-
Waingble Ŋuti Lododo EveYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 106
Waingble Ŋuti Lododo Eve
MATEO 21:28-46 MARKO 12:1-12 LUKA 20:9-19
EDO LO KU ÐE VIŊUTSU EVE ŊU
EDO LO KU ÐE WAINGBLEMEDƆWƆLAWO ŊU
Le gbedoxɔa me la, ɖeko Yesu na ŋu kpe nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegã siwo tɔ gbee ku ɖe ame si na ŋusẽe wòtsɔ le nuwo wɔm la ŋu vɔ koe nye esia. Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa wɔe be womegakpɔ nya aɖeke woagblɔ o. Azɔ edo lo aɖe tsɔ klo nu le ame si ƒomevi wonye la dzi.
Yesu gblɔ be: “Vi eve le ŋutsu aɖe si. Eye wòyi gbãtɔ gbɔ ɖagblɔ nɛ be, ‘Vinye, yi ɖawɔ dɔ le waingble la me egbe.’ Eɖo eŋu be, ‘Nyemayi o,’ ke emegbe la evee eye wòyi. Eye wòva evelia gbɔ gblɔ na eya hã nenema ke. Eya ɖo eŋu be, ‘Mayi,’ ke meyi o. Ame eve siawo dometɔ kae wɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu?” (Mateo 21:28-31) Ŋuɖoɖoa dze ƒãa—vi gbãtɔ lae wɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu mlɔeba.
Eya ta Yesu gblɔ na eƒe tsitretsiɖeŋulawo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, adzɔxɔlawo kple gbolowo atre Mawu Fiaɖuƒe la me yiyi na mi.” Le gɔmedzedzea la, adzɔxɔlawo kple gbolowoe menɔ Mawu subɔm o. Gake abe ale si vi gbãtɔa wɔe ene la, wova trɔ dzi me emegbe hele Mawu subɔm. Ke subɔsubɔhakplɔlawo ya le abe vi evelia ene, elabena wogblɔna be yewole Mawu subɔm, evɔ womesubɔnɛ hafi o. Yesu gblɔ be: “Yohanes [Amenyrɔɖetsimelaa] va mia gbɔ be yeafia dzɔdzɔenyenyemɔ la mi, ke miexɔ edzi se o. Gake adzɔxɔlawo kple gbolowo ya xɔ edzi se, eye togbɔ be miekpɔ esia hã la, mete ɖe mia dzi emegbe ne miaxɔ edzi ase o.”—Mateo 21:31, 32.
Yesu gado lo bubu ɖe ema yome. Le lo sia me la, Yesu ɖee fia be menye ɖeko subɔsubɔhakplɔlawo gbe be yewomasubɔ Mawu o. Ke boŋ ɖe wovɔ̃ɖi. Yesu gblɔ be: “Ame aɖe de waingble, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe, ewɔ wainfiãƒe ɖe eme, eye wòtu agbledzɔxɔ ɖe eme, etsɔe de asi na agbledelawo, eye wòzɔ mɔ yi duta. Ke esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe kluvi ɖeka ɖe agbledelawo gbɔ be wòaxɔ waingblea me kutsetse aɖewo tso wo gbɔ avɛ. Ke wolée heƒoe, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlui. Egadɔ kluvi bubu ɖe wo gbɔ, ke woxlã nu ɖe ta nɛ hedo vloe. Eye wògadɔ bubu ɖa, ke wowu eya hã, egadɔ bubu geɖewo ɖa, ke woƒo ɖewo, eye wowu ɖewo hã.”—Marko 12:1-5.
Ðe ame siwo nɔ to ɖom Yesu la ase eƒe lododoa gɔmea? Anɔ eme be woaɖo ŋku Yesaya ƒe fɔbuamenya siawo dzi be: “Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe waingble lae nye Israel ƒe aƒe; Yudatɔwoe nye agble si gbɔ melɔ̃a nu le o la. Ekpɔ mɔ na ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, ke kpɔ ɖa, sedzidadae li.” (Yesaya 5:7) Yesu ƒe lododoa me nyawo ɖi nya mawo. Agbletɔ lae nye Yehowa, eye waingble lae nye Israel dukɔa si Mawu ƒe Se la nye kpɔtɔtɔ kple takpɔkpɔ na. Yehowa dɔ nyagblɔɖilawo ɖe eƒe amewo be woafia nu wo ahakpe ɖe wo ŋu be woatse ku nyuiwo.
Ke hã ‘agbledelaawo’ wɔ fu “kluvi” siwo wodɔ ɖo ɖe wo la hewu wo. Yesu gblɔ be: “Azɔ viŋutsuvi ɖeka le [waingbletɔa si] si gbɔ melɔ̃a nu le o. Edɔ eya hã ɖe wo gbɔ gblɔ be, ‘Woasi vinye ŋkume ɖa.’ Ke agbledela mawo gblɔ le wo nɔewo dome be, ‘Ame siae nye domenyila la. Miva míawui, ne domenyinua nazu mía tɔ.’ Ale wolée hewui.”—Marko 12:6-8.
Azɔ Yesu bia be: “Nu kae waingbletɔa awɔ?” (Marko 12:9) Subɔsubɔhakplɔlawo ɖo eŋu be: “Esi wonye ame vɔ̃ɖiwo ta la, atsrɔ̃ wo ŋɔdzitɔe, eye wòatsɔ waingble la ade asi na agbledela bubu siwo atsɔ kutsetsewo anɛ le kutsetseawo ɖiɣi.”—Mateo 21:41.
Woƒe nyaŋuɖoɖo sia nye ʋɔnudɔdrɔ̃ wo ɖokuiwo le manyamanya me, elabena woawo hã wokpe ɖe ‘agbledela’ siwo le dɔ wɔm le Yehowa ƒe “waingble,” si le tsitre ɖi na Israel dukɔa me la ŋu. Yehowa tɔ dzɔ be wòadi kutsetsewo tso agbledela mawo si, eye kutsetse sia ƒe ɖee nye be woaxɔ Via si nye Mesia la dzi ase. Azɔ Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be: “Ðe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ, Yehowa gbɔe esia tso, eye wònye nu wɔnuku le mía ŋkume’ oa?” (Marko 12:10, 11) Yesu na eƒe nyaa me kɔ ƒãa azɔ esi wògblɔ be: “Esia tae mele egblɔm na mi be, woaxɔ Mawu Fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe kuwo.”—Mateo 21:43.
Agbalẽfialawo kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kpɔe dze sii be “yewo ŋue wòdo lo sia ɖo.” (Luka 20:19) Fifia ya wodi vevie wu tsã be yewoawu Yesu, si nye “domenyila” si dze la. Gake wovɔ̃ ameha la, elabena wobua Yesu nyagblɔɖilae, eya ta womedze agbagba be yewoawui ɣemaɣi o.
-
-
Fia Aɖe Yɔ Ame Siwo Wokpe Hena Srɔ̃ɖeŋkekenyuiYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 107
Fia Aɖe Yɔ Ame Siwo Wokpe Hena Srɔ̃ɖeŋkekenyui
SRƆ̃ÐEKPLƆ̃ÐOƑE ŊUTI LODODO
Esi Yesu ƒe subɔsubɔdɔa nɔ enu wum la, eyi edzi do lowo tsɔ klo nu le nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo ƒe nuwɔnawo dzi. Eya ta wodi be yewoawui. (Luka 20:19) Gake Yesu mewɔ vɔ haɖe o. Egado lo bubu ale:
“Dziƒofiaɖuƒe la le abe fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ na via ene. Eye wòdɔ eƒe kluviwo be woaɖayɔ ame siwo wokpe la ava srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu, gake womelɔ̃ be yewoava o.” (Mateo 22:2, 3) Yesu he susu yi “Dziƒofiaɖuƒe” la dzi le eƒe lododoa ƒe gɔmedzedze. Eya ta edze ƒãa be “fia” lae nye Yehowa Mawu. Ke fia la ƒe vi kple ame siwo wokpe va srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea ya ɖe? Le go sia hã me la, eme kɔ ƒãa be fia la ƒe vi lae nye Yehowa ƒe Vi, si le loa dom, eye ame siwo wokpe lae nye ame siwo anɔ Dziƒofiaɖuƒe la me kple Vi la.
Ame kawoe wokpe gbã? Enyo, ame kawoe Yesu kple apostoloawo nɔ gbeƒã ɖem na tso Fiaɖuƒea ŋu? Yudatɔwoe. (Mateo 10:6, 7; 15:24) Dukɔ sia lɔ̃ ɖe Se ƒe nubablaa dzi le ƒe 1513 D.Y. me, si wɔe be mɔnukpɔkpɔa su wo si gbã be woanye “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe.” (2 Mose 19:5-8) Gake ɣekaɣi koŋue woakpe wo ava ‘srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea’? Edze ƒãa be wodze wo kpekpe gɔme le ƒe 29 K.Ŋ. esime Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me tso Dziƒofiaɖuƒea ŋu.
Ke aleke Israel-vi akpa gãtɔ wɔ nui esi wokpe wo? Abe ale si Yesu gblɔe ene la, “womelɔ̃ be yewoava o.” Subɔsubɔhakplɔlawo kple dukɔa me tɔ akpa gãtɔ melɔ̃ ɖe edzi be Yesu ye nye Mesia la kple Fia si Mawu tia la o.
Ke hã Yesu ɖee fia be mɔnukpɔkpɔ bubu agasu Yudatɔwo si esi wògblɔ be: “[Fia la gadɔ] kluvi bubuwo ɖa gblɔ be, ‘Migblɔ na ame kpekpeawo be: “Kpɔ ɖa, ŋdɔnuɖuɖua sɔ gbe vɔ, wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nu sia nu sɔ gbe. Miva srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.”’ Ke wometsɔ ɖeke le eme o, eye wodzo, ame ɖeka yi eƒe agble me, bubu yi eƒe adzɔ do ge; ke mamlɛawo lé eƒe kluviawo, wɔ fu wo eye wowu wo.” (Mateo 22:4-6) Esia ɖe nu si adzɔ ne wova ɖo Kristo hamea anyi la fia. Ɣemaɣi la, mɔnukpɔkpɔa ganɔ ʋuʋu ɖi na Yudatɔwo be woanɔ Fiaɖuƒea me, gake ame akpa gãtɔ gbe amekpekpea eye wowɔ fu ‘fia la ƒe kluviwo’ gɔ̃ hã.—Dɔwɔwɔwo 4:13-18; 7:54, 58.
Nu kae va do tso eme na dukɔa? Yesu gblɔ be: “Fia la do dziku, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo ɖa woyi ɖawu amewula mawo eye wotɔ dzo woƒe du la.” (Mateo 22:7) Esia dzɔ ɖe Yudatɔwo dzi le ƒe 70 K.Ŋ. esi Romatɔwo va tsrɔ̃ “woƒe du la,” si nye Yerusalem.
Esi wogbe fia la ƒe amekpekpea la, ɖe wòfia be womagakpe ame bubu aɖeke oa? Yesu ƒe lododoa mefia nenema o. Eyi edzi be: “Eye [fia la gblɔ] na eƒe kluviawo be, ‘Nu sia nu sɔ gbe na srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuɖu, gake ame siwo wokpe la medze o. Eya ta miyi dua ƒe mɔ gãwo dzi ne miakpe ame sia ame si miakpɔ la va srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.’ Ale kluvi mawo do go yi mɔwo dzi, eye woƒo ame siwo katã wokpɔ la nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa; ale amewo yɔ srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu fũu le xɔ si me wole srɔ̃a ɖem le la me.”—Mateo 22:8-10.
Eɖe dzesi be emegbe apostolo Petro ava nɔ kpekpem ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o kple ame siwo trɔ dzi me va Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhaa me la ŋu be woazu Kristotɔ vavãwo. Le ƒe 36 K.Ŋ. la, wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa ɖe Roma-srafomegã Kornelio kple eƒe ƒomea dzi, si wɔe be mɔnukpɔkpɔa su wo si be woanyi Dziƒofiaɖuƒe si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la dome.—Dɔwɔwɔwo 10:1, 34-48.
Yesu ɖee fia be menye ame siwo katã va kplɔ̃ɖoƒea la ƒe nue adze “fia la” ŋu o. Egblɔ be: “Esi fia la va be yealé ŋku ɖe ame kpekpeawo ŋu la, ekpɔ ŋutsu aɖe si medo srɔ̃ɖewu o la le afi ma. Ebiae be, ‘Xɔ̃, aleke nèwɔ ge ɖe afi sia evɔ mèdo srɔ̃ɖewu o?’ Ke mete ŋu ke nu o. Eye fia la gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti la me le xexe. Afi mae wòafa avi ahaɖu aɖukli le.’ Elabena ame geɖewoe wokpe, ke ame ʋɛ aɖewo koe wotia.”—Mateo 22:11-14.
Ðewohĩ subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ to ɖom Yesu la mase nya siwo gblɔm wònɔ la gɔme bliboe ya o. Ke hã, eƒe nyawo ve dɔme na wo eye woɖoe kplikpaa wu tsã be yewoaɖe ame sia si le ŋukpe dom yewo alea la ɖa.
-
-
Yesu Gblẽ Mɔ̃ Si Wotre Nɛ La MeYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 108
Yesu Gblẽ Mɔ̃ Si Wotre Nɛ La Me
MATEO 22:15-40 MARKO 12:13-34 LUKA 20:20-40
MITSƆ KAISARO TƆ NA KAISARO
ÐE WOAÐE SRƆ̃ LE TSITRETSITSIA MEA?
SEDEDE GÃTƆWO
Subɔsubɔhakplɔla siwo nye Yesu ƒe futɔwo la do dziku. Edo lo siwo klo nu le woƒe vɔɖivɔ̃ɖi dzi vɔ koe nye ema. Azɔ Farisitɔwo ɖo nugbe be yewoatre mɔ̃ nɛ. Wodi be yewoana wòagblɔ nya aɖe si dzi yewoanɔ te ɖo atsɔe ade asi na Roma nutodziɖula la, eya ta wona ga woƒe nusrɔ̃la aɖewo be woayi aɖatre mɔ̃ nɛ.—Luka 6:7.
Ame siawo va gblɔ be: “Nufiala, míenyae be èƒoa nu hefia nu ɖe eteƒe, eye mèkpɔa ame ŋkume o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me: Ðe se ɖe mɔ be míaxe adzɔ na Kaisaro loo, alo se meɖe mɔ o?” (Luka 20:21, 22) Woƒe kesekukuɖɔɖɔnamea meflu Yesu o, elabena alakpanu kple ayemenu wɔmee wonɔ. Ne eɖo eŋu be, ‘Ao, mele be woaxe adzɔ o’ la, woate ŋu atsɔ nya ɖe eŋu be edze aglã ɖe Roma dziɖuɖua ŋu. Gake ne egblɔ be, ‘Ɛ̃, mixe adzɔ sia’ la, ekema dukɔa me tɔwo, siwo le tse ɖum le Romatɔwo ƒe dziɖuɖu ta la, ase eƒe nyaa gɔme bubui ahatso ɖe eŋu. Eya ta aleke wòɖo nyaa ŋui?
Yesu gblɔ be: “Nu ka tae miele mɔ̃ trem nam? Mitsɔ gaku si wotsɔna xea adzɔ la vɛ makpɔ.” Wotsɔ denario ɖeka vɛ nɛ. Eye wòbia wo be: “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia?” Wogblɔ be: “Kaisaro tɔe.” Eye wògblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu.”—Mateo 22:18-21.
Ale si Yesu ɖo nyaa ŋu aɖaŋutɔe la na woƒe nu ku, eye wotrɔ dzo. Gake ŋkekea mewu enu haɖe o, eye wogale agbagbadzedze dzi be yewoatre mɔ̃ nɛ. Le Farisitɔwo ƒe kpododo nu megbe la, kɔmama bubu ƒe kplɔlawo va Yesu gbɔ.
Zadukitɔ siwo gblɔna be tsitretsitsi meli o la va bia nya aɖe ku ɖe tsitretsitsi la kple ame nɔvi si ku srɔ̃ ɖeɖe ŋu. Wobia be: “Nufiala, Mose gblɔ be: ‘Ne ŋutsu aɖe ku, evɔ vi mele esi o la, nɔviaŋutsu naxɔ srɔ̃a aɖe ne wòado ƒome ɖi nɛ.’ Nɔviŋutsu adre nɔ mía dome. Gbãtɔa ɖe srɔ̃ eye wòku, gake esi medzi vi aɖeke o ta la, nɔvia xɔ nyɔnua ɖe. Nu ma kee dzɔ ɖe evelia kple etɔ̃lia dzi va se ɖe wo ame adrea katã dzi. Mlɔeba nyɔnua hã ku. Eya ta le tsitretsitsia me ɖe, ŋutsu adreawo dometɔ ka srɔ̃ wòanye? Elabena wo katã woɖee kpɔ.”—Mateo 22:24-28.
Yesu he susu yi Mose ƒe nuŋlɔɖia, si dzi Zadukitɔwo xɔ se la dzi tsɔ ɖo eŋu na wo be: “Ðe menye esia tae mieda ƒu le esi mienya Ŋɔŋlɔawo loo alo Mawu ƒe ŋusẽ la oa? Elabena ne wofɔ tso ame kukuwo dome la, ŋutsuwo maɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ nyɔnuwo ana be woaɖe o, ke boŋ woanɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, ɖe miexlẽ ŋuve ŋuti nuŋlɔɖi si le Mose ƒe agbalẽa me, ale si Mawu gblɔ nɛ be: ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu’ la oa? Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe. Mieda ƒu ŋutɔ.” (Marko 12:24-27; 2 Mose 3:1-6) Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa na amehawo ƒe nu ku.
Esi Yesu tsi nya ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nu alea ta la, tsitretsiɖeŋula siawo va wɔ ɖeka be yewoagadoe akpɔ. Agbalẽfiala aɖe biae be: “Nufiala, sedede kae nye gãtɔ le Se la me?”—Mateo 22:36.
Yesu ɖo eŋu be: “Gbãtɔe nye, ‘Oo Israel, see, Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe, eye nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.’ Eveliae nye esi, ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Se bubu aɖeke megali si lolo wu esiawo o.”—Marko 12:29-31.
Esi agbalẽfialaa se ŋuɖoɖo sia la, egblɔ be: “Nufiala, ègblɔe nyuie le nyateƒe la nu be, ‘Ðeka koe wònye, eye bubu aɖeke megali o, negbe eya ko,’ eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kpakple ŋusẽ blibo, eye woalɔ̃ ame havi abe ame ɖokui ene la xɔ asi sãsãsã wu numevɔsa blibowo kple vɔsawo katã.” Esi Yesu kpɔ be eɖo nyaa ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be: “Mèle adzɔge tso Mawu Fiaɖuƒe la gbɔ o.”—Marko 12:32-34.
Ŋkeke etɔ̃e nye esia (Nisan 9, 10, kple 11) Yesu le nu fiam le gbedoxɔa me. Ame aɖewo abe agbalẽfiala sia ene kpɔ dzidzɔ ɖe toɖoɖoe ŋu. Gake mele alea le subɔsubɔhakplɔla siwo ƒo dzi ‘megale be woabia nya aɖekee o’ la gome o.
-
-
Eka Mo Na Subɔsubɔhakplɔla Siwo Tsi Tre Ðe EŋuYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 109
Eka Mo Na Subɔsubɔhakplɔla Siwo Tsi Tre Ðe Eŋu
MATEO 22:41–23:24 MARKO 12:35-40 LUKA 20:41-47
AME KA ƑE VIE KRISTO LA NYE?
YESU ƲU GO TSITRETSIÐEŊULA ALAKPANUWƆLAWO ƑE NUWƆNA
Agbagba si subɔsubɔhakplɔla tsitretsiɖeŋulawo dze be yewoadi nya na Yesu alo atre mɔ̃ nɛ ale be yewoadee asi na Romatɔwo la medze edzi o. (Luka 20:20) Fifia esi wògale gbedoxɔa me le Nisan 11 lia dzi la, eya hã trɔ ɖe wo ŋu eye wòɖe ame si ŋutɔŋutɔ wònye la fia. Ebia wo be: “Nu kae miesusu le Kristo la ŋu? Ame ka vie wònye?” (Mateo 22:42) Ame geɖe nyae be Kristo, alo Mesia la, atso David ƒe ƒomea me. Eye woƒe nyaŋuɖoɖoa wɔ ɖeka kple nya sia.—Mateo 9:27; 12:23; Yohanes 7:42.
Yesu bia wo be: “Ekema aleke wɔ gbɔgbɔ ʋã David wòyɔe be ‘Aƒetɔ,’ esi wògblɔ be: ‘Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Bɔbɔ nɔ nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo ade wò afɔ te”’? Azɔ ne David yɔe be ‘Aƒetɔ’ ɖe, ke aleke wɔ wònye via?”—Mateo 22:43-45.
Farisitɔwo mete ŋu ɖo nya ma ŋu o, elabena wonɔ mɔ kpɔm na David ƒe dzidzimevi si nye amegbetɔ si ava ɖe wo tso Romatɔwo ƒe teteɖeanyi me. Gake Yesu he susu yi David ƒe nya si le Psalmo 110:1, 2 la dzi tsɔ ɖee fia be menye amegbetɔ dziɖula dzroe Mesia la anye o. Enye David ƒe Aƒetɔ, eye axɔ ŋusẽ ne eva nɔ Mawu ƒe ɖusime. Yesu ƒe nya sia tsi nya ɖe eƒe tsitretsiɖeŋulawo nu.
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kple ame bubuwo hã nɔ to ɖom. Yesu trɔ ɖe wo ŋu azɔ hexlɔ̃ nu wo tso agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋu. Ŋgɔnɔla siawo “bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi” be woafia Mawu ƒe Sea amewo. Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be: “Miwɔ nu siwo katã wogblɔna na mi la, eye milé wo me ɖe asi, ke migakpɔ woƒe nuwɔna miawɔ o, elabena wogblɔnɛ, gake womewɔa nu si wogblɔna la dzi o.”—Mateo 23:2, 3.
Azɔ Yesu ƒo nu tso alakpanu siwo wowɔna la dometɔ aɖewo ŋu esi wògblɔ be: “Wowɔa nugoe siwo me ŋɔŋlɔawo le la wòkekena eye woblaa wo ɖe ŋgonu kple abɔ be woakpɔ yewo ta.” Yudatɔ aɖewo hã blaa nugoe siawo siwo me Sea me nya kpuiwo nɔna la ɖe ŋgonu kple abɔ, gake wo tɔawo nɔa sue wu. Farisitɔwo wɔa wo tɔawo wòkekena be amewo nakpɔe be yewoléa fɔ ɖe Se la ŋu. “Wowɔa woƒe awu togawo wòdidina” hã. Wobia tso Israel-viwo si be woade gbowo woƒe awuwo to, ke hã Farisitɔwo kpɔa egbɔ be yewo tɔwo didi wu. (4 Mose 15:38-40) Wowɔa esiawo katã “be amewo nakpɔ” yewo.—Mateo 23:5.
Ame ŋkuta nyenye ƒe didia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã dzi, eya ta exlɔ̃ nu wo be: “Migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, ke mi katã la, nɔviwo mienye. Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi hã o, elabena ame ɖekae nye mia Fofo, Ame si le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo hã o, elabena ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, eyae nye Kristo la.” Ke aleke wòle be nusrɔ̃lawo nabu wo ɖokuiwoe, eye aleke wòle be woawɔ nui? Yesu gblɔ na wo be: “Ame si nye gãtɔ le mia dome la nanye miaƒe subɔla. Ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.”—Mateo 23:8-12.
Azɔ Yesu bu fɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔ alakpanuwɔlawo vevie esi wògblɔ be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mietua Dziƒofiaɖuƒe la ƒe ʋɔwo ɖe amewo nu; eye esi miawo ŋutɔwo mieyina ɖe eme o ta la, mieɖea mɔ na ame siwo le mɔ dzi yina ɖe eme la be woayi ɖe eme o.”—Mateo 23:13.
Yesu bu fɔ Farisitɔwo, elabena womedea asixɔxɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu o, eye esia dze le woƒe sedede ɖe nuwo ŋu madzemadzee la me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna be: “Ne ame aɖe tà gbedoxɔa la, mehiã be wòawɔ edzi o; ke ne ame aɖe tà sika si le gbedoxɔa me ya la, ele be wòawɔ eƒe atam la dzi godoo.” Esia ɖe ale si woƒe ŋkuwo gbãe la fia, elabena wodea asixɔxɔ sika si le gbedoxɔa me la ŋu wu tadedeagu si wotsɔna na Yehowa le gbedoxɔa me. Eye woŋea “aɖaba ƒua Se la me nu vevitɔwo, siwo nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ kpakple nuteƒewɔwɔ dzi.”—Mateo 23:16, 23; Luka 11:42.
Yesu yɔ Farisitɔ siawo be “mɔfiala ŋkuagbãtɔ siwo tsyɔa nu dzodzoe sue, gake mia kposɔ ya!” (Mateo 23:24) Wotsyɔa nu dzodzoe le woƒe wain me, elabena eŋu mekɔ le Se la nu o. Gake ale si woŋea aɖaba ƒua Se la me nu siwo le vevie wu dzi la le ko abe ɖe wole kposɔ mim ene. Kposɔ hã nye lã si ŋu mekɔ o, evɔ eya boŋ lolo sãa wu.—3 Mose 11:4, 21-24.
-