INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Gabriel Va Maria Gbɔ
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Mawudɔla Gabriel ɖe eɖokui fia Maria

      NUSƆSRƆ̃ 69

      Gabriel Va Maria Gbɔ

      Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃e me

      Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Maria nye Elizabet ƒe ƒometɔ, eye wònɔ Nazaret le Galilea. Wodo Maria ɖeɖe ŋugbe na Yosef, atikpala la. Esi Elizabet fɔ fu ɣleti ade la, mawudɔla Gabriel ɖe eɖokui fia Maria. Gabriel gblɔ be: ‘Medo gbe na wò Maria. Yehowa de bubu ŋuwò ŋutɔ.’ Maria mese nya si Gabriel gblɔ la gɔme o. Gabriel gblɔ nɛ be: ‘Àfɔ fu adzi ŋutsuvi, eye nàyɔe be Yesu. Anye Fia. Eƒe Fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee.’

      Maria gblɔ be: ‘Ðetugbui leaƒee menye. Aleke mawɔ adzi vi?’ Gabriel gblɔ be: ‘Naneke mesesẽ na Yehowa o. Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò eye àdzi ŋutsuvi. Wò ƒometɔ Elizabet hã fɔ fu.’ Maria ɖo eŋu be: ‘Yehowa ƒe dɔlanyɔnue menye. Neva eme nam abe ale si nègblɔe ene.’

      Yosef ɖe Maria si fɔ fu la

      Maria yi Elizabet gbɔ le tonuto aɖe me be yeasrãe kpɔ. Esi Maria do gbe nɛ la, Elizabet se be ɖevi si le dɔ me na ye la ti kpo. Esi gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu la, egblɔ be: ‘Maria, Yehowa yra wò. Bubu gã aɖee wònye nam be nye Aƒetɔ dada va aƒenye me.’ Maria gblɔ be: ‘Makafu Yehowa tso dzi me.’ Maria nɔ Elizabet gbɔ ɣleti etɔ̃, emegbe etrɔ yi wo de Nazaret.

      Esi Yosef se be Maria fɔ fu la, edi be yeagbee. Gake mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃e me eye wògblɔ nɛ be: ‘Mègavɔ̃ be yeaɖe Maria o. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.’ Eya ta Yosef ɖe Maria wòzu srɔ̃a eye wòkplɔe yi aƒe me.

      “Nu sia nu si dze Yehowa ŋu wòbe yeawɔ la, ewɔnɛ, le dziƒo kple anyigba.”—Psalmo 135:6

      Nyabiasewo: Nya kae Gabriel gblɔ na Maria tso via ŋu? Aleke Elizabet kple Maria bu nu siwo dzɔ ɖe wo dzi lae?

      Mateo 1:18-25; Luka 1:26-56; Yesaya 7:14; 9:7; Daniel 2:44; Galatiatɔwo 4:4

  • Mawudɔlawo Ðe Gbeƒã Yesu Dzidzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Mawudɔlawo ɖe gbeƒã Yesu dzidzi na alẽkplɔlawo

      NUSƆSRƆ̃ 70

      Mawudɔlawo Ðe Gbeƒã Yesu Dzidzi

      Roma Fiaɖuƒea dzi ɖula, Kaisaro Augusto, de se be Yudatɔwo katã nayi wo de avae ŋlɔ ŋkɔ. Eya ta Yosef kple Maria yi Betlehem, si nye du si me Yosef tso. Ɣemaɣi la esusɔ vie Maria nadzi vi.

      Esi woɖo Betlehem la, lãkpo me koe nye teƒe si wokpɔ na wo be woadze. Afi mae Maria dzi Yesu le. Exatsa avɔ ɖe ɖevia ŋu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me.

      Alẽkplɔla aɖewo nɔ woƒe alẽwo kplɔm le teƒe aɖe si te ɖe Betlehem ŋu le zã me. Mawudɔla aɖe va tɔ ɖe wo gbɔ le vo me eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo. Alẽkplɔlaawo vɔ̃ gake mawudɔlaa gblɔ na wo be: ‘Migavɔ̃ o. Dzidzɔnya aɖe le asinye na mi. Wodzi Mesia la le Betlehem egbea.’ Le ɣeyiɣi ma tututu me la, wokpɔ mawudɔla gbogbo aɖewo le yame wonɔ gbɔgblɔm be: ‘Ŋutikɔkɔe na Mawu le dziƒo, eye ŋutifafa na anyigbadzinɔlawo.’ Eyome mawudɔlaawo bu vĩi. Nu kae alẽkplɔlaawo wɔ?

      Wogblɔ na wo nɔewo be: ‘Mina míayi Betlehem fifi laa.’ Woyi enumake eye wokpɔ Yosef, Maria kple wo vi la le lãkpo me.

      Nya si mawudɔlaa gblɔ na alẽkplɔlaawo la wɔ nuku na ame sia ame si see. Maria bu mawudɔlaa ƒe nyawo ŋu vevie eye womebu le tame nɛ gbeɖe o. Alẽkplɔlawo trɔ yi woƒe alẽawo gbɔ eye woda akpe na Yehowa ɖe nu si wokpɔ eye wose la ta.

      “Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Ame mae dɔm ɖa.”—Yohanes 8:42

      Nyabiasewo: Esi wodzi Yesu la, nya kae mawudɔlawo gblɔ? Ame kawoe alẽkplɔlawo kpɔ le Betlehem?

      Luka 2:1-20; Yesaya 9:6

  • Yehowa Kpɔ Yesu Ta
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Maria kple Yesu ɖevi la nɔ anyi ɖe tedzi dzi eye Yosef le zɔzɔm le wo xa

      NUSƆSRƆ̃ 71

      Yehowa Kpɔ Yesu Ta

      Ame aɖewo nɔ dukɔ aɖe si le Israel ƒe ɣedzeƒe gome siwo xɔe se be ɣletiviwo ate ŋu afia mɔ yewo. Le zã aɖe me la, ŋutsu aɖewo siwo tso Ɣedzeƒe kpɔ nane si ɖi ɣletivi wònɔ zɔzɔm le yame eye wodze eyome. “Ɣletivia” kplɔ wo yi Yerusalem. Ŋutsuawo nɔ amewo biam be: ‘Afi kae ɖevi si ava nye Yudatɔwo ƒe fia la le? Míeva be míade bubu eŋu.’

      Esi Yerusalem fia Herodes se fia yeyea ŋu nya la, evɔ̃ ŋutɔ. Eya ta ebia nunɔlawo ƒe tatɔwo be: ‘Afi kae woadzi fia la le?’ Wogblɔ nɛ be: ‘Nyagblɔɖilawo gblɔe ɖi be woadzii le Betlehem.’ Eya ta Herodes yɔ ŋutsu siwo tso Ɣedzeƒe la eye wògblɔ na wo be: ‘Miyi Betlehem miadi ɖevi la. Eye miava gblɔ afi si wòle la nam. Nye hã medi be made bubu eŋu.’ Gake eka aʋatso.

      “Ɣletivia” gate zɔɖeɖe. Ŋutsuawo dze eyome va Betlehem. “Ɣletivia” va tɔ ɖe aƒe aɖe tame eye ŋutsuawo ge ɖe aƒea me. Wokpɔ Yesu kple dadaa Maria. Wobɔbɔ na ɖevia eye wotsɔ nunana siwo nye sika, lifi kple mire nɛ. Yehowa ye dɔ ŋutsu siawo ɖa be woadi Yesua? Ao.

      Le zã me la, Yehowa gblɔ na Yosef le drɔ̃e me be: ‘Herodes di be yeawu Yesu. Kplɔ srɔ̃wò kple viwòa ne miasi ayi Egipte. Nɔ afi ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nàtrɔ agbɔ.’ Enumake Yosef kple eƒe ƒomea woyi Egipte.

      Yehowa gblɔ na ŋutsu siwo tso Ɣedzeƒe la be woagatrɔ ayi Herodes gbɔ o. Esi Herodes va nya be ŋutsuawo matrɔ ava o la, dzi kui vevie. Menya ale si wòawɔ ake ɖe Yesu ŋu o, eya ta ede se be woawu ŋutsuvi siwo anya xɔ ƒe si Yesu xɔ la katã le Betlehem. Gake wokɔ Yesu si yi keke Egipte ke wòle dedie le afi ma.

      Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Herodes ku. Yehowa gblɔ na Yosef be: ‘Fifia àte ŋu atrɔ ayi aƒe.’ Eya ta Yosef, Maria kple Yesu trɔ yi Israel, eye wonɔ Nazaret dua me.

      “Nenema kee nye nya si do tso nye nu me la anɔ . . . , eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la ade goe hafi.”—Yesaya 55:11

      Nyabiasewo: Nu kae na Yesu ƒe agbe ɖo afɔku me? Aleke Yehowa kpe ɖe eŋui?

      Mateo 2:1-23; Mika 5:2

  • Yesu Ðevi La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yesu si xɔ ƒe wuieve la nɔ anyi ɖe nufialawo dome le gbedoxɔa me

      NUSƆSRƆ̃ 72

      Yesu Ðevi La

      Yosef kple Maria nɔ Nazaret eye Yesu kpakple wo vi ŋutsu kple nyɔnu mamlɛawo hã nɔ wo gbɔ. Yosef wɔ atikpakpadɔ tsɔ kpɔ eƒe ƒomea dzi, eye wòfia nu wo tso Yehowa kple eƒe Sewo ŋu. Woƒe ƒomea yia ƒuƒoƒea ɖadea ta agu edziedzi eye ƒe sia ƒe la, woyia Yerusalem hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu.

      Esi Yesu xɔ ƒe 12 la, eƒe ƒomea zɔ mɔ didi aɖe yi Yerusalem abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene. Amewo sɔ gbɔ ɖe dua me elabena wova Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe. Le azãa megbe la, Yosef kple Maria gadze mɔ ɖo ta aƒe, eye wosusui be Yesu hã le ameawo dome. Gake esi wodii le woƒe ƒometɔwo dome la, womekpɔe o.

      Wotrɔ yi Yerusalem, eye wodi wo via ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Mlɔeba wokpɔe le gbedoxɔa me. Yesu bɔbɔ nɔ anyi ɖe nufialaawo dome, nɔ to ɖom wo eye wònɔ nyawo biam wo. Yesu ƒe biabiawo wɔ nuku na nufialaawo ale gbegbe be woawo hã wobia nyawo Yesu. Ale si wòɖo nyaawo ŋu la wɔ nuku na wo. Wokpɔe be ese Yehowa ƒe Se la gɔme.

      Yosef kple Maria tsi dzi vevie ŋutɔ. Maria gblɔ be: ‘Vinye, míetsa di wò ʋuu! Afi kae nèyi?’ Yesu ɖo eŋu na wo be: ‘Mienyae be ele be manɔ Fofonye ƒe me le afi sia oa?’

      Yesu dze edzilawo yome yi Nazaret. Yosef fia atikpakpadɔ Yesu. Ame ka tɔgbie nèsusu be Yesu nye esime wònye ɖekakpuivi dzaa? Esi Yesu nɔ tsitsim la, eƒe nunya nɔ dzidzim ɖe edzi eye Mawu kple amegbetɔwo siaa kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu.

      Yosef, Maria kple Yesu kpakple nɔviaŋutsu kple nɔvianyɔnu aɖewo nɔ anyi ɖe kplɔ ŋu

      “Oo nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nye dzidzɔ, eye wò se la le menye.”—Psalmo 40:8

      Nyabiasewo: Afi kae Yosef kple Maria kpɔ Yesu le? Nu ka tae wònɔ afi ma?

      Mateo 13:55, 56; Marko 6:3; Luka 2:40-52; 4:16; 5 Mose 16:15, 16

  • Yohanes Dzra Mɔ Dzi Ðo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yohanes Amenyrɔɖetsimela le nu fiam amewo le Yordan-tɔsisia to

      NUSƆSRƆ̃ 73

      Yohanes Dzra Mɔ Dzi Ðo

      Esime Zakariya kple Elisabet ƒe vi Yohanes tsi la, eva zu nyagblɔɖila. Yehowa zã Yohanes wòfia nu amewo be Mesia la gbɔna. Yohanes mefia nu le ƒuƒoƒewo alo duwo me o, efia nu le gbedadaƒo boŋ. Amewo tso Yerusalem kple Yudea nutoa katã me va be Yohanes nafia nu yewo. Efia nu wo be ne wodi be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu la, ke ele be woadzudzɔ nu gbegblẽwo wɔwɔ. Esi woɖo to se Yohanes ƒe nyawo megbe la, wo dometɔ geɖe trɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me eye Yohanes nyrɔ wo le Yordan-tɔsisia me.

      Yohanes nɔ agbe tsɛ. Edoa kposɔfu ƒe awu eye wòɖua ʋetsuviwo henoa gbemenyitsi. Amewo di be yewoanya ame si Yohanes nye. Farisitɔwo kple Zadukitɔwo, siwo nye dadalawo gɔ̃ hã va egbɔ. Yohanes gblɔ na wo be: ‘Ele be miaɖe asi le miaƒe nuwɔnawo ŋu eye miatrɔ dzi me. Migasusu be esi miegblɔna be Abraham ƒe viwoe yewonye ta la, miele etɔxɛ o. Esia mefia be Mawu ƒe viwoe mienye o.’

      Ame geɖe va Yohanes gbɔ va biae be: ‘Nu kae wòle be míawɔ be míaƒe nu nadze Mawu ŋu?’ Yohanes gblɔ na wo be: ‘Ne awu eve le ame aɖe si la, netsɔ ɖeka na ame si si ɖeke mele o.’ Ènya nu si ta Yohanes gblɔ nya ma? Edi be yeƒe nusrɔ̃lawo nanya be hafi woƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be woalɔ̃ amewo.

      Yohanes gblɔ na adzɔxɔlawo be: ‘Mito nyateƒe, eye migaba ame o.’ Egblɔ na asrafowo be: ‘Migaxɔ zãnu alo ada alakpa o.’

      Nunɔlawo kple Lewi viwo hã va Yohanes gbɔ va biae be: ‘Ame kae nènye? Ame sia ame di be yeanya ame si nènye.’ Yohanes gblɔ na wo be: ‘Ame si le ɣli dom le gbedzi, le amewo kplɔm yi Yehowa gbɔ lae menye, abe ale si nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi ene.’

      Amewo kpɔ dzidzɔ ɖe Yohanes ƒe nufiafiawo ŋu. Ame geɖe susu be eyae nye Mesia la. Gake egblɔ na wo be: ‘Ame si lolo wum la gbɔna. Nyemedze atu eƒe afɔkpakawo gɔ̃ hã o. Nye la, metsɔ tsi le amewo nyrɔm ke eya atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe’ anyrɔ amewo.

      “Ame sia va abe ɖaseɖila ene, ne wòaɖi ɖase le kekeli la ŋu, ale be amewo katã ƒomevi naxɔ ase to edzi.”—Yohanes 1:7

      Nyabiasewo: Nu ka tae Yehowa dɔ Yohanes ɖo ɖe Yudatɔwo gbɔ? Aleke wowɔ nu ɖe eƒe gbedeasia ŋu?

      Mateo 3:1-11; Marko 1:1-8; Luka 3:1-18; Yohanes 1:19-28; Yesaya 40:3

  • Yesu Zu Mesia La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Esi Yohanes nyrɔ Yesu vɔ megbe la, Mawu ƒe gbɔgbɔa va edzi abe akpakpa ene

      NUSƆSRƆ̃ 74

      Yesu Zu Mesia La

      Yohanes nɔ gbeƒã ɖem be: ‘Ame si lolo wum la gbɔna.’ Esi Yesu xɔ abe ƒe 30 ene la, etso Galilea va Yordan-tɔsisia to, afi si Yohanes nɔ amewo nyrɔm le. Yesu di be Yohanes nanyrɔ ye, gake Yohanes gblɔ be: ‘Mele be manyrɔ wò o. Wòe wòle be nànyrɔm.’ Yesu gblɔ na Yohanes be: ‘Yehowa di be nànyrɔm.’ Eya ta woyi Yordan-tɔsisia me eye Yohanes nyrɔ Yesu ɖe tsia me keŋkeŋ.

      Esi Yesu fɔ tso tsia me la, edo gbe ɖa. Le ɣeyiɣi ma me la, dziƒowo nu ʋu, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ la ɖi ɖe edzi abe akpakpa ene. Eye Yehowa ƒo nu tso dziƒo gblɔ be: “Wòe nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; wò nu dzea ŋunye.”

      Esi Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Yesu dzi la, eva zu Kristo la alo Mesia. Azɔ adze dɔ si Yehowa dɔe ɖo ɖe anyigba dzi be wòava wɔ la gɔme.

      Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ megbe teti ko la, eyi gbedadaƒo eye wònɔ afi ma ŋkeke 40. Esi wòtrɔ gbɔ la, eyi Yohanes gbɔ. Esi Yesu nɔ tetem ɖe Yohanes ŋu la, Yohanes gblɔ be: ‘Mawu ƒe Alẽvi si aɖe xexea ƒe nu vɔ̃ ɖa lae nye esi.’ Esi Yohanes gblɔ nya sia la, ena amewo kpɔe be Yesue nye Mesia la. Ènya nu si dzɔ ɖe Yesu dzi esime wònɔ gbedadaƒoa? Na míakpɔe ɖa.

      “Eye gbe aɖe ɖi tso dziƒowo be: ‘Wòe nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; wò nu dzea ŋunye.’”—Marko 1:11

      Nyabiasewo: Nu ka tae wonyrɔ Yesu? Nu ka tae Yohanes gblɔ be Yesue nye Mawu ƒe Alẽvi la?

      Mateo 3:13-17; Marko 1:9-11; Luka 3:21-23; Yohanes 1:29-34; Yesaya 42:1; Hebritɔwo 10:7-9

  • Abosam Te Yesu Kpɔ
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • NUSƆSRƆ̃ 75

      Abosam Te Yesu Kpɔ

      Yesu gbe be yematrɔ kpe wòazu abolo o

      Esi wonyrɔ Yesu megbe la, gbɔgbɔ kɔkɔe la kplɔe yi gbedadaƒo. Meɖu naneke o ŋkeke 40 eye dɔ wui vevie. Eya ta Abosam va te Yesu kpɔ eye wògblɔ nɛ be: ‘Ne Mawu ƒe Vie nènye nyateƒe la, ekema gblɔ na kpe siawo be woatrɔ azu abolo.’ Gake Yesu yɔ Ŋɔŋlɔawo me nya aɖe tsɔ ɖo eŋu nɛ be: ‘Woŋlɔ ɖi be menye nuɖuɖu ɖeɖe koe amegbetɔ hiã hafi anɔ agbe o. Ele be míaɖo to nya sia nya si Yehowa gblɔ hã.’

      Abosam gagblɔ na Yesu be: ‘Ne Mawu ƒe Vie nènye nyateƒe la, ekema ti kpo tso gbedoxɔa ƒe kɔkɔƒe. Elabena woŋlɔe ɖi be Mawu adɔ eƒe dɔlawo woaxe wò.’ Gake Yesu gayɔ Ŋɔŋlɔawo me nya aɖe be: ‘Woŋlɔ ɖi be: Mègate Yehowa wò Mawu kpɔ o.’

      Yesu gbe be yemaxɔ xexemefiaɖuƒe si Satana tsɔ fiae la o

      Emegbe Satana ɖe xexemefiaɖuƒewo katã kple wo me kesinɔnuwo kpakple woƒe ŋutikɔkɔe fia Yesu eye wògblɔ nɛ be: ‘Matsɔ fiaɖuƒe siawo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe ana wò ne ède ta agu nam zi ɖeka pɛ ko.’ Gake Yesu ɖo eŋu nɛ be: ‘Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Yehowa ɖeɖe koe wòle be míade ta agu na.’

      Ale Abosam dzo le Yesu gbɔ, eye mawudɔlawo va na nuɖuɖui wòɖu. Tso ɣemaɣi la, Yesu nɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Esiae nye dɔ si Mawu dɔe ɖo ɖe anyigba dzi be wòava wɔ. Amewo kpɔ dzidzɔ ɖe nu si Yesu fia wo la ŋu eya ta wokplɔe ɖo yi afi sia afi si wòyi.

      “Ne [Abosam le] aʋatso kam la, eƒoa nu tso eɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.”—Yohanes 8:44

      Nyabiasewo: Tetekpɔ etɔ̃ kawo mee Yesu to? Aleke Yesu ɖo nya ŋu na Abosam?

      Mateo 4:1-11; Marko 1:12, 13; Luka 4:1-15; 5 Mose 6:13, 16; 8:3; Yakobo 4:7

  • Yesu Kɔ Gbedoxɔa Ŋu
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yesu tsɔ atam nya lãwo le gbedoxɔa me eye wòmu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi

      NUSƆSRƆ̃ 76

      Yesu Kɔ Gbedoxɔa Ŋu

      Le ƒe 30 K.Ŋ. ƒe adame la, Yesu yi Yerusalem. Ame gbogbo aɖewo va dua me be yewoava ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia. Le azãa ɖuɣi la, wotsɔa lãwo saa vɔe le gbedoxɔa me. Ame aɖewo ŋutɔ tsɔa lãwo ɖe asi vanɛ, gake ame bubuwo va ƒlenɛ le Yerusalem.

      Esi Yesu yi gbedoxɔa me la, ekpɔ be amewo nɔ lãwo dzram le afi ma. Wonɔ nu dzram tsɔ nɔ ga wɔm le Yehowa ƒe aƒe si nye tadeaguƒea me! Nu kae Yesu wɔ? Etsɔ ka gbi atam eye wònya alẽawo kple nyiawo do goe le gbedoxɔa me. Etrɔ gaɖɔlilawo ƒe gakuwo kɔ ɖe anyi, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. Yesu gblɔ na ame siwo nɔ ahɔnɛawo dzram la be: ‘Mitsɔ nu siawo dzoe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe me wɔ nudzraƒee o!’

      Nu si Yesu wɔ la wɔ nuku na ame siwo nɔ gbedoxɔa me. Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya si wogblɔ ɖi tso Mesia la ŋu be: ‘Maʋã ŋu le Yehowa ƒe aƒea ŋu’ la dzi.

      Emegbe le ƒe 33 K.Ŋ. la, Yesu gakɔ gbedoxɔa ŋu zi evelia. Maɖe mɔ ame aɖeke nawɔ nu si made bubu Fofoa ƒe aƒe la ŋu o.

      “Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.”—Luka 16:13

      Nyabiasewo: Nu kae Yesu wɔ esi wòkpɔ amewo wonɔ lãwo dzram le gbedoxɔa me? Nu ka tae Yesu nya wo?

      Mateo 21:12, 13; Marko 11:15-17; Luka 19:45, 46; Yohanes 2:13-17; Psalmo 69:9

  • Nyɔnu Si Va Vudoa To
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yesu le nu ƒom na Samaria-nyɔnu aɖe le Yakob ƒe vudo to

      NUSƆSRƆ̃ 77

      Nyɔnu Si Va Vudoa To

      Le Ŋutitotoŋkekenyuia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ mɔ to Samaria trɔ yina Galilea. Esi wogogo Sixar dua la, Yesu tɔ ɖe teƒe aɖe si Yakob ƒe vudo le. Esi wònɔ ɖiɖim ɖe eme le afi ma la, eƒe nusrɔ̃lawo yi dua me be yewoaƒle nuɖuɖu.

      Nyɔnu aɖe va vudoa to be yeaku tsi. Yesu gblɔ nɛ be: “Na tsi vi aɖem mano.” Nyɔnua gblɔ be: ‘Nu ka tae nèle nu ƒom nam? Samariatɔe menye. Yudatɔwo meƒoa nu na Samariatɔwo o.’ Yesu gblɔ nɛ be: ‘Ne ɖe nènya ame si menye la, àbia tsim eye mana agbetsi wò.’ Nyɔnua biae be: ‘Wò nyaa gɔme ɖe? Tsikunu gɔ̃ hã mele asiwò o.’ Yesu gblɔ nɛ be: ‘Ame sia ame si ano tsi si manae ƒe ɖe la, tsikɔ magawui akpɔ o.’ Nyɔnua gblɔ be: “Aƒetɔ, na tsi siam.”

      Yesu gblɔ nɛ be: ‘Yi nàkplɔ srɔ̃wò vɛ.’ Nyɔnua gblɔ be: ‘Srɔ̃ mele asinye o.’ Yesu gblɔ be: ‘Èto nyateƒe. Èɖe srɔ̃ zi atɔ̃ va yi, eye ŋutsu si gbɔ nèle fifia menye srɔ̃wò o.’ Nyɔnua gblɔ be: ‘Mekpɔe be nyagblɔɖilae nènye. Mía de tɔwo xɔe se be míate ŋu asubɔ Mawu le to sia dzi, gake Yudatɔwo gblɔna be Yerusalem koe wòle be míasubɔ le. Mexɔe se be ne Mesia la va la, afia ale si wòle be míasubɔ Mawui la mí.’ Eya ta Yesu gblɔ nya aɖe si megblɔ na ame aɖeke kpɔ o la nɛ. Egblɔ nɛ be: ‘Nyee nye Mesia la.’

      Yesu le nu ƒom na Samariatɔwo

      Nyɔnu la wɔ kaba yi Samaria dua me eye wògblɔ na wo be: ‘Mesusu be mekpɔ Mesia la. Enya nu sia nu tso ŋunye. Miva kpɔe ɖa!’ Amewo dze nyɔnua yome va vudoa to eye Yesu fia nu wo.

      Samariatɔawo gblɔ na Yesu be netsi yewoƒe dua me. Efia nu wo ŋkeke eve, eye ame geɖe xɔ edzi se. Ameawo gblɔ na Samaria-nyɔnua be: ‘Esi míeɖo to ŋutsu sia la, míekpɔe be eyae nye ame si aɖe xexea.’

      “‘Va!’ eye ame sia ame si tsikɔ le wuwum la neva; ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.”—Nyaɖeɖefia 22:17

      Nyabiasewo: Nu ka tae wòwɔ nuku na Samaria-nyɔnua be Yesu ƒo nu na ye? Nya kae wògblɔ na nyɔnua?

      Yohanes 4:1-42

  • Yesu Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yesu kple eƒe nusrɔ̃la aɖe le gbeƒã ɖem

      NUSƆSRƆ̃ 78

      Yesu Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia

      Esi wonyrɔ Yesu vɔ megbe kpuie la, edze gbeƒãɖeɖe be: ‘Mawu Fiaɖuƒe la gogo.’ Eƒe nusrɔ̃lawo dze eyome esi wònɔ gbeƒã ɖem le Galilea kple Yudea katã. Esi Yesu trɔ va wo de Nazaret la, eyi ƒuƒoƒea eye wòʋu Yesaya ƒe agbalẽ xatsaxatsa la, eye wòxlẽe sesĩe be: ‘Yehowa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lam be mate ŋu aɖe gbeƒã nya nyuia.’ Nu kae nya ma fia? Efia be togbɔ be amewo di be Yesu nawɔ nukunuwo yewoakpɔ hã la, susu vevi si ta Mawu na gbɔgbɔ kɔkɔea Yesue nye be wòaɖe gbeƒã nya nyuia. Emegbe egblɔ na ame siwo nɔ to ɖomee la be: ‘Nyagblɔɖi sia va eme egbea.’

      Emegbe Yesu yi Galilea-ƒua to, eye wòdo go eƒe nusrɔ̃la ene siwo nye lãɖelawo le afi ma. Ekpe wo be: ‘Midze yonyeme, eye mawɔ mi ameɖelawo.’ Ame siawoe nye Petro, Andrea, Yakobo kple Yohanes. Enumake wogblẽ woƒe lãɖeɖedɔa ɖi eye wodze eyome. Wotsa le Galilea nutoa katã me nɔ gbeƒã ɖem Yehowa ƒe Fiaɖuƒea. Woɖe gbeƒã le ƒuƒoƒewo, asiwo me kple ablɔwo dzi. Afi sia afi si woyi la, ame gbogbo aɖewo dze wo yome. Yesu ŋu nya kaka de afi sia afi, ede keke Siria ke.

      Emegbe Yesu na ŋusẽ eyomedzela aɖewo be woada dɔ na amewo eye woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Wo dometɔ aɖewo nɔ eŋu esime wònɔ gbeƒã ɖem tso du me yi du me kple kɔƒe yi kɔƒe me. Nyɔnu wɔnuteƒe siwo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana, Susana kple bubuawo lé be na Yesu kple eyomedzelawo.

      Esi Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo vɔ la, eɖo wo ɖa be woava ɖe gbeƒã. Esime wonɔ gbeƒã ɖem le Galilea nutoa katã me la, ame gbogbo aɖewo va zu nusrɔ̃lawo eye wonyrɔ wo. Ame gbogbo aɖewo di be yewoazu nusrɔ̃lawo ale gbegbe be Yesu tsɔ wo sɔ kple agble si dzi nukuwo ƒu ɖo na ŋeŋe. Egblɔ be: ‘Mido gbe ɖa na Yehowa be wòaɖo dɔwɔla geɖewo ɖa woava ŋe nukuawo.’ Emegbe etia nusrɔ̃lawo dometɔ 70 eye wòdɔ wo ɖa eveve be woaɖe gbeƒã le Yudea katã. Wofia nu ame ƒomevi ɖe sia ɖe tso Fiaɖuƒea ŋu. Esi nusrɔ̃laawo trɔ gbɔ la, wodi vevie be yewoaka nu siwo dzɔ la ta na Yesu. Abosam mete ŋu wɔ naneke tsɔ tɔ te gbeƒãɖeɖedɔa o.

      Yesu kpɔ egbɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo yi dɔ vevi sia dzi le eƒe dziƒo yiyi megbe. Egblɔ na wo be: ‘Miɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba bliboa katã dzi. Mifia Mawu ƒe Nya la amewo eye mianyrɔ wo.’

      “Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.”—Luka 4:43

      Nyabiasewo: Dɔ kae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ? Aleke nusrɔ̃lawo bu woƒe dɔae?

      Mateo 4:17-25; 9:35-38; 28:19, 20; Marko 1:14-20; Luka 4:14-21; 8:1-3; 10:1-22

  • Yesu Wɔ Nukunu Geɖe
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Dɔnɔwo va Yesu gbɔ be wòada dɔ na yewo

      NUSƆSRƆ̃ 79

      Yesu Wɔ Nukunu Geɖe

      Yesu va anyigba dzi be yeagblɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia. Be Yehowa naɖe nu si Yesu awɔ ne eva zu Fia afia la, ena gbɔgbɔ kɔkɔe Yesu be wòawɔ nukunuwo. Ete ŋu da dɔléle ƒomevi ɖe sia ɖe. Afi sia afi si wòyi la, dɔnɔwo va egbɔ be wòakpe ɖe yewo ŋu eye eda dɔ na wo katã. Ŋkuagbãtɔwo kpɔ nu, tokunɔwo se nu, lãmetututɔwo te ŋu zɔ eye ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vo tso wo si me. Ne woka asi eƒe awu toga ŋu gɔ̃ hã, wohayana. Amewo dze Yesu yome yi afi sia afi si wòyi. Ne Yesu di be ye ɖeɖe yeanɔ anyi gɔ̃ hã la, menyaa ame siwo va egbɔ la dometɔ aɖeke o.

      Gbe ɖeka la, amewo kɔ lãmetututɔ aɖe va aƒe si me Yesu le. Gake amewo sɔ gbɔ ɖe aƒea me ale gbegbe be womete ŋu ge ɖe eme o. Eya ta woŋɔ xɔa tame eye woɖiɖi dɔnɔa to afi ma ɖe Yesu gbɔ. Yesu gblɔ na lãmetututɔa be: ‘Tso nàzɔ.’ Esi ŋutsua tso zɔ la, ewɔ nuku na ameawo.

      Ɣebubuɣi esi Yesu nɔ gegem ɖe kɔƒe aɖe me la, ŋutsu ewo siwo nye kpodɔlélawo la tɔ ɖe adzɔge do ɣli be: ‘Yesu kpe ɖe mía ŋu!’ Ɣemaɣi la, womeɖea mɔ na kpodɔlélawo be woate ɖe amewo ŋu o. Yesu gblɔ na ŋutsuawo be woayi gbedoxɔa me abe ale si Yehowa ƒe Sea gblɔe be kpodɔléla siwo ŋuti kɔ la nawɔ ene. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wohaya. Esi kpodɔlélawo dometɔ ɖeka kpɔ be yehaya la, etrɔ va da akpe na Yesu eye wòkafu Mawu. Ame ewoawo dometɔ ɖeka sia koe va da akpe na Yesu.

      Nyɔnu aɖe si nɔ dɔ lém ƒe 12 sɔŋ la di vevie be yeahaya. Eto Yesu megbe le ameha aɖe dome va ka asi Yesu ƒe awu toga ŋu. Enumake ehaya. Esi wòka asi Yesu ŋu la, Yesu bia be: ‘Ame kae ka asi ŋunye?’ Vɔvɔ̃ ɖo nyɔnua, gake eva to nyateƒe. Yesu fa akɔ nɛ gblɔ be: ‘Vinyenyɔnu, heyi le ŋutifafa me.’

      Amegã aɖe si ŋkɔe nye Yairo va ɖe kuku na Yesu be: ‘Va aƒenye me! Vinyenyɔnuvi dze dɔ vevie.’ Gake kaka Yesu naɖo Yairo ƒe me la, nyɔnuvia ku. Esi Yesu va ɖo la, ekpɔe be ame geɖewo va le fafam kple ƒomea. Yesu gblɔ na wo be: ‘Migava fa avi o; alɔ̃ ko dɔm wòle.’ Eye wòlé nyɔnuvi la ƒe alɔnu gblɔ be: “Nyɔnuvi, tsi tsitre!” Efɔ nɔ anyi enumake eye Yesu gblɔ na edzilawo be woana nui wòaɖu. Kpɔ ale si dzi adzɔ edzilawoe ɖa!

      Jesus resurrects Jairus’ daughter

      “Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe kple ŋusẽ si ami nɛ, eye wòyi ɖato anyigba blibo la dzi nɔ nyui wɔm henɔ dɔ dam na ame siwo katã Abosam te ɖe anyi, elabena Mawu nɔ kplii.”—Dɔwɔwɔwo 10:38

      Nyabiasewo: Nu ka tae Yesu te ŋu da dɔléle ƒomevi ɖe sia ɖe? Nu kae dzɔ ɖe Yairo vinyɔnuvi la dzi?

      Mateo 9:18-26; 14:36; Marko 2:1-12; 5:21-43; 6:55, 56; Luka 6:19; 8:41-56; 17:11-19

  • Yesu Tia Apostolo Wuieve
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yesu kple eƒe apostolo 12-awo

      NUSƆSRƆ̃ 80

      Yesu Tia Apostolo Wuieve

      Esi Yesu ɖe gbeƒã abe ƒe ɖeka kple afã ene megbe la, eva hiã be wòatso nya me le nu vevi aɖe ŋu. Ame kawoe wòatia be woanɔ ye ŋu yewoawɔ dɔa? Ame kawoe wòana hehee be woaxɔ ŋgɔ le Kristo hamea me? Be Yesu natso nya me le nya siawo ŋu la, edi be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu. Eya ta eya ɖeɖe yi to aɖe dzi, eye wòdo gbe ɖa zã bliboa katã. Esi ŋu ke la, Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la aɖewo ƒo ƒu eye wòtia wo dometɔ 12 be woanye apostolowo. Ame siawo dometɔ kawo ƒe ŋkɔ dzie nèɖo ŋkui? Woƒe ŋkɔwoe nye Petro, Andrea, Yakobo, Yohanes, Filipo, Bartolomeo, Toma, Mateo, Yakobo Alfeo vi, Tadeo, Simon kple Yuda Iskariot.

      Andrea, Petro, Filipo, Yakobo

      Andrea, Petro, Filipo, Yakobo

      Ame Wuieve siawo adze eyome ayi afi sia afi si wòayi. Esi wòna hehe wo vɔ la, edɔ wo ɖa be woawo ɖeɖe woava ɖe gbeƒã. Yehowa na ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo eye woada dɔ na dɔnɔwo.

      Yohanes, Mateo, Bartolomeo, Toma

      Yohanes, Mateo, Bartolomeo, Toma

      Yesu yɔ Ame Wuieveawo be ye xɔlɔ̃wo, eye eka ɖe wo dzi. Farisitɔwo bua apostoloawo be wonye ame tsɛwo kple ame siwo mede suku o. Gake Yesu na hehe wo ɖe dɔ si woava wɔ la ŋu. Woanɔ Yesu ŋu le eƒe agbe ƒe ɣeyiɣi vevitɔwo me; ɣeyiɣi mawoe nye, do ŋgɔ na eƒe ku kple eƒe tsitretsitsi megbe. Ame Wuieveawo dometɔ akpa gãtɔ tso Galilea abe Yesu ke ene. Wo dometɔ aɖewo ɖe srɔ̃.

      Yakobo Alfeo vi, Yuda Iskariot, Tadeo, Simon

      Yakobo Alfeo vi, Yuda Iskariot, Tadeo, Simon

      Apostoloawo mede blibo o eya ta wowɔa vodada. Ɣeaɖewoɣi wotsɔ dzitsitsi ƒo nu, eye wowɔ nanewo siwo mesɔ o. Womegbɔa dzi ɖi ɣeaɖewoɣi o. Eye woʋli nya gɔ̃ hã le wo dometɔ si nye gãtɔ ŋu. Gake ame nyuiwoe wonye eye wolɔ̃ Yehowa. Woawoe anye Kristo hamea me tɔ gbãtɔwo le Yesu ƒe dzodzo megbe.

      “Meyɔa mi be xɔ̃nyewo, elabena nu siwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.”—Yohanes 15:15

      Nyabiasewo: Ame kawoe Yesu tia be woanye yeƒe apostolo wuieveawo? Dɔ kae Yesu dɔ eƒe apostoloawo be woawɔ?

      Mateo 10:1-10; Marko 3:13-19; 10:35-40; Luka 6:12-16; Yohanes 15:15; 20:24, 25; Dɔwɔwɔwo 2:7; 4:13; 1 Korintotɔwo 9:5; Efesotɔwo 2:20-22

  • Todzimawunya La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yesu le Todzimawunyaa gblɔm na ame gbogbo aɖewo

      NUSƆSRƆ̃ 81

      Todzimawunya La

      Esi Yesu tia apostolo 12-awo vɔ la, eɖi le toa dzi va teƒe aɖe si ame gbogbo aɖewo le. Ameawo tso Galilea, Yudea, Tiro, Sidon, Siria kple Yordan ƒe go kemɛ dzi. Wokplɔ ame siwo nɔ dɔ vovovowo lém kple ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la vɛ. Yesu da dɔ na wo katã. Emegbe enɔ anyi ɖe toa dzi eye wòfia nu wo. Eƒo nu tso nu si wòle be míawɔ ne míedi be míanye Mawu xɔlɔ̃wo la ŋu. Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be míehiã Yehowa le míaƒe agbe me eye ele be míasrɔ̃ ale si míalɔ̃e. Gake mímate ŋu alɔ̃ Mawu nenye be míelɔ̃ ame bubuwo o. Ele be míanyo dɔme na ame sia ame eye míalɔ̃ wo, míaƒe futɔwo hã le eme.

      Yesu gblɔ be: ‘Menye mia xɔlɔ̃wo koe mialɔ̃ o. Ele be mialɔ̃ miaƒe futɔwo eye miatsɔ ake amewo tso dzi me ke. Ne ame aɖe do dziku ɖe ŋuwò la, yi egbɔ enumake eye nàɖe kuku nɛ. Miwɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si miadi be woawɔ nu ɖe mia ŋu ene.’

      Yesu le Todzimawunyaa gblɔm na ame gbogbo aɖewo

      Yesu ɖo aɖaŋu nyui aɖewo na ameawo tso ŋutilãmenuwo hã ŋu. Egblɔ be: ‘Enyo be woanye Yehowa xɔlɔ̃ wu be ga geɖe nanɔ ame si. Fiafiwo ate ŋu afi wò ga, gake ame aɖeke mate ŋu afi xɔlɔ̃wɔwɔ si le wò kple Yehowa dome la o. Migatsi dzi ɖe nu si miaɖu, nu si miano, alo nu si miado la ŋu o. Milé ŋku ɖe xeviwo ŋu kpɔ. Mawu naa nu si woaɖu wòasu wo la wo ɣesiaɣi. Dzimaɖitsitsi mana mianɔ agbe ŋkeke ɖeka gɔ̃ hã akpee o. Miɖo ŋku edzi be Yehowa nya nu siwo hiã mi.’

      Ameawo mese ame aɖeke wòƒo nu abe ale si Yesu ƒo nui ene kpɔ o. Woƒe hakplɔlawo mefiaa nu wo alea o. Nu ka tae Yesu bi le nufiafia me nenema gbegbe? Elabe Yehowa gbɔe nu siwo katã wòfia la tso.

      “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo.”—Mateo 11:29

      Nyabiasewo: Nu kae wòle be míawɔ be míanye Yehowa xɔlɔ̃wo? Aleke Yehowa di be nàwɔ nu ɖe amewo ŋu?

      Mateo 4:24–5:48; 6:19-34; 7:28, 29; Luka 6:17-31

  • Yesu Fia Eƒe Nusrɔ̃lawo Ale Si Woado Gbe Ða
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Ŋutsu aɖe si nye Farisitɔ le gbe dom ɖa le dutoƒo eye amewo tɔ le ekpɔm

      NUSƆSRƆ̃ 82

      Yesu Fia Eƒe Nusrɔ̃lawo Ale Si Woado Gbe Ða

      Farisitɔwo dina be nu sia nu si wɔm yewole la nadze amewo ŋu. Ne wowɔ nu nyui aɖe la, wodina be ame sia ame nakpɔe. Wodoa gbe ɖa le gaglãgbe be amewo katã nakpɔ yewo. Farisitɔwo srɔ̃a gbedodoɖa legbeewo ɖe ta me eye wodoa gbe mawo ɖa le ƒuƒoƒewo kple mɔwo ƒe dzogoewo dzi, afi si amewo ate ŋu ase wo ŋkɔ le. Eya ta ewɔ nuku na ameawo esi Yesu gblɔ na wo be: ‘Migado gbe ɖa abe Farisitɔwo ene o. Wosusu be Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe yewoƒe nya gbogboawo ŋu, gake mekpɔa dzidzɔ ɖe eŋu o. Gbedodoɖa nye miawo kple Mawu dome nya. Miganɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm o. Yehowa di be nàgblɔ wò dzimenyawo ŋutɔŋutɔ na ye.

      Ŋutsuvi aɖe le klo dzi le gbe dom ɖa

      ‘Miawo mido gbe ɖa ale: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.”’ Yesu gagblɔ na wo be woado gbe ɖa abia woƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu, woabia be woatsɔ yewoƒe nu vɔ̃wo ake yewo, eye woabia woƒe nuhiahiã bubuwo hã.

      Yesu gblɔ be: ‘Migadzudzɔ gbedodoɖa o. Miyi edzi mianɔ mia Fofo, Yehowa biam be wòana nu nyuiwo mi. Dzila ɖe sia ɖe di be yeana nu nyuiwo ye vi. Ne viwò bia abolo wò la, ɖe nàtsɔ kpe nɛa? Ne ebia tɔmelã la, ɖe nàtsɔ da nɛa?’

      Emegbe Yesu gblɔ nufiame si le eme la be: ‘Ne mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo Yehowa, mana gbɔgbɔ kɔkɔe mi oa? Nu si miawɔ koe nye be miabia.’ Ðe nèwɔna ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzia? Nu kawoe nèdoa gbe ɖa biana?

      “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.”—Mateo 7:7

      Nyabiasewo: Nya kae Yesu gblɔ tsɔ fia gbedodoɖa eƒe nusrɔ̃lawo? Ðe nèdoa gbe ɖa biaa nu siwo le vevie na wòa?

      Mateo 6:2-18; 7:7-11; Luka 11:13

  • Yesu Na Nuɖuɖu Ame Akpe Geɖe
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Apostoloawo le nuɖuɖu mam na ame gbogbo aɖewo

      NUSƆSRƆ̃ 83

      Yesu Na Nuɖuɖu Ame Akpe Geɖe

      Do ŋgɔ teti na Ŋutitotoŋkekenyuia le ƒe 32 K.Ŋ. la, apostoloawo yi va ɖe gbeƒã eye wotrɔ gbɔ. Ðeɖi te wo ŋu, eya ta Yesu na woɖo tɔdziʋu yi Betsaida, be woaɖi ɖe eme le afi ma. Gake esi tɔdziʋua va ɖi go la, Yesu kpɔ be ame gbogbo aɖewo dze yewo yome va afi ma. Togbɔ be Yesu di be ye kple yeƒe apostoloawo yewoaɖe ɖe aga vie hã, exɔ ameawo nyuie. Eda dɔ na woƒe dɔnɔwo eye wòte nufiafia wo. Yesu fia nu wo ŋkeke bliboa tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Esi zã nɔ dodom la, apostoloawo va gblɔ nɛ be: ‘Dɔ le ameawo wum. Ðe asi le wo ŋu woadzo ale be woadi nane aɖu.’

      Ŋutsuvi aɖe le abolo kple tɔmelã tsɔm na Yesu

      Yesu gblɔ be: ‘Mele be woadzo o. Mina nu wo woaɖu le afi sia.’ Apostoloawo biae be: ‘Èdi be míaƒle abolo vɛ na wo woaɖua?’ Filipo, apostoloawo dometɔ ɖeka gblɔ be: ‘Ne ga gbogbo aɖe le mía si hã, míate ŋu aƒle abolo wòasu na ame gbogbo siawo katã o.’

      Yesu bia wo be: ‘Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ kae le mía si?’ Andrea ɖo eŋu be: ‘Abolo atɔ̃ kple tɔmelã sue eve. Esia mesɔ gbɔ o.’ Yesu gblɔ be: ‘Mitsɔ aboloawo kple tɔmelãawo vɛ nam.’ Egblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbeawo dzi, woanye ame 50 alo 100 le ƒuƒoƒo vovovowo me. Yesu tsɔ aboloawo kple tɔmelãa, ekpɔ dziƒo eye wòdo gbe ɖa. Emegbe etsɔ nuɖuɖua na apostoloawo, eye womae na ameawo. Ŋutsu 5,000 kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo ɖu nu ɖi ƒo. Eyome apostoloawo fɔ nuɖuɖu siwo tsi anyi la, ale be wo dome megblẽ o. Wokpɔ kusi 12 sɔŋ! Ðe esia menye nukunu gã aɖe oa?

      Dzi dzɔ ameawo ale gbegbe be wodi be yewoaɖo Yesu fiae. Gake Yesu nyae be ɣeyiɣia mede na Yehowa be wòaɖo ye fia o. Eya ta ena ameawo dzo, eye wògblɔ na apostoloawo be woatso Galilea-ƒua ayi akpa kemɛ. Woge ɖe woƒe tɔdziʋua me, eye Yesu ɖeɖe hã yi to aɖe dzi. Nu ka tae? Elabe edi be yeakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa na ye Fofo. Togbɔ be vovo menɔa Yesu ŋu o hã, edia ɣeyiɣi doa gbe ɖa.

      “Miwɔ dɔ, menye ɖe nuɖuɖu si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si megblẽna o, si naa agbe mavɔ, si Amegbetɔvi la ana mi la ta.”—Yohanes 6:27

      Nyabiasewo: Aleke Yesu ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na amewo? Nu kae esia fia mí tso Yehowa ŋu?

      Mateo 14:14-22; Luka 9:10-17; Yohanes 6:1-15

  • Yesu Zɔ Atsiaƒu Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yesu le zɔzɔm le tsia dzi eye wògblɔ na Petro be wòava ye gbɔ

      NUSƆSRƆ̃ 84

      Yesu Zɔ Atsiaƒu Dzi

      Menye ɖeko Yesu tea ŋu daa dɔ na dɔnɔwo alo fɔa ame kukuwo ɖe tsitre o, ke boŋ ete ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ya kple tsidzadza hã dzi. Esi Yesu do gbe ɖa le to aɖe dzi vɔ megbe la, ekpɔ be ahom sesẽ aɖe nɔ tutum le Galilea-ƒua dzi. Eƒe apostoloawo nɔ woƒe tɔdziʋua me nɔ agbagba dzem be yewoaku ʋua ato ahom la me. Yesu ɖi le toa dzi eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta tɔdziʋua gbɔ. Esi apostoloawo kpɔ ame aɖe wòzɔ tsia dzi gbɔna la, wovɔ̃. Gake Yesu gblɔ na wo be: ‘Nyee. Migavɔ̃ o.’

      Yesu le zɔzɔm le tsia dzi eye wògblɔ na Petro be wòava ye gbɔ

      Petro gblɔ be: ‘Aƒetɔ, nenye wòe nyateƒe la, ekema na mava gbɔwò.’ Yesu gblɔ na Petro be: ‘Va gbɔnye.’ Eya ta esi ahom la nɔ tutum sesĩe la, Petro ɖi le tɔdziʋua me eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. Gake esi wònɔ tetem ɖe Yesu ŋu la, Petro kpɔ ahom la, eye wòvɔ̃. Ekpɔ be yenɔ to yim. Petro do ɣli be: ‘Aƒetɔ xɔ nam!’ Yesu lé eƒe asi eye wògblɔ nɛ be: ‘Nu ka tae nèke ɖi? Afi kae wò xɔse la le?’

      Yesu kple Petro ge ɖe tɔdziʋua me eye enumake ahom la tɔ te. Bu ale si apostoloawo ase le wo ɖokui me ŋu kpɔ. Wogblɔ be: “Mawu Vie nènye vavã!”

      Menye zi ɖeka sia koe Yesu kpɔ ŋusẽ ɖe yame ƒe nɔnɔme dzi o. Ɣebubuɣi esi Yesu kple apostoloawo ku tɔdziʋu yina ƒua ƒe go kemɛ dzi la, Yesu mlɔ anyi ɖe tɔdziʋua me le megbe lɔƒo. Esi wònɔ alɔ̃ dɔm la, ahom nɔ tutum sesĩe le atsiaƒua dzi. Ƒutsotsoeawo nɔ gegem ɖe tɔdziʋua me, eye tsi yɔ ʋua me. Apostoloawo do ɣli nyɔ Yesu gblɔ be: ‘Nufiala, míele kuku ge! Xɔ na mí!’ Yesu fɔ eye wògblɔ na atsiaƒua be: “Zi ɖoɖoe!” Enumake yaƒoƒoa tɔ eye atsiaƒua dze akɔ anyi. Yesu bia apostoloawo be: ‘Afi kae miaƒe xɔse la le?’ Wogblɔ na wo nɔewo be: “Yaƒoƒo kple atsiaƒu gɔ̃ hã ɖoa toe.” Apostoloawo kpɔe be ne yewoɖo ŋu ɖe Yesu ŋu bliboe la, ke mehiã be yewoavɔ̃ na naneke o.

      “Afi kae manɔ ne ɖe xɔse mele asinye be makpɔ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o?”—Psalmo 27:13

      Nyabiasewo: Nu kae na Petro nɔ to yim le atsiaƒua dzi? Nu kae apostoloawo srɔ̃ tso Yesu gbɔ?

      Mateo 8:23-27; 14:23-34; Marko 4:35-41; 6:45-52; Luka 8:22-25; Yohanes 6:16-21

  • Yesu Da Dɔ Na Ame Aɖe Le Sabat Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Farisitɔwo le nya biam ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ tsã

      NUSƆSRƆ̃ 85

      Yesu Da Dɔ Na Ame Aɖe Le Sabat Dzi

      Farisitɔwo lé fu Yesu eya ta wonɔ mɔnu dim le eŋu ne yewoalée. Wogblɔ be mele be wòada dɔ na dɔnɔwo le Sabat la dzi o. Le Sabat aɖe dzi la, Yesu kpɔ ŋkuagbãtɔ aɖe wònɔ nu biam le mɔ to. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Mikpɔ ale si Mawu ƒe ŋusẽ ana mada dɔ na ŋutsu siae ɖa.’ Yesu ɖe ta ɖe anyigba tsɔ nya anyi, eye wòtsɔe sisi ɖe ŋutsua ƒe ŋkuwo dzi. Yesu gblɔ nɛ be: ‘Yi nàklɔ ŋkume le Siloam-ta la me.’ Ŋutsua wɔe nenema, eye wòkpɔ nu zi gbãtɔ le eƒe agbe me.

      Ewɔ nuku na ameawo. Wobia be: ‘Menye ŋutsu siae nɔa nu biam oa, alo amee ɖi amea?’ Ŋutsua ɖo eŋu be: ‘Nyee nye ame si wodzi ŋkuagbãtɔe!’ Ameawo biae be: ‘Ke aleke wɔ nèle nu kpɔm fifia?’ Esi wògblɔ nu si dzɔ la na wo la, wokplɔe yi Farisitɔwo gbɔ.

      Ŋutsua gblɔ na Farisitɔawo be: ‘Yesu sisi anyi ɖe nye ŋkuwo dzi eye wògblɔ nam be mayi ava klɔe. Mewɔe, eye fifia mele nu kpɔm.’ Farisitɔawo gblɔ be: ‘Ne Yesu da dɔ le Sabat dzi la, ke eƒe ŋusẽa metso Mawu gbɔ o.’ Gake ame bubuwo gblɔ be: ‘Ne menye Mawu gbɔe eƒe ŋusẽa tso o la, mate ŋu ada dɔa kura o.’

      Farisitɔwo yɔ ŋutsua dzilawo eye wobia wo be: ‘Mienya ale si wòdzɔe be mia via le nu kpɔma?’ Edzilawo nɔ vɔvɔ̃m elabena Farisitɔwo gblɔ be ame sia ame si axɔ Yesu dzi se la, woanyae le ƒuƒoƒea. Eya ta wogblɔ be: ‘Míenya o. Mibia eya ŋutɔ.’ Farisitɔwo gabia nya geɖe ŋutsua va se ɖe esime wògblɔ be: ‘Megblɔ nu sia nu si menya la na mi. Nu ka tae miegale biabiam?’ Farisitɔawo do dziku eye wonyae do goe.

      Yesu yi va di ŋutsua, esi wòkpɔe la, ebiae be: ‘Èxɔ Mesia la dzi sea?’ Ŋutsua ɖo eŋu be: ‘Ne menya ame si wònye la, maxɔ edzi ase.’ Yesu gblɔ be: ‘Nyee nye Mesia la.’ Ðe esia meɖee fia be Yesu nyo dɔme na ŋutsua oa? Menye ɖeko wòda dɔ nɛ o, ke boŋ ekpe ɖe eŋu wòxɔ eyama dzi se hã.

      “Mieda ƒu, elabena mienya Ŋɔŋlɔawo loo alo Mawu ƒe ŋusẽ la o.”—Mateo 22:29

      Nyabiasewo: Aleke Yesu kpe ɖe ŋkuagbãtɔ aɖe ŋui? Nu ka tae Farisitɔwo lé fu Yesu?

      Yohanes 9:1-41

  • Yesu Fɔ Lazaro Ðe Tsitre
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Lazaro si wofɔ ɖe tsitre kpakple nɔvianyɔnuawo, Maria kple Marta

      NUSƆSRƆ̃ 86

      Yesu Fɔ Lazaro Ðe Tsitre

      Xɔlɔ̃ vevi etɔ̃ nɔ Yesu si le Betania. Woawoe nye Lazaro, kpakple nɔvianyɔnu eve, Maria kple Marta. Gbe ɖeka esi Yesu nɔ Yordan ƒe go kemɛ dzi la, Maria kple Marta dɔ ame ɖo ɖee kpata be woagblɔ nɛ be: ‘Lazaro dze dɔ vevie. Míeɖe kuku, va mía gbɔ kaba!’ Gake Yesu meyi enumake o. Elala ŋkeke eve eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Mina míayi Betania. Lazaro le alɔ̃ dɔm, eye meyina be mava nyɔe.’ Apostoloawo gblɔ be: ‘Ne alɔ̃ dɔm Lazaro le la, ekema ana eƒe lãme nasẽ.’ Eya ta Yesu ɖe eme na wo be: ‘Lazaro ku.’

      Woɖi Lazaro ŋkeke ene sɔŋ hafi Yesu va ɖo Betania. Ame gbogbo aɖewo va be yewoafa akɔ na Marta kple Maria. Esi Marta se be Yesu va ɖo la, ewɔ kaba yi ɖakpee. Marta gblɔ be: “Aƒetɔ, ne ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” Yesu gblɔ nɛ be: ‘Nɔviwò la agbɔ agbe. Marta, èxɔ nya sia dzi sea?’ Marta ɖo eŋu be: ‘Mexɔe se be afɔ le tsitretsitsi la me.’ Yesu gblɔ nɛ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.”

      Marta yi Maria gbɔ eye wògblɔ nɛ be: ‘Yesu va.’ Maria ƒu du yi Yesu gbɔ eye ameha la kplɔe ɖo. Eva dze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu eye wòle avi fam. Maria gblɔ be: ‘Aƒetɔ, ne ɖe nèle afi sia la, anye ne mía nɔvia meku o!’ Yesu kpɔ ale si gbegbe wònɔ nu xamee, eye eya hã fa avi. Esi amehaawo kpɔ eya hã wònɔ avi fam la, wogblɔ be: ‘Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃ Lazaro ɖa.’ Gake ame aɖewo nɔ biabiam be: ‘Nu ka tae mexɔ na exɔlɔ̃a o?’ Nu kae Yesu awɔ?

      Yesu yi yɔdoa to, afi si wotsɔ kpe gã aɖe xe yɔdoa nu le. Eɖe gbe be: ‘Mimli kpe la ɖa.’ Marta gblɔ be: ‘Egbee nye ŋkeke enea gbe! Eƒe kukua anɔ ʋeʋẽm.’ Gake womli kpea ɖa, eye Yesu do gbe ɖa be: ‘Fofo akpe be èɖoa tom. Menya be èɖoa tom ɣesiaɣi, gake mele egblɔm sesĩe ale be ameha si le afi sia nanyae be wòe dɔm.’ Eye wòdo ɣli sesĩe be: “Lazaro lee, do go!” Nu wɔnuku aɖe dzɔ: Lazaro do go tso yɔdoa me, eye avɔ siwo woxatsa ɖe eŋu la ganɔ eŋu. Yesu gblɔ be: “Mitui, ne wòadzo.”

      Ame siwo kpɔ nu sia teƒe dometɔ geɖe xɔ Yesu dzi se. Gake ame aɖewo yi ɖagblɔe na Farisitɔwo. Tso ema dzi la, Farisitɔwo di be yewoawu Lazaro kple Yesu siaa. Yuda Iskariot, si nye apostolo 12-awo dometɔ ɖeka la, yi Farisitɔwo gbɔ le adzame eye wòbia wo be: ‘Nenie mianam ne mekpe ɖe mia ŋu mieke ɖe Yesu ŋu?’ Wolɔ̃ be yewoana klosalo blaetɔ̃ Yuda, eya ta Yuda nɔ ale si wòawɔ ade Yesu asi na Farisitɔwo la dim.

      “Mawu vavã la nye Mawu si xɔna na ame; eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowae ɖea ame tso ku si me.”—Psalmo 68:20

      Nyabiasewo: Gblɔ ale si wofɔ Lazaro ɖe tsitre ƒe ŋutinyaa míse. Nu kae Farisitɔwo di be yewoawɔ esi wose be wofɔ Lazaro ɖe tsitre?

      Mateo 26:14-16; Yohanes 11:1-53; 12:10

  • Yesu Ƒe Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yesu ɖo Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La anyi kple eƒe apostolo wɔnuteƒe wuiɖekɛawo

      NUSƆSRƆ̃ 87

      Yesu Ƒe Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa

      Yudatɔwo ɖua Ŋutitotoŋkekenyuia ƒe sia ƒe le ɣleti si nye Nisan ƒe ŋkeke 14 lia dzi. Esia ɖoa ŋku ale si Yehowa ɖe wo tso kluvinyenye me le Egipte eye wòkplɔ wo va Ŋugbedodonyigbaa dzi la dzi na wo. Le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli la, Yesu kple eƒe apostoloawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia le dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem. Esi woɖu nua vɔ la, Yesu gblɔ be: ‘Mia dometɔ ɖeka adem asi.’ Ewɔ nuku na apostoloawo eye wobia Yesu be: ‘Ame kae?’ Yesu ɖo eŋu be: ‘Ŋutsu si matsɔ abolo sia ade asi na lae.’ Emegbe etsɔ abolo kakɛ la de asi na Yuda Iskariot. Enumake Yuda tso eye wòdo go le xɔa me.

      Eyome Yesu do gbe ɖa, ŋe abolo me kakɛkakɛe eye wòtsɔe na apostolo susɔeawo. Egblɔ na wo be: ‘Miɖui. Abolo sia le tsitre ɖi na nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe mia ta.’ Emegbe etsɔ wain, do gbe ɖa ɖe eta eye wòtsɔe na eƒe apostoloawo. Egblɔ na wo be: ‘Minoe. Wain sia le tsitre ɖi na nye ʋu, si matsɔ ana ale be woatsɔ nu vɔ̃wo ake. Mele ŋugbe dom na mi be miaɖu fia kplim le dziƒo. Miwɔ esia ƒe sia ƒe miatsɔ aɖo ŋku dzinye.’ Yesu yomedzelawo gakpea ta le fiẽ ma dzi ƒe sia ƒe. Woyɔa kpekpe sia fifia be Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La.

      Le nua ɖuɖu vɔ megbe la, apostoloawo ʋli nya le wo dometɔ si nye gãtɔ ŋu. Gake Yesu gblɔ na wo be: ‘Ame si bua eɖokui suetɔ le mia dome lae nye gãtɔ.

      ‘Xɔ̃nyewoe mienye. Megblɔa nu sia nu si Fofonye di be magblɔ na mi la na mi. Madidi o, mayi Fofonye gbɔ le dziƒo. Ne medzo le mia gbɔ vɔ la, ale si mialɔ̃ mia nɔewo la ana amewo akpɔe be nye nusrɔ̃lawoe mienye. Milɔ̃ mia nɔewo abe ale si ko melɔ̃ mi ene.’

      Azɔ Yesu do gbe ɖa bia Yehowa be wòakpɔ yeƒe nusrɔ̃lawo katã ta. Ebia Yehowa be wòakpe ɖe wo ŋu woawɔ dɔ ɖekae le ŋutifafa me. Edo gbe ɖa be Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ. Eyome Yesu kple eƒe apostoloawo dzi kafukafuhawo na Yehowa eye wodo go. Eteƒe madidi o woava lé Yesu.

      “Alẽha sue, mègavɔ̃ o, elabena edze mia Fofo la ŋu be yeatsɔ Fiaɖuƒe la na mi.”—Luka 12:32

      Nyabiasewo: Ŋugbe kae Yesu do na eƒe apostoloawo? Nu vevi kae Yesu fia eƒe apostoloawo esi wònɔ eƒe fiẽnuɖuɖu mamlɛa ɖum kpli wo?

      Mateo 26:20-30; Luka 22:14-26; Yohanes 13:1, 2, 26, 30, 34, 35; 15:12-19; 17:3-26

  • Wolé Yesu
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yuda de Yesu asi le Getsemane-bɔa me

      NUSƆSRƆ̃ 88

      Wolé Yesu

      Yesu kple eƒe apostoloawo to Kidron Bali la me yi Amitoa dzi. Zã ga wuieve ƒo to eŋu eye dzinua sɔ tegblẽe. Esi wova ɖo Getsemane-bɔa me la, Yesu gblɔ na wo be: “Minɔ afi sia, eye minɔ ŋudzɔ.” Yesu dzo yi ŋgɔ vie le abɔa me eye wòdze klo. Elé blanui eye wòdo gbe ɖa na Yehowa be: “Wò lɔlɔ̃nu nava eme.” Eye Yehowa dɔ mawudɔla aɖe wòva do ŋusẽ Yesu. Esi Yesu trɔ va apostoloawo gbɔ la, ekpɔ be wo dometɔ etɔ̃ nɔ alɔ̃ dɔm. Egblɔ be: ‘Minyɔ! Menye ɣeyiɣi sia mee mianɔ alɔ̃ dɔm o! Gaƒoƒo la de be woatsɔm ade asi na nye futɔwo.’

      Wotsɔ gakplo aɖe na Yuda

      Medidi o, Yuda kplɔ ame gbogbo siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi la va do. Enya afi si wòakpɔ Yesu le elabe woyina abɔ ma me enuenu. Yuda gblɔ na asrafoawo be yeafia Yesu wo. Ezɔ tẽe yi Yesu gbɔ eye wògblɔ be: ‘Medo gbe na wò, Nufiala,’ eye wògbugbɔ nu nɛ. Yesu biae be: ‘Yuda, ɖe nèle nu gbugbɔm nam be yeatsɔ adem asia?’

      Yesu zɔ va ŋgɔ eye wòbia ameawo be: “Ame ka dim miele?” Woɖo eŋu be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.” Eye wògblɔ be: “Nyee nye esi,” eye ameawo te yi megbe hedze anyi. Yesu gabia ameawo be: “Ame ka dim miele?” Wogaɖo eŋu ake be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.” Yesu gblɔ be: ‘Megblɔ na mi xoxo be nyee. Eya ta mina ame siawo ya nadzo.’

      Esi Petro kpɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la, eɖe yi eye wòkpa to na Malko si nye nunɔlagã la ƒe subɔvi. Gake Yesu ka asi ŋutsua ƒe to ŋu eye wòda gbe le eŋu. Emegbe egblɔ na Petro be: ‘Gbugbɔ yi la de eteƒe. Ne ètsɔ yi ɖe ame ŋu la àku atsi yi nu.’ Asrafoawo lé Yesu, wobla eƒe asiwo eye apostoloawo si dzo. Ameawo kplɔ Yesu yi nunɔlagã Ana gbɔ. Ana bia gbe Yesu eye wòɖoe ɖe Nunɔlagã Kayafa ƒe aƒe me. Ke nu kae dzɔ ɖe apostoloawo dzi?

      “Le xexea me la, miele xaxawo me tom, gake milé dzi ɖe ƒo! Nye la meɖu xexea dzi.”—Yohanes 16:33

      Nyabiasewo: Nu kae dzɔ le Getsemane-bɔa me? Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso nu si Yesu wɔ le zã ma me la me?

      Mateo 26:36-57; Marko 14:32-50; Luka 22:39-54; Yohanes 18:1-14, 19-24

  • Petro Gbe Nu Le Yesu Gbɔ
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Petro gbe nu le Yesu gbɔ le Kayafa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu

      NUSƆSRƆ̃ 89

      Petro Gbe Nu Le Yesu Gbɔ

      Esi Yesu kple eƒe apostoloawo nɔ dziƒoxɔa dzi la, egblɔ na wo be: ‘Mi katã miagblẽm ɖi le zã sia me.’ Petro gblɔ be: ‘Nyemawɔ nu sia o! Ne ame susɔeawo katã agblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o.’ Gake Yesu gblɔ na Petro be: ‘Hafi koklo naku atɔ la, àgblɔ zi etɔ̃ be yemenyam o.’

      Esi asrafoawo kplɔ Yesu yi Kayafa ƒe aƒe me la, apostoloawo dometɔ geɖe si. Gake wo dometɔ eve kplɔ amehaawo ɖo. Petro nye wo dometɔ ɖeka. Ege ɖe Kayafa ƒe aƒea ƒe xɔxɔnu eye wònɔ dzo ƒum. Dzoa ƒe keklẽ na dɔlanyɔnu aɖe de dzesi Petro eye wògblɔ be: ‘Menya wò! Wò hã ènɔ Yesu ŋu!’

      Petro ɖo eŋu be: ‘Kpao! Nyemenya nya si gblɔm nèle o!’ Eye wòɖo ta agboa nu. Gake medidi o, dɔlanyɔnu bubu kpɔe eye wògblɔ na ameawo be: ‘Ŋutsu sia nɔ Yesu ŋu!’ Petro gblɔ be: ‘Nyemenya Yesu gɔ̃ hã o!’ Ŋutsu aɖe hã gblɔ be: ‘Wo dometɔ ɖekae nènye! Wò nuƒoƒo fia be Galileatɔe nènye abe Yesu ke ene.’ Gake Petro ka atam be: ‘Nyemenyae o!’

      Enumake koklo ku atɔ. Petro kpɔ Yesu wòtrɔ nɔ ekpɔm. Eɖo ŋku Yesu ƒe nyawo dzi eye wòdo go yi gota hefa avi vevie.

      Le ɣeyiɣi ma me la, Sanhedrin la me tɔwo kpe ta be yewoadrɔ̃ ʋɔnu Yesu le Kayafa ƒe aƒea me. Woɖoe xoxo be yewoawu Yesu, eye fifia wole nu si dzi woanɔ te ɖo awui la dim. Gake womekpɔ nya aɖeke le eŋu o. Mlɔeba la, Kayafa bia Yesu tẽe be: ‘Wòe nye Mawu ƒe Vi la?’ Yesu ɖo eŋu be: ‘Nyee.’ Kayafa gblɔ be: ‘Kpeɖodzi bubu aɖeke megahiã mí o. Egblɔ busunya!’ Ʋɔnudrɔ̃lawo lɔ̃ ɖe edzi be: ‘Ele be ŋutsu sia naku.’ Woƒo tome na Yesu, ɖe ta ɖe eŋu, bla ŋkume nɛ, wotu kɔe eye wobiae be: ‘Ne nyagblɔɖilae nènye la, ekema gblɔ ame si tu kɔ wò la na mí!’

      Esi ŋu ke la, wokplɔ Yesu yi Sanhedrin ƒe akpataa me eye wogabiae be: ‘Wòe nye Mawu ƒe Vi la?’ Yesu ɖo eŋu be: ‘Eyae nye ema miegblɔ.’ Eya ta wogblɔ be Yesu gblɔ busunya eye wokplɔe yi Roma nutodziɖula Pontio Pilato ƒe fiasã me. Nu kae va dzɔ le afi ma? Na míakpɔe ɖa.

      ‘Gaƒoƒo la de azɔ esime miaka ahlẽ, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe ayi eƒe me, eye miagblẽ nye ɖeka ɖi. Gake menye nye ɖekae li o, elabena Fofo la li kplim.’—Yohanes 16:32

      Nyabiasewo: Nu kae dzɔ le Kayafa ƒe aƒea ƒe xɔxɔnu? Nu kae na ʋɔnudrɔ̃lawo gblɔ be ele be woawu Yesu?

      Mateo 26:31-35, 57–27:2; Marko 14:27-31, 53–15:1; Luka 22:55-71; Yohanes 13:36-38; 18:15-18, 25-28

  • Wowu Yesu Le Golgata
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Wohe Yesu ɖe ati ŋu, eye asrafomegã aɖe kple Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo kpakple Maria kple Yohanes tɔ ɖe teƒea

      NUSƆSRƆ̃ 90

      Wowu Yesu Le Golgata

      Nunɔlawo ƒe tatɔwo kplɔ Yesu yi nutodziɖulaa ƒe fiasã me. Pilato bia wo be: ‘Nu kae miebe ŋutsu sia wɔ?’ Woɖo eŋu be: ‘Ebe fiae yenye!’ Pilato bia Yesu be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?” Yesu ɖo eŋu be: “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.”

      Eya ta Pilato ɖo Yesu ɖe Herodes si nye Galilea nutoa dzi ɖula be akpɔ nutsotso aɖe le eŋu hã. Herodes mekpɔ vodada aɖeke le Yesu ŋu o eya ta egbugbɔe ɖo ɖe Pilato. Pilato gblɔ na ameawo be: ‘Nye kple Herodes siaa míekpɔ vodada aɖeke le ŋutsu sia ŋu o. Maɖe asi le eŋu.’ Ameha la do ɣli be: ‘Wui! Wui!’ Asrafowo tsɔ atam ƒo Yesu, ɖe ta ɖe eŋu eye wotu kɔe. Woɖɔ ŋùkuku nɛ eye woɖu fewu le eŋu gblɔ be: “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe Fia!” Pilato gagblɔ na ameawo be: ‘Nyemekpɔ vodada aɖeke le ŋutsu sia ŋu o.’ Gake wodo ɣli be: “Hee ɖe ati ŋu!” Eya ta Pilato ɖe asi le eŋu be woawu.

      Wokplɔ Yesu yi teƒe si woyɔna be Golgata, woklãe ɖe ati ŋu eye wofɔ atia ɖe tsitrenu. Yesu do gbe ɖa be: “Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole o.” Amewo ɖu fewu le Yesu ŋu gblɔ be: ‘Ne Mawu ƒe Vie nènye la, ekema ɖi le atia ŋu! Xɔ na ɖokuiwò.’

      Nu vlo wɔla siwo wohe ɖe ati ŋu le exa la dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Ðo ŋku dzinye ne èva ɖo wò Fiaɖuƒe la me.” Yesu do ŋugbe nɛ be: “Ànɔ Paradiso me kplim.” Le ŋdɔ me la, viviti do ɖe anyigba la dzi gaƒoƒo etɔ̃. Nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo tɔ ɖe atia gbɔ. Yesu dada Maria hã nɔ afi ma. Yesu gblɔ na Yohanes be wòalé be na Maria abe nɔa ene.

      Mlɔeba Yesu gblɔ be: “Wowu enu!” Ebɔbɔ ta eye wògbɔ zi mamlɛtɔ. Enumake anyigba ʋuʋu sesĩe. Xɔmetsovɔ si tso Kɔkɔeƒea kple Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea dome le gbedoxɔa me la dze ɖe eve. Asrafomegã aɖe gblɔ be: ‘Nyateƒee, Mawu ƒe Vie ame sia nye.’

      “Aleke gbegbee Mawu ƒe ŋugbedodowo ɖasɔ gbɔe o, wo katã nye “ɛ̃” to eya amea dzi.”—2 Korintotɔwo 1:20

      Nyabiasewo: Nu ka tae Pilato ɖe mɔ be woawu Yesu? Aleke Yesu ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na amewo wu ye ŋutɔ?

      Mateo 27:11-14, 22-31, 38-56; Marko 15:2-5, 12-18, 25, 29-33, 37-39; Luka 23:1-25, 32-49; Yohanes 18:28–19:30

  • Wofɔ Yesu Ðe Tsitre
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Ewɔ nuku na nyɔnuawo be Yesu ƒe yɔdoa le ƒuƒlu

      NUSƆSRƆ̃ 91

      Wofɔ Yesu Ðe Tsitre

      Esi Yesu ku vɔ la, ŋutsu kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef bia Pilato be wòana yeaɖe Yesu ƒe kukua le atia ŋu. Yosef si atike ʋeʋĩwo na Yesu ƒe kukua eye wòxatsa aklala biɖibiɖi vɔ ɖe eŋu eye wòtsɔe mlɔ yɔdo yeye me. Ena womli kpe gã aɖe tsɔ xe yɔdoa nu. Nunɔlawo ƒe tatɔwo gblɔ na Pilato be: ‘Míele vɔvɔ̃m be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo ava tsɔ eƒe kukua eye woagblɔ be wofɔe ɖe tsitre.’ Eya ta Pilato gblɔ na wo be: ‘Mitre yɔdo la nu eye miadzɔ eŋu.’

      Le ŋkeke etɔ̃ megbe ƒe ŋdi kanyaa la, nyɔnu aɖewo yi yɔdoa to eye wokpɔ be womli kpe la ɖa. Mawudɔla aɖe le yɔdoa me eye wògblɔ na nyɔnuawo be: ‘Migavɔ̃ o. Wofɔ Yesu ɖe tsitre. Miyi miagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woayi Galilea ava do goe.’

      Maria Magdalatɔ la wɔ kaba yi ɖadi Petro kple Yohanes. Egblɔ na wo be: ‘Ame aɖe kɔ Yesu ƒe kukua dzoe!’ Petro kple Yohanes si du yi yɔdoa to. Esi wokpɔ be mele yɔdoa me o la, wotrɔ yi woƒe aƒewo me.

      Esi Maria trɔ yi yɔdoa to la, ekpɔ mawudɔla eve le yɔdoa me eye wògblɔ na wo be: ‘Nyemenya afi si wokɔ nye Aƒetɔ la yii o.’ Emegbe ekpɔ ŋutsu aɖe eye esi wòsusu be abɔa dzi kpɔlae la, Maria gblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, meɖe kuku, gblɔ afi si nèkɔe yii la nam.’ Gake esi ŋutsua yɔe be, “Maria!” la, ekpɔe be Yesue. Edo ɣli be: “Nufiala!” eye wòdzo kplae. Yesu gblɔ nɛ be: ‘Yi nàgblɔ na nɔvinyewo be èkpɔm.’ Enumake Maria si du yi nusrɔ̃lawo gbɔ eye wògblɔ na wo be yekpɔ Yesu.

      Emegbe le ŋkekea me la, nusrɔ̃la eve zɔ tso Yerusalem yina Emaus. Ŋutsu aɖe zɔ va tu wo le mɔa dzi eye wòbia wo be dze ka ɖom wole hã. Woɖo eŋu nɛ be: ‘Mèse nu si dzɔ oa? Ŋkeke etɔ̃ enye esi va yi si nunɔlawo ƒe tatɔwo wu Yesu. Fifia nyɔnu aɖewo le gbɔgblɔm be wofɔe ɖe tsitre!’ Ŋutsua bia wo be: ‘Miexɔ nyagblɔɖilawo dzi se oa? Wogblɔ be Kristo la aku eye woafɔe ɖe tsitre.’ Eyi edzi ɖe Ŋɔŋlɔawo me na wo. Esi woɖo Emaus dua me la, nusrɔ̃lawo gblɔ na ŋutsua be wòatsi yewo gbɔ. Esi wonɔ anyi be yewoaɖu fiẽnu eye ŋutsua do gbe ɖa ɖe aboloa ta la, wode dzesii be Yesue. Enumake ebu vĩi.

      Nusrɔ̃la eveawo wɔ kaba yi aƒe si me apostoloawo le le Yerusalem eye wogblɔ nu si dzɔ la na wo. Esi wonɔ aƒea me la, Yesu ɖe eɖokui fia wo katã. Apostoloawo mexɔe se gbã be Yesue o. Eya ta egblɔ na wo be: ‘Mikpɔ nye asiwo ɖa; mika asi ŋunye. Woŋlɔe ɖi be Kristo la afɔ tso ame kukuwo dome.’

      “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.”—Yohanes 14:6

      Nyabiasewo: Nu kae dzɔ esi nyɔnuawo yi Yesu ƒe yɔdoa to? Nu kae dzɔ le Emaus mɔ dzi?

      Mateo 27:57–28:10; Marko 15:42–16:8; Luka 23:50–24:43; Yohanes 19:38–20:23

  • Yesu Ðe Eɖokui Fia Lãɖelaawo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yesu le tɔmelã mèm eye wòle nu ƒom na eƒe nusrɔ̃lawo

      NUSƆSRƆ̃ 92

      Yesu Ðe Eɖokui Fia Lãɖelaawo

      Le ɣeyiɣi aɖe megbe esi Yesu ɖe eɖokui fia apostoloawo la, Petro ɖoe be yeayi avae ɖe lã le Galilea-ƒua me. Toma, Yakobo, Yohanes kple nusrɔ̃la bubu aɖewo hã yi kplii. Wodze agbagba zã bliboa katã gake womeɖe lã aɖeke o.

      Le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdi kanya la, wokpɔ ŋutsu aɖe wòtɔ ɖe ƒua ta. Ebia wo le ƒua dzi ɖaa be: ‘Mieɖe lã aɖea?’ Woɖo eŋu nɛ be: “Ao!” Ŋutsua gblɔ na wo be: “Mida ɖɔ la ɖe ʋua ƒe ɖusime.” Esi wowɔe la, ɖɔa ɖe lã gbogbo aɖewo ale gbegbe be womete ŋu nɔ ehem va ʋua me o. Enumake Yohanes de dzesii be Yesue eye wògblɔ be: “Aƒetɔ lae!” Enumake Petro dzo dze ƒua me doo eye wòƒu tsia va gota. Nusrɔ̃la mamlɛawo ku tɔdziʋua dze eyome.

      Esi wova ɖi go la, wokpɔ abolo kple tɔmelã le dzo dzi. Yesu gblɔ na wo be woatsɔ woƒe tɔmelãa ƒe ɖe ava kpee. Eye wògblɔ na wo be: ‘Miva ɖu ŋdinu.’

      Petro zɔ yina Yesu gbɔ le go dzi, eye nusrɔ̃la mamlɛawo ku tɔdziʋua dze eyome

      Esi woɖu nua vɔ la, Yesu bia Petro be: ‘Èlɔ̃m wu lãɖeɖea?’ Petro ɖo eŋu be: ‘Ɛ̃, Aƒetɔ ènya be melɔ̃ wò.’ Yesu gblɔ be: ‘Ekema nyi nye alẽawo.’ Yesu gabiae ake be: ‘Petro èlɔ̃ma?’ Petro ɖo eŋu be: ‘Aƒetɔ ènya be melɔ̃ wò.’ Yesu gblɔ be: “Kplɔ nye alẽ sueawo.” Yesu gabia nya mae zi etɔ̃lia. Ete ɖe Petro dzi vevie. Egblɔ be: ‘Aƒetɔ, ènya nu sia nu. Ènya be melɔ̃ wò.’ Yesu gblɔ be: “Nyi nye alẽ sueawo.” Eyome egblɔ na Petro be: “Nɔ yonyeme ɖaa.”

      “[Yesu gblɔ] na wo be: ‘Miva dze yonyeme, eye mawɔ mi ameɖelawoe.’ Enumake wogblẽ woƒe ɖɔawo ɖi hedze eyome.”—Mateo 4:19, 20

      Nyabiasewo: Nukunu kae Yesu wɔ na lãɖelaawo? Nu ka tae Yesu bia Petro zi etɔ̃ sɔŋ be: “èlɔ̃ma?”

      Yohanes 21:1-19, 25; Dɔwɔwɔwo 1:1-3

  • Yesu Trɔ Yi Dziƒo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
    • Yesu dzo yina dziƒo eye eƒe apostoloawo le ekpɔm

      NUSƆSRƆ̃ 93

      Yesu Trɔ Yi Dziƒo

      Yesu kpe kple eƒe nusrɔ̃lawo le Galilea. Ede se vevi sia na wo be: ‘Miyi ɖawɔ anyigbadzitɔwo katã woanye nusrɔ̃lawo. Mifia nu siwo mefia mi la wo eye mianyrɔ wo.’ Eyome edo ŋugbe na wo be: ‘Miɖo ŋku edzi be meli kpli mi ɣesiaɣi.’

      Le ŋkeke 40-awo me le Yesu ƒe tsitretsitsi vɔ megbe la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la alafa geɖewo le Galilea kple Yerusalem. Efia nu vevi aɖewo wo eye wòwɔ nukunu geɖewo. Emegbe Yesu kple eƒe apostoloawo do go zi mamlɛtɔ le Amitoa dzi. Egblɔ na wo be: ‘Migadzo le Yerusalem o. Minɔ nu si ƒe ŋugbe Fofo la do la lalam.’

      Eƒe apostoloawo mese nu si wògblɔ la gɔme o. Wobiae be: ‘Ðe nèle Israel-fia zu ge fifia?’ Yesu gblɔ na wo be: ‘Ɣeyiɣia mede na Yehowa be wòaɖom Fiae o. Madidi o miaxɔ ŋusẽ to gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi, eye mianye nye ɖasefowo. Miyi miaɖe gbeƒã le Yerusalem, Yudea kple Samaria va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.’

      Eyome wokɔ Yesu yi dziƒo eye alilikpo aɖe tsyɔ edzi. Eƒe nusrɔ̃lawo yi edzi nɔ yame kpɔm, gake ebú.

      Nusrɔ̃lawo dzo le Amitoa dzi yi Yerusalem. Wokpena edziedzi le dziƒoxɔ aɖe dzi eye wodoa gbe ɖa. Wonɔ lalam be Yesu nana yewo mɔfiame bubuwo.

      “Eye woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14

      Nyabiasewo: Se kae Yesu de na eƒe nusrɔ̃lawo? Nu kae dzɔ le Amitoa dzi?

      Mateo 28:16-20; Luka 24:49-53; Yohanes 20:30, 31; Dɔwɔwɔwo 1:2-14; 1 Korintotɔwo 15:3-6

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe