INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Eɖe Eƒe Dzimenyawo Gblɔ Na Yehowa
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
    • 15, 16. (a) Esi Xana gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa hede ta agu nɛ le avɔgbadɔa me la, aleke wòɖe vi nɛ? (b) Ne nu te ɖe mía dzi vevie la, aleke míate ŋu asrɔ̃ Xana ƒe kpɔɖeŋuae?

      15 Esi Xana gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa hede ta agu nɛ le avɔgbadɔa me la, aleke wòɖe vi nɛ? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Nyɔnu la lé eƒe mɔ, eye wòɖu nu, eye megato mo azɔ o.” (1 Sam. 1:18) Biblia gɔmeɖeɖe bubu gblɔ be: “Megaɖo nublanuimo azɔ o.” (The Jerusalem Bible) Xana ƒe dzi dze eme azɔ. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, edro eƒe dzimaɖitsitsi siwo wu tsɔtsɔ nɛ la da ɖe Fofoa si le dziƒo, si ate ŋu atsɔ agba si le ekpem nɛ la, ƒe abɔta. (Xlẽ Psalmo 55:23.) Ðe kuxi aɖe li si sesẽ wuia? Ao—ɖeke mesesẽ nɛ kpɔ o, ɖeke mesesẽ nɛ fifia hã o, eye ɖeke masesẽ nɛ gbeɖe o!

      16 Ne nu te ɖe mía dzi, alo agba wu tsɔtsɔ na mí, alo míelé blanui vevie la, anyo be míasrɔ̃ Xana ƒe kpɔɖeŋua ahaɖe míaƒe dzimenyawo agblɔ na Ame si Biblia yɔ be ‘Gbedodoɖasela’ la. (Ps. 65:3) Ne míewɔ esia le xɔse me la, míawo hã míakpɔe be “ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta” la ava xɔ ɖe míaƒe blanuilélea teƒe.—Flp. 4:6, 7.

  • Eɖe Eƒe Dzimenyawo Gblɔ Na Yehowa
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
    • 18 Ɣekaɣie Penina va de dzesii be yemagate ŋu ado dziku na Xana o? Ŋɔŋlɔawo megblɔe na mí o, gake nyagbɔgblɔ si nye “megaɖo nublanuimo azɔ o” ɖee fia be, tso ɣemaɣi ko la, megaxaa nu o. Aleke kee wòɖale o, Penina va de dzesii be, ale si yedoa vlo Xana la megaɖea fu nɛ o. Eye Biblia megayɔ Penina ŋkɔ azɔ o.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe