-
Nu Ka Tae Wòle Be Nàxlẽ Biblia?Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2017 | No. 1
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀWƆ BIBLIA XEXLẼ NAÐE VI GEÐE NA WÒ
Nu Ka Tae Wòle Be Nàxlẽ Biblia?
“Mesusu be asesẽ ŋutɔ be woase Biblia me nyawo gɔme.”—Jovy
“Mesusu be Biblia xexlẽ mavivi nunye o.”—Queennie
“Ne mekpɔ ale si gbegbe Biblia loloe la, medzroam gɔ̃ hã be maxlẽe o.”—Ezekiel
Ðe nède ŋugble le Biblia xexlẽ ŋu kpɔ gake èse le ɖokuiwò me abe ame siwo ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ enea? Ame geɖe bua Biblia xexlẽ be enye dɔ sesẽ aɖe. Ke ne èva de dzesii be Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò agbea navivi nuwò eye nuwo nadze edzi na wò ya ɖe? Eye ne èva de dzesii be mɔ vovovowo li si dzi nàto axlẽ Biblia wòavivi nuwò ɖe? Àlɔ̃ be yeade ŋugble le Biblia me nyawo ŋua?
Na míade ŋugble le ame aɖewo siwo kpɔe be Biblia xexlẽ ɖe vi na yewo esi wodze exexlẽ gɔme dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.
Ezekiel si xɔ ƒe 20 gblɔ be: “Tsã la, menɔ abe ame aɖe si le ʋu kum gake menya afi si yim wòle o la ene. Gake Biblia xexlẽ kpe ɖe ŋunye be taɖodzinu va le nye agbe ŋu. Aɖaŋuɖoɖo siwo mate ŋu azã gbe sia gbe la le eme.”
Frieda si hã xɔ ƒe 20 gblɔ be: “Tsã la, nyemegbɔa dzi ɖi o. Gake Biblia xexlẽ kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu. Esia na wòle bɔbɔe na amewo be woate ɖe ŋunye, eya ta xɔlɔ̃ geɖe le asinye fifia.”
Eunice si xɔ ƒe 50 gblɔ le Biblia ŋu be: “Biblia xexlẽ le kpekpem ɖe ŋunye be meva zu ame ɖɔʋu wu tsã, eye meɖe asi le agbenɔnɔ manyomanyowo ŋu.”
Abe ale si ame siawo kple ame miliɔn geɖe de dzesii ene la, Biblia xexlẽ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe si me dzidzeme le. (Yesaya 48:17, 18) Nu siwo me Biblia xexlẽ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le dometɔ aɖewoe nye (1) Akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie le nuwo ŋu, (2) àdze xɔlɔ̃ vavãwo, (3) ànɔ te ɖe nuteɖeamedziwo nu, eye (4) esi ƒo wo katã tae nye be àsrɔ̃ Mawu ŋuti nyateƒea. Mawu gbɔe Biblia me ɖaŋuɖoɖowo tso eya ta emenyawo dzi wɔwɔ magblẽ nu le ŋuwò gbeɖe o. Mawu meɖoa aɖaŋu gbegblẽ gbeɖegbeɖe o.
Nu si le vevie koe nye be nàdze exexlẽ gɔme. Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdze exexlẽ gɔme wòanɔ bɔbɔe eye wòavivi nuwò?
-
-
Aleke Mawɔ Adze Egɔme?Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2017 | No. 1
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀWƆ BIBLIA XEXLẼ NAÐE VI GEÐE NA WÒ
Aleke Mawɔ Adze Egɔme?
Nu kawoe akpe ɖe ŋuwò be nàdze Biblia xexlẽ gɔme wòanɔ bɔbɔe eye wòavivi nuwò? Na míalé ŋku ɖe mɔ atɔ̃ aɖewo siwo kpe ɖe ame geɖe ŋu la ŋu.
Di teƒe si sɔ. Dze agbagba nàdi teƒe si ɖoɖoezizi le. Tsɔ susu ɖo nu si xlẽm nèle la ŋu, mègana naneke nanɔ wò susu hem o. Xlẽe le afi si nàte ŋu akpɔ nu nyuie le eye meganɔ teƒe si dzoxɔxɔ le o ale be nua xexlẽ naɖe vi na wò.
Tsɔ susu nyui xlẽe. Esi wònye be mía Fofo si le dziƒo gbɔe Biblia tso ta la, exexlẽ aɖe vi na wò wu ne èle abe ɖevi si di be yeasrɔ̃ nu tso ye dzilawo gbɔ ene. Ne susu manyomanyo aɖe le asiwò ɖe Biblia ŋu xoxo la, ke dze agbagba naɖe wo le susu me ale be Mawu nate ŋu afia nu wò.—Psalmo 25:4.
Do gbe ɖa hafi nàxlẽ Biblia. Mawu ƒe susuwoe le Biblia me eya ta mewɔ nuku o be eyae wòle be wòakpe ɖe mía ŋu míase emenyawo gɔme. Mawu do ŋugbe be: ‘yeana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la.’ (Luka 11:13) Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse ale si Mawu bua nuwo ŋui la gɔme. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, aʋu wò susu be nàse “Mawu ƒe nu goglowo ke hã me.”—1 Korintotɔwo 2:10.
Dze agbagba nàse nu si xlẽm nèle la gɔme. Mèganɔ du dzi le exexlẽ me o. De ŋugble le nu si xlẽm nèle la ŋu vevie. Bia nya siawo ɖokuiwò: ‘Nɔnɔme kawoe le ame si ƒe ŋutinya xlẽm mele la si? Aleke mate ŋu awɔ nu sia ŋu dɔ le nye agbe me?’
Ðo taɖodzinu aɖewo koŋ. Be Biblia xexlẽ naɖe vi na wò la, dze agbagba nàsrɔ̃ nane si akpe ɖe ŋuwò. Àte ŋu aɖo taɖodzinu siawo: ‘Medi be masrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ŋu.’ ‘Medi be mazu ame ɖɔʋu, srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nyui.’ Emegbe xlẽ Biblia ƒe akpa siwo akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò taɖodzinuawo gbɔ.a
Mɔ atɔ̃ siawo akpe ɖe ŋuwò nàdze egɔme. Gake nu kae nàwɔ be Biblia xexlẽ navivi nuwò geɖe wu? Nyati si kplɔ esia ɖo afia nu siwo nàwɔ la wò.
a Ne mènya Biblia ƒe akpa si tututu nàxlẽ o la, adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.
-
-
Nu Kae Nàwɔ Be Biblia Xexlẽ Navivi Nuwò?Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2017 | No. 1
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀWƆ BIBLIA XEXLẼ NAÐE VI GEÐE NA WÒ
Nu Kae Nàwɔ Be Biblia Xexlẽ Navivi Nuwò?
Ðe Biblia xexlẽ tia wòa? Alo evivia nuwò? Aleke wòle le gowòme? Gbɔwòe wòatso be exexlẽ navivi nuwò alo mavivi nuwò o. Na míakpɔ nu si nàte ŋu awɔ be Biblia xexlẽ navivi nuwò ɖe edzi la ɖa.
Tia esi gɔme sese le bɔbɔe si dzi woate ŋu aka ɖo. Ne èle agbalẽ aɖe si me nyawo tsi eye wo gɔme sese sesẽ xlẽm la, nuxexlẽa mavivi nuwò o. Eya ta di Biblia si me nyawo le bɔbɔe si awɔ dɔ ɖe dziwò. Azɔ hã ele be wòanye esi me nyawo de pɛpɛpɛ.a
Wɔ mɔ̃ɖaŋunu yeye aɖe ŋu dɔ. Egbea Biblia le internet dzi woate ŋu awɔ eƒe kɔpi ɖe mɔ̃ dzi azã. Woate ŋu axlẽ Biblia le internet dzi alo awɔ eƒe kɔpi ɖe kɔmpiuta, tablɛt alo fon dzi. Le Biblia aɖewo gome la, dɔwɔnu siwo akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu axlẽ kpukpui bubuwo le Biblia bubuwo me alo atsɔ Biblia vovovowo asɔ kple wo nɔewo gɔ̃ hã le wo me. Ne Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi sesee dzɔa dzi na wò la, ke esi wolé ɖe mɔ̃ dzi li nàte ŋu azã. Edzɔa dzi na ame geɖewo be yewoanɔ Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la ƒom ne wole ʋu me, le nu nyam alo le nu bubu aɖe si aɖe mɔ na wo be woaɖo to la wɔm. Ðe nàte ŋu atia mɔnu si asɔ na wòa?
Zã nu siwo akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia gɔme. Nanewo li siwo akpe ɖe ŋuwò be Biblia xexlẽ naɖe vi na wò geɖe wu. Anyigba siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ƒe tatawo li siwo akpe ɖe ŋuwò be nànya teƒe siwo woyɔ ahakpɔ nudzɔdzɔawo le susu me ne èle Biblia xlẽm. Nyatiwo abe esiwo le magazine sia me alo esiwo le “Biblia Ƒe Nufiafiawo” te le jw.org la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàsẽ Biblia ƒe akpa vovovowo gɔme.
Trɔ asi le ale si nèxlẽnɛ la ŋu. Ne edze abe Biblia xexlẽ tso eƒe gɔmedzedze yi eƒe nuwuwu asesẽ na wò la, ke dze exexlẽ tso teƒe siwo vivia nuwò be wòanya axlẽ na wò. Ne èdi be yeanya nu tso ame xɔŋkɔ aɖewo ŋu le Biblia me la, àte ŋu atia wo dometɔ aɖe koŋ axlẽ nu tso eŋu. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le aɖaka si le nyati sia me si ƒe tanyae nye “Ku Biblia Me Ne Nànya Ame Siwo Ŋu Wòƒo Nu Tsoe” la me. Alo àdi be yeaxlẽ nu tso tanya aɖe koŋ ŋu alo axlẽ nu tso ɖoɖo siwo nu nuwo dzɔ ɖo le Biblia me la ŋu. Anyo be nàte mɔnu siawo dometɔ ɖeka kpɔ.
a Ame geɖe kpɔe be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la me nyawo de pɛpɛpɛ, woate ŋu aka ɖe edzi eye exexlẽ le bɔbɔe hã. Biblia sia si Yehowa Ðasefowo ta la le gbegbɔgblɔ siwo wu 130 me. Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le jw.org/ee alo awɔ JW Library dɔwɔnua ƒe kɔpi. Alo ne èlɔ̃ la, Yehowa Ðasefowo ate ŋu atsɔ Biblia avɛ na wò le aƒe me.
-
-
Aleke Biblia Ate Ŋu Ana Nye Agbe Nanyo Ðe Edzi?Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2017 | No. 1
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀWƆ BIBLIA XEXLẼ NAÐE VI GEÐE NA WÒ
Aleke Biblia Ate Ŋu Ana Nye Agbe Nanyo Ðe Edzi?
Menye agbalẽ dzro aɖe koe Biblia nye o. Aɖaŋuɖoɖo siwo tso mía Wɔlaa gbɔ lae le eme. (2 Timoteo 3:16) Emenyawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi ŋutɔ. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.” (Hebritɔwo 4:12) Ŋusẽ le eŋu be wòana míaƒe agbe nanyo ɖe edzi le mɔ vevi eve nu—Enaa mɔfiame si nu míanɔ agbe ɖo fifia la mí gbe sia gbe eye wòkpena ɖe mía ŋu be míadze si Mawu ahanya ŋugbe siwo wòdo.—1 Timoteo 4:8; Yakobo 4:8.
Ana míaƒe agbe nanyo fifia. Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ. Efia nu siwo míawɔ le kpɔɖeŋu siwo gbɔna me
Efia ale si míanɔ anyi kple amewo nyuie la mí.—Efesotɔwo 4:31, 32; 5:22, 25, 28, 33.
Efia mí be míaganɔ dziku dom o ale be míanɔ lãmesẽ me.— Psalmo 37:8; Lododowo 17:22.
Efia agbe nyui nɔnɔ mí.—1 Korintotɔwo 6:9, 10.
Efia nu si míawɔ be ganyawo naka ɖe eme na mí la mí.—Lododowo 10:4; 28:19; Efesotɔwo 4:28.a
Atsu kple asi aɖewo siwo le Asia kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me ɖaŋuɖoɖowo ŋu ŋutɔ. Abe srɔ̃tɔ yeye geɖewo ene la, esesẽ na woawo hã be woatrɔ ɖe wo nɔewo ƒe nɔnɔmewo ŋu eye dzeɖoɖo hã zu avu kple kɔ na wo. Gake wotsɔ nu siwo woxlẽ le Biblia me de dɔwɔwɔ me. Ke nu kae do tso eme? Vicent si nye srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Nu si mexlẽ le Biblia me kpe ɖe ŋunye mekpe akɔ kple kuxiwo le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me le lɔlɔ̃ me. Biblia me nyawo dzi wɔwɔ na nye kple srɔ̃nye míele dzidzɔ kpɔm.” Annalou si nye srɔ̃nyɔnua hã gblɔ be: “Biblia me kpɔɖeŋuwo xexlẽ kpe ɖe mía ŋu. Dzi le dzɔyem fifia eye nye dzi dze eme le taɖodzinu siwo le mía si la ta.”
Míeva dze si Mawu nyuie wu. Vicent gblɔ kpe ɖe nya siwo wògblɔ tso woƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu hã be: “Biblia xexlẽ na be mete ɖe Yehowa ŋu wu tsã.” Vicent ƒe nyawo ɖo kpe nu vevi aɖe dzi be Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze si Mawu. Menye ɖeko esia ana Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo naɖe vi na wò o, ke boŋ àkpɔ nu si akpe ɖe ŋuwò nàdze xɔ̃ Mawu. Eye àkpɔe hã be Mawu ƒo nu tso nu nyui siwo le mía lalam le etsɔme, esime míase vivi na “agbe vavã la,” si anɔ anyi ɖaa la ŋu. (1 Timoteo 6:19) Màkpɔ nu siawo le agbalẽ bubu aɖeke me o.
Ne èdze Biblia xexlẽ gɔme heyi edzi la, nu siawo aɖe vi na wò hã, ana wò agbe nanyo ɖe edzi fifia eye ànya Mawu nyuie. Ke hã ne èle Biblia xlẽm la, ɖewohĩ biabia geɖewo ava susu me na wò. Ne edzɔ alea la, ke ɖo ŋku Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe si nɔ anyi ƒe 2,000 ye nye esi va yi la dzi. Biabia gbogbo aɖewo nɔ esi ku ɖe Biblia me nya aɖewo ŋu. Esi wobiae be ese nu si xlẽm wònɔ la gɔme hã la, eɖo eŋu be: “Aleke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke mefiam o?”b Elɔ̃ enumake xɔ kpekpeɖeŋu tso Filipo, Biblia fiala bibi aɖe si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ɖeka la gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 8:30, 31, 34) Ne wò hã èdi be yeanya nu geɖe le Biblia me la, ekema míele kpewòm be nàŋlɔe aɖo ɖa to internet dzi le www.pr2711.com alo nazã teƒe si te ɖe ŋuwò ƒe adrɛs si le magazine sia me. Àte ŋu ate ɖe Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ la ŋu alo nàyi Fiaɖuƒe Akpata si le wò nutoa me la me. Anyo be nàdze Biblia xexlẽ gɔme enumake, eye nàna wòafia mɔ wò be wò agbe nanyo ɖe edzi.
Ne mèka ɖe edzi tututu be Biblia me nyawo nye nyateƒe o la, ke kpɔ video kpui si nye Aleke Míawɔ Aka Ðe Edzi Be Biblia Me Nyawo Nye Nyateƒe? Àte ŋu ayi jw.org/ee eye nàʋu AGBALẼWO > VIDEOWO > BIBLIA
a Ne èdi Biblia me mɔfiame bubuwo la, yi míaƒe nyatakakadiƒe si nye jw.org/ee. Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO.
b Xlẽ nyati si ƒe tanyae nye “Ðe Wòle Vevie Be Míase Nu Si Tututu Gblɔm Biblia Le Gɔmea?” hã.
-