INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwyp nyati 42
  • Ðe Amedzudzu Nye Nu Gbegblẽ Nenema Gbegbea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Amedzudzu Nye Nu Gbegblẽ Nenema Gbegbea?
  • Sɔhɛwo Biana Be
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dodokpɔ
  • Nu si ta wòle vevie
  • Nu si nàte ŋu awɔ
  • Àte ŋu asrɔ̃ gbe bubu!
    Nyɔ!—2007
  • Aleke Nàƒo Nu Na Amewoe Be Wò Nu Nadze Yehowa Ŋu?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Nu Kae Mawɔ Ne Meto Vovo Le Amewo Dome?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nu Ka Tae Mevɔ̃na Be Maƒo Nu Tso Nye Dzixɔse ŋu?
    Nyɔ!—2009
Kpɔ Bubuwo
Sɔhɛwo Biana Be
ijwyp nyati 42
Ŋutsuvi aɖe tsɔ nu bla nu ale be magadzu ame o

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Amedzudzu Nye Nu Gbegblẽ Nenema Gbegbea?

“Mese amedzudzu ale gbegbe be megaɖea fu aɖeke nam o. Eva ma to nam.”​—Christopher, exɔ ƒe 17.

“Esi menye ɖevi la, medzua ame ŋutɔ. Ele bɔbɔe ŋutɔ be ame nazu amedzula, gake asiɖeɖe le nɔnɔme sia ŋu ya mele bɔbɔe o.”​—Rebecca, exɔ ƒe 19.

  • Dodokpɔ

  • Nu si ta wòle vevie

  • Nu si nàte ŋu awɔ

  • Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Dodokpɔ

  • Aleke nèsena le ɖokuiwò me ne èse amewo le ame dzum?

    • Meɖea fu nam kura o, ema to nam.

    • Eɖea fu nam vie ya​—gake ɖeko mexɔnɛ nenema.

    • Eɖea fu nam ŋutɔ​—nye dzi mate ŋu alɔ̃ nu sia gbeɖe o.

  • Ðe nèdzua amea?

    • Gbeɖe

    • Ɣeaɖewoɣi

    • Ale gbegbe

  • Aleke nèbua nya veamewo gbɔgblɔe?

    • Nu tsɛ

    • Ŋkubiãnya

Nu si ta wòle vevie

Ðe nèbua amedzudzu be enye ŋkubiãnya? Ðewohĩ àgblɔ be: ‘Menye nenema gbegbe o. Agbemenya sesẽwo li wu esia siwo ŋu wòle be míatsi dzi ɖo. Gawu la, ame sia ame dzua ame!’ Nyateƒeea?

Togbɔ be ate ŋu asesẽ na wò be nàxɔe se hã la, ame geɖewo li siwo melɔ̃a amedzudzu o. Eye wonya nanewo tso nuwɔna sia ŋu siwo ame bubuwo ya menya o. Le kpɔɖeŋu me:

  • Amedzudzu ɖea ha ame si tɔgbi nènye. Wò nyagbɔgblɔwo ɖea ame si tututu nènye le ememe la fiana. Eya ta ne ègblɔa nya veamewo na amewo la, aɖee fia be mètsɔa ɖeke le amewo ƒe seselelãmewo me o. Nenema tututue nèlea?

    Biblia gblɔ be: “Nu siwo doa go tso nu me la tsoa dzi la me.”​—Mateo 15:18.

    Sɔhɛ aɖewo mekpɔ dzidzɔ ɖe ŋutsuvi aɖe ƒe amedzudzu ŋu kura o

    Nya madzetowo gbɔgblɔ ƒoa ɖi ame ƒe susu me. Nu ka tae nàdi be yeana nya siawo naƒo ɖi ye ŋutɔ loo alo ame bubuwo ƒe susu me?

  • Amedzudzu ate ŋu ana be amewo mabu susu nyui ɖe ŋuwò o. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ale si míeƒoa nui la kpɔa ŋusẽ ɖe ame siwo míadze xɔlɔ̃e, bubu si tɔgbi míaƒe ƒometɔwo kple dɔwɔhatiwo ade mía ŋu, ale si mí kple ame bubuwo dome anɔ, ale si amewo abu míaƒe nyawoe, míaƒe dɔkpɔkpɔ alo dodoɖeŋgɔ le dɔ me kple ale si ame manyamanyawo awɔ nu ɖe mía ŋui la dzi.” (Cuss Control) Egagblɔ be: “Bia ɖokuiwò be, ɖe wòate ŋu adzɔ be ye kple amewo dome nava nɔ nyuie wu nenye be yemedzua ame o mahã.”

    Biblia gblɔ be: “Miɖe . . . nya veame ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa.”​—Efesotɔwo 4:31.

  • Amedzudzu mana amewo nabu wò be wò nu me bi abe ale si wò ŋutɔ nàsusui ene o. Agbalẽnyalagã Alex Packer gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be: “Ame siwo dzua ame ɣesiaɣi la ƒe nu ɖe wòtia ame.” (How Rude!) Egblɔ kpee be nya veamewo gbɔgblɔ menana be “nunya, sidzedze, nugɔmesese kple veveseɖeamenu dzena le ame ƒe nyawo me o. Ne wò nyawo nɔa yrɔ, wometua ame ɖo o, eye mèbua wo ŋu nyuie hafi gblɔna o la, akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèbua tamee dzi godoo.”

    Biblia gblɔ be: “Migana nya ƒaƒã aɖeke nado tso miaƒe nu me o.”​—Efesotɔwo 4:29.

Nu si nàte ŋu awɔ

  • Ðo taɖodzinu. Ðe manyo be nàtso nya me be yeadzudzɔ nya veamewo gbɔgblɔ le ɣleti ɖeka alo esi mede nenema o mea? Àte ŋu anɔ dzesi dem ŋgɔyiyi siwo wɔm nèle ɖe agbalẽ alo ɣletigbalẽ dzi. Gake ehiã be nàgawɔ nu bubu aɖewo hã hafi nàte ŋu alé wò nyametsotso sia me ɖe asi. Le kpɔɖeŋu me:

  • Ƒo asa na modzakaɖeɖe siwo ana be nya madzetowo nava xɔ susu me na wò. Biblia gblɔ be: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:33) Nya “Hadede” si wozã le afi sia lɔ hadede kple amewo ŋutɔŋutɔ kpakple modzakaɖeɖewo abe video siwo nèkpɔna, videodzifefe siwo nèƒona kple ha siwo nèsena ene hã ɖe eme. Kenneth, si xɔ ƒe 17, gblɔ be: “Ele bɔbɔe be nànɔ ha si doa dzidzɔ na wò la sem ahanɔ edzim evɔ wò susu nàdzo ɖa le nya ƒaƒã siwo gblɔm wole le eme ya dzi kura, le esi haƒoƒoa alo ha ƒe ɖiɖime le vivim na wò ta.”

  • Na amewo nàkpɔe be ètsi le susu me. Ame aɖewo gblɔa nya madzetowo, elabe wosusunɛ be ana amewo nabu yewo be yewotsi le susu me. Gake esia wɔwɔ menana wobua wo nenema o. Biblia gblɔ be ŋutete le ame tsitsiwo si be “woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.” (Hebritɔwo 5:14) Womegblɔa nya madzetowo kple susu be yewoƒe nu “nawɔ dɔ” ɖe amewo dzi o.

Le nyateƒe me la, ɖeko nya madzetowo gbɔgblɔ nana be nu manyomanyowo xɔa susu me na egblɔla kple ame bubuwo siaa. Nu manyomanyowo xɔ susu me na ame geɖe le xexea me xoxo! Agbalẽ si me nyawo míeyɔ va yi la ɖo aɖaŋu be, “Mègatsɔ tɔwòa kpee o, ke boŋ kpe asi ɖe eŋu be amewo ƒe susu me nadza. Esia ana wò ŋutɔ nàkpɔ dzidzɔ ɖe ɖokuiwò ŋu eye ame bubuwo hã akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò.”

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

Jared

“Nya veamewo gbɔgblɔ meƒoa nu nyui tso ame ŋu o. Ne màte ŋu agblɔ nya ɖeka pɛ nya veamewo magblɔmagblɔe o la, ɖeko wòana ame bubuwo nakpɔe be nya nyui aɖeke mele asiwò nàgblɔ o.”​—Jared.

Jennifer

“Ame sia ame ŋutɔ ate ŋu atia nya siwo tɔgbi wòadi be woanɔ dodom le ye nu. Ehiã be míabu nyawo ŋu nyuie hafi agblɔ togbɔ be menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o hã. Amedzudzu nye nɔnɔme si ŋu woate ŋu aɖe asi le.”​—Jennifer.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe