INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Adzɔgbe Si Nèɖe La, Wɔ Edzi”
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017 | April
    • 7. (a) Adzɔgbe kae Hana ɖe na Mawu, eye nu ka tae, eye aleke nuwo va yi nɛ? (b) Nu kae adzɔgbe si Hana ɖe la bia tso Samuel si be wòawɔ? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

      7 Hana nye nuteƒewɔla bubu si wɔ adzɔgbe si wòɖe na Yehowa la dzi. Edo ŋugbe na Mawu esime wònɔ nu xam vevie le eƒe kotsitsia kple etsusia ƒe dzivenyawo gbɔgblɔ ɖe eŋu atraɖii ta. (1 Sam. 1:4-7, 10, 16) Hana gblɔ eƒe dzimenyawo na Mawu eye wòɖe adzɔgbe nɛ be: “Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa, ne èkpɔ wò dɔlanyɔnu la ƒe fukpekpe ɖa, eye nèɖo ŋku dzinye, mèŋlɔ wò dɔlanyɔnu be o, eye nèna ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe ana Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me, eye talũhɛ aɖeke made ta ŋu nɛ o.”a (1 Sam. 1:11) Mawu wɔ Hana ƒe biabiaa dzi nɛ, eye wòdzi eƒe vi gbãtɔ—ŋutsuvie wòdzi. Ekpɔ dzidzɔ ale gbegbe! Ke hã, meŋlɔ adzɔgbe si wòɖe na Mawu la be o. Esi wòdzi via teti ko la, egblɔ be: “Yehowa si mee mebiae le.”—1 Sam. 1:20.

  • “Adzɔgbe Si Nèɖe La, Wɔ Edzi”
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017 | April
    • a Le adzɔgbe si Hana ɖe nu la, efia be via ava nye Naziritɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me, si fia be aɖe eɖokui ɖe vovo, eye wòatsɔ eɖokui ake hena Yehowa ƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔwɔ.—4 Mose 6:2, 5, 8.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe