Nu Si Mawu Nyanya Nyuie Bia
WÒ ŊKƆ gɔme ɖe? Zi geɖe la, dzilawo tsɔa nyaŋkɔ na wo viwo. Ðewohĩ nu siwo dzi woxɔ se kple nu siwo wobua nu vevii, alo nu si wole mɔ kpɔm na be ɖevia nava nye le etsɔ me la, dzie wonɔa te ɖo tsɔa ŋkɔ na ɖevia.
Tso gbe aɖe gbe kee dzilawo tsɔa nyaŋkɔ na wo viwo. Le Biblia ŋlɔɣi la, gɔmesese aɖe koŋ nɔa ŋkɔ siwo wotsɔ na amewo ŋu. Ŋkɔ aɖewo ate ŋu afia nu si wole mɔ kpɔm be amea nava wɔ le agbe me. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ le nu si Salomo ava wɔ le etsɔ me ŋu na fofoa David be: “Salomo [si woɖe tso nya si gɔmee nye: “Ŋutifafa” me] anye eƒe ŋkɔ, eye mana ŋutifafa kple gbɔɖeme Israel le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.”—1 Kronika 22:9.
Ɣeɖewoɣi la, Yehowa tsɔa ŋkɔ yeye na ame aɖewo le dɔ yeye si wòdi be woava wɔ ta. Etsɔ ŋkɔ na Abraham srɔ̃ konɔ la be Sara, si gɔmee nye: “Fiavinyɔnu.” Nu ka tae? Yehowa ɖe eme be: “Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi hã na wò. Mayrae ale bena, wòava nye dukɔwo kple dukɔwo dziɖulawo dada.” (1 Mose 17:16) Eme kɔ ƒãa be ne míese nu si tae wotrɔ ŋkɔ na Sara ɖo gɔme la, ana míase dɔ yeye si wòava wɔ la hã gɔme.
Ke ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta, si nye Yehowa, ya ɖe? Egɔme ɖe? Esi Mose bia Mawu be eƒe ŋkɔ ɖe hã la, Yehowa ɖo eŋu be: “Manye nu si manye.” (2 Mose 3:14, NW) Woɖe kpukpui sia gɔme le Rotherham Biblia me be: “Mazu nu sia nu si dze ŋunye.” Yehowa ƒe ŋkɔa ɖee fia be enye Mawu si ate ŋu awɔ nu geɖe. Na míawɔ eƒe kpɔɖeŋu sue aɖe: Ahiã be vidada nawɔ nu vovovowo na viawo gbe sia gbe—akpɔ wo gbɔ, aɖa nu na wo, afia nu wo—le ale si wòhiã nu. Nenema kee wòle le Yehowa hã gome, gake ɖeko eya tɔ de ŋgɔ wu. Ate ŋu azu nu sia nu si dze eŋu, ahawɔ nu sia nu si hiã, ale be ta me si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la nava eme. Eya ta Yehowa nyanya nyuie fia be míanya dɔ vovovo siwo wòwɔna ahada akpe ɖe wo ta.
Nublanuitɔe la, esi ame aɖewo mese Mawu ƒe ŋkɔa gɔme o ta la, womenya nɔnɔme nyui siwo le eya amea si o. Gake ne èsrɔ̃a Biblia la, àva kpɔe be Yehowa wɔa dɔ vovovo, siwo ƒe ɖewoe nye be enye Aɖaŋuɖola nyui, Xɔnametɔ si si ŋusẽ le, kple Ame si naa nu faa. Nyateƒee, ne míese Yehowa ƒe ŋkɔa gɔme la, ana míade bubu eŋu ahavɔ̃e.
Gake Mawu nyanya nyuie menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Nyati si kplɔe ɖo aɖe nu si ta míegblɔe alea la me.