NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | PSALMOWO 1-10
Hafi Míanɔ Ŋutifafa Me Kple Yehowa La, Ele Be Míade Bubu Via Yesu Ŋu
Wogblɔe ɖi be amewo alé fu Yehowa kple Yesu
Wogblɔe ɖi be dukɔwo malɔ̃ ɖe Yesu ƒe dziɖuɖu dzi o, ke boŋ woawo ŋutɔwo ƒe dziɖuɖu ŋue woatsi dzi ɖo
Nyagblɔɖi sia va eme esime Yesu nɔ anyigba dzi eye wògale eme vam le mɔ si lolo wu nu egbea hã
Hakpala la gblɔ be dukɔwo le adaŋu dem dzodzro, si fia be woƒe tameɖoɖo nye dzodzro eye mava eme o
Ame siwo dea bubu ame si Yehowa si ami na wònye Fia ŋu la koe akpɔ agbe
Woatsrɔ̃ ame siwo katã tsia tre ɖe Mesia Fia la ŋu
Ame siwo dea bubu Mawu ƒe Vi, Yesu ŋu la, anɔ dedie eye woakpɔ ŋutifafa