevienu.—Rom. 10:9, 10; 1 Kor. 11:23-26; 15:58; Ef. 5:1-33.
Le ŋkeke mamlɛawo ƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, ehiã be míanɔ ƒu ƒom edziedzi be míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo
4 Le míaƒe ŋkekea me la, Kristotɔwo ƒe kpekpewo sɔna ɖe kpɔɖeŋu si woɖo ɖi le apostoloawo ŋɔli la nu. Míewɔna ɖe dzideƒonya si tso gbɔgbɔ me, si dze le Hebritɔwo 10:24, 25 la dzi, si gblɔ be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum . . . , míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, zi ale si miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom la.” Le ŋkeke mamlɛawo ƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, ehiã be míanɔ ƒu ƒom edziedzi be míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo geɖe wu ale be ŋusẽ nanɔ mía ŋu le gbɔgbɔ me eye míalé Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. (Rom. 1:11, 12) Mí Kristotɔwo míele dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina. Míetsri nuɖoanyi sia ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple xexea me nudzodzrowo. (Flp. 2:15, 16; Tito 2:12-14) Le nyateƒe me la, afi ka nɔnɔe nyo na mí wu Yehowa ƒe amewo dome nɔnɔ? (Ps. 84:10) Eye nu kae agate ŋu aɖe vi na mí wu Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple emedzodzro? Na míakpɔ kpekpe siwo ƒe ɖoɖo wowɔ be woaɖe vi na mí la ɖa.
KWASIÐANUWUWU KPEKPE
5 Kwasiɖanuwuwu kpekpea ƒe akpa gbãtɔ nyea nuƒo aɖe si ɖe Biblia ƒe nufiafiawo me, si ŋu wotrɔ asi le koŋ be wòaɖe vi na ame sia ame si va kpekpea, nenye be zi gbãtɔe nye ema wo dometɔ aɖewo va kpekpea gɔ̃ hã. Nuƒo siawo wɔa akpa vevi aɖe le ame yeyewo kple gbeƒãɖela siwo le hamea me la siaa ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me.—Dɔw. 18:4; 19:9, 10.
6 Kristo Yesu, eƒe apostoloawo kple woƒe zɔhɛwo wɔ dutoƒokpekpe siwo ɖi esiwo Yehowa ƒe amewo wɔna egbea le woƒe hamewo me. Ðikekemanɔmee la, Yesue nye dutoƒonuƒola nyuitɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ. Wogblɔ le eŋu be: “Ame aɖeke meƒo nu alea kpɔ o.” (Yoh. 7:46) Yesu fia nu abe ame si si ŋusẽ le ene, si na eƒe nyaselawo ƒe nu ku. (Mat. 7:28, 29) Viɖe geɖe do tso eme na ame siwo wɔ ɖe eƒe nyawo dzi. (Mat. 13:16, 17) Apostoloawo srɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Míexlẽa nu tso dutoƒonuƒo wɔdɔɖeamedzi si Petro ƒo le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la ŋu le Dɔwɔwɔwo 2:14-36. Eƒe nuƒoa ʋã ame akpe geɖe wowɔ tɔtrɔ siwo hiã le nya siwo wose la ta. Emegbe nuƒo si Paulo ƒo le Atene la na ame aɖewo va zu xɔsetɔwo.—Dɔw. 17:22-34.
7 Nenema kee le míaƒe ŋkekea me hã, dutoƒonuƒo siwo woƒona kwasiɖa sia kwasiɖa le hameawo me kpakple dutoƒonuƒo siwo woƒona le takpekpe suewo kple gãwo me la ɖea vi na ame miliɔn geɖe. Nuƒo mawo kpena ɖe mía ŋu míenɔa ŋudzɔ ɖe Kristotɔwo ƒe nufiafiawo ŋu hewɔa Fiaɖuƒea ƒe dɔwo veviedodotɔe. Ne míekpea ɖetsɔlemetɔwo kple ame bubu ɖe sia ɖe vaa kpekpe siawo la, míakpe ɖe wo ŋu woase Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme nyuie.
8 Wodzroa nyati vovovowo me le dutoƒonuƒoawo me. Nuƒoawo kuna ɖe Biblia ƒe nufiafiawo kple nyagblɔɖiwo ŋu, wodzroa Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo kple nuxlɔ̃ame siwo ku ɖe ƒomegbenɔnɔ, srɔ̃tɔwo dome nyawo kple kuxi siwo dzea ŋgɔ sɔhɛwo ŋu la me hekpe ɖe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋuti mɔfiamewo ŋu. Nuƒo aɖewo kuna ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu. Nuƒo bubuwo hã kuna ɖe kpɔɖeŋu nyui si ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ɖo ɖi le xɔse, dzinɔameƒo kple nuteƒewɔwɔ me ŋu, eye wohea míaƒe susu yia nufiame siwo le woƒe agbenɔnɔ me na mí egbea la dzi.
9 Be dutoƒonuƒoawo naɖe vi na mí bliboe la, ele vevie be míaɖo to nyuie, aʋu ŋɔŋlɔawo ahanɔ edzi kpɔm esime nuƒolaa le wo xlẽm hele wo me ɖem. (Luka 8:18) Ne míekpɔ kakaɖedzi le nu siwo me wodzro ŋu alea la, awɔe be míaɖoe kplikpaa alé nu siwo míesrɔ̃ la me ɖe asi ahawɔ wo dzi.—1 Tes. 5:21.
10 Ne nuƒolawo li sɔgbɔ la, ɖikeke mele eme o be hamea ase dutoƒonuƒo kwasiɖa sia kwasiɖa. Zi geɖe la, esia anya wɔ ne wokpea nuƒolawo tso hame siwo tsɔ ɖe wo gbɔ me. Ne nuƒolawo mede ha o la, wowɔa ɖoɖo be woase nuƒo siawo zi ale si wòanya wɔ.
11 Kwasiɖanuwuwu kpekpea ƒe akpa evelia nyea Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃, eye enyea nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro si me wodzroa Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na ƒe nusɔsrɔ̃nyatiwo me le. Yehowa toa Gbetakpɔxɔ magazine la dzi naa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.
12 Zi geɖe la, nusɔsrɔ̃nyatiawo kuna ɖe ale si míawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me ŋu. Wodoa ŋusẽ Kristotɔwo be woaƒo asa na ‘xexea ƒe gbɔgbɔ’ ahatsri agbenɔnɔ makɔmakɔwo. (1 Kor. 2:12) Gbetakpɔxɔ me nyatiwo nana Biblia ƒe nufiafiawo kple nyagblɔɖiwo me gakɔna ɖe edzi na mí nyuie, eye wokpena ɖe mí katã ŋu be míanya nyateƒea ƒe numekɔkɔ yeyewo ale be míayi edzi anɔ zɔzɔm le ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe. (Ps. 97:11; Lod. 4:18) Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a wɔƒe yiyi kple gomekpɔkpɔ le eme ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be dzi nadzɔ mí ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye si Yehowa ahe vɛ la ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu. (Rom. 12:12; 2 Pet. 3:13) Hadede kple mía nɔvi Kristotɔwo kpena ɖe mía ŋu be míaɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetse afia le míaƒe agbenɔnɔ me, eye wònana didi si le mía me be míasubɔ Yehowa dzonɔamemetɔe la gadzina ɖe edzi. (Gal. 5:22, 23) Edoa ŋusẽ mí be míado dzi le tetekpɔwo me eye míaɖo “gɔmeɖoanyi nyui na etsɔ si gbɔna,” ale be míaƒe “asi nasu agbe vavã la dzi.”—1 Tim. 6:19; 1 Pet. 1:6, 7.
13 Aleke míawɔ be gbɔgbɔmenuɖuɖu ƒe ɖoɖo sia naɖe vi na mí bliboe? Ele be míadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu do ŋgɔ, le mía ɖokui si loo alo abe ƒome ene, míaxlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ gake womeŋlɔ wo me nyawo o, eye míaɖo nya ŋu le míawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo me le kpekpea me. Esia ana nyateƒea nage ɖe míaƒe dzi me, eye aɖe vi na ame bubuwo hã ne wosee míeʋu míaƒe xɔse me alea. Ne míeléa to ɖe mía nɔviwo ƒe nyaŋuɖoɖowo ŋu nyuie la, ana nusɔsrɔ̃a naɖe vi na mí kwasiɖa sia kwasiɖa.
KWASIÐA DOMEDOME KPEKPE
14 Hamea kpena le Fiaɖuƒe Akpataa me kwasiɖa sia kwasiɖa hewɔa kpekpe si nye Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ. Kpekpe sia le akpa etɔ̃ me, eye wotrɔ asi le wo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu ‘míadze nyuie’ anye Mawu ƒe subɔlawo. (2 Kor. 3:5, 6) Ðoɖowɔɖia kple nyati siwo me wodzrona le kpekpe sia me la dzena le Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ la me ɣleti sia ɣleti. Kpɔɖeŋudzeɖonya siwo míazã le gbeƒãɖeɖedɔa me la dzena le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ la me.
15 Kpekpea ƒe akpa gbãtɔ si nye Nu Xɔasi Siwo Le Mawu Ƒe Nya La Me, akpe ɖe mía ŋu míanya nɔnɔme siwo me Biblia ƒe ŋutinyawo dzɔ le kple nyatakaka siwo do ƒome kpli wo hekpe ɖe nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me la ŋu. Kpekpe sia me dɔdeasiwo nye nuƒo, nuxexlẽ kple numedzodzro si wotu ɖe kwasiɖaa ƒe Biblia xexlẽa dzi. Nɔnɔmetatawo kple dɔwɔgbalẽ siwo akpe ɖe mía ŋu míaɖe nuŋlɔɖi siawo me nyuie la hã le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ la me. Biblia me dzodzro nyuie alea kpena ɖe mía ŋu le míawo ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ kple nufiafiadɔa siaa me, ale be ‘míadze bliboe, eye míanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’—2 Tim. 3:16, 17.
16 Wotrɔ asi le kpekpea ƒe akpa evelia, si nye, Na Wò Subɔsubɔdɔa Nanyo Ðe Edzi la ŋu ale gbegbe be, enaa mɔnukpɔkpɔ ame sia ame be wòasrɔ̃ ale si wòana eƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ŋutetewo naganyo ɖe edzi. Tsɔ kpe ɖe sukudɔdeasiwo ŋu la, wodzroa video siwo nye kpɔɖeŋudzeɖonyawo hã me. Kpekpea ƒe akpa sia kpena ɖe mía ŋu be “nusrɔ̃viwo ƒe aɖe” nasu mía si ale be ‘míanya nya si tututu míagblɔ na ame si ŋu ɖeɖi te.’—Yes. 50:4.
17 Akpa etɔ̃lia si nye, Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ la, kuna ɖe ale si míawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me ŋu. (Ps. 119:105) Kpekpea ƒe akpa sia ƒe wɔna vevi aɖee nye Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ la. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃a nyea nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro abe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ke ene.
18 Ɣleti sia ɣleti ne míexɔ Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ yeye la, hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla, alo hamemetsitsi bubu si le kpekpem ɖe eŋu la, toa eme nyuie hewɔa dɔdeasiawo ŋuti ɖoɖowɔɖi. Hamemetsitsi aɖe si nye nufiala bibi, si dzi hamemetsitsiwo ƒe haa da asi ɖo, la anye kpekpea ƒe zimenɔla kwasiɖa sia kwasiɖa. Eƒe dɔa bia be wòakpɔ egbɔ be kpekpea dze egɔme ɖe game dzi hewu enu ɖe game dzi eye wòakafu ame siwo wɔ sukudɔdeasiwo le kpekpea me la ahaɖo aɖaŋu na wo.
19 Ne míedzrana ɖo ɖe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea ŋu, dea kpekpe sia edziedzi hekpɔa gome le eme la, Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze sua mía si, míesea Biblia me gɔmeɖosewo gɔme, dzi ɖoa mía ƒo ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu, eye míebina ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. Hadede nyuiawo kple gbɔgbɔ me numedzodzro tuameɖoawo ɖea vi na ame siwo menye Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo haɖe o la hã. Nu siwo akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo ɖe kpekpe sia kple bubuawo ŋue nye Watchtower Library, JW Library®, Gbetakpɔxɔ INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑEA (ne wole mia degbe me) kple agbalẽdzraɖoƒe si le Fiaɖuƒe Akpataa me. Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ siwo nye Watch Tower Publications Index (Index des publications Watch Tower) alo Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo, Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo, mawunyakpukpuidigbalẽwo, nyagɔmeɖegbalẽ kple numekugbalẽ bubuwo hã nɔa agbalẽdzraɖoƒe si le Fiaɖuƒe Akpataa me. Ame sia ame ate ŋu awɔ agbalẽdzraɖoƒea ŋu dɔ do ŋgɔ na kpekpeawo alo le kpakpã vɔ megbe.
KPEKPE HENA GBEADZIYIYI
20 Gbeƒãɖelawo ƒoa ƒu kpuie le kwasiɖaa ƒe ɣeyiɣi vovovowo me kple kwasiɖanuwuwuwo hewɔa kpekpe hena gbeadziyiyi. Zi geɖe la, wowɔa kpekpe siawo le aƒewo me alo teƒe bubu siwo sɔ. Woate ŋu awɔ kpekpe siawo le Fiaɖuƒe Akpata me hã. Ne woma gbeƒãɖelawo ɖe ƒuƒoƒo suewo me hewɔa kpekpe hena gbeadziyiyi le anyigbamamaa ƒe teƒe vovovowo la, awɔe be kpekpea dede kple anyigbamamaa me yiyi nanɔ bɔbɔe na wo. Esia awɔe be woama gbeƒãɖelawo kaba eye woayi ɖe anyigbamamaa me enumake. Esia wɔnɛ hã be enɔa bɔbɔe na ƒuƒoƒodzikpɔlaa be wòalé ŋku ɖe ame siwo le eƒe dzikpɔkpɔ te la ŋu nyuie. Togbɔ be eɖea vi geɖe be woama gbeƒãɖelawo ɖe ƒuƒoƒo suewo me hã la, nɔnɔmeawo ate ŋu abia ɣeaɖewoɣi be woaƒo ƒuƒoƒo geɖe nu ƒu ɖekae. Le kpɔɖeŋu me, le kwasiɖa domedome esime gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo koe vaa kpekpe hena gbeadziyiyi la, ɖewohĩ anyo wu be ƒuƒoƒo aɖewo alo hame bliboa nava ƒo ƒu ɖekae le Fiaɖuƒe Akpataa me alo teƒe bubu si sɔ. Esia awɔe be gbeƒãɖelawo akpɔ ame aɖe azɔ kplii le gbeadzi. Ðewohĩ asɔ na hamea hã be woaƒo ƒu ɖekae le Fiaɖuƒe Akpataa me le dukɔwo ƒe ŋkekenyuiwo dzi. Alo woate ŋu atiae be hame bliboa nawɔ kpekpe hena gbeadziyiyi le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a megbe.
21 Ne ƒuƒoƒo ɖe sia ɖe kpe wotɔwotɔwoe la, ƒuƒoƒodzikpɔla ye kpɔa kpekpe hena gbeadziyiyi dzi. Ƒuƒoƒodzikpɔlaa ate ŋu abia tso ƒuƒoƒodzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ alo nɔviŋutsu bubu si dze la si be wòakpɔ kpekpea dzi. Ele be kpekpea dzi kplɔlaa nadzra ɖo adzro mɔfiame siwo dzi woazɔ ɖo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kpakple aɖaŋuɖoɖo bubu siwo aɖe vi la me. Awɔ gbeadziyiɖoɖowo, eye ƒuƒoƒoa me tɔ ɖeka ado gbe ɖa. Eyome, ƒuƒoƒoa adze mɔ enumake ayi ɖe anyigbamamaa me. Kpekpe siawo xɔa miniti atɔ̃ va ɖo adre, gake ne hamea ƒe kpekpe aɖe yomee woawɔe le la, ele be woanɔ kpuie wu. Ele be kpekpea nade dzi ƒo na ame siwo le gbeadzi yi ge gbe ma gbe, nufiame nanɔ eme, eye woanya mɔfiame si dzi woazɔ ɖo. Woate ŋu ama gbeƒãɖela yeyewo alo ame bubu siwo ahiã kpekpeɖeŋu la be woayi gbeadzi kple gbeƒãɖela bibiwo ale be woana hehe wo.
KPEKPEWO ŊUTI ÐOÐOWO HENA HAME YEYEWO ALO HAME SUEWO
22 Ne ame geɖe va le nusrɔ̃lawo zum la, hameawo ƒe xexlẽme hã dzina ɖe edzi. Zi geɖe la, nutome sue dzikpɔlae ɖoa mɔbiagbalẽ ɖa hebiana be woaɖo hame yeye. Ke hã le go aɖewo me la, ƒuƒoƒo suewo akpɔe be, ne yewowɔ ɖeka kple hame si tsɔ ɖe yewo gbɔ la, ade yewo dzi wu.
23 Ɣeaɖewoɣi la, nɔvinyɔnuwo ɖeɖe koe nɔa hame sue aɖewo me. Ne edzɔ alea la, nɔvinyɔnu si ado gbe ɖa le hamea me alo akpɔ kpekpeawo dzi la atsyɔ nu ta, alo abla ta, abe ale si Ŋɔŋlɔawo gblɔe ene. (1 Kor. 11:3-16) Zi geɖe la, enɔa anyinɔƒe dzea ŋgɔ ƒuƒoƒoa. Nɔvinyɔnuwo menɔa tsitrenu le hamea ŋgɔ fiaa nu le kpekpewo me o. Ke boŋ, woxlẽa nyati si tso habɔbɔa gbɔ heɖea eme le anyinɔƒe, alo, be wòaganye nu ɖeka tɔgbi wɔwɔ ɣesiaɣi o la, woate ŋu adzro eme le wo nɔewo dome alo awɔ eƒe wɔwɔfia. Alɔdzedɔwɔƒea abia tso nɔvinyɔnuawo dometɔ ɖeka si be wòakpɔ hamea kple alɔdzedɔwɔƒea dome kadodowo gbɔ eye wòakpɔ kpekpeawo wɔwɔ ƒe ɖoɖowo dzi. Ne nɔviŋutsuwo va dze emegbe woɖo wo subɔsubɔdɔwɔlawo alo hamemetsitsiwo la, woabia tso wo si be woakpɔ agbanɔamedzi siawo gbɔ.
NUTOME SUE TAKPEKPEWO
24 Ƒe sia ƒe la, wowɔa ɖoɖo na hame siwo le nutome sue ɖeka me be woaƒo ƒu ɖekae ahawɔ nutome sue takpekpe zi eve le ƒea me. Dzidzɔɣi siawo ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na vavalawo katã be ‘woaʋu woƒe dziwo me gbadzaa’ le hadede kple nɔvi Kristotɔwo me. (2 Kor. 6:11-13) Yehowa ƒe habɔbɔa trɔa asi le takpekpeawo ƒe tanyawo kpakple nuƒo vovovoawo ŋu be woawɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo ale be ɖoɖowɔɖia nakpɔ hiahiã aɖe koŋ gbɔ na Mawu ƒe amewo. Wozãa nufiafiamɔnu vovovowo, abe nuƒowo, numedzodzrowo, wɔwɔfiawo, nuteƒekpɔkpɔwo wɔwɔ fia, nuƒoƒonameɖokui ƒe wɔwɔfiawo kple gbebiamewo ene. Nufiame mawo siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la tua vavalawo katã ɖo. Mɔnukpɔkpɔ sua nusrɔ̃la yeyewo si le takpekpe siawo me be woaxɔ nyɔnyrɔ atsɔ aɖo kpe adzɔgbe si woɖe na Yehowa la dzi.
NUTOME GÃ TAKPEKPEWO
25 Takpekpe siwo galolo wu la yia edzi ƒe ɖeka zi ɖeka. Wonyea ŋkeke etɔ̃ nutome gã takpekpe siwo hame siwo tso nutome sue vovovowo me la va ƒoa ƒu wɔna. Alɔdzedɔwɔƒe suewo akpɔe be anyo ahade ame dzi wu ne hame siwo katã le alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamama me la ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka. Le dukɔ aɖewo me la, ale si wowɔa ɖoɖo ɖe takpekpe siawo ŋu la ate ŋu ato vovo le ale si nɔnɔmea le nu, alo le mɔfiame si woxɔ tso habɔbɔa gbɔ nu. Ɣeaɖewoɣi la, wowɔa ɖoɖo ɖe dukɔwo dome takpekpewo alo takpekpe gã tɔxɛwo ŋu le dukɔ aɖewo me, eye Ðasefo akpe geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me tea ŋu dea takpekpe siawo. Ƒe geɖewoe nye esia la, ame geɖe va se Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le ale si wodo boblo Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gã siawoe ta.
26 Takpekpe gãwo nyea dzidzɔɣi siwo me Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo subɔnɛ le le ɖekawɔwɔ me. Wonyea ɣeyiɣi siwo me nyateƒea ƒe numekɔkɔ yeyewo sua mía si. Woɖea agbalẽ yeye siwo míasrɔ̃ le mía ɖokui si kple le hamea me alo esiwo míazã le gbeƒãɖeɖedɔa me la ɖe go le takpekpe gã aɖewo me. Wowɔa ɖoɖo be nusrɔ̃la yeyewo naxɔ nyɔnyrɔ le takpekpe gãwo hã me. Takpekpe gãwo kpena ɖe mía ŋu míetsina le gbɔgbɔ me. Takpekpe gãwo ɖoa kpe edzi vavã be Yehowa ƒe amewo nye Kristotɔ ɖeadzɔgbe siwo nye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ si ŋu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzesia le.—Yoh. 13:35.
27 Hamea ƒe kpekpe si Yehowa ƒe amewo wɔna le míaƒe nutoa me kple takpekpe sue kpakple takpekpe gãwo dede doa ŋusẽ mí hena Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Wokpɔa mía ta tsoa xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe xɔse me la hã si me. Kpekpe siawo katã hea ŋutikɔkɔe kple kafukafu vanɛ na Yehowa. (Ps. 35:18; Lod. 14:28) Ele be míada akpe na Yehowa be ewɔ ɖoɖo ɖe kpekpe siawo ŋu na esubɔla ɖeadzɔgbewo be woakpɔ gbɔgbɔmedzidzeme le nuwuɣi sia me.
AƑETƆ ƑE FIẼNUÐUÐU LA
28 Zi ɖeka le ƒea me la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le xexea me godoo la wɔa Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia, alo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la, le eƒe kuzã dzi. (1 Kor. 11:20, 23, 24) Esiae nye Yehowa ƒe amewo ƒe kpekpe vevitɔ kekeake le ƒea me. Wode se na mí eme kɔ nyuie be míawɔ Ŋkuɖodzia.—Luka 22:19.
29 Ŋutitotoŋkekenyui, si nye azã si woyɔ le Ŋɔŋlɔawo me tẽe, la ƒe ɣletiŋkekea tututue nye Ŋkuɖodziŋkekea. (2 Mose 12:2, 6; Mat. 26:17, 20, 26) Ŋutitotoŋkekenyuia nye ƒezã si Israel-viwo ɖuna tsɔ ɖoa ŋku woƒe Ʋuʋu tso Egipte le ƒe 1513 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la dzi. Ɣemaɣi la, Yehowa tia woƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke 14 lia be eya dzie woaɖu Ŋutitotolẽvi la le ahado le kluvinyenye me le Egipte. (2 Mose 12:1-51) Be woanya ɣletiŋkeke si dzi azãa adze la, woxlẽa ŋkeke 13 tso dzinu yeye si wokpɔ le Yerusalem, si gogo adame wu, le ɣeyiɣi si me ŋkeke kple zã ƒe didime sɔna, la dzi. Ŋkuɖodzia dzea ŋkeke si dzinua sɔ tegblẽe zi gbãtɔ, le adame ƒe ɣeyiɣi si me ŋkeke kple zã ƒe didime sɔna, la dzi.
30 Nya si Yesu ŋutɔ gblɔ le ale si woawɔ Ŋkuɖodziae ŋu la dze le Mateo 26:26-28. Menye kɔnu si me vivimenuwɔnawo yia edzi le ye wònye o, ke boŋ enye nuɖuɖu si ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo ƒe hadomenyilawo le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me la ɖuna; eye kpɔɖeŋunue nuɖuɖua nye. (Luka 22:28-30) Wodea dzi ƒo na Kristotɔ ɖeadzɔgbe bubuwo katã kple ɖetsɔlemetɔwo be woayi Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuƒe aɖakpɔ eteƒe. Wotoa woƒe afi ma yiyi me ɖenɛ fiana be yewokpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo si Yehowa Mawu wɔ to Via, Yesu Kristo, dzi be wòaɖe vi na ameƒomea katã la ŋu. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Ŋkuɖodziŋkekea la, woƒoa dutoƒonuƒo tɔxɛ aɖe si ŋu wotrɔ asi le be wòana amewo nanɔ mɔ kpɔm na wɔna sia vevie eye wòade dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔwo be woalɔ̃ míasrɔ̃ Biblia kpli wo.
31 Edzɔa dzi na mí, Yehowa Ðasefowo, be míaƒo ƒu ɖekae le kpekpewo me, be “míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ,” eye míekpɔa mɔ na kpekpe siawo vevie. (Heb. 10:24) Kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la nɔa ŋudzɔ hewɔa ɖoɖo ɖe kpekpe siawo ŋu be woakpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na mí. Wole dzi dem ƒo na Yehowa subɔlawo katã kple ɖetsɔlemetɔwo siaa be woanɔ kpekpeawo dem edziedzi ale be woaɖe vi na wo bliboe. Esi Mawu ƒe amewo kpɔa ŋudzedze ɖe ɖoɖo siwo Yehowa wɔ to eƒe habɔbɔa dzi la ŋu tso dzi blibo me ta la, enana wowɔa ɖeka henɔa wo nɔewo ŋu kplikplikpli. Gawu la, enana míetsɔa ŋutikɔkɔe nana Yehowa hekafunɛ.—Ps. 111:1.