INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 6/1 axa 6-10
  • Togbɔ Be Míexaa Nu Hã La, Míebu Mɔkpɔkpɔ O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Togbɔ Be Míexaa Nu Hã La, Míebu Mɔkpɔkpɔ O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ku Va Ðo Ameƒomea Me
  • Nuteƒewɔla Siwo Xa Nu
  • Nuxaxa le Yesu Ŋɔli
  • Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Ame Kukuwo?
  • Kpekpeɖeŋu Nyui aɖe na Amesiwo Le Nu Xam
  • Mɔkpɔkpɔ Vavã si Li na Wò Ame Vevi Siwo Ku
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nukae Dzɔna Ðe Mi̇́aƒe Lɔlɔ̃tɔ Siwo Ku Dzi?
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Ame Kukuwo Ƒe Mɔkpɔkpɔ Vavãtɔ
    Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku
  • Ðe Wògblẽ be Woafa Konyia?
    Nyɔ!—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 6/1 axa 6-10

Togbɔ Be Míexaa Nu Hã La, Míebu Mɔkpɔkpɔ O

“Míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.”—TESALONIKATƆWO I, 4:13.

1. Nukae dzɔna ɖe ameƒomea dzi enuenu?

ÐE KU kplɔ wò lɔlɔ̃tɔ aɖe dzoea? Eɖanye ƒe kae míexɔ o, ƒometɔ alo xɔlɔ̃ aɖe ƒe ku do nuxaxa na mía dometɔ akpa gãtɔ. Ðewohĩ mía tɔgbui, mía mama, mía dzila, mía srɔ̃, alo mía vie. Tsitsi, dɔléle, kple afɔkuwo wua ame ɣeawokatãɣi. Nuvlowɔwɔ, ŋutasesẽnuwo ƒe dzɔdzɔ, kple aʋawɔwɔ dzia nɔnɔme wɔnublanui sia kple nuxaxa la ɖe edzi. Amesiwo wu miliɔn 50 ye kuna ƒe sia ƒe le xexeame godoo le mamã dedie nu. Ne womãe dedie la, ame 140,250 ye ku gbesiagbe le ƒe 1993 me. Ku ƒe nugbegblẽ doa nuxaxa na xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo, eye alesi wònaa wosena le ame ɖokui me be nu vevi aɖe bu na ame la nu sẽna ŋutɔ.

2. Nukae dze le ɖeviwo ƒe ku ŋu be mele dzɔdzɔme nu o?

2 Ðe míase veve ɖe dzila siwo ƒe vinyɔnu funɔ ku nublanuitɔe le lɔrifɔku kpata aɖe me le California, U.S.A., la nu oa? Wo vinyɔnu ɖekɛ la kple vidzĩ si ava nye woƒe tɔgbui kple mama yɔvi la ku zi ɖeka. Srɔ̃nyɔnu kple viŋutsu alo vinyɔnu gbãtɔe ma ku na ŋutsu si wòɖe. Le mɔ aɖe nu la, be vi naku na dzilawo la nye nusi mesɔ ɖe dzɔdzɔme nu o, wo via ɖatsi alo meɖatsi o. Mele dzɔdzɔme nu be ɖeviwo naku do ŋgɔ na wo dzilawo o. Mí katã míelɔ̃ agbe. Eyata futɔe ku nye nyateƒe.—Korintotɔwo I, 15:26.

Ku Va Ðo Ameƒomea Me

3. Aleke Habel ƒe ku ate ɖe Adam kple Xawa dzii?

3 Nuvɔ̃ kple ku ɖu fia anye ƒe akpe adee nye esia le amegbetɔ ƒe ŋutinya me, tso mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa ƒe aglãdzeɣi ke. (Romatɔwo 5:14; 6:12, 23) Biblia megblɔ alesi wowɔ esime Kain wu nɔvia Habel si nye wo viŋutsu na mí ya o. Gake le susu geɖewo ta la, anye nyadzɔɖeamedzi si awu tsɔtsɔ na wo. Esiae nye zi gbãtɔ si wokpɔ amegbetɔ ƒe ku teƒe kpɔ ŋkume kple ŋkume esime wokpɔe wowu woawo ŋutɔ wo viŋutsu. Wokpɔ woƒe aglãdzedze kple woƒe tiatiawɔblɔɖe zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu la metsonu. Togbɔ be Mawu gbe nya na Kain hã la, eɖoe be yeawu ye nɔvi eye esiae nye ame nɔvi wuwu gbãtɔ. Míenya be Abel ƒe ku ave Xawa ŋutɔ elabena esi wòdzi Set la, egblɔ be: “Mawu ɖo dzidzime bubu Habel, amesi Kain wu la teƒe nam.”—Mose I, 4:3-8, 25.

4. Nukatae luʋɔ makumaku ƒe nyakpakpa la mate ŋu afa akɔ na wo esime Habel ku o?

4 Mía dzila gbãtɔwo kpɔ afia si Mawu tso na wo la hã ƒe nyateƒenyenye—be ne wodze aglã hegbe toɖoɖo la, ‘ku kee woaku.’ Togbɔ be Satana ble wo hã la, ewɔ abe ɖe luʋɔ makumaku ƒe aʋatsonya la medo haɖe o ene, eyata ema mana aʋatsokɔfafa aɖeke wo o. Mawu gblɔ na Adam be: “[Àgatrɔ] azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” Megblɔ nya aɖeke be azu luʋɔ makukumaku ava nɔ agbe le dziƒo, dzomavɔ me, Limbo, ŋutiklɔdzo me, alo le teƒe bubu aɖeke o. (Mose I, 2:17; 3:4, 5, 19) Esi Adam kple Xawa nye luʋɔ gbagbe siwo wɔ nuvɔ̃ ta la, woava ku godoo eye womaganɔ anyi o. Gbɔgbɔ ʋã Fia Salomo wòŋlɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be. Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, eye womagakpɔ gome le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o.”—Nyagblɔla 9:5, 6.

5. Mɔkpɔkpɔ vavãtɔ kae li na ame kukuwo?

5 Aleke nya mawo nye nyateƒee nye si! Le nyateƒe me la, amekae gaɖoa ŋku tɔgbui siwo ku ƒe alafa eve alo etɔ̃ siwo va yi la dzi? Zi geɖe la, womeganyaa woƒe yɔdowo gɔ̃ hã o alo wodzudzɔa beléle na wo ɣeaɖeɣi ke. Ðe ema fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku oa? Kpao, menye nenemae kura o. Marta gblɔ na Yesu le nɔviaŋutsu Lazaro si ku ŋuti be: “Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.” (Yohanes 11:24) Hebritɔwo xɔ edzi se be Mawu ava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre le etsɔ me. Gake ema mena wodzudzɔ nuxaxa ne woƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku o.—Hiob 14:13.

Nuteƒewɔla Siwo Xa Nu

6, 7. Aleke Abraham kple Yakob wɔ nui esime woƒe ame ku?

6 Ƒe akpe ene kloe enye sia la, esi Abraham srɔ̃ Sara ku la, ‘Abraham va be yeafa konyi eye yeafa avi na Sara.’ Mawu subɔla nuteƒewɔla ma ɖe eƒe seselelãme detowo fia esime srɔ̃a lɔlɔ̃a si kuna ɖe eŋu goŋgoŋ la ku. Togbɔ be dzi nɔ eƒo eye wòwɔa ŋutsu hã la, mekpe ŋu nɛ be yeafa avi atsɔ aɖe yeƒe seselelãme afia o.—Mose I, 14:11-16; 23:1, 2.

7 Nenema ke wònɔ le Yakob hã gome. Esime woblee wòxɔ se be lã wɔadã aɖee wu ye vi Yosef la, aleke wòwɔ nui? Míexlẽ le Mose I, 37:34, 35 be: “Tete Yakob dze eƒe awu, [ta akpanya], eye wòfa konyi na via ŋkeke geɖewo. Eye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã fa akɔ nɛ ʋuu do kpoe; ke egblɔ bena: Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsiẽƒe boŋ. Ale fofoa fa nɛ ŋutɔ.” Ẽ, enye nusi sɔ ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme nu eye wòsɔ le dzɔdzɔme nu hã be woaxa nu ne ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ku.

8. Aleke Hebritɔwo lɔ̃a woƒe vevesese ɖeɖefiae?

8 Le alesi wowɔa nui egbea alo le nɔnɔme siwo le teƒe si ame aɖewo le ta la, awɔ na wo be Yakob ƒe nuwɔna tso eme eye be egaɖe eƒe vevesese fia akpa. Gake ɣeyiɣi si me wònɔ agbe kple amesiwo dome wonyii le to vovo. Alesi wòɖe nuxaxa fiae—esi wòta akpanya—ye nye zi gbãtɔ si woƒo nu tso nuwɔna sia ŋu le Biblia me. Gake abe alesi woƒo nu le nuxaxa ŋui le Hebri Ŋɔŋlɔawo me ene la, woɖea nuxaxa fiana le konyifaɣliwo dodo, avihawo kpakpa, kple dzowɔ me nɔnɔ me. Ðaseɖiɖiwo ɖee fia be Hebritɔwo mexea mɔ ɖe woƒe nuxaxa ŋutɔŋutɔ ɖeɖefia nu o.a—Xezekiel 27:30-32; Amos 8:10.

Nuxaxa le Yesu Ŋɔli

9, 10. (a) Aleke Yesu wɔ nui esi Lazaro ku? (b) Nukae Yesu ƒe nuwɔna gblɔ na mí le eyama ŋuti?

9 Nya kae míate ŋu agblɔ tso Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ŋu? Le kpɔɖeŋu me, Lazaro nɔvinyɔnu siwo nye Marta kple Maria fa avi hefa konyi esime wòku. Aleke Yesu si nye ame deblibo la wɔ nui esi wòva kua teƒe? Yohanes ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Azɔ esi Maria va afisi Yesu le, eye wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o. Eye esi Yesu kpɔe wòle avi fam, eye Yudatɔ, siwo va kplii hã le avi fam la, edo dɔmedzoe le gbɔgbɔ la me, eye eƒe dzi ʋuʋu, eye wòbena: Afika mietsɔe yi ɖamlɔ mahã? Wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, va kpɔe. Yesu fa avi.”—Yohanes 11:32-35.

10 “Yesu fa avi.” Nya kpui mawo fia nu geɖe mí le Yesu ƒe amewɔwɔ, eƒe veveseseɖeamenu, kple eƒe seselelãme ŋu. Togbɔ be Yesu nya kɔte be tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa li hã la, “Yesu fa avi.” (Yohanes 11:35) Nuŋlɔɖia yi edzi be eteƒekpɔlawo gblɔ be: “Mikpɔ alesi wòlɔ̃nɛ [Lazaro] ɖa!” Ðikekemanɔmee la, ne Yesu si nye ame deblibo fa avi le exɔlɔ̃ ƒe kuteƒe la, ke menye ŋukpe be ŋutsu alo nyɔnu naxa nu alo afa avi egbea o.—Yohanes 11:36

Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Ame Kukuwo?

11. (a) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Biblia me kpɔɖeŋu siwo ƒo nu tso nuxaxa ŋu la me? (b) Nukata míexaa nu abe amesiwo si mɔkpɔkpɔ mele o la ene o?

11 Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Biblia me kpɔɖeŋu siawo me? Eyae nye be enye nusi nye amegbetɔ ƒe nɔnɔme eye wòsɔ le dzɔdzɔme nu hã be woaxa nu amewo nakpɔ eye mele be wòakpe ŋu na mí o. Togbɔ be tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa aka fa dzi na ame hã la, ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ƒe ku ganye dzigbãnya si vea ame vevie kokoko. Ƒe geɖe siwo míetsɔ nɔ anyi kplikplikpli hewɔ nuwo ɖekae la nu tso kpo nublanuitɔe. Nyateƒee, míexaa nu abe amesiwo si mɔkpɔkpɔ mele o alo amesiwo si aʋatsomɔkpɔkpɔ le ene o. (Tesalonikatɔwo I, 4:13) Míetsɔa nyakpakpa siwo nye be luʋɔ makumaku le amegbetɔ si alo be wogayia edzi nɔa agbe to gbugbɔgadzɔ me blea mía ɖokui o. Míenyae nyuie be Yehowa do “dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ” ƒe ŋugbe na mí. (Petro II, 3:13) “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [míaƒe] ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4

12. Aleke Paulo ɖee fiae be yexɔ tsitretsitsia dzi se?

12 Mɔkpɔkpɔ kae li na ame kukuwo?b Gbɔgbɔ ʋã Kristotɔ nuŋlɔla Paulo wògblɔ nya siwo afa akɔ na mí eye woana mɔkpɔkpɔ mí la na mí be: “Futɔ mamletɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku.” (Korintotɔwo I, 15:26) The New English Bible gblɔe be: “Futɔ mamletɔ si woaɖe ɖa kura la enye ku.” Nukatae Paulo te ŋu ka ɖe edzi alea gbegbe? Elabena Yesu Kristo, amesi wofɔ tso ame kukuwo dome, ye kpe ɖe eŋu wòtrɔ dzime eye eya kee fia nui. (Dɔwɔwɔwo 9:3-19) Ema tae Paulo te ŋu gblɔ hã be: “Elabena esi wònye ame [Adam] mee ku la to va ŋuti la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to ame [Yesu] ke me va. Elabena alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.”—Korintotɔwo I, 15:21, 22.

13. Aleke eteƒekpɔlawo wɔ nui esi wofɔ Lazaro ɖe tsitre?

13 Yesu ƒe nufiafia nye akɔfafa gã aɖe kple mɔkpɔkpɔ na etsɔ me nyui aɖe na mí. Le kpɔɖeŋu me, nukae wòwɔ esi Lazaro ku? Eyi yɔdo si me woɖi Lazaro ƒe kukua ɖo ŋkeke enee nye ma la to. Edo gbe ɖa, “eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Lazaro lee, do go! Eye ame kuku, si ƒe afɔwo kple asiwo le babla la, do go kple ameɖivɔwo, eye taku bla ŋku me nɛ. Yesu gblɔ bena: Mitui, eye mina wòayi.” Àte ŋu akpɔ alesi wòawɔ nuku na Marta kple Maria ahadzɔ dzi na woe la le susu mea? Aleke gbegbe wòawɔ nuku na aƒelikawoe nye esi esi wokpɔ nukunu sia! Eyata mewɔ nuku o be eteƒekpɔla geɖe xɔ Yesu dzi se. Gake eƒe futɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ya ‘de aɖaŋu be yewoawui.’—Yohanes 11:41-53

14. Nuka ƒe dzesi sue aɖe koe Lazaro ƒe tsitretsitsia nye?

14 Eteƒekpɔla geɖe ŋkumee Yesu wɔ ame kuku fɔfɔ ɖe tsitre ma si womaŋlɔ be akpɔ ,o la le. Esia nye kpeɖodzi sue aɖe ko na tsitretsitsi si ŋu nya wògblɔ ɖi do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia si ŋu míexlẽ le be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le [ŋkuɖodziyɔdowo] me la, woase [Mawu Vi la ƒe] gbe; eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.”—Yohanes 5:28, 29.

15. Yesu ƒe tsitretsitsi ŋuti kpeɖodzi kae le Paulo kple Anania si?

15 Abe alesi míegblɔe va yi ene la, apostolo Paulo xɔ tsitretsitsi la dzi se. Nukatae? Tsã la, eyae nye Saul vɔ̃ɖi si ti Kristotɔwo yome. Eƒe ŋkɔ kple nusi wòwɔna la na ŋɔdzi lé xɔsetɔwo. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖe menye eyae da asi ɖe kpeƒuƒu Kristotɔ xɔsetakukula Stefano dzi oa? (Dɔwɔwɔwo 8:1; 9:1, 2, 26) Gake esime Saul nɔ mɔ dzi yina Damasko la, Kristo si wofɔ ɖe tsitre la na eƒe ŋkume kɔ, esi wòna eƒe ŋku gbã ɣeyiɣi kpui aɖe. Saul se gbe aɖe wònɔ nu ƒom nɛ be: “Saul, Saul, nuka wɔ nèle yonyeme tima? Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle.” Kristo sia si wofɔ ɖe tsitre ke gblɔ na Anania si le Damasko be wòayi aƒe si me Saul le gbe dom ɖa le ne wòaʋu ŋku nɛ. Eyata Saul kple Anania siaa ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ na woxɔ tsitretsitsia dzi se.—Dɔwɔwɔwo 9:4, 5, 10-12.

16, 17. (a) Aleke míewɔ nya be Paulo mexɔ Helatɔwo ƒe dzixɔse si nye be luʋɔ makumaku si wotsɔ dzi amee le ame me la dzi se o? (b) Mɔkpɔkpɔ nyui si ŋu kakaɖedzi le kae Biblia gblɔ? (Hebritɔwo 6:17-20)

16 Kpɔ alesi Saul, si nye apostolo Paulo, ɖo nya ŋui, esime wòzu Kristotɔ si yome woti si wokplɔ va Mɔ̃mefia Felike ŋkumee ɖa. Míexlẽe le Dɔwɔwɔwo 24:15 be: “Mɔkpɔkpɔ . . . le asinye na Mawu . . . bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” Edze ƒã be Paulo mexɔ Helatɔ trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔse si nye be luʋɔ makumaku si wotsɔ dzi amee le ame si, si wogblɔ be eganɔa agbe le vivimexexe aɖe me le kuwo de la dzi se o. Tsitretsitsia dzie wòxɔ se eye eyae wòfia amewo be woaxɔ edzi ase hã. Efia be woana makumakugbenɔnɔ ame aɖewo be woazu gbɔgbɔmenuwɔwɔwo anɔ dziƒo kple Kristo eye le ame akpa gãtɔ gome la, woagagbɔ agbe wo ava anyigba si de blibo dzi.—Luka 23:43; Korintotɔwo I, 15:20-22, 53, 54; Nyaɖeɖefia 7:4, 9, 17; 14:1, 3.

17 Eyata ŋugbedodo si me kɔ kple mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la le mía si le Biblia me be to tsitretsitsia dzi la, ame geɖe agava kpɔ woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la ake le anyigba dzi afisia gake nɔnɔme siwo to vovo kura mee woava nɔ.—Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Kpekpeɖeŋu Nyui aɖe na Amesiwo Le Nu Xam

18. (a) Dɔwɔnu nyui kae woɖe ɖe go le “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpeawo me? (Kpɔ aɖaka la me nyawo.) (b) Nyabiase kawoe hiã ŋuɖoɖo?

18 Fifia la, wole susu me na mí eye míexaa nu ɖe wo ta. Nukae míate ŋu awɔ ato kudzɔɖeamedzi ƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo me? Nukae ame bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesiwo le nu xam la ŋuti? Hekpe ɖe eŋu la, nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo míedoa goe le míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me, amesiwo si mɔkpɔkpɔ vavã aɖeke mele o eye woawo hã le woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la fam la ŋuti? Eye akɔfafa bubu kawoe míate ŋu akpɔ le Biblia me tso míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo le alɔ̃ dɔm ɖe ku me la ŋuti? Nyati si gbɔna aɖo eŋu ɖaŋu aɖewo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne èdi numeɖeɖe bubuwo le nuxaxa le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ŋu la, ke kpɔ Insight on the Scriptures si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe Babla 2 lia, axa 446-7.

b Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ si le Biblia me ŋu la, kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 2 lia, axa 783-93.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

◻ Nukatae míate ŋu agblɔ be futɔe ku nye?

◻ Aleke Mawu ƒe subɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ɖe woƒe nuxaxa fiae?

◻ Mɔkpɔkpɔ kae li na míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku?

◻ Kpeɖodzi kae nɔ Paulo si si tae wòxɔ tsitretsitsia dzi se?

[Aɖaka si le axa 8, 9]

Kpekpeɖeŋunu Nyui aɖe na Amesiwo Le Nu Xam

Le “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ le ƒe 1994-95 me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖe gbeƒã agbalẽ gbadza yeye aɖe si ƒe ŋkɔe nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku la ɖeɖe ɖe go. Wotrɔ asi le agbalẽ dedziƒoname sia ŋu be wòafa akɔ na dukɔ sia dukɔ me tɔwo kple gbe sia gbe gblɔlawo. Abe alesi ɖewohĩ nàkpɔe xoxo ene la, egblɔ Biblia ƒe numeɖeɖe si gɔmesese le bɔbɔe le ku kple nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu. Vevietɔ egana numekɔkɔ le agbenɔnɔ to tsitretsitsia dzi le paradisonyigba si ŋu wokɔ dzi ƒe ŋugbe si Mawu do to Kristo Yesu dzi la ŋu. Efaa akɔ na nuxalawo ale gbegbe. Eyata anye dɔwɔnu nyui aɖe le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me eye wòanyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme si ana be míagawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe wu. Wode nusɔsrɔ̃biabiawo aɖaka me le akpa ɖesiaɖe ƒe nuwuwu lɔƒo ale be míate ŋu ato nya siwo me míedzro la me kple nuxala anukwaretɔ ɖesiaɖe.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Yesu fa avi esi Lazaro ku

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre tso ame kukuwo dome

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 7]

First Mourning, si W. Bouguereau ta, etso Photo-Drama of Creation, ƒe 1914, ƒe fotoɖegba gbãtɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe