-
Dze Agbagba Nàkpɔ Amewo Abe Alesi Yehowa Kpɔa Woe EneGbetakpɔxɔ—2003 | March 15
-
-
Dze Agbagba Nàkpɔ Amewo Abe Alesi Yehowa Kpɔa Woe Ene
‘Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui ye Mawu hã kpɔa nui o.’—SAMUEL I, 16:7.
1, 2. Alekee Yehowa ƒe nukpɔsusu le Eliab ŋu to vovo na Samuel tɔe, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?
LE ƑE alafa 11 lia D.M.Ŋ. me la, Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖila Samuel ɖe adzamedɔ aɖe gbe. Ede se na nyagblɔɖila la be wòayi ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Isai ƒe aƒeme aɖasi ami na Isai viŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòanye fia si ava ɖu Israel dzi le etsɔme. Esi Samuel kpɔ Isai ƒe ŋgɔgbevi Eliab la, eka ɖe edzi be yeke ɖe amesi Mawu tia la ŋu. Gake Yehowa gblɔ be: “Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui [yee Mawu hã kpɔa nui] o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” (Samuel I, 16:6-8) Samuel mete ŋu kpɔ Eliab abe alesi Yehowa kpɔe ene o.a
-
-
Dze Agbagba Nàkpɔ Amewo Abe Alesi Yehowa Kpɔa Woe EneGbetakpɔxɔ—2003 | March 15
-
-
a Eva dze emegbe be nɔnɔme siwo woadi be wòanɔ fia si adze aɖu Israel dzi la menɔ Eliab dzeɖekɛ la si o. Esi Filistitɔ dzɔtsu Goliat tɔ gbe Israel-viawo be woakpe aʋa kpli ye la, ŋɔdzi lé Eliab, kpakple Israel-ŋutsu bubuwo ŋutɔ.—Samuel I, 17:11, 28-30.
-