-
Eɖe Eƒe Dzimenyawo Gblɔ Na YehowaSrɔ̃ Woƒe Xɔse
-
-
9. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Xana lɔ̃ faa zɔ mɔ yi Silo togbɔ be enya nu si tu ge etsusia le kplii gɔ̃ hã la me?
9 Amewo ƒe ŋku biã le aƒea me ŋdi ma. Ame sia ame le dzadzram ɖo ɖe mɔzɔzɔa ŋu, ɖeviwo ke hã. Ƒome gã sia azɔ kilometa 30 kple edzivɔ ato Efrayim tonutoa me hafi aɖo Silo.b Ne afɔ to gee woala la, ekema axɔ ŋkeke ɖeka alo eve hafi woaɖo. Xana nya nu si tu ge etsusia gale kplii. Gake Xana metsi aƒe ɖe ema ta o. Esia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe wòɖo ɖi na Mawu subɔlawo va de asi na egbea. Mele be míaɖe mɔ ame bubuwo ƒe nuwɔnawo nado kplamatsɛ míaƒe Mawu subɔsubɔ o. Ne míeɖe mɔ esia dzɔ la, ekema yayra siwo míakpɔ ale be ŋusẽ nagaɖo mía ŋu míado dzi la ato mía ŋu.
-
-
Eɖe Eƒe Dzimenyawo Gblɔ Na YehowaSrɔ̃ Woƒe Xɔse
-
-
b Edze abe Rama, si nye du si me Elkana tso la kee wova yɔ be Arimatia le Yesu ŋɔli ene, eye Arimatia kple Silo dome ƒe didimee nye ema.
-