NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | PSALMOWO 11-18
Ame Kae Adze Yehowa Ƒe Agbadɔ Me?
Be ame nadze Yehowa ƒe agbadɔ me fia be ame nanye Mawu xɔlɔ̃, aka ɖe eya amea dzi ahaɖo toe. Psalmo 15 lia ƒo nu tso nɔnɔme siwo Yehowa di be wòanɔ ame si anye ye xɔlɔ̃ si ŋu.
ELE BE AME SI ADZE YEHOWA ƑE AGBADƆ ME NANYE . . .
ame si wɔa nuteƒe
ame si toa nyateƒe le dzi me
ame si dea bubu Yehowa subɔla bubuwo ŋu
ame si wɔna ɖe eƒe nya dzi ne esia wɔwɔ sesẽ gɔ̃ hã
ame si kpena ɖe hiãtɔwo ŋu eye mekpɔa mɔ be woaɖo eteƒe na ye o
ELE BE AME SI ADZE YEHOWA ƑE AGBADƆ ME NAƑO ASA NA . . .
amenyagbɔgblɔ kple ameŋugbegblẽ
nu si agblẽ nu le ehavi ŋu la wɔwɔ
nɔvia Kristotɔwo tafatafa
hadede kple ame siwo mesubɔa Yehowa alo ɖoa toe o
zãnuxɔxɔ