INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Eden Bɔa—Afi Mae Amegbetɔ Dze Agbe Gɔme Lea?
    Gbetakpɔxɔ—2011 | January 1
    • Eden Bɔa—Afi Mae Amegbetɔ Dze Agbe Gɔme Lea?

      TSƆE be èle abɔ aɖe me. Susuhenu aɖeke meli o, eye mèle dugã me ƒe hoowɔwɔ aɖeke sem to kpɔ ta o. Abɔ sia lolo nyuie, eye tomefafa xɔ aƒe ɖi. Nu si ganyo wuye nye be naneke mele fu ɖem na wò susu o, eye lãmegbegblẽ, dɔ honame, alo vevesese aɖeke mele fu ɖem na wò o. Naneke meli si tɔ ŋku, alo tɔ tome o, eye naneke hã meli si mele ʋeʋem ɖe wò nyuie o.

      Gbã la, wò ŋku dze seƒoƒo dzeani siwo le amadede vovovowo me la dzi, eyome èkpɔ ale si tɔsisi aɖe me tsiwo zrɔ̃ lãlãlãe, kpakple ale si gbeawo katã da amae henya le kpɔkpɔm, esiwo le vɔvɔli me kple esiwo le ŋdɔkutsugbe siaa. Ya fafɛ si le ʋeʋem lilili la ƒo ɖe wò miaa. Èse ale si ya le ƒoƒom to aŋgbawo me, ale si tsi le sisim to agakpewo ŋu kplakplakpla, ale si xeviwo le ha dzim hele xɔxlɔ̃m kpakple ale si nugbagbeviwo le dzodzomee. Esi nèle esia kpɔm ɖaa le susu me la, ɖe medzro wò ŋutɔ be nànɔ teƒe sia tɔgbi oa?

      Le xexea me godoo la, amewo xɔe se be teƒe ma tɔgbie amegbetɔƒomea dze agbe gɔme tsoe. Ƒe alafa geɖewoe nye esia la, wofiaa nu Yuda subɔsubɔha la me tɔwo, ame siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo kple Moslemtɔwo tso Eden bɔa, si nye afi si Mawu da Adam kple Xawa ɖo be woanɔ la, ŋu. Biblia gblɔ be Adam kple Xawa nɔ agbe le ŋutifafa kple dzidzɔ me. Wo dome nɔ nyuie, wonɔ ŋutifafa me kple lãwo, eye wonɔ ŋutifafa me kple Mawu, ame si nyo dɔme na wo hena mɔnukpɔkpɔa wo be woanɔ agbe tegbee le teƒe nyui ma gbegbe.—1 Mose 2:15-24.

      Dzixɔse aɖewo le Hindutɔwo hã si ku ɖe paradiso aɖe si nɔ anyi le blema la ŋu. Buddhatɔwo xɔe se be subɔsubɔhakplɔla xɔŋkɔwo, siwo wogayɔna be Buddhawo la, nɔ anyi le ɣeyiɣi nyui mawo me, esime xexea nye paradiso. Eye subɔsubɔha geɖe le Afrika siwo gblɔa ŋutinya siwo de sɔsɔ ge pɛpɛpɛ kple esi Biblia gblɔ ku ɖe Adam kple Xawa ŋu.

      Le nyateƒe me la, dzixɔse si nye be paradiso aɖe nɔ anyi le blema la, xɔ aƒe ɖe subɔsubɔha geɖe me le xexea me godoo. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Tso blema ke la, ame geɖe xɔe se be paradiso aɖe nɔ anyi le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze si me nu sia nu de blibo le, eye ablɔɖe, ŋutifafa, kple dzidzɔkpɔkpɔ nɔ anyi, nu sia nu si hiã la li, eye ameteteɖeanyi, masɔmasɔwo, kple dzre menɔ anyi o. . . . Dzixɔse sia wɔe be paradiso si nɔ anyi tsã la dzroa ame geɖe, eye woƒe didi vevie enye be yewoƒe asi nagasu edzi.”

      Ðe wòanye be ŋutinya kple dzixɔse mawo katã nɔ te ɖe nane si dzɔ kpɔ dzia? Ðe wòate ŋu anye be nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ aɖe si tsi susu me na amewo lae wɔe be agbenɔnɔ le xexe ma tɔgbi me “dzroa ame geɖea”? Nyateƒee wònye be Eden bɔ aɖe nɔ nyi le blema? Eye ɖe Adam kple Xawa nɔ anyi kpɔ vavã?

      Ðeklemiɖelawo tua afɔkpo nya sia. Le egbexexe sia si me wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya me la, ame geɖe susui be ŋutinya mawo nye gli kple nyakpakpa dzrowo ko. Nukutɔe la, menye mawudzimaxɔselawo koe susui nenema o. Subɔsubɔhakplɔla geɖe na amewo megava xɔ ŋutinya si ku ɖe Eden bɔa ŋu la dzi se o. Wogblɔna be teƒe aɖeke menɔ anyi kpɔ le ŋutinya me nenema o. Wogblɔna be kpɔɖeŋu, nyakpakpa, gli, alo lododo koe ŋutinya ma nye.

      Ele eme be wowɔ kpɔɖeŋuwo le Biblia me ya. Yesu ŋutɔe wɔ kpɔɖeŋu mawo dometɔ siwo ŋu ame geɖe nya nu tso nyuie wu la. Ke hã, Biblia megblɔ be nuŋlɔɖi si ku ɖe Eden bɔa ŋu la nye kpɔɖeŋu o, ke boŋ eɖee fia kɔtɛ be enye nu si dzɔ ŋutɔŋutɔ le ŋutinya me. Eye ne nya siwo Biblia gblɔ tso abɔ ma ŋu menye nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ o la, ke ɖe míate ŋu aka ɖe nya bubu siwo le Biblia me ya dzi be wonye nyateƒea? Na míadzro nu si tae ame aɖewo kea ɖi nuŋlɔɖi si ku ɖe Eden bɔa ŋu la me akpɔ, eye míakpɔe ɖa nenye be susu mawo sɔ hã? Eyome míadzro nu si tae wòle vevie be mí katã míatsɔ ɖe le Biblia me nuŋlɔɖi ma me.

  • Ðe Eden Bɔa Nɔ Anyi Kpɔ Vavã?
    Gbetakpɔxɔ—2011 | January 1
    • Ðe Eden Bɔa Nɔ Anyi Kpɔ Vavã?

      ÈSE Adam kple Xawa kpakple Eden bɔa ŋu nya kpɔa? Ame geɖe nya ŋutinya sia le xexea me godoo. Ðe manyo be wò ŋutɔ nàxlẽe akpɔ oa? Edze le 1 Mose 1:26–3:24. Ŋutinyaa ƒe totoɖeme kpuie ye nye esi gbɔna.

      Yehowa Mawua tsɔ anyi me ame, etsɔ ŋkɔ nɛ be Adam, eye wòdae ɖe abɔ aɖe si le nuto aɖe si woyɔ be Eden me. Mawu ŋutɔe tso abɔ ma. Tsi le teƒea nyuie, eye ati tseku dzeani geɖewo bɔ ɖe afi ma. “Sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati” le abɔa titina. Mawu de se be amegbetɔwo nagaɖu ati ma ƒe tsetse o, eye wògblɔ be ne wosẽ to ɖui la, woaku. Emegbe Yehowa ɖe Adam ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ nyɔnu—si ŋkɔe nye Xawa—be wòanye Adam ƒe kpeɖeŋutɔ. Mawu de dɔ asi na wo be woalé be na abɔa eye be woadzi asɔ gbɔ ayɔ anyigba la dzi.

      Gbe ɖeka esi Xawa ɖeɖe li la, da aɖe ƒo nu kplii, eye wòble enu be wòaɖu ati si ŋu Mawu de se ɖo be womegaɖu o la ƒe tsetse hegblɔ nɛ be Mawu da alakpa nɛ eye wòle nu nyui aɖe si ana wòanɔ abe Mawu ene la temee. Xawa xɔ eƒe nyaa dzi se eye wòɖu atikutsetsea. Emegbe Adam dze srɔ̃a yome le Mawu ƒe sea dzi dada me. Eya ta Yehowa bu fɔ Adam, Xawa, kple da la hegblɔ tohehe si wodze na la na wo. Mawu nya ameawo ɖa le paradiso bɔa me, eye wòna mawudɔlawo xe abɔa ƒe mɔ nu.

      Ƒe aɖewo va yi la, agbalẽnyalawo kple ŋutinyaŋlɔlawo xɔ edzi se be nudzɔdzɔ siwo ŋu nya wogblɔ le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me la nye ŋutinya me nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ si dzi woate ŋu aka ɖo. Ke hã, le egbeŋkekeawo me ya la, ame geɖe va le ɖi kem ŋutinya mawo ƒe nyateƒenyenye. Nu ka tae amewo va le ɖi kem Adam, Xawa, kple Eden bɔa ŋu nya si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me? Na míadzro nu ene siwo ɖea fu na ame geɖe le ŋutinya sia ŋu la me kpɔ.

      1. Ðe Eden bɔa nye teƒe ŋutɔŋutɔ nɔ anyi kpɔa?

      Nu ka tae amewo kea ɖi le nya sia ŋu? Xexemenunya anya wɔ akpa aɖe le esia me. Mawunyaŋutinunyafialawo fia nu amewo ƒe geɖe be menye anyigba sia dzie Mawu ƒe abɔa nɔ o, ke boŋ teƒe bubu aɖee. Gake Helatɔwo ƒe xexemenunyalawo ƒe nufiafiawoe kpɔ ŋusẽ ɖe sɔlemehawo dzi; xexemenunyala siawo dometɔ aɖewoe nye Plato kple Aristotle, ame siwo ƒe dzixɔsee nye be nu deblibo aɖeke mate ŋu anɔ anyigba dzi o. Wogblɔ be dziƒo koe nu deblibowo ate ŋu anɔ. Eya ta le mawunyaŋutinunyafialawo ƒe susu nu la, teƒe aɖe si te ɖe dziƒo ŋu kokokoe Paradiso gbãtɔa anya nɔ.b Wo dometɔ aɖewo be abɔa nɔ to aɖe si kɔ ŋutɔ la ta me, si wɔe be míaƒe anyigba ƒoɖi sia mete ŋu gblẽ nu le eŋu o; wo dometɔ bubuwo be anyigba ƒe mlɔenu si le dziehe loo alo anyigba ƒe mlɔenu si le anyiehe ye wònɔ; eye bubuwo hã be dzinu dzi loo, alo teƒe aɖe si te ɖe dzinua ŋu ye wònɔ. Eya ta mewɔ nuku o be ɖeko ame geɖe va bua Eden bɔa ŋu nyaa be enye nyakpakpa aɖe ko. Egbegbe agbalẽnyala aɖewo gblɔna be nunya mele eme be woabui be Eden bɔa nye teƒe ŋutɔŋutɔ nɔ anyi kpɔ o.

      Ke hã, nu si Biblia gblɔ tso abɔa ŋu to vovo. Ne míexlẽ 1 Mose 2:8-14 la, míakpɔe be woɖɔ teƒe si tututu wònɔ la nyuie. Enɔ nuto si woyɔna be Eden la ƒe ɣedzeƒe gome. Tɔsisi aɖe de tsii, eye tɔsisia dze ɖe alɔ ene me. Woyɔ tɔsisi ene siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋkɔ, eye woƒo nu tso afi si wosi to ŋu kpuie. Tso gbe aɖe gbe ke la, nyatakaka siawo na mɔkpɔkpɔ agbalẽnyawo, eye wo dometɔ geɖe ku nu me tso Biblia ƒe akpa sia ŋu tsitotsito kple susu be akpe ɖe yewo ŋu yewoanya teƒe si tututu Eden nɔ le blema. Ke hã, nu vovovo siwo ŋu wova ke ɖo le woƒe numekukua me, siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la mele xexlẽ me o. Ðe ema fia be teƒe si Eden nɔ, abɔ si nɔ afi ma, kple tɔsisi siwo si to afi ma la ŋuti nyawo nye alakpa alo gli dzro aɖe koa?

      Bu eŋu kpɔ: Eden bɔa me nudzɔdzɔawo dzɔ anɔ abe ƒe 6,000 aɖewoe nye esia ene. Edze ƒãa be Mose ye ŋlɔ wo ɖe Biblia me; ɖewohĩ ɖe wogblɔe wòse, alo ekpɔ wo le nuŋlɔɖi siwo li xoxo kura gɔ̃ hã me. Ke hã, nu siwo ŋu Mose ŋlɔ nu tsoe la dzɔ abe ƒe 2,500 ene hafi wòva ŋlɔ wo. Esia fia be Eden ŋuti nyaa do xoxo hafi wòva ŋlɔe. Azɔ hã, ɖe nuwo abe tɔsisiwo ene ƒe nɔƒe mate ŋu atrɔ le ƒe alafawo megbe oa? Anyigba ƒe teƒeteƒewo nɔa tɔtrɔ dzi ɖaa. Nuto si me Eden anya nɔ la nye afi si anyigba ʋuʋuna le—afi si anyigbaʋuʋu gãgã siwo dzɔ le míaƒe ɣeyiɣia me la dometɔ 17 dzɔ le. Tɔtrɔ megbea anyigba ƒe teƒe mawo tɔgbi vava o. Gawu la, Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa hã anya trɔ anyigba ƒe teƒeteƒewo le mɔ si míate ŋu anya egbea gbeɖe o nu.c

      Ke hã, nyateƒenya aɖewo ya le nyanya na mí: Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ɖɔ abɔ la be teƒe ŋutɔŋutɔe wònye. Tɔsisi ene siwo woyɔ le nuŋlɔɖia me dometɔ eve—Frat kple Tigris alo Xidekel—gakpɔtɔ li egbea, eye wo me tsiwo dzɔtsoƒe aɖewo te ɖe wo nɔewo ŋu. Nuŋlɔɖia yɔ du siwo me tɔsisiawo to kple tomenu xɔasi siwo amewo nya be wole nuto mawo me la hã. Ame siwo nɔ blema Israel, siwo nye ame gbãtɔ siwo xlẽ nuŋlɔɖi ma la nya nu tso teƒe siwo woyɔ la ŋu nyuie.

      Ðe wònɔa nenema le nyakpakpawo kple glitotowo hã gomea? Alo menye ɖe woƒoa asa na nya vevi siwo dzi amewo ate ŋu aɖo kpee loo alo akpɔ woƒe aʋatsonyenye adze sii la gbɔgblɔ oa? Ale si wodzea nyakpakpawo gɔme zi geɖe ye nye be “gbe ɖeka le du didi aɖe me la, . . . ” Gake woyɔa nuwo ŋkɔ le ŋutinya ŋutɔŋutɔ ya me abe ale si wòdze le Eden ƒe ŋutinya gome ene.

      2. Ðe míate ŋu axɔ edzi ase be Mawu tsɔ anyi me Adam eye wòɖe Adam ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ Xawa?

      Egbegbe dzɔdzɔmeŋutinya ɖo kpe edzi be wokpɔa nu vovovo siwo le amegbetɔ ƒe ŋutilã me, abe haidrodzin, ɔksidzin, kple karbɔn ene, la le anyigba me. Gake aleke woate ŋu aƒo nu vovovo mawo nu ƒu wòazu nu gbagbe?

      Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo fia nu be agbe dze egɔme le eɖokui si le mɔ tsɛ aɖe ko nu, eye wòva de ŋgɔ vivivi le ƒe miliɔn nanewo megbe. Gake gbɔgblɔ tso agbe ƒomevi aɖe ŋu be ele “tsɛ” menye nyateƒe o, elabena nu gbagbewo katã—nugbagbevi suetɔ kekeake si womate ŋu akpɔ kple ŋku o gɔ̃ hã—de ŋgɔ le mɔ wɔnuku aɖe nu. Kpeɖodzi aɖeke meli be agbe ƒomevi aɖe dzɔ le eɖokui si kpɔ loo alo be ate ŋu adzɔ nenema o. Ke boŋ kpeɖodzi sẽŋu dze le nu gbagbewo katã ŋu be nunya aɖe si de ŋgɔ sãsãsã wu amegbetɔwo ƒe nunya ye wotsɔ wɔ wo.d—Romatɔwo 1:20.

      Ne èse ha vivi aɖe, alo èkpɔ nutata dzeani aɖe, alo mɔɖaŋunu deŋgɔ aɖe la, ɖe nètea tɔ ɖe edzi be menye ame aɖekee wɔ nu mawo oa? Gbeɖe! Gake ènyaa, nu mawo ƒe ŋgɔdede, woƒe atsyɔ̃, alo aɖaŋu si hiã le wo wɔwɔ me la megogo míaƒe ŋutilã la tɔ kura o. Ðe mía tɔ adzɔ be míasusui be menye ame aɖekee wɔ mí oa? Gawu la, Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nuŋlɔɖia ɖe nu me be, le nu gbagbe siwo katã le anyigba dzi dome la, amegbetɔwo koe wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu. (1 Mose 1:26) Eya ta esɔ ŋutɔ be amegbetɔwo ko mee didia le, abe Mawu ŋutɔ ke ene, be woawɔ nu siwo de ŋgɔ, si wɔe be wote ŋu trɔa asi le hadzidzi, nutata, alo mɔɖaŋunu wɔnukuwo ŋu ɣeaɖewoɣi. Ke ɖe wòawɔ nuku na mí be Mawu ate ŋu awɔ nu siwo de ŋgɔ sãsãsã wu nu siwo amegbetɔwo te ŋu wɔna?

      Ke ne wobe woɖe ŋutsua ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ nyɔnua ɖe, nu ka tae wòasesẽ be míaxɔe ase?e Mawu ate ŋu ato mɔ bubu dzi awɔ nyɔnua hafi, gake susu vevi aɖe tae wòzã ŋutsua ƒe agbaƒuti tsɔ wɔe ɖo. Edi be ŋutsua kple nyɔnua nazu srɔ̃tɔwo ale be wo dome nanɔ kplikplikpli abe “ŋutilã ɖeka” wonye ene. (1 Mose 2:24) Ðe ale si ŋutsu kple srɔ̃a kpena ɖe wo nɔewo ŋu, eye ɖekawɔwɔ kplikplikpli nɔa wo dome la menye kpeɖodzi sẽŋu be Wɔla nyanu lɔ̃ame aɖee wɔ wo oa?

      Gawu la, domenyiŋusẽfianu ŋuti nunyalawo va de dzesii be ŋutsu ɖeka kple nyɔnu ɖeka me koe amegbetɔwo katã anya dzɔ tso. Ne nenemae la, ke ɖe wòasesẽ be míaxɔ Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nyawo dzi asea?

      3. Ewɔna na ame aɖewo be ati aɖeke mate ŋu anye sidzedze ƒe ati alo agbeti o.

      Le nyateƒe me la, Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa megblɔ be ŋusẽ tɔxɛ aɖe alo nukunuwɔŋusẽ aɖe le ati mawo me si nana ame dzea si nu alo nana wònɔa agbe o. Ke boŋ wonye ati ŋutɔŋutɔwo, eye Yehowa tsɔ wo wɔ nane ƒe kpɔɖeŋu.

      Ðe amegbetɔwo hã mewɔa nu mawo tɔgbi ɣeaɖewoɣi oa? Le kpɔɖeŋu me, ʋɔnudrɔ̃la ate ŋu agblɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒe be se aɖe si yede dzi dada anye agɔdzedze le ʋɔnudrɔ̃ƒea dzi. Edze ƒãa be menye ʋɔnudrɔ̃ƒea ŋutɔŋutɔ, si fia xɔa kple zikpui siwo le eme la ŋue ʋɔnudrɔ̃laa le nu xlɔ̃m le be woade bubui o, ke boŋ dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo ye wòtsɔ ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ kpɔɖeŋu na. Fiagã geɖewo hã zã fiatikplɔ kple fiakuku wònyea woƒe dziɖuŋusẽ ƒe kpɔɖeŋu.

      Ke azɔ, nu kae ati eveawo nye kpɔɖeŋu na? Amewo do susu manyatalenu vovovowo ɖa le nya sia ŋu. Nya sia ƒe ŋuɖoɖo ŋutɔŋutɔ le bɔbɔe, gake gɔmesese deto le eŋu. Sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia nye kpɔɖeŋu na gomenɔamesi aɖe si nye Mawu ɖeɖe ko tɔ—gomenɔamesi be wòafia nu si nye nyui kple vɔ̃. (Yeremiya 10:23) Eya ta mewɔ nuku o be enye agɔdzedze gã aɖe be woafi ati ma ƒe tsetse aɖu! Agbeti la hã nye kpɔɖeŋu na nunana aɖe si Mawu ɖeka ko ate ŋu ana, si nye agbe mavɔ.—Romatɔwo 6:23.

      4. Ne ame aɖewo se be da ƒo nu la, wogblɔna be nyakpakpae.

      Nyateƒee, Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ƒe akpa sia gɔmesese ate ŋu asesẽ, vevietɔ ne míede ŋugble tso nya bubu siwo Biblia gblɔ yi edzi ŋu o. Gake Ŋɔŋlɔawo na numekɔkɔ mí vivivi tso nya wɔmoyaa sia ŋu.

      Ame ka, alo nu kae na wòdze abe dae ƒo nu ene? Blema Israel viwo nya nyateƒenya bubu aɖewo siwo kpe ɖe wo ŋu wose akpa si daa wɔ le nya sia me la gɔme. Le kpɔɖeŋu me, wonya be togbɔ be lãwo meƒoa nu o hã la, gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ate ŋu ana wòadze abe ɖe lã ƒo nu ene. Mose hã ŋlɔ nu tso Bileam ŋu; Mawu dɔ mawudɔla aɖe wòna Bileam ƒe tedzi ƒo nu abe ame ene.—4 Mose 22:26-31; 2 Petro 2:15, 16.

      Ðe gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubu siwo nye Mawu ƒe futɔwo gɔ̃ hã ate ŋu awɔ nukunu mawo tɔgbia? Mose kpɔ eteƒe Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo wɔ nukunu siwo Mawu wɔ la dometɔ aɖewo tɔgbi, abe nana be atikplɔ nazu da ene. Mawu ƒe futɔ siwo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔwo koe ate ŋu ana woawɔ nukunu ma tɔgbi.—2 Mose 7:8-12.

      Edze ƒãa be anye Mose kee gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ Hiob ƒe agbalẽa hã. Agbalẽ ma fia nu geɖe mí tso Satana si nye Mawu ƒe futɔ gãtɔ si ka aʋatso hetɔ gbe Mawu subɔlawo katã ƒe nuteƒewɔwɔ la ŋu. (Hiob 1:6-11; 2:4, 5) Ke ɖe Israel vi siwo nɔ anyi le blema ɣeyiɣi mawo me la xɔe se be Satanae na wòdze abe dae ƒo nu na Xawa le Eden bɔa me ene heblee wògbe nuteƒewɔwɔ na Mawua? Anɔ eme nenema.

      Satanae ƒo nu to daa dzi nyateƒea? Yesu va yɔ Satana emegbe be “aʋatsokala kple aʋatsokafofo.” (Yohanes 8:44) Ðe manye ame si ka aʋatso gbãtɔ lae woayɔ be “aʋatsokafofo” oa? Nya siwo da la gblɔ na Xawa mee aʋatso gbãtɔa dze le. Mawu xlɔ̃ nu be ne woɖu ati si ŋu yede se ɖo la, woaku; gake daa ya gblɔ alakpanya si tsi tsitre ɖe ema ŋu esi wògblɔ be: “Miele kuku ge akpɔ o.” (1 Mose 3:4) Eme kɔ ƒãa be Yesu nya be Satanae ƒo nu to daa dzi. Nu siwo Yesu ɖe fia apostolo Yohanes wòŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la klo nu le nya sia nya dzi, elabena woyɔ Satana le afi ma tẽe be “da xoxo la.”—Nyaɖeɖefia 1:1; 12:9.

      Ðe wòasesẽ be míaxɔe ase be gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe ate ŋu ato nukumɔ dzi ana wòadze abe ɖe da ƒo nu enea? Togbɔ be amegbetɔwo ƒe ŋusẽ megogo gbɔgbɔmenuwɔwɔwo tɔ kura o hã la, wotea ŋu ƒoa nu wòdzena abe ɖe nu maƒonu aɖee le nu ƒom ene, eye wonana nu siwo manya wɔ ŋutɔŋutɔ o la dzena abe ɖe wole dzɔdzɔm ene le television dzi.

      Kpeɖodzi Gãtɔ Kekeake

      Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be kpeɖodzi gobi aɖeke menɔa ame siwo kea ɖi Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nyawo la ƒe ɖeklemiɖenyawo ŋu oa? Gake kpeɖodzi sẽŋuwo li be nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ ŋu nyawoe le eme.

      Le kpɔɖeŋu me, woyɔ Yesu Kristo be “ɖasefo nyateƒetɔ kple anukwareɖila.” (Nyaɖeɖefia 3:14) Ame debliboe wònye, eye meka aʋatso alo trɔ gbo nyateƒe le mɔ aɖeke nu kpɔ gbeɖe o. Gawu la, eya ŋutɔ fia nu be yenɔ agbe le dziƒo kpɔ ɣeyiɣi didi aɖe hafi wova dzi ye le anyigba dzi abe amegbetɔ ene—ɛ̃, enɔ anɔ agbe le Fofoa Yehowa gbɔ “hafi xexea va dzɔ.” (Yohanes 17:5) Eya ta eli xoxoxo hafi wova wɔ nu gbagbewo le anyigba dzi. Nya kae ɖasefo sia si dzi woate ŋu aka ɖo wu bubuawo katã la gblɔ tso ŋutinya sia ŋu?

      Yesu gblɔ be ame ŋutɔŋutɔe Adam kple Xawa nye nɔ anyi kpɔ. Esi wònɔ nu me ɖem tso Yehowa ƒe se ku ɖe srɔ̃ ɖeka ɖeɖe ŋu la, ehe susu yi Adam kple Xawa ƒe srɔ̃ɖeɖea dzi. (Mateo 19:3-6) Ne Adam kple Xawa menɔ anyi kpɔ o, eye abɔ si me wonɔ la hã nye nyakpakpa la, ke Yesu xɔ aʋatsonya dzi se, alo be eya ŋutɔ nye aʋatsokala. Gake mate ŋu anɔ nenema gbeɖe o! Yesu ŋutɔ nɔ dziƒo kpɔ eteƒe esime aglãdzedze dze egɔme le abɔa me. Kpeɖodzi bubu kae agate ŋu asẽ ŋu wu Yesu tɔ?

      Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, ne ame aɖe mexɔ Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nyawo dzi se o la, ke efia be mexɔ Yesu dzi se o. Eye ame si mexɔ nya mawo dzi se o mate ŋu ase Biblia me nya vevi kple ŋugbedodo xɔasi aɖewo hã gɔme o. Na míadzro nu si ta wòle nenema ɖo la me kpɔ.

      [Etenuŋɔŋlɔwo]

      a Woyɔ Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia me be Yehowa.

      b Menye Biblia mee nufiafia sia tso o. Biblia fia nu be Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã de blibo, eye be ame bubu aɖee va gblẽ nu le eƒe nuwɔwɔwo ŋu. (5 Mose 32:4, 5) Esi Yehowa wu anyigbaa wɔwɔ nu vɔ la, egblɔ tso nu siwo katã wòwɔ ɖe edzi la ŋu be “wonyo ŋutɔ.”—1 Mose 1:31.

      c Edze ƒãa be Eden bɔa tsrɔ̃ le Tsiɖɔɖɔ si Mawu he vae la me. Xezekiel 31:18 ɖee fia be “Eden-tiwo” nu yi xoxo do ŋgɔ na ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. Eya ta ame siwo katã va nɔ Eden bɔa dim emegbe kple mɔkpɔkpɔ be egakpɔtɔ li la kui wòɖuɖu.

      d Kpɔ agbalẽ gbadza si nye The Origin of Life—Five Questions Worth Asking. Yehowa Ðasefowoe tae.

      e Enyo be míade dzesii be egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔe be ŋutete tɔxɛ le agbaƒuti ŋu be wòate ŋu aɖɔ ɖo le eɖokui si. To vovo na ƒu mamlɛawo la, ne woɖe agbaƒuti ɖeka eye wogblẽ lã falɛfalɛ si lée ɖe agbaƒuti bubu ŋu ɖi la, bubu tona ɖe eteƒe.

  • Nu Si Ta Eden Ŋu Nyaa Ka Wò
    Gbetakpɔxɔ—2011 | January 1
    • Nu Si Ta Eden Ŋu Nyaa Ka Wò

      EWƆ nuku be susu siwo ta agbalẽnyala aɖewo mexɔ Eden ŋu nyaa dzi se o dometɔ ɖekae nye be wobe Biblia ƒe akpa bubuwo megaƒo nu tso eŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Paul Morris, si nye Mawusubɔsubɔ Ŋuti Nufialagã la ŋlɔ be: “Eden ŋu nyaa megadze le Biblia ƒe akpa bubu aɖeke tẽe o.” Togbɔ be agbalẽnyala bibi bubu geɖewo alɔ̃ ɖe eƒe nya sia dzi kakaɖedzitɔe hã la, menye nenemae wòle kura o.

      Nya lae nye be Biblia ƒo nu tso Eden bɔa, Adam, Xawa, kple da la ŋu zi gbɔ zi geɖe.a Gake agbalẽnyala ʋɛ siawo ƒe nukpɔsusu totro sia meɖi naneke o, ne míetsɔe sɔ kple nya bubu si gavɔ̃ɖi hekeke ta wu. Esi subɔsubɔhakplɔlawo kple Biblia ŋuti ɖikelawo gblɔ be Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nyawo mele eteƒe o la, woto ema dzi tɔ gbe Biblia bliboa me nyawo ƒe nyateƒenyenye. Aleke wowɔ esiae?

      Nu si dzɔ le Eden la gɔmesese hiã hafi míate ŋu ase Biblia ƒe akpa susɔeawo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, woŋlɔ Mawu ƒe Nya la le mɔ aɖe nu be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevitɔ kekeake siwo ɖea fu na mí le agbe me. Enuenu la, nya siwo Biblia tsɔ ɖoa biabia mawo ŋui la dea nu Eden bɔa me nudzɔdzɔwo me. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

      ● Nu ka tae míetsina kua amegã hekuna? Ne ɖe Adam kple Xawa ɖo to Yehowa la, anye ne woanɔ agbe tegbee. Esi wodze aglã ɖe Mawu ŋu tae woku ɖo. Tso gbe si gbe woda Mawu ƒe sea dzi la, wote kuku vivivi. (1 Mose 2:16, 17; 3:19) Womeganye ame deblibowo azɔ o, si wɔe be woƒe dzidzimeviwo katã hã va zu ame madeblibo siwo ŋu nu vɔ̃ le. Biblia ɖe eme be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.”—Romatɔwo 5:12.

      ● Nu ka tae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li ɖo? Satana gblɔ le Eden bɔa me be Mawu nye aʋatsokala si tea nu nyui eƒe nuwɔwɔwo. (1 Mose 3:3-5) Esia fia be ele gbe tɔm Yehowa be mele eƒe nuwɔwɔwo dzi ɖum nyuie o. Adam kple Xawa tiae be yewoadze Satana yome; eya ta woawo hã wodze aglã ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu heto ema dzi ɖee fia be yewoka ɖe edzi be amegbetɔ ŋutɔ ate ŋu afia mɔ eɖokui le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Le Yehowa ƒe nunya kple dzɔdzɔenyenye deblibo me la, enya be mɔ nyuitɔ si dzi yeato akpɔ nya sia gbɔ nyuie koe nye be yeana ɣeyiɣi amegbetɔwo woaɖu wo ɖokui dzi abe ale si wotiae ene. Vɔ̃ɖinyenye si do tso esia me la ƒe akpa aɖe tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbɔ, eye wòva na nyateƒenya vevi sia dze ƒãa be: Ŋutete mele amegbetɔwo ŋu be woaɖu wo ɖokui dzi Mawu manɔmee o.—Yeremiya 10:23.

      ● Nu kae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba? Yehowa trɔ asi le Eden bɔa ŋu wònye ale si wòdi be anyigba bliboa nanya kpɔe ƒe kpɔɖeŋu. Ede se na Adam kple Xawa be woadzi asɔ gbɔ ayɔ anyigba la dzi eye ‘woanye agbo ɖe edzi’ bene woakeke Eden bɔa ƒe atsyɔ ɖe enu wòaxɔ anyigba bliboa katã dzi. (1 Mose 1:28) Eya ta Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigba nanye paradiso si me Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi deblibowo nanɔ le ɖekawɔwɔ me. Mɔ siwo dzi Mawu ato ana eƒe gɔmedzetameɖoɖo ma nava eme la koŋ ŋue Biblia ƒe akpa geɖe ƒo nu tsoe.

      ● Nu ka tae Yesu Kristo va anyigba dzi ɖo? Eden bɔa me ƒe aglãdzedzea na be Adam kple Xawa kpakple woƒe dzidzimeviwo katã dze na ku ɖikaa, gake Mawu wɔ lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe si na be mɔkpɔkpɔ mebu o. Edɔ via ɖe anyigba dzi be wòava na nu si Biblia yɔ be tafe. (Mateo 20:28) Nu kae esia fia? Woyɔ Yesu be “Adam mamlɛtɔ;” eyae nye ame si te ŋu wɔ nu si Adam mete ŋu wɔ o. (1 Korintotɔwo 15:22, 45; Yohanes 3:16) Esi Yesu va anyigba dzi la, eɖo to Yehowa bliboe, si wɔe be eƒe blibodedea mege le esi o. Azɔ elɔ̃ faa tsɔ eɖokui sa vɔ ɖe amegbetɔwo ta, alo tsɔ eɖokui na tafee, bene mɔnukpɔkpɔ naʋu ɖi be woatsɔ amegbetɔ siwo katã awɔ nuteƒe la ƒe nu vɔ̃wo ake wo ale be woate ŋu ava nɔ agbe si ƒomevi Adam kple Xawa nɔ le Eden bɔa me hafi va wɔ nu vɔ̃. (1 Korintotɔwo 15:22, 45; Yohanes 3:16) Eya ta Yesu ƒe tafevɔsaa na kakaɖedzi va le eŋu be Yehowa ƒe tameɖoɖo be yeatrɔ anyigba sia wòazu paradiso abe ale si Eden bɔa nɔ ene la ava eme.b

      Mawu ƒe tameɖoɖo menye ŋugbedodo ƒuƒlu aɖe loo alo mawuŋutinufiafia si ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o. Nu ŋutɔŋutɔe wònye. Abe ale si ko Eden bɔa nye teƒe ŋutɔŋutɔ nɔ anyigba sia dzi kpɔ, eye amegbetɔ kple lã ŋutɔŋutɔwo nɔ afi ma ene la, nenema kee ŋugbe si Mawu do ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu la hã nye nu ŋutɔŋutɔ si ava eme kpuie. Ðe nàdi be ema nanye nu si yeakpɔ mɔ na le etsɔmea, nu si ava eme na ye ŋutɔŋutɔa? Ke ekpo ɖe gbɔwò. Mawu di be etsɔme ma nasu ame geɖe ale si nu alɔ̃ la si, ame siwo nɔ agbe vloe kpɔ kura gɔ̃ hã.—1 Timoteo 2:3, 4.

      Esi wòsusɔ vie Yesu naku la, egblɔ nya aɖe na ŋutsu aɖe si nɔ agbe baɖa va yi. Nu vlo wɔlae ŋutsua nye; enya be yedze na ku. Gake edi be Yesu nafa akɔ na ye, wòana mɔkpɔkpɔ aɖe nasu ye si. Nya kae Yesu gblɔ nɛ? “Ànɔ Paradiso me kplim.” (Luka 23:43) Ne Yesu di be yeakpɔ ŋutsu ma si nye nu vlo wɔla tsã la le paradiso me—woafɔe ɖe tsitre ahana mɔnukpɔkpɔe wòanɔ agbe tegbee le paradiso si anɔ abe esi nɔ Eden ene me—ɖe, ke ɖe madi be yayra mawo ke nasu wò hã asiwò oa? Ɛ̃, edi nenema! Fofoa hã di nenema! Ne èdi be etsɔme ma nasu ye si la, ekema wɔ nu sia nu si nàte ŋui bene nàsrɔ̃ nu tso Mawu si tso Eden bɔa la ŋu.

      [Etenuŋɔŋlɔwo]

      a Le kpɔɖeŋu me, kpɔ 1 Mose 13:10; 5 Mose 32:8; 2 Samuel 7:14; 1 Kronika 1:1; Yesaya 51:3; Xezekiel 28:13; 31:8, 9; Luka 3:38; Romatɔwo 5:12-14; 1 Korintotɔwo 15:22, 45; 2 Korintotɔwo 11:3; 1 Timoteo 2:13, 14; Yuda 14; kple Nyaɖeɖefia 12:9.

      b Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 5 hena numekɔkɔ geɖe ku ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.

      [Aɖaka/Nɔnɔmetatawo si le axa 10]

      NYAGBLƆÐI SI ŊU BIBLIA BLIBOA ƑO NU TSOE

      “Made adikã mia [si nye da la] kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.”—1 Mose 3:15.

      Emae nye Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ, si Mawu ŋutɔ gblɔ le Eden. Ame kawoe nyɔnu la, eƒe dzidzime, da la, kpakple da la ƒe dzidzime le tsi tre ɖi na? Aleke “adikã” si ŋu nya wogblɔ ɖi la va emee?

      DA LA

      Satana Abosam.—Nyaɖeɖefia 12:9.

      NYƆNU LA

      Yehowa ƒe habɔbɔ si me gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le. (Galatiatɔwo 4:26, 27) Yesaya ƒo nu tso “nyɔnu la” ŋu hegblɔ nya ɖi be adzi gbɔgbɔ me dukɔ aɖe.—Yesaya 54:1; 66:8.

      DA LA ƑE DZIDZIME

      Ame siwo tiae be yewoawɔ Satana ƒe lɔlɔ̃nu.—Yohanes 8:44.

      NYƆNU LA ƑE DZIDZIME

      Eƒe akpa vevitɔe nye Yesu Kristo, ame si tso Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo me va. Kristo ƒe gbɔgbɔmenɔvi siwo ayi aɖaɖu fia kplii le dziƒo hã nye “dzidzime” ma ƒe akpa aɖe. Kristotɔ mawo siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la nye gbɔgbɔmedukɔ aɖe si woyɔ be “Mawu ƒe Israel.”—Galatiatɔwo 3:16, 29; 6:16; 1 Mose 22:18.

      AFƆKPODZIBI LA

      Ale si Satana na wowu Yesu tagbɔsesẽtɔe. Ke hã, ɣeyiɣi kpui aɖe koe esia gblẽ nu le Yesu ŋu, elabena wogafɔe ɖe tsitre.

      TAGBAGBA NA DA LA

      Satana ɖeɖeɖa keŋkeŋ. Yesu abu mo na Satana ɖikaa. Hafi ɣemaɣi naɖo gɔ̃ hã la, Yesu aɖɔ aglãdzedze si gɔme Satana dze le Eden la me tsonu gbegblẽwo ɖo.—1 Yohanes 3:8; Nyaɖeɖefia 20:10.

      Kpɔ agbalẽ gbadza si nye The Bible—What Is Its Message? (Biblia La—Nya Kae Le Eme) hena Biblia me nya veviwo ƒe totoɖeme kpuie. Yehowa Ðasefowoe tae.

      [Nɔnɔmetata si le axa 11]

      Adam kple Xawa kpe nu vɔ̃ me tsonu vloeawo ƒe fu

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe