INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 7
  • Ame Ka Tututue Yehowa Nye?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Ka Tututue Yehowa Nye?
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Ame Ka Ƒomevie Yesu Nye?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Yi Edzi Nàdo “Amenyenye Yeye La” Le Wò Nyɔnyrɔxɔxɔ Megbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Nu Ka Tae Wòle Be Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Nafia Mɔ Mí?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nu Kae Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 7
Nusɔsrɔ̃ 7 lia. Ŋutsu aɖe le tsitre ɖe agakpe aɖe dzi le ƒuta hele ƒua dzi kpɔm ɖaa esime wòsusɔ vie zã nado.

NUSƆSRƆ̃ 07

Ame Ka Tututue Yehowa Nye?

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Aleke nèbuna be Yehowa Mawu le? Ðe nèbuna be ŋusẽ le esi ale gbegbe gake ele adzɔge boo tso gbɔwò, abe ale si ɣletiviwo le adzɔge tso mía gbɔ enea? Alo ɖe nèbua Mawu be enye ŋusẽ triakɔ aɖe si si amenyenye mele o, abe dziɖegbe enea? Ame ka tututue Yehowa nye? Biblia na míenya be nɔnɔme nyuiwo le Yehowa si, eye eɖee fia hã be Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò.

1. Nu ka tae míetea ŋu kpɔa Mawu o?

“Mawu nye Gbɔgbɔ.” (Yohanes 4:24) Ŋutilã si ƒomevi le Yehowa Mawu si la to vovo na mía tɔ. Gbɔgbɔe wònye, eye ele dziƒo, afi si míate ŋu akpɔ o.

2. Nɔnɔme nyui siwo le Yehowa si la dometɔ aɖewo ɖe?

Togbɔ be míate ŋu akpɔ Yehowa o hã la, enye Ame si li ŋutɔŋutɔ si si nɔnɔme nyuiwo le, eye esia nana eƒe nu nyoa ame siwo nyae la ŋu. Biblia gblɔ be: “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye magblẽ ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi o.” (Psalmo 37:28) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eƒe “dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame,” vevietɔ ame siwo le fu kpem. (Yakobo 5:11) “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ; exɔna na ame siwo ƒo dzi ɖe le.” (Psalmo 34:18, etenuŋɔŋlɔ) Eye ɖe nènya be míate ŋu awɔ nu wòado dzidzɔ na Yehowa, alo awɔ nu wòate ɖe edzia? Ne ame aɖe ɖoe be yeanɔ nu gbegblẽ wɔm la, esia venɛ eye wòdoa nuxaxa nɛ. (Psalmo 78:40, 41) Gake ne ame aɖe wɔa nu dzɔdzɔe la, esia doa dzidzɔ nɛ.—Xlẽ Lododowo 27:11.

3. Aleke Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ mí?

Yehowa ƒe nɔnɔme si ɖe dzesi wue nye lɔlɔ̃. Le nyateƒe me la, “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Yehowa to Biblia dzi ɖee fia be yelɔ̃ mí, gake menye ema ɖeɖe ko o, eto eƒe nuwɔwɔwo hã dzi ɖee fia be yelɔ̃ mí. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 14:17) Le kpɔɖeŋu me, bu ale si wòwɔ míi ŋu kpɔ. Ewɔ mí kple ŋutetea be míakpɔ amadede dzeaniwo, míase ha viviwo, eye míaɖu nu viviwo. Edi be míase vivi na agbea.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Míasrɔ̃ nu tso ŋusẽ si Yehowa zãna tsɔ wɔa nu wɔnukuwo la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, míakpɔ ale si Yehowa ɖea eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo fiaa mí.

4. Gbɔgbɔ kɔkɔe la nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ

Nɔnɔmetataawo: Nu vovovo siwo Mawu wɔ to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. 1. Ɣletinyigba vovovowo kple xexe gbahooa. 2. Biblia ŋlɔla aɖe le Mawu ƒe susu siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe fiae la ŋlɔm ɖe agbalẽ xatsaxatsa me.

Ale si ko míezãa míaƒe asiwo tsɔ wɔa dɔe la, nenema kee Yehowa hã zãa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ wɔa nuwo. Biblia na míenya be menye ame ye gbɔgbɔ kɔkɔea nye o, ke boŋ ŋusẽ si Mawu zãna tsɔ wɔa nuwo ye wònye. Mixlẽ Luka 11:13 kple Dɔwɔwɔwo 2:17, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Mawu ‘atrɔ’ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ‘akɔ ɖe’ ame siwo bianɛ la ‘dzi.’ Eya ta ɖe nèsusu be amee gbɔgbɔ kɔkɔe la nyea, alo Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe wònye? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

Yehowa zãa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ wɔa nu wɔnukuwo. Mixlẽ Psalmo 33:6 kple 2 Petro 1:20, 21, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Mɔ siwo nu Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le la dometɔ aɖewo ɖe?

Nɔnɔmetataawo: Nu vovovo siwo Mawu wɔ to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. 1. Ɣletinyigba vovovowo kple xexe gbahooa. 2. Biblia ŋlɔla aɖe le Mawu ƒe susu siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe fiae la ŋlɔm ɖe agbalẽ xatsaxatsa me.

5. Nɔnɔme nyui geɖe le Yehowa si

Mose subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe, ke hã, egadi be yeanya ye Wɔlaa nyuie wu. Eya ta, Mose gblɔ nɛ be: “Na manya wò mɔwo, ale be manya wò.” (2 Mose 33:13) Eye Yehowa hã na Mose nya nɔnɔme nyui siwo le eyama si la dometɔ aɖewo. Mixlẽ 2 Mose 34:4-6, eye miadzro biabia siawo me:

  • Yehowa na Mose nya eƒe nɔnɔme nyui aɖewo. Woawoe nye kawo?

  • Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiawo dometɔ kae léa dzi na wò wu?

6. Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame

Nyɔnu aɖe le gbe dom ɖa.

Le blema la, Hebritɔwo, siwo nye Yehowa ƒe amewo la, va zu kluviwo le Egipte. Esime wonɔ fu kpem la, aleke Yehowa se le eɖokui me? Mise ODIOA eye miakplɔe ɖo le Biblia me, alo miaxlẽ 2 Mose 3:1-10. Eyome miadzro biabia siwo gbɔna me.

ODIO: Yehowa Se Veve Ðe Wo Nu Esime Wonɔ Fu Kpem (2:45)

  • Nu kae ŋutinya sia ɖe fia wò ku ɖe ale si Yehowa sena le eɖokui me ne amegbetɔwo le fu kpem ŋu?—Kpɔ kpukpui 7 kple 8.

  • Ðe nèsusu be Yehowa di ŋutɔŋutɔ be yeakpe ɖe amegbetɔwo ŋu eye ŋutetea le esi be wòakpe ɖe wo ŋua? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

7. Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ɖea eƒe nɔnɔme nyuiwo fiana

Nɔnɔmetataawo: Boso aɖe kple via, seƒoƒowo, kple xevi si woyɔna be aɖitsi.

Yehowa toa eƒe nuwɔwɔwo dzi ɖea eƒe nɔnɔme nyuiwo fiaa mí. Mikpɔ VIDEOA. Eyome mixlẽ Romatɔwo 1:20, eye miadzro biabia si gbɔna me.

VIDEO: Yehowa Ƒe Nuwɔwɔwo Ðee Fia Be Elɔ̃ Mí—Míaƒe Ametia (1:57)

  • Yehowa ƒe nɔnɔme nyui kawoe nède dzesi le nu siwo wòwɔ me?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Menye ame si li ŋutɔŋutɔe Mawu nye o, ke ŋusẽ aɖe si le afi sia afi ko wònye.”

  • Nu kae nèsusu tso nya sia ŋu?

  • Nu ka tae nèse le ɖokuiwò me nenema?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Gbɔgbɔe Yehowa nye, mímate ŋu akpɔe o. Nɔnɔme nyui geɖe le esi, eye esi ɖe dzesi wue nye lɔlɔ̃.

Numetoto

  • Nu ka tae míate ŋu akpɔ Yehowa o?

  • Nu kae nye gbɔgbɔ kɔkɔe la?

  • Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiawo dometɔ aɖewo ɖe?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Srɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme ɖedzesi ene aɖewo ŋu be nàganya Yehowa nyuie wu.

“Ame Ka Tututue Mawu Nye?” (Gbetakpɔxɔ No. 1 2019)

Xlẽ nu tso nu siwo ɖo kpe edzi be Yehowa mele nu sia nu me o la ŋu.

“Ðe Mawu Le Afi Sia Afia?” (Nyati sia le jw.org)

Kpɔ nu si tae Biblia gblɔ tso gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu be enye Mawu ƒe asiwo alo asibidɛwo.

“Nu Kae Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe La?” (Nyati sia le jw.org)

Esesẽ na ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ la be wòaka ɖe edzi be Mawu tsɔ ɖe le eme na ye. Xlẽ nu tso nu si na wòva trɔ eƒe susu la ŋu.

“Fifia Mekpɔe Be Mate Ŋu Akpe Ðe Amewo Ŋu” (Gbetakpɔxɔ, October 1, 2015)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe