INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Xaxawo Bɔ Egbea Gake Mɔkpɔkpɔ Li
    Gbetakpɔxɔ—2011 | May 1
    • Xaxawo Bɔ Egbea Gake Mɔkpɔkpɔ Li

      “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la ava.”—2 TIMOTEO 3:1.

      ÐE NÈSE nublanuinya siwo gbɔna dometɔ aɖe, alo kpɔ eteƒe, kpɔa?

      ● Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖe ame gbogbo aɖewo ƒe agbe ɖa.

      ● Dɔwuame kplɔa ame alafa geɖe yi tsieƒee.

      ● Anyigbaʋuʋu aɖe wu ame akpewo, eye ame akpeakpewo zu aƒemanɔsitɔwo.

      Míadzro nudzɔdzɔ siawo tɔgbi ŋuti nyateƒenya vevi aɖewo me le nyati siwo kplɔe ɖo me. Nyatiawo ana nàkpɔe hã be Biblia gblɔe ɖi xoxoxo be nu siawo adzɔ le ɣeyiɣi si woyɔ be “ŋkeke mamlɛawo” me.a

      Gake menye nyati siawo ƒe taɖodzinue nye be woana kakaɖedzi wò be míele xexe si me xaxawo bɔ ɖo me o. Anɔ eme be wò ŋutɔ èle xaxa siawo teƒe kpɔm xoxo. Eya ta ɖe woŋlɔ wo be woana nàkpɔe be mɔkpɔkpɔ li. Woaɖee afia be nyagblɔɖi ade aɖewo, siwo le eme vam fifia la ɖo kpe edzi be “ŋkeke mamlɛawo” awu enu kpuie. Woadzro susu siwo le ame geɖe si tso nudzɔdzɔ siawo ŋu hã me, eye woana nàkpɔ susu siwo ta wòle be nàka ɖe edzi be etsɔme nyui aɖe li gbɔna.

      [Etenuŋɔŋlɔ]

      a Kpɔ nyati si nye “Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Vɔ̃ɖinyenye Kple Fukpekpe Li Ðo?” le magazine sia ƒe axa 16 kple 17 lia hena numekɔkɔ tso nu si ta Mawu ɖe mɔ nu siawo le dzɔdzɔm ɖo la ŋu.

  • Nyagblɔɖi 1. Anyigbaʋuʋuwo
    Gbetakpɔxɔ—2011 | May 1
    • Nyagblɔɖi 1. Anyigbaʋuʋuwo

      ‘Anyigbaʋuʋu gãwo adzɔ.’—LUKA 21:11.

      ● Wohe Winnie, si xɔ ƒe ɖeka ɣleti ene ko la do goe tso gli gbagbãwo te le Haiti. Television dɔwɔla siwo nɔ nyatakaka nam tso anyigbaʋuʋu si dzɔ le afi ma ŋu lae se eŋkɔ wònɔ ŋeŋem le gli gbagbãwo te. Etsi agbe, gake edzilawo ya tsi eme.

      NU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Anyigbaʋuʋu gã si dzɔ le Haiti le January 2010, si ƒe dzidze nye 7.0 la wu ame 300,000 kple edzivɔ. Ena ame 1,300,000 kple edzivɔwo zu aƒemanɔsitɔwo le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Togbɔ be anyigbaʋuʋu si dzɔ le Haiti la nu sẽ ŋutɔ hã la, menye numadzɔkpɔe wònye o. Tso April 2009 va se ɖe April 2010 dome la, anyigbaʋuʋu gã 18 ya teti dzɔ le xexea ƒe teƒeteƒewo.

      NUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Anyigbaʋuʋuwo mele dzɔdzɔm fifia wu tsã o; ɖeko egbegbe mɔɖaŋununya wɔe be míele anyigbaʋuʋuwo ŋu nya sem wu blematɔwo.

      ÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Bu nya sia ŋu kpɔ: Esi Biblia ƒo nu tso anyigbaʋuʋuwo ƒe dzɔdzɔ le ŋkeke mamlɛawo me ŋu la, menye woƒe agbɔsɔsɔ dzie wòte gbe ɖo o, ke woƒe sesẽme dzi boŋue. Ke hã, egblɔ be ‘anyigbaʋuʋu gãwo adzɔ le teƒeteƒewo,’ si anye nudzɔdzɔ siwo aɖe dzesi le míaƒe ɣeyiɣi siawo me la dometɔ ɖeka.—Marko 13:8; Luka 21:11.

      NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe anyigbaʋuʋu gãwo le dzɔdzɔm vavã abe ale si Biblia gblɔe ɖi enea?

      Ðewohĩ anyigbaʋuʋu siwo le dzɔdzɔm la ɖeɖe manye kpeɖodzi sẽŋu be ŋkeke mamlɛawo mee míele o. Gake enye nyagblɔɖi siwo le eme vam fifia la dometɔ ɖeka. Na míakpɔ bubu ɖa.

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

      “Mí [anyigbaŋutinunyalawo] míeyɔa wo be anyigbaʋuʋu gãwo. Ame bubuwo yɔa wo be anyigbaʋuʋu dziŋɔwo.”—KEN HUDNUT, ANYIGBAŊUTINUNYALAWO ƑE NUMEKUHA SI LE AMERIKA ME TƆ.

      [Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

      © William Daniels/Panos Pictures

  • Nyagblɔɖi 2. Dɔwuame
    Gbetakpɔxɔ—2011 | May 1
    • Nyagblɔɖi 2. Dɔwuame

      “Nuɖuɖu ave.”—MARKO 13:8.

      ● Ŋutsu aɖe yi sitsoƒe di ge le Quaratadji, si nye kɔƒe aɖe le Niger me. Nɔɖia ƒe viwo, nɔviaŋutsuwo, kple nɔvianyɔnuwo hã si tso nuto aɖe si sa ɖe aga la me le dɔ si to le dukɔa me la nu va kɔƒea me. Gake ŋutsua ɖe eɖokui ɖe aga mlɔ aba dzi le anyigba. Nu ka tae? Sidi, si nye kɔƒea me fia, ɖe nu me be: “Mete ŋu le [eƒe ƒomea] dzi kpɔm o, eye magate ŋu ado dzi anɔ woƒe ŋkume kpɔm o.”

      NU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Le xexea me godoo la, ame 1 le 7 ɖe sia ɖe me mekpɔa nu ɖuna wòsunɛ gbe sia gbe o. Numakpɔɖui ƒe nyaa gavɔ̃ɖi wu le Afrika dukɔ siwo le Sahara ƒe anyiehe, afi si ame 1 le 3 ɖe sia ɖe me mekpɔa nu ɖuna o ɣeyiɣi didi aɖe. Be míase nya sia gɔme nyuie la, tsɔe be ame etɔ̃e le ƒome aɖe me; vifofo, vidada, kple wo vi sue ɖeka. Ne ame eve koe akpɔ nu aɖu le wo dome ɖe, ke ame kae atsi dɔ? Vifofoa yea? Vidadaa yea? Alo ɖevia ye? Nyametsotso siae dzea ŋgɔ ƒome siwo le dukɔ mawo me gbe sia gbe.

      NUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Nuɖuɖu si wokpɔna le anyigba dzi la asu ame sia ame wòagatsi anyi. Nu si ko hiãe nye be woalé be na anyigbadzinuwo nyuie.

      ÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Ele eme be agbledelawo te ŋu le agble gãwo dem fifia wu tsã, si wɔe be wodzraa nuɖuɖu geɖe le xexea me. Ðe wòle be dziɖuɖuwo nalé be na nuɖuɖu mawo atsɔ akpɔ dɔwuame ƒe kuxia gbɔ hafi. Ke hã, ƒe gbogbo aɖewoe nye esia wole agbagba dzem le esia ŋu ʋuu do kpoe.

      NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe Marko 13:8 le eme vam fifia? Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le mɔɖaŋununya me hã la, ɖe dɔ le ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ wum egbea?

      Zi geɖe la, kuxi siwo dona tso ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi bubu aɖe mee kplɔa anyigbaʋuʋu kple dɔwuame ɖo.

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

      “Ðevi siwo axamedɔ, mitsinyenyedɔ, kple dɔléle bubuwo wuna la dometɔ ɖeka le etɔ̃ me kple edzivɔ ate ŋu atsi agbe hafi ne ɖe wokpɔa nu nyui ɖuna.”—ANN M. VENEMAN, DƆDZIKPƆLA NA DUKƆ ƑOƑUAWO ƑE ÐEVIWO ƑE NYAGBƆKPƆHA TSÃ.

      [Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]

      © Paul Lowe/Panos Pictures

  • Nyagblɔɖi 3. Dɔléle
    Gbetakpɔxɔ—2011 | May 1
    • Nyagblɔɖi 3. Dɔléle

      “Dɔvɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexeame.”—LUKA 21:11, Agbenya La.

      ● Bonzali, si nye lãmesẽnyawo gbɔ kpɔla le Afrika dukɔ aɖe si me dukɔmeviʋa gblẽ nu le vevie la, dze agbagba be yeayɔ dɔ tomenukula siwo Marburg dɔlékuiaa nɔ wuwum le du si me wòle la me. Emi asi lãmesẽnyawo gbɔ kpɔla bubu siwo le dugã aɖe si te ɖe wo ŋu me be woava kpe ɖe ye ŋu, gake wodo tokui. Ɣleti ene megbe hafi wova zɔ ɖe eƒe yɔyɔa dzi, gake kaka woava la, Bonzali ŋutɔ ku. Exɔ Marburg dɔa le tomenukula siwo wònɔ agbagba dzem be yeaxɔ na la ŋu.

      NU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Dɔlélewo abe axamedɔ, mitsinyenyedɔwo, ɖikanaku (AIDS) yɔmekpe, kple asrãdɔ ene; esiawoe nye dɔléle siwo le nu gblẽm le ameƒomea ŋu egbea ŋutɔ. Nyitsɔ laa la, akɔntabubuwo ɖee fia be dɔléle ƒomevi atɔ̃ siawo wu ame miliɔn 10 akpe alafa 7 sɔŋ le ƒe ɖeka aɖe ko me. Ne míagblɔe bubui la, efia be dɔléle siawo wua ame ɖeka le sɛkɛnd etɔ̃ ɖe sia ɖe me.

      NUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Amewo le agbɔ sɔm ɖe edzi le anyigba dzi fifia, eya ta ame siwo adze dɔ hã ƒe xexlẽme adzi ɖe edzi godoo. Esia tae dɔnɔwo le agbɔ sɔm ɖe edzi ɖo.

      ÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Enye nyateƒe be amewo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi le xexea me ŋutɔ ya. Nenema kee amegbetɔwo te ŋu wɔ ŋgɔyiyi geɖe hã le atikewɔnyawo kple dɔdamɔnuwo me fifia wu tsã. Eya ta ɖe mele be míakpɔ mɔ be dɔlényawo dzi naɖe akpɔtɔ kura hafi oa? Gake nu si to vovo na emae le dzɔdzɔm.

      NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe dɔvɔ̃wo le nu gblẽm egbea abe ale si Biblia gblɔe ɖi enea?

      Anyigbaʋuʋu, dɔwuame, kple dɔléle nye nu siwo le nu gblẽm le ame miliɔn geɖewo ŋu; gake menye amegbetɔ aɖekee ɖonɛ koŋ hea nu siawo vanɛ tẽe o. Le ame miliɔn bubuwo gome la, wo havi amegbetɔwoe wɔa fu wo—ame siwo wòle be woakpɔ wo ta hafi lae tua nu kpli wo. Na míakpɔ ale si Biblia gblɔ esia ŋu nya ɖii ɖa.

      [Etenuŋɔŋlɔ]

      a Dɔlékui aɖe si le abe Ebola ene gbɔe ʋuɖuɖuleameŋudɔ si nye Marburg Hemorrhagic Fever la tso.

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

      “Nublanuinyae wònye be dɔléle vɔ̃ɖi aɖe nanɔ nu gblẽm le ŋuwò le ememe, abe ale si ko dzata alo lã wɔadã aɖe vuvua ame ene, eye nàkpɔe be nu ma tututue le dzɔdzɔm ɖe ame siwo dome nèle la dzi.”—DƆVƆ̃ŊUTINUNYALA MICHAEL OSTERHOLM.

      [Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 6]

      © William Daniels/Panos Pictures

  • Nyagblɔɖi 4. Ame Siwo Melɔ̃a Ame Ƒe Nya O
    Gbetakpɔxɔ—2011 | May 1
    • Nyagblɔɖi 4. Ame Siwo Melɔ̃a Ame Ƒe Nya O

      “Amewo . . . malɔ̃ woƒe ƒometɔwo o.”—2 TIMOTEO 3:1-3, God’s Word Bible.

      ● Chris wɔa dɔ le ŋutasẽnuwɔwɔ le ƒometɔwo ŋu ŋuti kpekpeɖeŋunaha aɖe me le North Wales. Eka nya ta be: “Meɖo ŋkui be gbe ɖeka la, nyɔnu aɖe si medze si la va gbɔnye, gake nyemekpɔe dze sii o, le esi woƒoe vivie ta.” Egblɔ hã be “Ale si wogblẽa nu le nyɔnu aɖewo ŋu le seselelãme gome la nana nu tena ɖe wo dzi ale gbegbe be ɖeko wodea mo to le ŋukpe ta.”

      NU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Akɔntabubuwo ɖee fia be le Afrika dukɔ aɖe me la, nyɔnu siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnu ɖo ŋutasesẽtɔe le woƒe ɖevime la anɔ abe ame 1 le 3 ɖe sia ɖe me ene. Le dukɔ ma ke me la, numekuku aɖe si wowɔ la ɖee fia be ŋutsu siwo wu ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me xɔe se be esɔ be yewoaƒo yewo srɔ̃wo. Gake menye nyɔnuwo ŋu koe wowɔa ŋutasẽnuwo ɖo le aƒe me o. Le kpɔɖeŋu me, le Canada la, ŋutsu 3 le 10 ɖe sia ɖe me srɔ̃wo ƒoa wo alo sẽa ŋuta le wo ŋu le mɔ bubu nu.

      NUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ƒometɔwo ŋu li tso gbe aɖe gbe ke. Ðeko amewo gale nu ƒom tso eŋu egbea akpa.

      ÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Ele eme baa be wole to kɔm dzi na amewo tso ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ƒometɔwo ŋu ŋu le míaƒe ɣeyiɣia me ŋutɔ ya. Gake ɖe nuƒoƒo tso eŋu alea na edzi ɖe kpɔtɔa? Kpao. Fifia boŋ ye ame geɖe le ŋuta sẽm le woƒe ƒometɔwo ŋu wu.

      NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe 2 Timoteo 3:1-3 le eme vam egbea? Ðe lɔlɔ̃ si wòle be wòanɔ ƒometɔwo dome la le to yim le míaƒe ŋkekea mea?

      Nyagblɔɖi atɔ̃lia si hã le eme vam fifia la ku ɖe míaƒe anyigba la ŋu. De dzesi nya si Biblia gblɔ tso esia ŋu.

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

      “Míalɔ̃ ɖe edzi be ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ƒometɔwo ŋue nye nu vlo wɔwɔ siwo dzi amewo mekɔa nu le kaba o la dometɔ ɖeka. Le mama dedie nu la, nyɔnuwo srɔ̃wo ƒoa wo wòdea zi 35 sɔŋ hafi wova dia kpovitɔwo ƒe mɔ.”—ŊUTASESẼ LE ƑOMETƆWO ŊU ŊUTI NYAWO GBƆKPƆHA SI LE WALES ƑE NYANUÐELA.

  • Nyagblɔɖi 5. Wole Anyigba La Gblẽm
    Gbetakpɔxɔ—2011 | May 1
    • Nyagblɔɖi 5. Wole Anyigba La Gblẽm

      “[Mawu ahe] gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.”—NYAÐEÐEFIA 11:18.

      ● Aƒetɔ Pirri nye ahakpala le Kpor, Nigeria. Tomemi gbogbo si ɖuɖu ɖe Niger Tɔsisia me la na eƒe dɔwɔɖuia gblẽ. Egblɔ be: “Ele míaƒe tɔmelãwo tsrɔ̃m, ele nu gblẽm le míaƒe ŋutigbalẽ ŋu, eye wòle míaƒe tɔsisiwo dome gblẽm. Nyemeganya dɔwɔɖui si nu manɔ agbe ɖo o.”

      NU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Le numekulawo ƒe nya nu la, gbeɖuɖɔ tɔn miliɔn 6 kple afã sɔŋ ye wokɔna ɖe atsiaƒu me ƒe sia ƒe. Wokpɔe be gbeɖuɖɔ siawo katã ƒe afã nye aŋenu siwo axɔ ƒe alafa geɖe hafi anyunyɔ keŋkeŋ. Menye ɖeko amegbetɔwo le ɖi ƒom míaƒe anyigba la ko o, wole edzinuwo hã dome gblẽm eteƒe mekɔ o. Numekukuwo ɖee fia be axɔ ƒe ɖeka ɣleti atɔ̃ hafi anyigba ŋutɔ nagbugbɔ aɖɔ eɖokui ɖo be wòate ŋu awɔ nuɖuɖu si amegbetɔwo hiãna le ƒe ɖeka me. Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be: “Ne amewo le dzidzim ɖe edzi hele nuɖuɖu zãm alea la, ke kaka ƒe 2035 naɖo la, míahiã anyigba sia ƒe teƒe eve hafi agbea nanya nɔ.”—Sydney Morning Herald.

      NUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Ŋutete le amegbetɔwo si be woalé be na anyigba dzi nuwo. Míate ŋu akpɔ kuxi siawo gbɔ ahakpɔ anyigba la ta.

      ÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Ame ɖekaɖekawo kple habɔbɔ siwo tsɔ ɖe le nya sia me vevie la kɔa to dzi na amewo tso afɔku siwo ado tso bemalémalé na anyigbaa me ŋu. Ke hã, ɖeko amewo yi edzi le ɖi ƒom anyigbaa geɖe wu.

      NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe wòhiã be Mawu nava xɔ na míaƒe anyigba la abe ale si wòdo ŋugbee enea?

      Tsɔ kpe ɖe nyagblɔɖi atɔ̃ siwo me míedzro ŋu la, Biblia gblɔ nu nyui aɖewo siwo adzɔ le ŋkeke mamlɛawo me la hã ŋu nya ɖi. Na míakpɔ wo dometɔ ɖeka ɖa le nyagblɔɖi adelia me.

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

      “Ðeko wòle abe paradiso mee menɔ tsã eye fifia wòtrɔ zu aɖukpo si dzi wotsɔa aɖi wuame ƒua gbe ɖo ene.”—ERIN TAMBER, SI LE GULF COAST LE UNITED STATES, SI FA KONYI TSO AMI SI ÐUÐU ÐE ATSIAƑU ME LE MEXICO ƑUKƆME LE ƑE 2010 ME LA ME TSONUWO ŊU.

      [Aɖaka si le axa 8]

      Mawu Gbɔe Wòtsoa?

      Esi Biblia gblɔ nu gbegblẽ siwo le dzɔdzɔm egbea la ɖi ta la, ɖe ema fia be Mawu gbɔe wòtso be nu siawo le dzɔdzɔma? Mawue na míele fu kpema? Àte ŋu akpɔ nya siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 11 lia me.

      [Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]

      U.S. Coast Guard photo

  • Nyagblɔɖi 6. Xexea Me Katã Ƒe Gbeƒãɖeɖedɔ
    Gbetakpɔxɔ—2011 | May 1
    • Nyagblɔɖi 6. Xexea Me Katã Ƒe Gbeƒãɖeɖedɔ

      “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.”—MATEO 24:14.

      ● Vaiatea nye nyɔnu aɖe le Pacific ƒukpo tsoabo aɖe si le Tuamotu Ƒukpohatsotsoa dzi la dzi. Togbɔ be Tuamotu nye ƒukpohatsotso si me ƒukpo suesuesue 80 sɔŋ le, eye wòlolo kilometa 802,900 godoo va kpe hã la, ame 16,000 pɛ koe le afi ma. Ke hã, Yehowa Ðasefowo ƒe gbedeasia te ŋu ɖo Vaiatea kple eƒe nutoa me tɔwo gbɔ. Aleke wòdzɔe? Nya lae nye be Ðasefowo dzea agbagba be yewoaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na amewo katã, afi ka kee ameawo ɖale o.

      NU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe gbedeasia le anyigba ƒe akpa sia akpa. Le ƒe 2010 ɖeɖe dzaa ko me la, Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo siwo wu biliɔn 1.6 tsɔ ɖe gbeƒã nya nyuia le dukɔ 236 sɔŋ me. Esia fia be Ðasefo ɖe sia ɖe zã miniti 30 le gbeƒãɖeɖedɔa me gbe sia gbe. Le ƒe ewo siwo va yi me la, woma Biblia srɔ̃gbalẽ biliɔn 20 kple edzivɔwo.

      NUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Wole gbeƒã ɖem Biblia me gbedeasia ƒe akpe geɖee nye esia.

      ÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Nyateƒee wònye be ame geɖewo ɖe gbeƒã Biblia me gbedeasia kpɔ ya. Gake ɣeyiɣi vi aɖe ƒe nu ko wònye wowɔ, eye womewɔe wòde du hã o. Ke hã, Yehowa Ðasefowo ya le dɔ sia wɔm le ɖoɖo nu, eye gbedeasi si woɖea gbeƒãe la dea ame miliɔn alafa geɖe gbɔ le xexea me godoo. Ne amegbetɔwo ƒe habɔbɔ sẽŋutawo, siwo si ŋusẽ le tsi tre ɖe Ðasefowo ŋu vevie hã la, womedzudzɔa dɔ sia o, ke boŋ woyia edzi veviedodotɔe.a (Marko 13:13) Azɔ hã, womexea fe na Yehowa Ðasefowo ɖe dɔ sia ta o. Ke boŋ lɔlɔ̃nu faa dɔe wònye wowɔna, eye womedzraa woƒe agbalẽwo hã o. Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔe wotsɔna doa alɔ woƒe dɔa.

      NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe wole gbeƒã ɖem “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la le xexea me katã? Ðe nyagblɔɖi sia ƒe emevava ate ŋu anye kpeɖodzi be nu nyui aɖe le ŋgɔ gbɔna kpuiea?

      [Etenuŋɔŋlɔ]

      a Kpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe video etɔ̃ siwo nye, “Faithful Under Trials,” “Purple Triangles,” kple “Jehovah’s Witnesses Stand Firm Against Nazi Assault” hena numekɔkɔ bubuwo.

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

      “Zi ale si Yehowa nya ɖe mɔ ko la, míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia veviedodotɔe, eye míato mɔ sia mɔ dzi ana wòaɖo amewo gbɔ.”—2010 YEARBOOK OF JEHOVAH’S WITNESSES.

  • Etsɔme Nyui Aɖe Tu Aƒe!
    Gbetakpɔxɔ—2011 | May 1
    • Etsɔme Nyui Aɖe Tu Aƒe!

      “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—PSALMO 37:10, 11.

      ÐE NÀDI be yeakpɔ nyagblɔɖi sia me vava teƒea? Ðikeke mele eme o be àdii godoo. Susu vevi geɖewo li siwo ta nàte ŋu aka ɖe edzi be nya siawo ava eme kpuie.

      Biblia me nyagblɔɖi siwo ɖee fia kɔtɛ be “ŋkeke mamlɛawo” mee míele la dometɔ ʋɛ aɖewo ko mee míedzro le nyati siwo do ŋgɔ me. (2 Timoteo 3:1-5) Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔa ʋã Biblia ŋlɔlawo wogblɔ nya mawo ɖi be woana mɔkpɔkpɔ mí. (Romatɔwo 15:4) Nyagblɔɖi mawo me vava nye kpeɖodzi be xaxa siwo me tom míele la nu ayi kpuie.

      Nu kae ava ɖe ŋkeke mamlɛawo yome? Mawu Fiaɖuƒea aɖu ameƒomea dzi. (Mateo 6:9) Se ale si Biblia gblɔ be nuwo anɔ ɣemaɣi la ɖa:

      ● Woatsi dɔwuame nu. “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16.

      ● Woaɖe dɔléle ɖa. “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

      ● Woadzra anyigbaa ɖo wòazu yeye. “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

      Esiawoe nye Biblia me nyagblɔɖi dedziƒoname siwo ava eme kpuie la dometɔ ʋɛ aɖewo. Ðe manyo be nàbia Yehowa Ðasefowo woaɖe nu si ta woka ɖe edzi bliboe be etsɔme nyui aɖe tu aƒe la me na wò oa?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe