INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w23 November axa 20-25
  • Ðe Yehowa Aɖo Nye Gbedodoɖawo Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Yehowa Aɖo Nye Gbedodoɖawo Ŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU KAE YEHOWA WƆNA NE MÍEDO GBE ÐA NƐ?
  • NU KAE YEHOWA DI TSO MÍA SI?
  • NU KA TAE WÒAHIÃ ƔEAÐEWOƔI BE MÍATRƆ NU SI BIAM MÍELE YEHOWA?
  • Ale Si Yehowa Ðoa Míaƒe Gbedodoɖawo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖawo Katã Ŋu O?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Ale Si Míana Míaƒe Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
w23 November axa 20-25

NUSƆSRƆ̃NYATI 49

Ðe Yehowa Aɖo Nye Gbedodoɖawo Ŋua?

“Miayɔm, miava do gbe ɖa nam, eye maɖo to mi.”—YER. 29:12.

HADZIDZI 41 Oo Mawu, Se Nye Gbedodoɖa

NYA VEVIAWOa

1-2. Nu ka tae wòate ŋu awɔ na mí be Yehowa mele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom o?

“YEHOWA ƒe nu nenyo ŋuwò vevie, ekema ana nu siwo wò dzi di la wò.” (Ps. 37:4) Ŋugbedodo sia lé dzi na ame ŋutɔ! Gake ɖe míanɔ mɔ kpɔm be Yehowa nawɔ nu sia nu si míebiae la na mí enumakea? Biabia ma le vevie ŋutɔ. Nu ka tae? Bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ. Nɔvinyɔnu tre aɖe do gbe ɖa be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu yeade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua. Ƒe geɖe va yi, gake womekpee o. Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe do gbe ɖa na Yehowa be wòana yeahaya tso dɔléle vɔ̃ɖi aɖe si me ne yeate ŋu awɔ geɖe le hamea me. Gake mehaya o. Dzila aɖewo do gbe ɖa be yewo vi nakpɔtɔ anɔ nyateƒea me. Gake wo via va dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ.

2 Ðewohĩ, wò hã èdo gbe ɖa bia nane Yehowa, gake wò asi mesu edzi o. Anɔ eme be esia na nèse le ɖokuiwò me be Yehowa ɖoa ame bubuwo ya ƒe gbedodoɖawo ŋu, gake meɖoa ye tɔ ŋu o. Alo ànya susui be yewɔ nane si mesɔ o. Nenemae nɔvinyɔnu Janiceb se le eɖokui me. Eya kple srɔ̃a wodi be yewoasubɔ le Betel, eye wodo gbe ɖa tso eŋu. Egblɔ be: “Meka ɖe edzi be madidi o, míavae subɔ le Betel.” Gake ɣletiwo va yi eye ƒewo hã va yi, evɔ womekpe wo o. Egblɔ be: “Metɔtɔ eye melé blanui. Mebia ɖokuinye be agɔ kae medze le Yehowa dzi? Medo gbe ɖa vevie na Yehowa be mayi Betel. Nu ka tae meɖo eŋu o?”

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Ɣeaɖewoɣia, ewɔna na mí abe ɖe Yehowa mele míaƒe gbedodoɖawo sem o ene. Mawusubɔla siwo nɔ anyi le blema dometɔ aɖewo gɔ̃ hã se le wo ɖokui me nenema kpɔ. (Hiob 30:20; Ps. 22:2; Hab. 1:2) Nu kae ate ŋu ana nàka ɖe edzi be Yehowa aɖo to wò gbedodoɖawo? (Ps. 65:2) Be míate ŋu aɖo biabia sia ŋua, anyo be míaɖo biabia siwo gbɔna ŋu gbã: (1) Nu kae Yehowa wɔna ne míedo gbe ɖa nɛ? (2) Nu kae Yehowa di tso mía si? (3) Nu ka tae wòahiã ɣeaɖewoɣi be míatrɔ nu si biam míele Yehowa?

NU KAE YEHOWA WƆNA NE MÍEDO GBE ÐA NƐ?

4. Le Yeremiya 29:12 ƒe nya nua, ŋugbe kae Yehowa do?

4 Yehowa do ŋugbe be yeaɖo to míaƒe gbedodoɖawo. (Xlẽ Yeremiya 29:12.) Mía Mawua lɔ̃ mí elabe míesubɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe, eya ta aɖo to míaƒe gbedodoɖawo ɣesiaɣi. (Ps. 10:17; 37:28) Gake esia mefia be awɔ nu sia nu si míebiae o. Ahiã be míalala xexe yeyea me hafi míaƒe asi nasu nu siwo míebiae la dometɔ aɖewo dzi.

5. Nu ka ŋue Yehowa buna ne ele to ɖom míaƒe gbedodoɖawo? Ðe eme.

5 Yehowa bua eƒe tameɖoɖoa ŋu ne ele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom. (Yes. 55:​8, 9) Eƒe tameɖoɖoa ƒe akpa aɖee nye be ame siwo wɔ ɖeka eye wobɔbɔa wo ɖokui ɖe eƒe dziɖuɖu tea nayɔ anyigba dzi. Gake Satana gblɔ be eme anyo na amegbetɔwo wu ne wole wo ɖokuiwo dzi ɖum. (1 Mose 3:​1-5) Be Yehowa naɖee afia be nya si gblɔm Abosam le nye alakpaa, eɖe mɔ be amegbetɔwo naɖu wo ɖokuiwo dzi. Gake amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu na be fukpekpe xɔ aƒe ɖe xexea me. (Nyagb. 8:9) Míenya be Yehowa maɖe fukpekpe siawo katã ɖa fifia o. Elabe ne ewɔe alea, ana ame aɖewo nasusui be amegbetɔwo ate ŋu aɖu wo ɖokuiwo dzi eye woakpɔ woƒe kuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe.

6. Nu ka tae wòle be míaka ɖe edzi be Yehowa wɔa nu si sɔ eye wòwɔa nu le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi?

6 Yehowa ate ŋu aɖo gbedodoɖa siwo ku ɖe nu ɖeka tɔgbi ŋua ŋu le mɔ vovovo nu. Le kpɔɖeŋu me, esi Fia Hizkiya dze dɔ veviea, eɖe kuku na Yehowa be wòana yeahaya, eye Yehowa na wòhaya. (2 Fia. 20:​1-6) Gake esi apostolo Paulo ɖe kuku na Yehowa be wòaɖe “ŋù aɖe” si le yeƒe “ŋutilã me,” si anya nye dɔléle aɖe si nɔ fu wɔmee ɖa la, Yehowa meɖee ɖa o. (2 Kor. 12:​7-9) Bu apostolo Yakobo kple Petro hã ŋu kpɔ. Fia Herodes ɖoe be yeawu wo ame evea. Nɔviawo do gbe ɖa ɖe Petro ta, eye anɔ eme be wodo gbe ɖa ɖe Yakobo hã ta. Yehowa ɖe Petro nukutɔe, gake wowu Yakobo ya. (Dɔw. 12:​1-11) Ðewohĩ míabia be, ‘Nu ka tae Yehowa xɔ na Petro, evɔ mexɔ na Yakobo ya o?’ Biblia megblɔe o.c Gake míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa “mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o.” (5 Mose 32:4) Eye míenya be Yehowa lɔ̃ Petro kple Yakobo siaa. (Nyaɖ. 21:14) Ɣeaɖewoɣia, Yehowa maɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu abe ale si míekpɔ mɔe ene o. Gake ne míeka ɖe edzi be Yehowa sea míaƒe gbedodoɖawo hewɔa nu ɖe mía ŋu le mɔ si sɔ nu le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣia, mímado dziku alo ato nyatoƒoe ne mewɔ nu si míebiaea na mí o.—Hiob 33:13.

7. Nu kae mele be míawɔ o, eye nu ka tae?

7 Mele be míatsɔ míaƒe nɔnɔmea anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo tɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míedo gbe ɖa bia nane Yehowa, gake mewɔe na mí o. Emegbe míekpɔ be ame aɖe hã bia nu ma tɔgbi Yehowa, eye wòwɔe nɛ. Nu sia tɔgbi dzɔ ɖe nɔvinyɔnu Anna dzi. Srɔ̃a, Matthew, nɔ kansadɔ lém, eye wòdo gbe ɖa ɖe eta be wòahaya. Le ɣeyiɣi ma ke mea, nɔvinyɔnu eve siwo tsi wu srɔ̃a hã nɔ dɔ ma ke lém. Anna do gbe ɖa vevie ɖe srɔ̃a kple nɔvinyɔnuawo ta. Nɔvinyɔnuawo haya, gake srɔ̃a ya ku. Gbãa, Anna bia eɖokui be, ne Yehowae na nɔvinyɔnuawo hayaa, ke nu ka tae meɖo yeƒe gbedodoɖawo ŋu eye wòna ye srɔ̃ hã haya o? Nya lae nye be, mímenya nu si tae nuwo yi nenema o. Gake nu si míenyae nye be Yehowa ava ɖe míaƒe fukpekpewo katã ɖa mlɔeba, eye edi vevie be yeafɔ ye xɔlɔ̃ vevi siwo ku la ɖe tsitre.—Hiob 14:15.

8. (a) Le Yesaya 43:2 ƒe nya nua, aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu? (b) Aleke gbedodoɖa akpe ɖe mía ŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom? (Kpɔ video si nye Gbedodoɖa Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi.)

8 Yehowa akpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi. Mía Fofo Yehowa lɔ̃ mí eye medi gbeɖe be míakpe fu o. (Yes. 63:9) Gake mexea mɔ ɖe míaƒe xaxawo katã nu o, ke boŋ edo ŋugbe be ne míaƒe xaxawo le abe dzo alo tɔsisi ene le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu hãa, yeakpe ɖe mía ŋu ‘míato wo me.’ (Xlẽ Yesaya 43:2.) Yehowa maɖe mɔ míaƒe xaxawo nagblẽ nu le mía ŋu ɖikaa o. Azɔ hã, Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa mí be wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi. (Luka 11:13; Flp. 4:13) Esia ta, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana nu si tututu míehiã be míado dzi awɔ nuteƒe nɛa mí ɣesiaɣi.d

NU KAE YEHOWA DI TSO MÍA SI?

9. Le ɖekawɔwɔ me kple Yakobo 1:​6, 7, nu ka tae wòle be míaka ɖe Yehowa dzi be akpe ɖe mía ŋu?

9 Yehowa di be míaka ɖe ye dzi. (Heb. 11:6) Ɣeaɖewoɣia, míaƒe xaxawo ate ŋu awu tsɔtsɔ na mí, eye míasusui gɔ̃ hã be Yehowa mele kpekpem ɖe mía ŋu o. Gake Biblia ka ɖe edzi na mí be ‘le Mawu ƒe ŋusẽ mea, míate ŋu aflɔ gli.’ (Ps. 18:29) Eya ta mele be míasusu be Yehowa makpe ɖe mía ŋu o, ke boŋ míado gbe ɖa le xɔse me eye míaka ɖe edzi be aɖo eŋu.—Xlẽ Yakobo 1:​6, 7.

10. Gblɔ ale si míate ŋu awɔ nu wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo ƒe kpɔɖeŋu aɖe.

10 Yehowa di be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe ate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa be wòana woaɖe mɔ na ye le dɔme be yeate ŋu ade takpekpe. Aleke Yehowa aɖo gbedodoɖa ma ŋui? Ate ŋu ana dzi naɖo nɔvia ƒo wòabia mɔ le eƒe dɔtɔ gbɔ. Gake ele be nɔvia ŋutɔ hã naɖe afɔ ayi dɔtɔa gbɔ ava bia mɔ. Eye ne dɔtɔa gbea, ɖewohĩ ahiã be wòagayi ake. Ate ŋu ahiã be wòawɔ ɖoɖo awɔ dɔ ɖe dɔwɔvi bubu aɖe teƒe ale be dɔwɔvi ma hã nawɔ dɔ ɖe ye teƒe le takpekpeŋkekea dzi. Eye ne eva hiãa, ate ŋu agblɔ na dɔtɔa be yelɔ̃ be womaxe ŋkeke si yeayi takpekpea ƒe fe na ye o.

11. Nu ka tae wòle be míanɔ gbe dom ɖa tso míaƒe hiahiãwo ŋu edziedzi?

11 Yehowa di be míanɔ gbe dom ɖa tso míaƒe hiahiãwo ŋu edziedzi. (1 Tes. 5:17) Yesu gblɔ be “minɔ ebiabia dzi,” si fia be menye nu sia nu si míebia ye woana mí enumake o. (Luka 11:9) Eya ta mègana ta o! Yi edzi nànɔ gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe. (Luka 18:​1-7) Ne míeyi edzi le gbe dom ɖa tso nane ŋua, míele eɖem fia Yehowa be nu si biam míelea le vevie na mí. Eye eɖenɛ fiana hã be míexɔe se be akpe ɖe mía ŋu.

NU KA TAE WÒAHIÃ ƔEAÐEWOƔI BE MÍATRƆ NU SI BIAM MÍELE YEHOWA?

12. (a) Nya kae míate ŋu abia mía ɖokui tso míaƒe gbedodoɖawo ŋu, eye nu ka tae? (b) Aleke míate ŋu akpɔ egbɔ be míaƒe gbedodoɖawo dea bubu Yehowa ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “Ðe Nye Gbedodoɖawo Dea Bubu Yehowa Ŋua?”)

12 Ne Yehowa mewɔ nu si míedo gbe ɖa biae na mí oa, anyo be míabia nya vevi etɔ̃ aɖewo mía ɖokui. Gbãtɔe nye, ‘Ðe nu si biam mele sɔa?’ Zi geɖea, ewɔna na mí be míenya nu si nyo na mí. Gake ɖewohĩ nu si biam míelea maɖe vi boo na mí o. Ne míele gbe dom ɖa tso kuxi aɖe ŋua, ɖewohĩ egbɔkpɔnu aɖe li si nyo sãsãsã wu esi biam míele. Eye ate ŋu anye be nu si biam míelea mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu o. (1 Yoh. 5:14) Le kpɔɖeŋu me, bu dzila siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi ŋu kpɔ. Wodo gbe ɖa be Yehowa nana yewo via nanɔ nyateƒea me. Edze abe nu si wobia Yehowa sɔ ene. Gake Yehowa mezia ame aɖeke dzi be wòasubɔ ye o. Edi be mía dometɔ ɖe sia ɖe, mía viwo gɔ̃ hã, ŋutɔ natiae be yeasubɔ ye. (5 Mose 10:​12, 13; 30:​19, 20) Eya ta nu si asɔ wue nye be dzilaawo nabia Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoaɖo yewo via ƒe dzi gbɔ ale be wòalɔ̃ Yehowa eye wòazu exɔlɔ̃.—Lod. 22:6; Ef. 6:4.

Ðe Nye Gbedodoɖawo Dea Bubu Yehowa Ŋua?

Mía Fofo Yehowa lɔ̃ mí eye edina be yeaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu. Eyae wɔ mí ta edze be míade bubu eŋu. (Nyaɖ. 4:11) Aleke nàde bubu mía Fofo si le dziƒo ŋu ne èle gbe dom ɖa nɛ?

  • Kpɔ egbɔ be nu siwo biam nèlea wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye susu nyuiwo tae nèle wo biam. (1 Yoh. 5:14) Mele be míaƒe gbedodoɖawo naku ɖe míaƒe hiahiãwo kple míaƒe didiwo ɖeɖe ko ŋu o. Yakobo xlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be ne ‘susu vɔ̃’ alo ɖokuitɔdidi tae wole nane biam Yehowa la, mawɔe na wo o.—Yak. 4:3.

  • Mègate tɔ ɖe nu si biam nèle dzi o. (Mat. 4:7) Ka ɖe edzi be Yehowa nya ale si tututu wòaɖo wò gbedodoɖawo ŋu wòaɖe vi na wò. Eye ɣeaɖewoɣia, ale si wòaɖo wo ŋu ato vovo na ale si nèkpɔ mɔe.—Ef. 3:20.

  • Ðo ŋku edzi nàda akpe na Yehowa ɖe nu siwo wòwɔna na wò gbe sia gbe ta. Dzi adzɔ Yehowa ne èda akpe nɛ ɖe ale si wòkpe ɖe ŋuwòe ta.—Kol. 3:15; 1 Tes. 5:​17, 18.

13. Le 1 Petro 5:6, 7 ƒe nya nua, ɖe Yehowa awɔ nu siwo míebia le ɣeyiɣi si tututu míedi dzia? Ðe eme.

13 Biabia eveliae nye, ‘Ðe Yehowa kpɔ be ɣeyiɣia sɔ be yeawɔ nu si mebia?’ Míawo ya míedina be woaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu na mí enumake. Gake le nyateƒe mea, Yehowae nya ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòakpe ɖe mía ŋu. (Xlẽ 1 Petro 5:​6, 7.) Ne Yehowa meɖo míaƒe gbedodoɖa aɖe ŋu enumake oa, ɖewohĩ míasusu be ke ɖe medi be yeawɔ nu si míebia na mí o. Gake ate ŋu anye be ɖe wòle gbɔgblɔm be ‘Menye ɣeyiɣi nyuitɔe nye ema o.’ Le kpɔɖeŋu me, gabu nɔviŋutsu sɔhɛ si do gbe ɖa na Yehowa be wòana yeahaya ŋu kpɔ. Ne Yehowa da dɔ nɛ nukutɔea, Satana ate ŋu atso enu be esi Yehowa da dɔ nɛ ta koe wòle esubɔm ɖo. (Hiob 1:​9-11; 2:4) Azɔ hã, Yehowa ɖo ɣeyiɣi si dzi wòaɖe dɔlélewo katã ɖa. (Yes. 33:24; Nyaɖ. 21:​3, 4) Hafi ɣemaɣi naɖoa, mele be míakpɔ mɔ be Yehowa nada dɔ na mí nukutɔe o. Eya ta nɔviŋutsua ate ŋu ado gbe ɖa abia be Yehowa nado ŋusẽ ye yeado dzi le yeƒe nɔnɔmea me eye wòana yeƒe susu me nadze akɔ anyi be yeayi edzi awɔ nuteƒe.—Ps. 29:11.

14. Nu kae nèsrɔ̃ tso Janice gbɔ?

14 Gabu nɔvinyɔnu Janice si do gbe ɖa be yeava subɔ le Betel ŋu kpɔ. Ƒe atɔ̃ megbe hafi wòva de dzesii be Yehowa ɖo yeƒe gbedodoɖaa ŋu, gake le mɔ bubu nu. Egblɔ be: “Le ɣeyiɣi mawo katã mea, Yehowa nɔ hehe namem, eye wònɔ kpekpem ɖe ŋunye be matu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Mekpɔe be ehiã be magaka ɖe Yehowa dzi geɖe wu, mana nye ɖokuisinusɔsrɔ̃ naganyo ɖe edzi, eye masrɔ̃ ale si mayi edzi akpɔ dzidzɔ, metsɔ le afi si mele subɔsubɔm le o.” Emegbe wokpe eya kple srɔ̃a be woava wɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa. Janice gblɔ be: “Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋu, gake ewɔe le mɔ si nyemekpɔ mɔ na o nu wòwu gbɔgblɔ nam gɔ̃ hã. Exɔ ɣeyiɣi hafi meva de dzesii, gake meda akpe nɛ ŋutɔ be wòlɔ̃m eye wònyo dɔme nam alea gbegbe.”

Foto vovovoawo: 1. Nɔvinyɔnu eve kpe Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua ƒe dɔbiagbalẽa ɖo. Wo dometɔ ɖe sia ɖe le gbe ɖom ɖa hafi atsɔe ana. 2. Nɔvinyɔnuawo dometɔ ɖeka tsɔ lɛta si wòxɔ be wòava de sukua le exɔlɔ̃wo fiam le Fiaɖuƒe Akpata me eye nɔvinyɔnu si hã kpe dɔbiagbalẽa ɖoa le wo dome. 3. Nɔvinyɔnu si womekpe oa, le gbe dom ɖa na Yehowa. Eyome, eŋlɔ lɛta le mɔ̃ dzi. Emegbea, ezɔ mɔ yi dukɔ bubu me vae le gbeƒã ɖem eye wòle asi kpem ɖe xɔtudɔwo ŋu.

Ne èse le ɖokuiwò me be Yehowa meɖo wò gbedodoɖa aɖe ŋu oa, anyo be nàtrɔ nu si biam nèlee (Kpɔ memama 15 lia)f

15. Nu ka tae wòate ŋu ahiã be míakeke míaƒe gbedodoɖawo ɖe enu abia nu bubu? (Kpɔ fotoawo hã.)

15 Biabia etɔ̃liae nye, ‘Ðe wòahiã be makeke nye gbedodoɖaa ɖe enu abia nu bubua?’ Togbɔ be enyo be míado gbe ɖa tso nane koŋ ŋu hãa, anyo be míakeke míaƒe gbedodoɖaa ɖe enu ale be míate ŋu ade dzesi nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu na mí. Bu nɔvinyɔnu tre si nɔ gbe do ɖam be yeade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua ŋu kpɔ. Edi be yeade sukua ale be yeasubɔ le afi si wohiã gbeƒãɖelawo le. Eya ta esi wòyi edzi le gbe dom ɖa be woakpe ye na sukua, ate ŋu abia Yehowa hã be wòakpe ɖe ye ŋu yeade dzesi nu bubu siwo yeawɔ atsɔ akeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. (Dɔw. 16:​9, 10) Eyome, ate ŋu abia woƒe nutome sue dzikpɔlaa ne hame aɖe hiã mɔɖelawo ale be yeavae kpe asi ɖe wo ŋu. Alo ate ŋu aŋlɔ lɛta na alɔdzedɔwɔƒea abia afi si wohiã Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu le ale be yeavae kpe asi ɖe wo ŋu.e

16. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

16 Abe ale si míesrɔ̃e enea, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa sea míaƒe gbedodoɖawo hewɔa nu ɖe mía ŋu le mɔ si sɔ nu le lɔlɔ̃ me. (Ps. 4:3; Yes. 30:18) Ɣeaɖewoɣia, maɖo eŋu abe ale si míedi ene o. Gake Yehowa mado toku míaƒe gbedodoɖawo gbeɖe o. Elɔ̃ mí vevie, eye magblẽ mí ɖi akpɔ o. (Ps. 9:10) Eya ta yi edzi ‘nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu,’ eye nàdo gbe ɖa nɛ ɣeawokatãɣi.—Ps. 62:8.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu kae Yehowa wɔna ne míedo gbe ɖa nɛ?

  • Nu kae Yehowa di tso mía si?

  • Nu ka tae wòahiã ɣeaɖewoɣi be míatrɔ nu si biam míele Yehowa?

HADZIDZI 43 Akpedagbedodoɖa

a Nyati sia ana míakpɔ susu siwo tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa sea míaƒe gbedodoɖawo hewɔa nu ɖe mía ŋu le mɔ si sɔ nu le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

c Kpɔ nyati si nye “Ðe Nèka Ðe Ale Si Yehowa Wɔa Nui Dzia?” le February 2022 ƒe Gbetakpɔxɔ me, memama 3-6.

d Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si Yehowa kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le xaxawo me ŋua, kpɔ video si nye Gbedodoɖa Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi le jw.org.

e Ne èdi mɔfiame tso ale si nàtsɔ ɖokuiwò ana avae subɔ le alɔdzedɔwɔƒe bubu ƒe anyigbamama me ŋua, kpɔ agbalẽ si nye Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ, ta 10, memama 6-9.

f NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔvinyɔnu eve le gbe dom ɖa hafi ade asi agbalẽ te be yewoade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua. Emegbea, wokpe ame ɖeka gake womekpe evelia ya o. Dzi meɖe le nɔvinyɔnu si womekpe oa ƒo o, ke boŋ edo gbe ɖa na Yehowa be wòana yeade dzesi mɔ bubu siwo dzi yeato akeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Eyome eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea tsɔ na wonya be yelɔ̃ faa be yeavae subɔ le afi si hiahiã geɖe le.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe