INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 7/15 axa 9-14
  • Kpekpe Ðe Amewo Ŋu Be Woate Ðe Yehowa Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpe Ðe Amewo Ŋu Be Woate Ðe Yehowa Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Taɖodzinu si Le Míaƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu
  • Akpa si Míewɔna le Yehowa ƒe Dɔa Me
  • Amekawoe Yehowa Hena Ðe Eɖokui Ŋu?
  • Mawu ƒe Hadɔwɔlawo
  • Xɔtudɔ si Atsi Anyi
  • Lɔlɔ̃ na Mawu Kple Kristo Tutuɖo
  • Gbedasi Si Wòle Be Míaɖe Gbeƒãe
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ðe Wò Dɔwɔwɔ Ato Dzo Me Adoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nɔ Yehowa Ŋu Kplikplikpli
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Dɔwɔwɔ Kple Mawu Nana Míekpɔa Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 7/15 axa 9-14

Kpekpe Ðe Amewo Ŋu Be Woate Ðe Yehowa Ŋu

“Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.”—YOHANES 14:6.

1. Se kae Yesu si wofɔ ɖe tsitre de na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nukae do tso eme esi Yehowa Ðasefowo wɔ ɖe edzi?

YESU KRISTO de se na eyomedzelawo be ‘woawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, woanyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me.’ (Mateo 28:19) Le ƒe ewo siwo va yi me la, Yehowa Ðasefowo kpe ɖe ame gbogbo siwo wu miliɔn etɔ̃ ŋu be wova Mawu ƒe akpa dzi, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wonyrɔ wo tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu dzii. Aleke gbegbe dzi dzɔ míi enye si be míekpe ɖe wo ŋu wote ɖe Mawu ŋu!—Yakobo 4:8.

2. Togbɔ be wole ame yeye geɖe nyrɔm hã la, nukae dzɔ?

2 Gake le dukɔ aɖewo siwo me wonyrɔ nusrɔ̃la yeye geɖe le me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme medzi ɖe edzi wòsɔ ɖe agbɔsɔsɔ yeye si va kpee la nu o. Nyateƒee, ele eme be ame aɖewo ku ya, eye amesiwo ku ƒe agbɔsɔsɔ ade ame 1 le alafa me ƒe sia ƒe. Gake ame gbogbo aɖewo de megbe le ƒe ʋɛ siwo va yi me le susu aɖewo ta. Susu kawo tae? Nyati sia kple esi akplɔe ɖo adzro alesi amewo tena ɖe Yehowa ŋu kple susu siwo ta wòate ŋu adzɔ be ame aɖewo nade megbe la me.

Taɖodzinu si Le Míaƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu

3. (a) Aleke nyanyuikakadɔ si wode asi na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ ɖeka kple mawudɔla si woyɔ le Nyaɖeɖefia 14:6 la tɔe? (b) Mɔ kae nye mɔ nyui aɖe si dzi míato ana amewo natsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me, gake kuxi kae li?

3 Le “nuwuɣi” sia me la, wode dɔ asi na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woakaka “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” ŋuti ‘sidzedze vavã’ la. (Daniel 12:4; Mateo 24:14) Woƒe nyanyuikakadɔa wɔ ɖeka kple mawudɔla si “lé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ” la tɔ. (Nyaɖeɖefia 14:6) Le xexe sia si me amewo tsia dzi ɖe xexemenuwo ŋu ale gbegbe me la, zi geɖe la, mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míato ana amewo natsɔ ɖe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me eye míakpe ɖe wo ŋu woate ɖe Yehowa ŋue nye mɔkpɔkpɔ si nye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ŋu nya gbɔgblɔ na wo. Togbɔ be eme kɔ alea hã la, amesiwo dea ha kple Mawu kpakple amewo kple susu ko be yewoayi ɖe Paradisoa me la ƒe afɔ melina ɖe agbemɔ xaxɛa dzi o.—Mateo 7:13, 14.

4. Abe alesi Yesu kple mawudɔla si nɔ dzodzom le dziƒo titina gblɔe ene la, taɖodzinu kae le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

4 Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Mawudɔla si le dzodzom le dziƒo titina la lé “nyanyui mavɔ” ɖe asi eye wòle gbɔgblɔm na anyigbadzinɔlawo be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.” (Nyaɖeɖefia 14:7) Eyata taɖodzinu vevitɔ kekeake si le míaƒe nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa ŋue nye be míakpe ɖe amewo ŋu woate ɖe Yehowa ŋu to Kristo Yesu dzi.

Akpa si Míewɔna le Yehowa ƒe Dɔa Me

5. Nya kawoe Paulo kple Yesu wogblɔ si ɖee fia be Yehowa ƒe dɔ wɔmee míele ke menye mía ŋutɔ tɔ o?

5 Esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na ehati Kristotɔ amesiaminawo la, eƒo nu tso “avuléle ƒe subɔsubɔdɔ” ŋu eye wògblɔ be Mawu léa avu le amewo kple eɖokui dome to Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzi. Paulo gblɔ be ele “abe alesi Mawu le nu xlɔ̃m to mía dzi ene, eye míeɖea kuku le Kristo teƒe bena: Mina woalé avu le mia kple Mawu dome!” Nya dodzidzɔname kae nye si! Míeɖanye ‘amedɔdɔwo le Kristo teƒe’ alo dɔla siwo si anyigba dzi mɔkpɔkpɔwo le o, mele be míaŋlɔ be gbeɖe be Yehowa ƒe dɔe dɔ sia nye ke menye mía tɔ o. (Korintotɔwo II, 5:18-20) Le nyateƒe me la, Mawue hea amewo vaa eɖokui gbɔ eye wofiaa nu amesiwo va Kristo gbɔ. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. Woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo me bena: ‘Eye wo katã woanye amesiwo Mawu fia nu wo.’ Amesiame, si see le Fofoa gbɔ, eye wòsrɔ̃e la, ava gbɔnye.”—Yohanes 6:44, 45.

6. Aleke Yehowa le dukɔwo ʋuʋum do ŋgɔ eye le ɣeyiɣi ma ke me la, amekawoe le dedienɔnɔ kpɔm le eƒe ‘aƒe’ si nye eƒe tadedeagu me?

6 Aleke Yehowa hea amewo eye wòʋua “dzixɔse ƒe ʋɔtru” na wo le ŋkeke mamlɛ siawo mee? (Dɔwɔwɔwo 14:27; Timoteo II, 3:1) Eƒe mɔnu vevi aɖee nye be enaa eƒe Ðasefowo ɖea gbeƒã agbexɔxɔ kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe gbedasia. (Yesaya 43:12; 61:1, 2) Xexeame godoo ƒe gbeƒãɖeɖedɔ sia le dukɔwo ʋuʋum le mɔ sue aɖe nu gbɔ—esia nye dukɔwo ʋuʋu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si le ŋgɔ gbɔna kpuie la ƒe dzesi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wole amesiwo nye ‘nu xɔasi’ na Mawu la hem tso nuɖoanyi sia me eye wokpɔa dedienɔnɔ le eƒe ‘aƒe’ si nye eƒe ‘tadedeagu’ vavãtɔ me. Ale wɔ Yehowa na eƒe nyagblɔɖinya siwo Xagai ŋlɔ ɖi le eme vam, esi nye: “Maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ.”—Xagai 2:6, 7; Nyaɖeɖefia 7:9, 15.

7. Aleke Yehowa ʋua dzi na amewo hehea wo vaa eɖokui kple Via gbɔe?

7 Yehowa ʋua mawuvɔ̃la siawo—“dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo kekeake”—ƒe dzi be ‘woalé to ɖe nya siwo’ eƒe Ðasefowo ‘gblɔna ŋu.’ (Xagai 2:7, Jewish Publication Society; Dɔwɔwɔwo 16:14) Abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, ɣeaɖewoɣi Yehowa zãa eƒe dɔlawo be woafia mɔ eƒe Ðasefowo ayi ɖe anukwaretɔ siwo biaa kpekpeɖeŋu eyama vevie la gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 8:26-31) Ne amewo nya nu tso nu wɔnuku siwo ƒe ɖoɖo Mawu wɔ na wo to Via Yesu Kristo dzi ŋu la, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ hea wo vana eyama gbɔe. (Yohanes I, 4:9, 10) Ẽ, Mawu hea amewo vaa eɖokui kple Via gbɔe to Eƒe “amenuveve,” alo “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃” dzi.—Yeremya 31:3, NW, etenuŋɔŋlɔ.

Amekawoe Yehowa Hena Ðe Eɖokui Ŋu?

8. Ameka ƒomeviwoe Yehowa hena?

8 Yehowa hea amesiwo dina Eyama vaa eɖokui kple Via gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 17:27) Amesiwo le “hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm” le Kristodukɔa me kple xexeame godoo ŋu hã le eme. (Xezekiel 9:4) ‘Wotsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã me.’ (Mateo 5:3) Nyateƒee, wonye ‘amesiwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi,’ siwo ava nɔ paradisonyigba la dzi tegbee.—Zefanya 2:3.

9. Aleke Yehowa awɔ anya ne amewo ƒe ‘nɔnɔme adze na agbe mavɔ kpɔkpɔ,’ eye aleke wohea amesiawoe?

9 Yehowa ate ŋu anya nusi le ame ƒe dzi me. Fia Dawid gblɔ na via Salomo be: “Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wònya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe.” (Kronika I, 28:9) Yehowa ate ŋu anɔ te ɖe ame ƒe dzi ƒe nɔnɔme kple gbɔgbɔ si wòɖena fiana alo nɔnɔme vevi si le esi dzi, akpɔe adze sii ne amea adi be yeawɔ ɖe ɖoɖo siwo Mawu wɔ hena nuvɔ̃tsɔtsɔke kple agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me dzi loo alo madi be yeawɔ ɖe edzi o. (Petro II, 3:13) Yehowa toa eƒe Nya si eƒe Ðasefowo ɖea gbeƒã hefiana dzi, hea ‘amesiwo ɖea nɔnɔme si dze na agbe mavɔ kpɔkpɔ fiana’ la vaa eɖokui kple Via gbɔe eye amesiawo ‘va zua xɔsetɔwo.’—Dɔwɔwɔwo 13:48.

10. Nukae ɖee fia be alesi Yehowa hea ame aɖewo ɖe eɖokui ŋu eye wògblẽa bubuwo ɖi menye nuɖoɖiname ƒomevi aɖeke o?

10 Ðe alesi Yehowa hea ame aɖewo eye wògblẽa bubuwo ɖi nye nuɖoɖiname ƒomevi aɖea? Kura o! Didi sẽŋu siwo le ameawo ŋutɔ me kple alesi wowɔ nu ɖe enui dzie Mawu nɔa te ɖo hea wo vɛ. Edea bubu woƒe tiatiawɔblɔɖe ŋu. Tiatiawɔwɔ si Yehowa tsɔ ɖo Israel-viwo ŋkume ƒe 3,000 kple edzivɔ enye si va yi la kee dze ŋgɔ anyigbadzinɔla siwo li egbea, esime Mose gblɔ be: “Metsɔ agbe kple dzɔgbenyui, ku kple dzɔgbevɔ̃e ɖo ŋkuwò me egbe. . . . Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie.”—Mose V, 30:15-20.

11. Aleke wobia tso Israel-viwo si be woatia agbee?

11 De dzesii be wobia tso Israel-viwo si be woatia agbe ‘to Yehowa lɔlɔ̃, toɖoɖo eƒe gbe, kple kuku ɖe eyama ŋu me.’ Esime wogblɔ nya siawo la, Ŋugbedodonyigba la mesu Israel-dukɔa si haɖe o. Woƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba, nɔ dzadzram ɖo be yewoatso Yordan-tɔsisia age ɖe Kanaan. Togbɔ be esɔ le dzɔdzɔme nu be woƒe susu nanɔ anyigba ‘si nyo, eye wòlolo, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo’ si eteƒe madidi o wòasu wo si ŋu hã la, be woƒe mɔkpɔkpɔa nava eme la, enɔ te ɖe woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa, woƒe toɖoɖo eƒe gbe, kple woƒe kuku ɖe eŋu dzi. (Mose II, 3:8) Mose na esia me kɔ nyuie esi wògblɔ be: “Ne èse Yehowa, wò Mawu ƒe se, siwo mede na wò egbe, eye nèlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, nèzɔ eƒe mɔwo dzi, eye nèlé eƒe se, ɖoɖo kple kɔnuwo me ɖe asi la, ekema ànɔ agbe, eye àdzi ɖe dzi, eye Yehowa, wò Mawu, ayra wò le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe la dzi.”—Mose V, 30:16, míawoe te gbe ɖe edzi.

12. Nukae wòle be Israel-viwo ƒe kpɔɖeŋua nafia mí le míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa ŋu?

12 Ðe mele be nya siawo nafia nane mí le míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa ŋu le nuwuɣi sia me oa? Míebua Paradisonyigba si gbɔna ŋu eye míeƒoa nu tsoa eŋu le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Gake ne ɖokuitɔdidi ƒe susuwo tae mía ŋutɔwo alo amesiwo míesrɔ̃a nu kplii siaa míele Mawu subɔm ɖo la, ekema míakpɔ ŋugbedodoa me vava o. Abe alesi wònɔ le Israel-viwo gome ene la, ele na mía kple amesiwo míele nu fiamee be míasrɔ̃ alesi ‘míalɔ̃ Yehowa, aɖo to eƒe gbe, eye míaku ɖe eŋu.’ Ne esia le susu me na mí esime míele subɔsubɔdɔa wɔm la, le nyateƒe me, míanɔ dɔ wɔm aduadu kple Mawu le amewo hehe va eyama gbɔe me.

Mawu ƒe Hadɔwɔlawo

13, 14. (a) Abe alesi Korintotɔwo I, 3:5-9 gblɔe ene la, aleke míeva zua hadɔwɔlawo kple Mawui? (b) Amekae wòle be dzidziɖedzi ɖesiaɖe si ava ƒe kafukafu nayi na, eye nukata?

13 Paulo ƒo nu tso agbledede ŋu tsɔ wɔ míaƒe dɔwɔwɔ aduadu kple Mawu ƒe kpɔɖeŋui. Eŋlɔ be: “Azɔ ɖe, amekae nye Apolo? Amekae nye Paulo? Subɔlawo wonye, amesiwo dzi mieto xɔ dzi se la, eye amesiame le abe alesi Aƒetɔ la nae la ene. Nye la medo nu, eye Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie. Eyata amesi do nu la, menye naneke o, eye amesi de tsii hã, menye naneke o, ke Mawu, si na tsitsi lae boŋ. Ke amesi le nu dom kple amesi le tsi demi la, wo kpakple eve le ɖeka, hafi amesiame axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ la nu. Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble . . . miawo mienye.”—Korintotɔwo I, 3:5-9.

14 Esi míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, ele be míaƒã “fiaɖuƒe la ŋutinya” ɖe amewo ƒe dzi me nuteƒewɔwɔtɔe, emegbe míade tsi ɖetsɔleme ɖesiaɖe si woaɖe afia to tɔtrɔyi kple Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo ŋu míadzra ɖo ɖo nyuie la wɔwɔ me. Ne anyigba la, si nye dzia, nyo la, Yehowa awɔ eƒe akpa dzi ana be Biblia me nyateƒe ƒe nukua natsi azu ati tseku. (Mateo 13:19, 23) Ahe amea ava eɖokui kple Via gbɔ. Eyata mlɔeba la, dzidziɖedzi ɖesiaɖe si ava le Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gome la tso alesi Yehowa trɔ asi le amewo ƒe dzi ŋu gbɔ, si na be nyateƒea ƒe ku tsi ɖe wo me eye wòhe amesiawo va eɖokui kple Via gbɔe.

Xɔtudɔ si Atsi Anyi

15. Kpɔɖeŋu kae Paulo wɔ tsɔ ɖe alesi míekpena ɖe amewo ŋu wotua xɔse ɖoe fia?

15 Togbɔ be dzi le mía dzɔm ɖe dzidziɖedzia ŋu hã la, míedi anukwaretɔe be míakpɔ ameawo woayi edzi alɔ̃ Yehowa, aɖo to eƒe gbe, eye woaku ɖe eyama ŋu. Etena ɖe mía dzi vevie ne míekpɔe be ame aɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu tsi eye wode megbe. Ðe nane li míate ŋu awɔ axe mɔ na nusia? Le Paulo ƒe kpɔɖeŋu bubu me la, eɖe alesi míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woƒe xɔse nasẽ fia. Eŋlɔ be: ‘Ame aɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖoɖo bubu anyi o, negbe esi woɖo anyi, si nye Yesu Kristo la ko. Ke ne ame aɖe tsɔ sika, klosalo, kpe xɔasiwo, atiwo, gbe, alo ahɔ̃liti tui ɖe gɔmeɖoɖoanyi sia dzi la, ekema amesiame ƒe dɔwɔwɔ adze ƒã, elabena ŋkeke la aɖee ɖe go afia, elabena woaɖee ɖe go afia to dzo me, eye alesialesi ke amesiame ƒe dɔwɔwɔ le la, dzo la adoe akpɔ.’—Korintotɔwo I, 3:11-13.

16. (a) Aleke taɖodzinu si le kpɔɖeŋu eve siwo Paulo wɔ ŋu to vovoe? (b) Aleke míaƒe xɔtutudɔa ate ŋu ado kpo nu eye mate ŋu anɔ te ɖe dzo nu o?

16 Le Paulo ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe agblededea ŋu gome la, nukuawo ƒe tsitsi nɔ te ɖe wo dodo kple tsidede wo edziedzi beléletɔe kple Mawu ƒe yayra dzi. Apostoloa ƒe kpɔɖeŋu bubu te gbe ɖe agba si le Kristotɔ subɔla dzi le nusi ava dzɔ ɖe eƒe xɔtudɔa dzi me la dzi. Ðe wòzã xɔtunu adodoewo tsɔ tui ɖe gɔmeɖoanyi sesẽ dzia? Paulo xlɔ̃ nu be: “Amesiame nakpɔ nyuie, alesi wòatui.” (Korintotɔwo I, 3:10) Ne míenyɔ amea ƒe ɖetsɔleme to mɔkpɔkpɔ si nye agbe mavɔ nɔnɔ le Paradisonyigba dzi ŋu nya gbɔgblɔ nɛ me vɔ megbe la, ɖe míetua míaƒe nufiafiaa ɖe Ŋɔŋlɔawo me sidzedze veviwo ko dzi eye emegbe míetea gbe ɖe nusi amea awɔ akpɔ agbe mavɔ la ɖeɖeko dzia? Ðe wòle be míaƒe nufiafia naku ɖe nusia ɖeɖeko ŋu be: ‘Ne èdi be yeanɔ agbe tegbee le Paradiso me la, ele be nàsrɔ̃ nu, ade kpekpewo, eye nàkpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa mea’? Ne nu mawo ŋu ko wòku ɖo la, ke míele amea ƒe xɔse tum ɖe gɔmeɖoanyi sẽŋu dzi o, eye xɔ si míetu la mate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔwo ƒe dzo la nu loo alo anɔ anyi eteƒe nadidi o. Ne míedina be míahe amewo ƒe susu ava mɔkpɔkpɔ si nye agbenɔnɔ le Paradiso me le ƒe ʋɛ siwo woatsɔ asubɔ eyamae ta ko dzi be míatsɔ ahe wo ava Yehowa gbɔe la, anye “atiwo, gbe, alo ahɔ̃liti” tsɔtsɔ tu xɔe.

Lɔlɔ̃ na Mawu Kple Kristo Tutuɖo

17, 18. (a) Be ame ƒe xɔse nali ke la, nuka dzie mele be woaŋe aɖaba aƒu o? (b) Aleke míate ŋu akpe ɖe ame ŋu be Kristo nanɔ eƒe dzi mee?

17 Be xɔse nali ke la, ele be wòanɔ te ɖe ƒomedodo si anɔ ame kple Yehowa Mawu dome to Yesu Kristo dzi la dzi. Esi míenye ame madeblibowo ta la, Via dzi koe míate ŋu ato hafi ŋutifafa ƒe ƒomedodo ma nanɔ mía kple Mawu dome. (Romatɔwo 5:10) Ðo ŋku edzi be Yesu gblɔ be: ‘Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.’ Le kpekpe ɖe amewo ŋu be woatu xɔse ɖo me la, ‘ame aɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖoɖo bubu anyi o, negbe esi woɖo anyi, si nye Yesu Kristo la ko.’ Nukae esia fia?—Yohanes 14:6; Korintotɔwo I, 3:11.

18 Be woatu Biblia-nusrɔ̃via ɖe gɔmeɖoanyi si nye Kristo dzi fia be woafia nui le mɔ si awɔe be wòalɔ̃ Yesu ahadze si Eƒe ɖoƒe nyuie be eyae nye Ðela, hamea ƒe Ta, Nunɔlagã lɔ̃ame, kple Fia si le dzi ɖum. (Daniel 7:13, 14; Mateo 20:28; Kolosetɔwo 1:18-20; Hebritɔwo 4:14-16) Efia be woana woabu Yesu ame ŋutɔŋutɔe ale gbegbe be wòawɔ ko abe ɖe wòva le woƒe dzi me ŋutɔŋutɔ ene. Ele be gbe si míado ɖa ɖe wo ta nanɔ abe Paulo ƒe kokoƒoƒo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Efeso ta ene. Eŋlɔ be: “Medzea nye klo na mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, . . . bene wòaɖi na mi . . . bene Kristo nanɔ anyi le miaƒe dziwo me to xɔse me, eye wòali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi le lɔlɔ̃ me.”—Efesotɔwo 3:14-18.

19. Nuka wòle be wòanye lɔlɔ̃ na Kristo tutuɖo ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ƒe dzi me me tsonu, gake nuka wòle be míafia wo?

19 Ne míetu míaƒe nusrɔ̃viwo ɖo le mɔ si awɔe be woatu lɔlɔ̃ na Kristo ɖo ɖe woƒe dzi me nu la, esɔ hã be míakpɔ mɔ be esia ana woatu lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu ɖo. Yesu ƒe lɔlɔ̃, seselelãme, kple nublanuikpɔkpɔ nye Yehowa ƒe amenyenye veviwo ɖeɖefia nuteƒewɔwɔtɔe. (Mateo 11:28-30; Marko 6:30-34; Yohanes 15:13, 14; Kolosetɔwo 1:15; Hebritɔwo 1:3) Eyata ne amewo va le si dzem Yesu eye wolɔ̃e la, woato ema dzi anya Yehowa eye woalɔ̃e.a (Yohanes I, 4:14, 16, 19) Ehiã be míafia míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo be Yehowa gbɔe nusiwo katã Kristo wɔ na ameƒomea tso eyata Edze na míaƒe akpedada, kafukafu, kple tadedeagu elabena eyae nye “míaƒe xɔname ƒe Mawu.”—Psalmo 68:20, 21; Yesaya 12:2-5; Yohanes 3:16; 5:19.

20. (a) Aleke míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woate ɖe Mawu kple Via ŋui? (b) Nuka mee míadzro le nyati si akplɔe ɖo me?

20 Esi míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, mina míakpe ɖe amewo ŋu be woate ɖe eyama kple Via ŋu, eye míakpe ɖe wo ŋu be woatu lɔlɔ̃ kple xɔse ɖo ɖe dzi me. Esia ana be woabu Yehowa ame ŋutɔŋutɔe. (Yohanes 7:28) To Kristo dzi la, woate ŋu ana ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ wo kple Mawu dome, eye woalɔ̃e ahaku ɖe eŋu. Womaɖo ɣeyiɣi didime aɖeke ɖi na woƒe subɔsubɔdɔ si tso lɔlɔ̃ me la o, eye xɔse anɔ wo si be Yehowa ƒe ŋugbedodo wɔnukuwo ava eme le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. (Konyifahawo 3:24-26; Hebritɔwo 11:6) Gake esi míele kpekpem ɖe amewo ŋu be woatu xɔse, mɔkpɔkpɔ, kple lɔlɔ̃ ɖo la, ele be míatu mía ŋutɔwo míaƒe xɔse ɖo wòasẽ abe meli sesẽ si ate ŋu anɔ te ɖe ahom sesẽwo nu ene. Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Nu nyui aɖe si akpe ɖe mía ŋu be míanya Yesu nyuie wu eye to eyama dzi míadze si Fofoa, Yehowa, ye nye agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

Numetoto

◻ Zi geɖe la, aleke míenyɔa amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋui, gake afɔku kae li?

◻ Ameka ƒomeviwoe Yehowa hena vaa eɖokui kple Via gbɔ?

◻ Nuka dzie Israel-viwo ƒe gege ɖe Ŋugbedodonyigba dzi nɔ te ɖo, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

◻ Akpa kae míewɔna le kpekpe ɖe amewo ŋu be woate ɖe Yehowa kple Via ŋu kplikplikpli me?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Togbɔ be míegblɔa mɔkpɔkpɔ si nye agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me ŋu nya na amewo hã la, míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míate wo ɖe Yehowa ŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Míaƒe tɔtrɔyiwo wɔwɔ ate ŋu aɖe vi ale gbegbe ne míedzra ɖo nyuie

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe