INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nu Si Ta Wòsesẽna Na Ame Aɖewo Be Woalɔ̃ Mawu
    Gbetakpɔxɔ—2013 | November 1
    • NYATI SI LE AKPAA DZI | ALAKPANYA SIWO NA AME AÐEWO MELƆ̃ MAWU O

      Nu Si Ta Wòsesẽna Na Ame Aɖewo Be Woalɔ̃ Mawu

      “‘Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.’ Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ.”—Yesu Kristo, ƒe 33 M.Ŋ.a

      Esesẽna na ame aɖewo be woalɔ̃ Mawu, elabena wobuna be womate ŋu ase ame si ƒomevi wònye la gɔme o. Wosusu be melɔ̃ yewo o, alo kura gɔ̃ hã be eƒe tame sẽ. Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ:

      • “Medo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, mese le ɖokuinye me be ele adzɔge ʋĩi tso gbɔnye, eye nyemate ŋu ate ɖe eŋu o. Nye ya nyemebui be Mawu nye ame si tsɔ ɖe le eme na ame o.”​—Marco, Italy.

      • “Togbɔ be medi vevie be masubɔ Mawu hã la, ewɔ nam be ele adzɔge ʋĩi akpa. Mebui be enye Mawu si ƒe nya me sẽ eye ɖeko wòdina be yeahe to na mí. Nyemexɔe se be esea veve ɖe ame nu o.”​—Rosa, Guatemala.

      • “Esi menye ɖevi la, mexɔe se be vodadawo koe Mawu dina le mía ŋu kple susu be yeahe to na mí ne míewɔ nu vɔ̃. Emegbe meva susui be metsɔ ɖeke le eme na mí o. Mesusui be Mawu le abe dudɔnunɔlawo ƒe tatɔ si kpɔa dukɔ si nu wòle la ƒe nyawo gbɔ gake metsɔ ɖeke kura le eme na dukɔmeviwo o ene.”​—Raymonde, Canada.

      Nu kae nye wò susu? Ðe manya wɔ be míalɔ̃ Mawu oa? Kristotɔ aɖewo bia nya ma ƒe alafa geɖe. Le nyateƒe me la, le Titinaɣeyiɣiwo (ƒe 500-1500 Mía Ŋɔli) me la, Kristodukɔa me tɔ akpa gãtɔ medoa gbe ɖa na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la gɔ̃ hã o. Nu ka tae? Nu si tae ye nye be wovɔ̃na nɛ. Ŋutinyaŋlɔla Will Durant ɖe eme ale: “Aleke nu vɔ̃ wɔla tsɛ ado dzi ado gbe ɖa na fia si wovɔ̃na na si melɔ̃a ame kura o la?”

      Aleke wòdzɔe be amewo va ‘vɔ̃na na’ Mawu alea eye wobunɛ be “melɔ̃a ame kura o”? Nu ka tututue Biblia fia tso Mawu ŋu? Ðe nyateƒea nyanya tso Mawu ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàlɔ̃ea?

      a Mateo 22:37, 38.

  • Alakpanya Gbãtɔ: Wobe Ŋkɔ Mele Mawu Si O
    Gbetakpɔxɔ—2013 | November 1
    • NYATI SI LE AKPAA DZI | ALAKPANYA SIWO NA AME AÐEWO MELƆ̃ MAWU O

      Alakpanya Gbãtɔ: Wobe Ŋkɔ Mele Mawu Si O

      NU SI AME GEÐE XƆ SE

      Nufialagã aɖe gblɔ be: “Mí katã míeda asi ɖe edzi haɖe nenye be ŋkɔ ‘aɖe’ le Mawu si o, ne ŋkɔ le esi gɔ̃ hãe nye ema.”​—Nufialagã David Cunningham, Theological Studies.

      NYATEƑEA SI LE BIBLIA ME

      Mawu gblɔ be: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee.” (Yesaya 42:8) Yehowa nye Hebrigbe me ŋkɔ si gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.”​—1 Mose 2:4.

      Yehowa di be míazã yeƒe ŋkɔa. Biblia gblɔ be: “Miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome, miɖe gbeƒãe be, eƒe ŋkɔ de dzi.”​—Yesaya 12:4.

      Yesu zã Mawu ƒe ŋkɔa. Yesu gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be: ‘Mena nye nusrɔ̃lawo nya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae.’ Nu ka tae Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo nya Mawu ƒe ŋkɔa ɖo? Egblɔ yi edzi be: ‘Ale be lɔlɔ̃ si wò [Mawu] nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye manɔ ɖekawɔwɔ me kpli wo.’​—Yohanes 17:26.

      NU KA TAE NYA SIA LE VEVIE?

      Mawunyaŋutinunyala Walter Lowrie gblɔ be: “Ne ame aɖe menya Mawu ƒe ŋkɔ o la, ke menya ame si wònye ŋutɔŋutɔ o, eye ne eƒe susue nye be ŋusẽ dzro aɖe koe Mawu nye la, ke mate ŋu alɔ̃e o.”

      Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Victor la dea sɔleme kwasiɖa sia kwasiɖa, gake ese le eɖokui me be yemenya Mawu nyuie o. Egblɔ be: “Esi meva nyae be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa la, ɖeko wòwɔ nam abe fifia hafi woɖee fiam ene. Mese le ɖokuinye me be meva dze si Ame si ŋu mese nya geɖe tsoe la azɔ. Meva kpɔe be enye Ame ŋutɔŋutɔ si mate ŋu adze xɔlɔ̃.”

      Yehowa hã tena ɖe ame siwo zãa eƒe ŋkɔa la ŋu. Mawu do ŋugbe na “ame siwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu” be: “Makpɔ wo ta, abe ale si ŋutsu kpɔa via, si subɔnɛ ta ene.” (Maleaxi 3:16, 17) Mawu yraa ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ la. Biblia gblɔ be: “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.”​—Romatɔwo 10:13.

  • Alakpanya Evelia: Wobe Enye Amlima Mawu
    Gbetakpɔxɔ—2013 | November 1
    • NYATI SI LE AKPAA DZI | ALAKPANYA SIWO NA AME AÐEWO MELƆ̃ MAWU O

      Alakpanya Evelia: Wobe Enye Amlima Mawu

      NU SI AME GEÐE XƆ SE

      Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Kristotɔwo ƒe ha “vevi etɔ̃awo, siwo nye Roma Katoliko, Ɣedzeƒe Orthodɔks kple Protestant-ha siaa xɔe se be Mawu nye Ame etɔ̃ ƒokpli: Mawu Fofo la, Mawu Vi la, kple Mawu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Le Kristotɔwo ƒe nufiafia nu la, dzixɔse sia mefia be wonye mawu vovovo etɔ̃ o, ke boŋ efia be ame etɔ̃awo katã le ɖeka.”​—The New Encyclopædia Britannica.

      NYATEƑEA SI LE BIBLIA ME

      Yesu, si nye Mawu ƒe Vi la, megblɔ kpɔ be yele tasɔsɔ me kple ye Fofo alo be ye kee ganye Fofo la o. Ke boŋ egblɔ be: “Meyina Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum.” (Yohanes 14:28) Azɔ hã, egblɔ na eyomedzelawo dometɔ ɖeka be: “Meyina Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu, la gbɔ.”​—Yohanes 20:17.

      Menye amee gbɔgbɔ kɔkɔe la nye o. “Gbɔgbɔ kɔkɔe” la ‘yɔ Kristotɔ gbãtɔwo taŋ,’ azɔ hã Yehowa gblɔ be: “Matrɔ nye gbɔgbɔ la ƒe ɖe akɔ ɖe ŋutilã ɖe sia ɖe ƒomevi dzi.” (Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 17) Eya ta gbɔgbɔ kɔkɔea menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe wònye.

      NU KA TAE NYA SIA LE VEVIE?

      Katolikotɔwo ƒe agbalẽnyala siwo nye Karl Rahner kple Herbert Vorgrimler gblɔ be: “Womate ŋu ase [Mawuɖekaetɔ̃ la] gɔme ne womexɔ ɖeɖefia o, eye le ɖeɖefia vɔ megbe gɔ̃ hã la, womate ŋu ase egɔme bliboe o.” Ðe nàte ŋu alɔ̃ ame aɖe si màte ŋu anya alo ase ale si wòle gɔme o la vavã? Esia fia be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa menana amewo dzea si Mawu nyuie helɔ̃nɛ o.

      Marco, si ŋu nya míegblɔ va yi la kpɔe be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia lae na yemenya Mawu nyuie o. Egblɔ be: “Mesusui be Mawu nɔ ame si wònye la ɣlam ɖem, eye ɖeko esia na megasusui be Mawu le adzɔge ʋĩi eye be enye amlima Mawu si ŋu womate ŋu ate ɖo o.” Ke hã Biblia gblɔ be: “Mawu menye tɔtɔ ƒe Mawu o.” (1 Korintotɔwo 14:33, American Standard Version) Meɣla ame si wònye la ɖe mí o. Edi be míanya ye. Yesu gblɔ be: “Míedea ta agu na nu si míenya.”​—Yohanes 4:22.

      Marco gblɔ be: “Esi meva se egɔme be menye Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nye o la, esia wɔe be mete ŋu va te ɖe eŋu kplikplikpli mlɔeba.” Ne míebu Yehowa be enye Ame ŋutɔŋutɔ ke menye amlima Mawu o la, ke anɔ bɔbɔe na mí be míalɔ̃e. Biblia gblɔ be: “Ame si melɔ̃a ame o la medze si Mawu o, elabena Mawu nye lɔlɔ̃.”​—1 Yohanes 4:8.

  • Alakpanya Etɔ̃lia: Wobe Mawu Ƒe Tame Sẽ
    Gbetakpɔxɔ—2013 | November 1
    • NYATI SI LE AKPAA DZI | ALAKPANYA SIWO NA AME AÐEWO MELƆ̃ MAWU O

      Alakpanya Etɔ̃lia: Wobe Mawu Ƒe Tame Sẽ

      NU SI AME GEÐE XƆ SE

      Katolikoha ƒe katekismo gblɔ be: “Ne ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo nya ku teti ko la, woƒe luʋɔwo ɖoa ta dzo mavɔ me, afi si wokpea ‘dzo mavɔ’ ƒe fu le tegbee.” (Catechism of the Catholic Church) Subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔna be dzo mavɔ ƒe tohehea nye kaklãɖa tso Mawu gbɔ keŋkeŋ tegbee.

      NYATEƑEA SI LE BIBLIA ME

      Biblia gblɔ be: “Luʋɔ, si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.” (Xezekiel 18:4) Kukuawo “menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Ne luʋɔ la kuna eye meganyaa naneke o la, ke aleke wòate ŋu akpe “dzo mavɔ” ƒe fu alo ase veve gɔ̃ hã be ye kple Mawu dome klã tegbee?

      Le Biblia me la, nu si Helagbe me nya Geʹen·na, si gɔme woɖena zi geɖe be “dzomavɔʋe” le Eʋegbe Bibliawo me, fia ŋutɔŋutɔe nye tsɔtsrɔ̃ ɖikaa si ŋu tsitretsitsimɔkpɔkpɔ mele o, ke menye funyafunyawɔwɔ ame le dzo me tegbee o. (Mateo 5:29) Biblia ƒo nu tso ‘dzo kple dzokpeta’ hã ŋu. (Nyaɖeɖefia 20:10) Gake Biblia ŋutɔ ɖe eme esi wògblɔ be: ‘Dzota sia tsi tsitre ɖi na ku evelia.’ (Nyaɖeɖefia 20:14; 21:8) Eya ta menye teƒe aɖe si dzo ŋutɔŋutɔ le bibim lee wònye o. Be woawɔ ‘fu ame tegbee’ le dzota la me fia “ku evelia” si ŋu tsitretsitsimɔkpɔkpɔ mele o.

      NU KA TAE NYA SIA LE VEVIE?

      Nufiafia si nye be Mawu wɔa fu amewo la menana míelɔ̃a Mawu o; esia tea mí ɖa le eŋu boŋ. Rocío, si nye nyɔnu aɖe si le Mexico la gblɔ be: “Tso nye ɖevime kee wofia num tso dzo mavɔ ŋu. Esia na vɔvɔ̃ ɖom ale gbegbe be esesẽ nam be maxɔe ase be nɔnɔme nyuiwo le Mawu si. Mesusui be enye dzikume eye mekpɔa nublanui na ame o.”

      Nya si Biblia gblɔ tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo kpakple nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu, si me kɔ nyuie la, wɔe be ale si Rocío bua Mawui la trɔ. Egblɔ be: “Mevo azɔ​—ɖeko wòle abe ɖe wokɔ agba kpekpe aɖe ɖa le dzinye ene. Meva ka ɖe edzi be Mawu dia míaƒe nyonyo, elɔ̃ mí, eye nye hã mate ŋu alɔ̃e. Ele abe vifofo si lé viawo ƒe alɔnu eye wòdia nyui na wo ene.”​—Yesaya 41:13.

      Ame geɖe dzea agbagba be yewoasubɔ Mawu le esi wole vɔvɔ̃m be yewoava yi dzo mavɔ me le ku megbe ta, gake Mawu medi be nàsubɔ ye le esi nèle vɔvɔ̃m na ye ta o. Yesu gblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu.” (Marko 12:29, 30) Gakpe ɖe eŋu la, ne míede dzesii be Mawu mewɔa nu madzɔmadzɔ o la, ekema míate ŋu aka ɖe edzi be adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le etsɔme hã. Míawo hã míate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi abe Hiob xɔlɔ̃ Elihu ene be: “Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ.”​—Hiob 34:10.

  • Nyateƒe La Ana Ablɔɖe Wò
    Gbetakpɔxɔ—2013 | November 1
    • NYATI SI LE AKPAA DZI | ALAKPANYA SIWO NA AME AÐEWO MELƆ̃ MAWU O

      Nyateƒe La Ana Ablɔɖe Wò

      Gbe ɖeka Yesu nɔ nu fiam le Yerusalem tso Fofoa, Yehowa, ŋu henɔ nu klom le subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eŋɔli la ƒe alakpanuwɔwɔ dzi. (Yohanes 8:12-30) Nya si wògblɔ ɣemaɣi la kpena ɖe mía ŋu míenyaa ale si míado Mawu ŋuti dzixɔse siwo me ame geɖe lé ɖe asi egbea la kpɔ. Yesu gblɔ be: “Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.”​—Yohanes 8:31, 32.

      “Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me.” Yesu ƒe nya sia nye dzidzenu si míatsɔ ado subɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo kpɔ be wonye “nyateƒe” hã. Ne èsee wogblɔ nya aɖe tso Mawu ŋu la, bia ɖokuiwò, ‘Ðe nya sia wɔ ɖeka kple Yesu ƒe nyawo kpakple nya bubu siwo le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo mea?’ Srɔ̃ ame siwo se apostolo Paulo ƒe nyawo henɔ “Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe be nya siawo [nu siwo srɔ̃m wonɔ la] le nenema hã” la ƒe kpɔɖeŋu.​—Dɔwɔwɔwo 17:11.

      Marco, Rosa, kple Raymonde, siwo ŋu nya míegblɔ le nyati siawo ƒe gbãtɔ me la galé ŋku ɖe woƒe dzixɔsewo ŋu nyuie esi Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kpli wo. Nu kae nye woƒe susu le nu si wosrɔ̃ ŋu?

      Marco: “Ame si srɔ̃ Biblia kple mía kple srɔ̃nye la zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖo nya siwo katã míebiae la ŋu. Míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa va sẽ ɖe edzi, eye mía kple srɔ̃nye dome hã va le kplikplikpli wu tsã!”

      Rosa: “Tsã la, mesusui be agbalẽ aɖe si amegbetɔwo ŋlɔ be woatsɔ aɖe ame si Mawu nye la me koe Biblia nye. Gake vivivi la, meva kpɔ nye nyabiasewo ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me. Fifia, mekpɔe be Ame ŋutɔŋutɔe Yehowa nye. Enye Ame si dzi mate ŋu aka ɖo.”

      Raymonde: “Medo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye madze sii. Esia megbe kpuie la, mía kple srɔ̃nye míeva nɔ Biblia srɔ̃m. Mlɔeba, míeva nya Ame si tututu Yehowa nye. Esi míeva nya Mawu si ƒomevi wònye la, dzi dzɔ mí wu gbɔgblɔ!”

      Menye agbalẽ si kloa nu le alakpanya siwo amewo gblɔna tso Mawu ŋu la dzi koe Biblia nye o, ke egblɔa nyateƒea ku ɖe eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo hã ŋu. Mawu ƒe Nya si eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ ye wònye, eye ekpena ɖe mía ŋu be “míanya nu siwo Mawu na mí dɔmenyotɔe la.” (1 Korintotɔwo 2:12) Ðe manyo be wò ŋutɔ nàxlẽ nu tso nya vevi siwo ame geɖe biana ku ɖe Mawu, eƒe tameɖoɖo kple ale si wòdi be etsɔme nanɔ na mí ŋu oa? Xlẽ nyabiase siawo dometɔ aɖewo ƒe ŋuɖoɖowo le Internet dzi le yevugbe me, le teƒe si nye “Bible Teachings > Bible Questions Answered” le www.pr2711.com. Àte ŋu ato Internet dzi abia hã be Yehowa Ðasefowo nava srɔ̃ Biblia kpli ye alo nàgblɔe na wo dometɔ ɖeka. Míeka ɖe edzi be esia wɔwɔ ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàlɔ̃ Mawu wu ale si nèsusui gɔ̃ hã.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe