INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 6/15 axa 12-17
  • Yayrawo alo Fiƒodewo—Tiatia Li Nàwɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yayrawo alo Fiƒodewo—Tiatia Li Nàwɔ!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woʋu Mɔ na Yayrawo
  • Ke Fiƒodewo Ya Ðe?
  • Yayra Kple Fiƒode Nyawo Gbɔgblɔ
  • Ŋkuléle Ðe Eŋu Nyuie
  • Tiatia si Israel Wɔ Na Nuwo Trɔ
  • Yayrawo Alo Fiƒodewo—Wonye Kpɔɖeŋuwo Na Mí Egbea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • ‘Tia Agbe, Be Nàyi Edzi Anɔ Agbe’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Sixem—Du si Le Bali Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ðe Yehowa Adudu Eƒe Yayra Ðe Dziwòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 6/15 axa 12-17

Yayrawo alo Fiƒodewo—Tiatia Li Nàwɔ!

“Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be . . . mianɔ agbe.”—MOSE V, 30:19.

1. Ŋutete kae wona amegbetɔwo?

YEHOWA MAWU wɔ mí—eƒe nuwɔwɔ nyanu siwo nye amegbetɔwo—be tiatiawɔblɔɖe nanɔ mía si. Mewɔ mí ko abe mɔ̃ siwo wɔa dɔ le wo ɖokui si alo robotwo ene o, ke ena tiatiawɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi mí. (Psalmo 100:3) Ablɔɖe nɔ ame gbãtɔwo—Adam kple Xawa—si be woatia nusi woawɔ, eye wobu akɔnta na Mawu le tiatia si wowɔ ŋu.

2. Tiatia kae Adam wɔ, eye nukae do tso eme?

2 Wɔla la wɔ nuwo na amegbetɔ fũ hena yayra mavɔ kpɔkpɔ le paradisonyigba dzi. Nukata tameɖoɖo ma meva eme haɖe o? Esi Adam wɔ tiatia gbegblẽ tae. Yehowa de se na ame la bena: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:16, 17) Ðe Adam tiae be yeaɖo to la, anye ne woyra mía dzila gbãtɔwo. Tomaɖomaɖo he ku vɛ. (Mose I, 3:6, 18, 19) Ale wɔ nuvɔ̃ kple ku va Adam ƒe dzidzimeviwo katã dzii.—Romatɔwo 5:12.

Woʋu Mɔ na Yayrawo

3. Aleke Mawu na kakaɖedzii be yeƒe tameɖoɖo na ameƒomea ava eme?

3 Yehowa Mawu wɔ ɖoɖo aɖe si ana eƒe tameɖoɖo ɖe ameƒomea yayra ŋu nava eme mlɔeba. Eya ŋutɔ gblɔ nya ɖi le Dzidzimevi aɖe ŋu le Eden be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15) Mawu do ŋugbe emegbe be Dzidzimevi sia si do tso Abraham me dzie yayrawo ato ava na ameƒomea me tɔ toɖolawo.—Mose I, 22:15-18.

4. Ðoɖo kae Yehowa wɔ ɖe ameƒomea yayra ŋu?

4 Dzidzimevi yayratɔ ma si ŋugbe wodoe nye Yesu Kristo. Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ nu tso akpa si Yesu awɔ le ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe ameƒomea yayra ŋu ŋuti be: “Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wòtsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Romatɔwo 5:8) Woayra ameƒome wɔnuvɔ̃ la me tɔ siwo ɖoa to Mawu eye wowɔa Yesu Kristo ƒe tafevɔsa ƒe viɖewo ŋudɔ. (Dɔwɔwɔwo 4:12) Ðe nàtia toɖoɖo kple yayrawoa? Nusi tomaɖomaɖo ahe vɛ ato vovo sã.

Ke Fiƒodewo Ya Ðe?

5. Nya “fiƒode” gɔme ɖe?

5 Fiƒode to vovo na yayra kura. Nya “fiƒode” gɔmee nye be woadi vɔ̃e na ame alo ado ɖiŋu nɛ. Woɖe Hebrigbe me nya qela·lahʹ tso nya la ƒe agunu si nye dɔwɔnya qa·lalʹ me, eye egɔmeɖeɖe le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye “nɔ wodzoe.” Gake ne wozãe le kpɔɖeŋumɔnu la, efia be ‘woaƒo fi de ame’ alo ‘woaɖi gbɔ ame.’—Mose III, 20:9; Samuel II, 19:44.

6. Nukae dzɔ le blema Betel gbɔ si ku ɖe Elisa ŋu?

6 Bu fiƒodeame si kpɔ emevava enumake ƒe kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe ŋu kpɔ. Nusia dzɔ esime Mawu ƒe nyagblɔɖila Elisa tso Yerixo yina Betel. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi wòle mɔ dzi le to liam la, ŋutsuvi sue aɖewo do tso dua me, eye wole alɔme ɖem le eŋu le gbɔgblɔm bena: Tabebetɔ, lia va, tabebetɔ, lia va! Eye esi wònyè kɔ kpɔ wo la, eƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me; tete sisiblisi eve do tso ave me va vuvu ɖevi blane vɔ eve le wo dome.” (Fiawo II, 2:23, 24) Womegblɔ nya si tututu Elisa gblɔ le fiƒodea me tsɔ do ɖiŋu na ɖevi mawo siwo ɖe alɔme la o. Gake nya ma wɔ dɔ elabena Mawu ƒe nyagblɔɖila si nɔ zɔzɔm ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzie gblɔe le Yehowa ƒe ŋkɔ me.

7. Nukae dzɔ ɖe ɖevi siwo ɖe alɔme le Elisa ŋu dzi, eye nukatae?

7 Edze abe esi Elisa do Eliya ƒe dɔwɔwu nyanyɛ la tae woɖe alɔme le eŋu ene, evɔ ɖeviawo medi ame aɖeke si axɔ ɖe nyagblɔɖila ma teƒe le afima o. (Fiawo II, 2:13) Be Elisa naɖo eƒe xɔxɔ ɖe Eliya teƒe ŋuti gbetɔamea ŋu eye wòafia alesi woade bubu si dze Yehowa ƒe nyagblɔɖila ŋui ɖevi siawo kple wo dzilawo la, eƒo fi de nuvlowɔha siwo nɔ alɔme ɖem la le Eliya ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me. Yehowa na sisiblisi eveawo do tso avea me va vuvu fewuɖula mawo dometɔ 42 tsɔ ɖee fia be yeda asi ɖe Elisa dzi be enye yeƒe nyagblɔɖila. Yehowa tu nu kple wo enumake le esi womede bubu aɖeke kadodomɔnu si zãm wònɔ le anyigba dzi ɣemaɣi ŋu kura o ta.

8. Nuka dzie Israel-viwo lɔ̃ ɖo be yewoawɔ, eye nukawoe wokpɔ mɔ na?

8 Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, Israel-viwo ɖe bubumademade Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu ma tɔgbe fia. Ale wòdzɔ enye si: Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, Yehowa ve Israel-viwo nu esime wòɖe wo tso Egipte ƒe aboyo me abe ke ‘hɔ̃ ƒe aʋala dzi’ wòkɔ wo ɖo ene. Emegbe kpuie la, woka atam be yewoaɖo to Mawu. De dzesi alesi toɖoɖo kple Mawu ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu zɔ aduadui. Yehowa gblɔ to Mose dzi be: “Ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee.” Tete dukɔ blibo la lɔ̃ ɖe edzi be: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe.” (Mose II, 19:4, 5, 8; 24:3) Israel-viwo gblɔ be yewolɔ̃ Yehowa, woɖe adzɔgbe nɛ, eye woka atam be yewoase eƒe gbe. Ema wɔwɔ ana woakpɔ yayra geɖe.

9, 10. Nukae Israel-viwo wɔ esime Mose nɔ Sinai-toa dzi, eye nukawoe do tso eme?

9 Gake hafi ‘Mawu natsɔ eƒe asi’ aŋlɔ nubabla ma me gɔmeɖose veviwo ɖe kpe eve dzi la, eva hiã be Mawu naƒo fi de wo. (Mose II, 31:18) Nukata wodze na tohehe wɔnublanui mawo? Ðe Israel-viawo meɖee fia be yewodi be yewoawɔ nya siwo katã Yehowa gblɔ dzi oa? Ẽ, le nyagbɔgblɔ me wodi be woayra yewo, gake wotsɔ woƒe nuwɔnawo tia agbenɔnɔ si dze na fiƒode.

10 Le ŋkeke 40 siwo me Mose nɔ Sinai-toa dzi nɔ Se Ewoawo xɔm la, Israel-viwo da le ŋugbe si wodo va yi be yewoawɔ nuteƒe na Yehowa la dzi. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi dukɔ la kpɔ bena, Mose mele gbɔgbɔm tso toa dzi o la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Aron ŋu, eye wogblɔ nɛ bena: Netsɔ, wɔ mawu na mí, si azɔ mía ŋgɔ; elabena Mose, ŋutsu ma, si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la, míenya nusi gɔ̃ wɔe o.” (Mose II, 32:1) Esia nye tomaɖomaɖo ƒe nuwɔna si woɖe fia ɖe dɔwɔnu si nye amegbetɔ si zãm Yehowa nɔ ɣemaɣi be wòakplɔ eƒe amewo ahafia mɔ wo ŋu ƒe kpɔɖeŋu bubu. Israel-viwo srɔ̃ Egiptetɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔ eye eme menyo na wo kura o esime wo dometɔ siwo ade 3,000 tsi yi nu le ŋkeke ɖeka dzi.—Mose II, 32:2-6, 25-29.

Yayra Kple Fiƒode Nyawo Gbɔgblɔ

11. Yayra kple fiƒode ŋuti mɔfiame kawo dzie Yosua wɔ ɖo?

11 Le Israel ƒe gbedzimɔzɔzɔ ƒe 40 ƒe nuwuwu lɔƒo la, Mose gblɔ yayra siwo woakpɔ ne woɖo to Mawu. Azɔ hã egblɔ fiƒode siwo ava Israel-viawo dzi ne wogbe toɖoɖo Yehowa. (Mose V, 27:11-28:10) Esi Israel ɖo Ŋugbedodonyigba dzi megbe kpuie la, Yosua wɔ ɖe mɔfiame siwo Mose na le yayra kple fiƒode siawo ŋu la dzi. Israel-to ade tɔ ɖe Ebal-toa te eye ade mamleawo hã tsitre ɖe Gerizim-toa ŋgɔ. Lewitɔwo tɔ ɖe bali si le wo dome la me. Edze ƒã be to siwo tɔ ɖe Ebal-toa ŋgɔ gblɔ ɖe fiƒode, alo ɖiŋudodo siwo woxlẽ ɖo ɖe wo ŋu be “Neva me nenema!” Bubuwo hã lɔ̃ ɖe yayra siwo Lewitɔwo xlẽ ɖo ɖe wo le Gerizim-toa te dzi.—Yosua 8:30-35.

12. Fiƒode siwo Lewitɔwo gblɔ dometɔ aɖewoe nye kawo?

12 Tsɔe be èsee Lewitɔawo gblɔ be: “Amesi wɔ aklama kpakpɛ alo kɔ legba, nusi nye ŋunyɔnu na Yehowa, eye wònye aɖaŋuwɔla ƒe dɔwɔwɔ, eye wòtsɔe ɖo adza me la, aɖi eŋu! . . . Amesi do vlo fofoa kple dada la, aɖi eŋu! . . . Amesi ŋe ehavi ƒe liƒo ɖe eme la, aɖi [eŋu]! . . . Amesi kplɔ ŋkuagbãtɔ tra mɔe la, aɖi eŋu! . . . Amesi te amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo ƒe nya ɖe to la, aɖi eŋu! . . . Amesi de asi fofoa srɔ̃ ŋu la, aɖi eŋu; elabena eklo fofo ƒe avɔ! . . . Amesi de asi lã aɖe ŋu la, aɖi eŋu! . . . Amesi de asi nɔvianyɔnu, si nye fofoa alo dadavia ŋu la, aɖi eŋu! . . . Amesi de asi lɔ̃xoa ŋu la, aɖi eŋu! . . . Amesi wu nɔvia le adza me la, aɖi eŋu! . . . Amesi na wodae be, wòawu ame ahakɔ ʋu maɖifɔ ɖi la, aɖi eŋu! . . . Amesi melé se sia ƒe nyawo me ɖe asi o, eye mewɔ wo dzi o la, aɖi eŋu!” To siwo le Ebal-toa ŋgɔ gblɔna ɖe fiƒode ɖesiaɖe ŋu be “Neva me nenema!”—Mose V, 27:15-26.

13. Aleke nàƒo nu tso yayra siwo Lewitɔwo gblɔ ƒe ɖewo ŋu le wò ŋutɔ wò nyawo me?

13 Azɔ tsɔe be èsee amesiwo tɔ ɖe Gerizim-toa ŋgɔ kɔ gbe dzi lɔ̃ ɖe yayra ɖesiaɖe dzi esime Lewitɔwo xlẽe be: “Woayra wò le du me, eye woayra wò le agble me. Woayra wò dɔmevi, wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, kpakple wò nyinɔwo kple wò alẽnɔwo. Woayra wò kusi kple wò amɔwɔze. Ne èva aƒe la, woayra wò, eye ne èdo go la, woayra wò.”—Mose V, 28:3-6.

14. Nukae Israel-viawo awɔ hafi axɔ yayra?

14 Nukae woawɔ hafi axɔ yayra siawo? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ne èɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèlé eƒe se, siwo katã mede na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, wò Mawu, atsɔ wò aɖo gã ɖe anyigba dzi dukɔwo katã nu. Ne èɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe la, ekema yayra siawo katã ava dziwò, eye woaɖi na wò.” (Mose V, 28:1, 2) Ẽ, toɖoɖo Mawu koe nye nusi ana woaxɔ Mawu ƒe yayrawo. Ke mí amesiwo li egbea ya ɖe? Ðe mía dometɔ ɖesiaɖe ayi edzi ‘ase Yehowa ƒe gbe’ ale be míatia yayra kple agbea?—Mose V, 30:19, 20.

Ŋkuléle Ðe Eŋu Nyuie

15. Nu vevi kae dze le yayra si wogblɔ ɖe Mose V, 28:3 me, eye aleke wòate ŋu aɖe vi na míi?

15 Mina míakpɔ yayra aɖewo siwo Israel-vi akpɔ ne eɖo to Yehowa ɖa. Le kpɔɖeŋu me, Mose V, 28:3 gblɔ be: “Woayra wò le du me, eye woayra wò le agble me.” Menye afisi ame le alo eƒe dɔdasie Mawu kpɔna hafi yraa ame o. Nɔnɔme siwo me ame aɖewo le ate ŋu ana woase le wo ɖokui me be yewoxaxa, ɖewohĩ le esi wole nuto dahe aɖe alo dukɔ si me aʋawɔwɔ gblẽ nu le me ta. Ðewohĩ ame bubuwo adi vevie be yewoasubɔ Yehowa le teƒe bubu aɖe. Dzi ate ŋu aɖe le Kristotɔ ŋutsu aɖewo ƒo le esi womeɖo wo subɔsubɔdɔwɔlawo alo hamemegãwoe le hamea me o ta. Etena ɖe Kristotɔ nyɔnuwo dzi ɣeaɖewoɣi be yewomekpɔ mɔnu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa anye mɔɖelawo alo dutanyanyuigblɔlawo o. Gake woayra amesiwo katã ‘sea Yehowa ƒe gbe hewɔa nusiwo katã wòbia pɛpɛpɛ la’ fifia tsɔ yi ɖe mavɔmavɔ me.

16. Aleke gɔmeɖose si le Mose V, 28:4 le eme vam na Yehowa ƒe habɔbɔa egbeae?

16 Mose V, 28:4 gblɔ be: “Woayra wò dɔmevi, wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, kpakple wò nyinɔwo kple wò alẽnɔwo.” Hebrigbe me ŋkɔteƒenɔnya nuɖekatɔ si wozã be “wò” fia be enye nusi Israel-vi toɖola ɖeka akpɔ. Ke Yehowa subɔla toɖola siwo li egbea ya ɖe? Dzidziɖedzi kple takeke si le edzi yim le Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa me le xexeame katã la tso Mawu ƒe yayra si le Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ƒe gbeƒãɖela 5,000,000 kple vɔ ƒe veviedodonu dzi gbɔ. (Marko 13:10) Eye edze ƒã be dzidziɖedzi agava wu esia elabena amesiwo wu 13,000,000 ye va ƒe 1995 Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua teƒe. Ðe nèle vivi sem le Fiaɖuƒea ƒe yayrawo mea?

Tiatia si Israel Wɔ Na Nuwo Trɔ

17. Nuka dzie yayrawo alo fiƒodewo ƒe ‘ɖiɖi ɖe ame’ nɔ te ɖo?

17 Nusi adzɔ enye be yayra anɔ Israel-vi si ɖoa to dzi. Wodo ŋugbe be: “Yayra siawo katã ava dziwò, eye woaɖi na wò.” (Mose V, 28:2) Nenema ke wogblɔ le fiƒode ŋu be: “Fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò.” (Mose V, 28:15) Ne Israel-vie nènye le blema la, yayrawoe ‘aɖi na wò’ loo alo fiƒodewoe aɖi ŋuwò? Anye ne ema anɔ te ɖe wò toɖoɖo Mawu alo wò tomaɖomaɖoe dzi.

18. Anye ne aleke Israel-viwo aƒo asa na fiƒodewo hafi?

18 Woyɔ tomaɖomaɖo me tsonu sesẽawo le Mose V, 28:15-68 be wonye fiƒodewo. Ðewo nye nusi tututu to vovo na toɖoɖo ƒe yayra siwo woyɔ ɖe Mose V, 28:3-14. Zi geɖe la, tomaɖomaɖo me tsonu sesẽawoe va Israel-viwo dzi elabena wotiae be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe alakpatadedeagu me. (Ezra 9:7; Yeremya 6:6-8; 44:2-6) Ewɔ nublanui loo! Ðe wowɔ tiatia nyuitɔ si nye wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe se kple gɔmeɖose nyui siwo ƒo nu tso nyui kple vɔ̃ ŋu eme kɔ dzi la, anye dzɔgbevɔ̃e mawo meva wo dzi o. Vevesese kple fukpekpe vaa ame geɖe dzi egbea elabena wotiae be yewoawɔ nusi mesɔ kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo o to alakpasubɔsubɔha me nɔnɔ, gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, atike vɔ̃ɖiwo zazã, ahatsunono, kple nusiawo tɔgbe wɔwɔ me. Abe alesi wònɔ le blema Israel kple Yuda ene la, tiatia gbegblẽ siawo wɔwɔ medzea Mawu ŋu o eye wòna wosea veve le dzime yakatsyɔ.—Yesaya 65:12-14.

19. Ƒo nu tso nɔnɔme si me Yuda kple Israel nɔ esime wotiae be yewoaɖo to Yehowa ŋu.

19 Esi Israel ɖo to Yehowa ko hafi wokpɔ yayra geɖe eye tomefafa nɔ anyi. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le Fia Salomo ƒe ŋkekeawo ŋu be: “Yuda kple Israel sɔ gbɔ abe ƒutake ene; woɖua nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ. . . . Eye Yuda kple Israel dome amesiame nɔ eƒe weinka kple gboti te bɔkɔɔ tso Dan vaseɖe Beer-Seba le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.” (Fiawo I, 4:20–5:5) Le Fia Dawid ƒe ɣeyiɣi si me Mawu ƒe futɔwo ɖe kpe na wo vevie me gɔ̃ hã la, Yehowa ƒe megbenɔnɔ kple yayra nɔ dukɔ la dzi esime wotiae heɖo to nyateƒe Mawu la.—Samuel II, 7:28, 29; 8:1-15.

20. Nuka dzie Mawu ka ɖo le amegbetɔwo ŋu?

20 Àɖo to Mawu loo alo àgbe toɖoɖoe? Wotsɔe ɖo Israel-viwo ŋku me be woawɔ tiatia. Togbɔ be mí katã míenyi didi vɔ̃ ƒe dome tso Adam gbɔ hã la, wona tiatiawɔblɔɖe hã mí. Togbɔ be Satana, xexe vɔ̃ɖi sia, kple míaƒe blibomademade li hã la, míate ŋu awɔ tiatia nyuitɔ. Hekpe ɖe eŋu la, mía Wɔla la ka ɖe edzi be togbɔ be dodokpɔ kple tetekpɔ geɖe ava hã la, amewo anɔ anyi siwo awɔ tiatia nyuitɔ, menye le egbɔgblɔ me ko o ke le nuwɔna hã me. (Petro I, 5:8-10) Ànɔ wo domea?

21. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Le nyati si kplɔe ɖo me la, míatsɔ kpɔɖeŋu siwo dzɔ va yi ada míaƒe nɔnɔmewo kple nuwɔnawo kpɔe. Mina mía dometɔ ɖesiaɖe nawɔ ɖe nya siwo Mawu gblɔ to Mose dzi la dzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be . . . mianɔ agbe.”—Mose V, 30:19.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukae Yehowa wɔ be amegbetɔ nuvɔ̃mewo nate ŋu axɔ yayra?

◻ Nukawoe nye fiƒodewo?

◻ Aleke Israel-viwo axɔ yayrawo e fiƒodewo teƒe hafi?

◻ Yayra kawoe Israel kpɔ esime woɖo to Mawu?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Israel-viwo kpe ta ɖe Gerizim-toa kple Ebal-toa ŋgɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe