INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w23 November axa 8-13
  • Ale Si Míana Míaƒe Lɔlɔ̃ Na Mía Nɔewo Nasẽ Ðe Edzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Míana Míaƒe Lɔlɔ̃ Na Mía Nɔewo Nasẽ Ðe Edzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU KA TAE WÒLE BE MÍALƆ̃ MÍA NƆEWO?
  • ALEKE MÍAÐEE AFIA BE MÍELƆ̃ MÍA NƆEWO?
  • ALEKE MÍANA MÍAƑE LƆLƆ̃ NA MÍA NƆEWO NASẼ ÐE EDZI?
  • NU SI TAE LƆLƆ̃ HIÃ VEVIE EGBEA
  • “Miyi Edzi Miazɔ Le Lɔlɔ̃ Me”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • ‘Vevietɔ La Mitsɔ Lɔlɔ̃ Deto Lɔ̃ Mia Nɔewo’
    Minɔ Ŋudzɔ!
  • Mègana Wò Lɔlɔ̃ Nayi To O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Lɔlɔ̃ Netu Wò Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
w23 November axa 8-13

NUSƆSRƆ̃NYATI 47

Ale Si Míana Míaƒe Lɔlɔ̃ Na Mía Nɔewo Nasẽ Ðe Edzi

“Mina míayi edzi alɔ̃ mía nɔewo, elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu gbɔ.”—1 YOH. 4:7.

HADZIDZI 109 Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke

NYA VEVIAWOa

1-2. (a) Nu ka tae apostolo Paulo gblɔ be lɔlɔ̃ ‘ƒo nɔnɔme bubuawo ta’? (b) Nu kawo mee míadzro?

ESI apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso xɔse, mɔkpɔkpɔ, kple lɔlɔ̃ ŋua, egblɔ be “esi ƒo wo tae nye lɔlɔ̃.” (1 Kor. 13:13) Nu ka tae wògblɔe nenema? Susu si tae nye be ne ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe xexe yeyea ŋu va emea, magahiã be míaxɔ wo dzi ase alo anɔ mɔ kpɔm na wo o. Gake ahiã be míayi edzi alɔ̃ Yehowa kple amewo. Le nyateƒe mea, míaƒe lɔlɔ̃ na wo anɔ sesẽm ɖe edzi yi ɖe mavɔ me.

2 Esi wònye be lɔlɔ̃ nu mayi akpɔ o taa, míadzro biabia etɔ̃ me. Gbã, nu ka tae wòle be míalɔ̃ mía nɔewo? Evelia, aleke míaɖee afia be míelɔ̃ mía nɔewo? Etɔ̃lia, aleke míana míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔewo nasẽ ɖe edzi?

NU KA TAE WÒLE BE MÍALƆ̃ MÍA NƆEWO?

3. Susu kawo tae wòle be míalɔ̃ mía nɔewo?

3 Nu ka tae wòle vevie be míalɔ̃ mía nɔewo? Susu ɖekae nye be lɔlɔ̃ dea dzesi Kristotɔ vavãwo. Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:35) Susu bubue nye be lɔlɔ̃ nana míewɔa ɖeka. Paulo gblɔ be lɔlɔ̃ nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” (Kol. 3:14) Gake susu vevi bubu aɖe hã li si tae wòle be míalɔ̃ mía nɔewo. Apostolo Yohanes gblɔ na nɔvia Kristotɔwo be: “Ame si lɔ̃ Mawu la nalɔ̃ nɔvia hã.” (1 Yoh. 4:21) Ne míelɔ̃ mía nɔewoa, efia be míelɔ̃ Mawu.

4-5. Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwo la ɖea lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu fiana?

4 Nu ka tae míate ŋu agblɔ be lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwo la ɖea lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu fiana? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ, míenya be kadodo kplikplikpli aɖe le míaƒe dzi kple míaƒe ŋutilã ƒe akpa bubuawo dome. Eya ta ne ɖɔktawo di be yewoakpɔ ale si ame aɖe ƒe dzi le dɔ wɔm la, wotea ŋu blaa abɔ na amea eye woléa eƒe alɔnu dzidzea ale si dzia le tsotsom. Nu kae kpɔɖeŋu sia fia mí?

5 Ale si ko ɖɔktawo tea ŋu dea dzesi ale si amewo ƒe dzi le dɔ wɔmee ne wolé eƒe alɔnu dzidze la, nenema kee míate ŋu akpɔ ale si míelɔ̃ Mawu ne míelé ŋku ɖe ale si míelɔ̃ amewoe ŋu. Ne míede dzesii be míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔvi Kristotɔwo nu le tsitsim la, esia ate ŋu afia be míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu hã nu le tsitsim. Gake ne míelɔ̃a mía nɔvi Kristotɔwo ɣesiaɣia, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu vevie.

6. Ne míede dzesii be míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔvi Kristotɔwo nu le tsitsim la, nu kae esia fia? (1 Yoh. 4:​7-9, 11)

6 Ne míede dzesii be míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔvi Kristotɔwo nu le tsitsim la, ele be míawɔ nane tso eŋu kaba. Nu ka tae? Elabe esia fia be ɖewohĩ ƒomedodo si le mía kple Yehowa domea le gbɔdzɔgbɔdzɔm. Apostolo Yohanes gblɔe eme kɔ nyuie be: “Ame si melɔ̃a nɔvia si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu si kpɔm mele o la o.” (1 Yoh. 4:20) Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Eyae nye be ne ‘míelɔ̃ mía nɔewo’ ko hafi míaƒe nu adze Yehowa ŋu.—Xlẽ 1 Yoh. 4:​7-9, 11.

ALEKE MÍAÐEE AFIA BE MÍELƆ̃ MÍA NƆEWO?

7-8. Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be míelɔ̃ mía nɔewo?

7 Wode se na mí zi geɖe le Mawu ƒe Nyaa me be ‘míalɔ̃ mía nɔewo.’ (Yoh. 15:​12, 17; Rom. 13:8; 1 Tes. 4:9; 1 Pet. 1:22; 1 Yoh. 4:11) Gake dzi mee lɔlɔ̃ tsona, eye amegbetɔ aɖeke mate ŋu akpɔ míaƒe dzi me o. Ke aleke míawɔ ana mía nɔvi Kristotɔwo nakpɔe be míelɔ̃ yewo? Eyae nye to míaƒe nyawo kple nuwɔnawo dzi.

8 Míate ŋu ato nuwɔna vovovowo dzi aɖee afia mía nɔvi Kristotɔwo be míelɔ̃ wo. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Mito nyateƒe na mia nɔewo.” (Zak. 8:16) “Minɔ ŋutifafa me kple mia nɔewo.” (Marko 9:50) “Mitre mia nɔewo bubu.” (Rom. 12:10) “Mixɔ mia nɔewo.” (Rom. 15:7) “Miyi edzi . . . miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.” (Kol. 3:13) “Miyi edzi miakpe ɖe mia nɔewo ŋu.” (Gal. 6:2) ‘Miyi edzi mianɔ akɔ fam na mia nɔewo.’ (1 Tes. 4:18) “Miyi edzi . . . mianɔ mia nɔewo tum ɖo.” (1 Tes. 5:11) “Mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta.”—Yak. 5:16.

Fotoawo: 1. Nɔvinyɔnu aɖe le gbe dom ɖa. 2. Ele to ɖom nyuie esime nɔvinyɔnu aɖe le eƒe dzimenyawo gblɔm nɛ. 3. Ele dze ɖom kple nɔvinyɔnu aɖe si le dɔ lém to videokadodo dzi. 4. Ewɔ nunana sue aɖe be yeatsɔ ana nɔvi aɖe eye wòle lɛta ŋlɔm kpe ɖe eŋu. 5. Eɖa nu tsɔ yi na nɔvinyɔnu aɖe si wobla abɔ na eye wole nu ɖum ɖekae.

Aleke míate ŋu akpe ɖe mía nɔvi Kristotɔ siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom ŋu? (Kpɔ memama 7-9 lia)

9. Nu ka tae akɔfafa na amewo ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo? (Kpɔ fotoawo hã.)

9 Na míade ŋugble le nya si Paulo gblɔ be, ‘Miyi edzi mianɔ akɔ fam na mia nɔewo’ ŋu kpɔ. Nu ka tae akɔfafa na amewo nye nu vevi aɖe si ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo? Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ tso Helagbe me nya si Paulo zã si gɔme woɖe be “fa akɔ” ŋu be “efia be woanɔ ame gbɔ ade dzi ƒo nɛ ne ele dodokpɔ sesẽ me tom.” Eya ta ne míefa akɔ na mía nɔvi Kristotɔ aɖe si le nɔnɔme sesẽ me tomaa, efia be míele kpekpem ɖe eŋu be wòayi agbemɔa zɔzɔ dzi. Ɣesiaɣi si míefa akɔ na mía nɔvi Kristotɔ aɖea, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃e.—2 Kor. 7:​6, 7, 13.

10. Kadodo kae le vevesese ɖe amewo nu kple akɔfafa na amewo dome?

10 Kadodo kplikplikpli aɖe le vevesese ɖe amewo nu kple akɔfafa na amewo dome. Ame si sea veve ɖe ame nu dina vevie be yeafa akɔ na amewo eye yeakpe ɖe wo ŋu. Eya ta ne míesea veve ɖe amewo nua, eʋãa mí be míafa akɔ na wo. Paulo na míekpɔe be Yehowa sea veve ɖe ame nu eye wòfaa akɔ na ame. Egblɔ tso Yehowa ŋu be enye “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu.” (2 Kor. 1:3) Nya “dɔmetɔtrɔ” si Paulo zã le afi sia fia be woase veve ɖe ame nu. Esɔ be Paulo yɔ Yehowa be “dɔmetɔtrɔ Fofo,” elabe eya gbɔe nɔnɔme nyui ma tso. Esi Yehowa sea veve ɖe mía nu taa, efaa akɔ na mí “le míaƒe xaxawo katã me.” (2 Kor. 1:​4, etenuŋɔŋlɔa) Ne tsikɔ le mía wum vevie eye míekpɔ tsi fafɛ aɖe noa, míaƒe dzi dzea eme. Nenema kee Yehowa faa akɔ na ame siwo dzi nu te ɖo eye wònana woƒe dzi dzea eme. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ase veve ɖe amewo nu eye míafa akɔ na wo? Mɔ ɖekae nye be míatu nɔnɔme siwo ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míase veve ɖe amewo nu ahafa akɔ na woa ɖo. Nɔnɔme mawo dometɔ aɖewoe nye kawo?

11. Le Kolosetɔwo 3:12 kple 1 Petro 3:8 ƒe nya nua, nɔnɔme nyui bubu kawo hãe wòhiã be míatu ɖo ale be míayi edzi alɔ̃ amewo ahafa akɔ na wo?

11 Nu kae míate ŋu awɔ be lɔlɔ̃ si le mía si la nu nagatsi o eye ‘míayi edzi anɔ akɔ fam na mía nɔewo’ gbe sia gbe? Eyae nye be míatu nɔnɔme nyui bubuwo abe nɔvilɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ene ɖo. (Xlẽ Kolosetɔwo 3:12; 1 Petro 3:8.) Aleke esia wɔwɔ aɖe vi na mí? Ne míetu nɔnɔme mawo ɖo eye míesea veve ɖe amewo nu tso dzi me kea, míadi vevie be míafa akɔ na ame siwo le xaxawo me tom. Esia tae Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi lae nu gblɔna. Ame nyui ɖea nu nyuiwo ɖe go tso eƒe nu nyui dzraɖoƒe.” (Mat. 12:​34, 35) Vavãe, ne míaƒe dzi ʋã mí míefa akɔ na mía nɔvi Kristotɔwo le nɔnɔme sesẽwo mea, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo nyateƒe.

ALEKE MÍANA MÍAƑE LƆLƆ̃ NA MÍA NƆEWO NASẼ ÐE EDZI?

12. (a) Nu ka ŋue wòhiã be míakpɔ nyuie le? (b) Biabia ka mee míadzro azɔ?

12 Mí katã míedi be “míayi edzi alɔ̃ mía nɔewo.” (1 Yoh. 4:7) Togbɔ be ele alea hã, ele vevie be míaɖo ŋku edzi be Yesu xlɔ̃ nu mí be “ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to.” (Mat. 24:12) Menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be esia adzɔ ɖe yeƒe nusrɔ̃la akpa gãtɔ dzi o. Gake ele be míakpɔ nyuie be amemalɔ̃malɔ̃ si xɔ aƒe ɖe xexea me nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Esi esia le susu me na mía, anyo be míade ŋugble le biabia vevi sia ŋu: Aleke míawɔ anya ne lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwo nu sẽ?

13. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ne lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔviwo nu sẽ?

13 Mɔ aɖe si dzi míato ado lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔviwo kpɔe nye be míalé ŋku ɖe ale si míewɔa nui ne nɔnɔme aɖewo do mo ɖa ŋu. (2 Kor. 8:8) Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro gblɔ be: “Milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.” (1 Pet. 4:8) Esia fia be mía nɔviwo ƒe blibomademade ate ŋu ana míanya ne lɔlɔ̃ si le mía si na woa nu sẽ.

14. Le 1 Petro 4:8 ƒe nya nua, lɔlɔ̃ ka tɔgbie Petro de dzi ƒo na mí be míatu ɖo? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

14 Na míade ŋugble le Petro ƒe nyaa ŋu ayi ŋgɔe. Kpukpui 8 lia ƒe akpa gbãtɔ gblɔ be ‘míalɔ̃ mía nɔewo vevie.’ Helagbe me nya si Petro zã si gɔme woɖe be “vevie” la fia be woakeke nane me. Kpukpuia ƒe akpa evelia gblɔ be ne lɔlɔ̃ ma tɔgbi le mía sia, atsyɔ mía nɔviwo ƒe nu vɔ̃wo dzi. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ne kplɔ̃ aɖe le mía si evɔ edzi menya kpɔ oa, zi geɖe míetsɔa avɔ dzeani aɖe eye míekekea eme tsɔna tsyɔa edzi. Nenema kee ne míelɔ̃ mía nɔewo veviea, míaƒe lɔlɔ̃a atsyɔ, menye nu vɔ̃ ɖeka alo eve ko dzi o, ke boŋ “nu vɔ̃ geɖe” dzi. Lɔlɔ̃ sia aʋã mí míatsɔ ake alo aŋe aɖaba aƒu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi.

15. Nu kae míawɔ ne míelɔ̃ mía nɔewo vevie? (Kolosetɔwo 3:13)

15 Ele be lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwo nasẽ ale gbegbe be míalɔ̃ faa atsɔ woƒe vodadawo ake wo, ne esia wɔwɔ sesẽ na mí gɔ̃ hã. (Xlẽ Kolosetɔwo 3:13.) Ne míedzea agbagba tsɔna kea amewoa, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo vevie, eye míedi be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu. Nu ka hãe akpe ɖe mía ŋu be míaŋe aɖaba aƒu mía nɔviwo ƒe vodadawo kple woƒe nɔnɔme siwo medzɔa dzi na mí oa dzi?

Nɔviŋutsu aɖe le foto aɖe si eya kple nɔvi aɖewo ɖea tutum ɖa le eƒe asitelefon dzi. Eta foto siwo wòɖe kple nɔvi mawoa dometɔ ɖeka eye wòdae ɖe kplɔ̃ dzi.

Ale si ko míedaa foto nyuiwo ɖe ŋkukpɔƒe eye míetsɔa esiwo menyo o ƒua gbea, nenema kee míetsɔa susu ɖoa mía nɔviwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, ke menye woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo o (Kpɔ memama 16-17 lia)

16-17. Nu bubu kae akpe ɖe mía ŋu be míaŋe aɖaba aƒu mía nɔviwo ƒe vodada suesuewo dzi? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ fotoa hã.)

16 Nu bubu si akpe ɖe mía ŋue nye be míana míaƒe susu nanɔ mía nɔviwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, ke menye woƒe gbagbãƒe o. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be nɔvi aɖe ɖo kplɔ̃ eye wòkpe wò kple nɔvi bubu aɖewo. Mieɖu nu, ɖo dze, kpɔ dzidzɔ, eye mieɖoe be yewoaɖe foto hafi akaka. Eya ta èɖe foto ɖeka, gaɖe evelia kple etɔ̃lia, kple susu be ne ɖe menyo oa, ɖe nanyo. Gake ède dzesii le fotoawo dometɔ ɖeka me be nɔviŋutsu ɖeka yɔ mo. Aleke nàwɔ foto mae? Àɖee ɖa, elabe eve bubu le asiwò si me ame sia ame ɖo nukomo le.

17 Míate ŋu atsɔ fotoawo asɔ kple nu siwo míedi be woatsi susu me na mí. Zi geɖea, míedina be ɣeyiɣi si míede ha kple mía nɔviwo eye míekpɔ dzidzɔ ɖekae natsi susu me na mí. Gake tsɔe be le ɣeyiɣi mawo dometɔ ɖeka mea, nɔvi aɖe gblɔ nya aɖe alo wɔ nane si medzɔ dzi na mí o. Nu kae wòle be míawɔ? Anyo be míaɖe nya ma ɖa le susu me, abe ale si ko míaɖe foto si medzɔ dzi na mí o ɖa ene. (Lod. 19:11; Ef. 4:32) Míate ŋu atiae be míaɖe mía nɔvia ƒe vodada sue ma ɖa le susu me elabe nu nyui bubu geɖewo li si mía kple nɔvi ma míewɔ ɖekae. Nu nyui mawo ŋue míedea asixɔxɔe eye woawoe míedi be woatsi susu me na mí.

NU SI TAE LƆLƆ̃ HIÃ VEVIE EGBEA

18. Nya vevi kawo mee míedzro le nyati sia me ku ɖe lɔlɔ̃ ŋu?

18 Nu ka tae wòle be míana lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwo nasẽ ɖe edzi? Nyati sia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ne míelɔ̃ mía nɔviwoa, efia be míelɔ̃ Yehowa. Aleke míawɔ mía nɔviwo nakpɔe be míelɔ̃ yewo? Mɔ ɖekae nye be míanɔ akɔ fam na wo. Ne míesea veve ɖe mía nɔviwo nua, aʋã mí be míayi edzi anɔ ‘akɔ fam na wo.’ Aleke míawɔ be lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔviwo nasẽ ɖe edzi? Eyae nye be míadze agbagba ɖe sia ɖe atsɔ woƒe vodadawo anɔ wo kem.

19. Nu ka tae wòle vevie fifia be míalɔ̃ mía nɔewo?

19 Nu ka tae wòle vevie fifia be míana mía nɔviwo nakpɔe be míelɔ̃ yewo? Petro ɖo eŋu na mí esi wògblɔ be: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eya ta, . . . milɔ̃ mia nɔewo vevie.” (1 Pet. 4:​7, 8) Esi xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu tu aƒe geɖe wua, nu kawoe míanɔ mɔ kpɔm na? Yesu gblɔ tso eyomedzelawo ŋu be: “Dukɔwo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.” (Mat. 24:9) Be míanɔ te ɖe woƒe fulélea nua, ele vevie be míawɔ ɖeka. Esia awɔe be Satana mate ŋu ade mama mía me o, elabe lɔlɔ̃ si nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo” la te mí ƒo ƒui.—Kol. 3:14; Flp. 2:​1, 2.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Susu kawo tae wòle be míalɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo?

  • Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia mía nɔviwo be míelɔ̃ wo?

  • Ne míelɔ̃na faa tsɔna kea amewoa, nu kae esia ɖena fiana?

HADZIDZI 130 Lɔ̃ Tsɔtsɔke

a Ehiã vevie be míalɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Nu ka tae? Eye aleke míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ sia fia geɖe wu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe