-
Ekpɔ Akɔfafa Tso Eƒe Mawu GbɔGbetakpɔxɔ—2011 | July 1
-
-
Nu kae Yehowa wɔ tso Eliya ƒe vɔvɔ̃ kple dzimaɖeɖia ŋu? Mawudɔlaa gblɔ na Eliya be wòava tsi tre ɖe agadoa nu. Eɖo to, gake menya nu si le ŋgɔ gbɔna o. Ya ʋuduʋudu aɖe ƒo! Yaƒoƒoa anya ɖe gbe sesĩe ŋutɔ, elabena enu sẽ ale gbegbe be towo wo, eye agakpewo tu wɔ. Kpɔe ɖa le susu me be Eliya tsyɔ asi ŋkume hele eƒe lãgbalẽwu titria xatsam ɖe eɖokui ŋu esime ya ʋuduʋudua le eƒe awua ƒom sesĩe. Ema yome la, ele be wòakpɔ nyuie be yemagadze anyi o, elabena anyigba te ʋuʋu sesĩe ale gbegbe! Ema yome teti ko la, dzo gã aɖe bi, si ƒoe ɖe enu be wòtrɔ yi ɖe agadoa me, bene yeakpɔ ye ɖokui ta tso dzogbɔgbɔ sesẽa nu.—1 Fiawo 19:11, 12.
Le nukunuawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, nuŋlɔɖia ɖo ŋku edzi na mí be Yehowa menɔ nu siwo Eliya kpɔ la me o. Eliya nyae be Yehowa menye mawu siwo wobe wonye dzɔdzɔmeŋusẽwo ƒe mawuwo le xotutuwo me o. Le kpɔɖeŋu me, Baal subɔlawo kafua woƒe mawua be enye “Alilikpowo Dola,” si fia be enana tsi dzana. Yehowa gbɔe dzɔdzɔmeŋusẽ triakɔwo tso, ke hã, elolo akpa be wòanɔ nu si eya ŋutɔ wɔ me. Dziƒo gbahoo si míekpɔna la gɔ̃ hã melolo nɛ o! (1 Fiawo 8:27) Gake aleke nu siawo kpɔkpɔ kpe ɖe Eliya ŋu? Ðo ŋku edzi be enɔ vɔvɔ̃m. Esi wònye be Yehowa Mawu ŋutɔ li kplii, eye ŋusẽ triakɔ sia gbegbe le esi ta la, mehiã kura be Eliya navɔ̃ Axab kple Izebel o!—Psalmo 118:6.
Le dzoa yome la, ɖoɖoe gã aɖe zi, eye Eliya se “gbe bɔbɔe aɖe ɖi blewu” (NW). Ame si nɔ nua ƒom la ɖe mɔ na Eliya be wòagaƒo nu ake. Ale wògaƒo nu tso nu siwo ŋu wòtsi dzi ɖo ŋu zi evelia.b Ðewohĩ esia na wògakpɔ gbɔdzɔe vie. Gake ɖikeke mele eme o be ‘gbe bɔbɔe si ɖi blewu’ la ƒe nya si kplɔe ɖo lae fa akɔ nɛ wu. Yehowa ka ɖe edzi na Eliya be yedea asixɔxɔ eŋu vevie. Aleke wòwɔe? Mawu ɖe nu geɖe fiae ku ɖe tame si wòɖo be yeaɖe Baal subɔsubɔ ɖa le Israel mlɔeba ŋu. Edze ƒãa be Eliya mewɔ dɔ vlo o, elabena Mawu ƒe tameɖoɖoa le eme vam, eye naneke mate ŋu axe mɔ nɛ o. Gawu la, Eliya awɔ akpa aɖe le tameɖoɖo ma me vava me, elabena Yehowa na wòyi eƒe nyagblɔɖidɔa dzi, eye wònae mɔfiame siwo dzi wòazɔ ɖo.—1 Fiawo 19:12-17.
-
-
Ekpɔ Akɔfafa Tso Eƒe Mawu GbɔGbetakpɔxɔ—2011 | July 1
-
-
b Anɔ eme be ame si gbɔ ‘gbe bɔbɔe si ɖi blewu’ la tso la kee nye gbɔgbɔ si wode “Yehowa ƒe gbe” asi na wògblɔ le 1 Fiawo 19:9. Kpukpui 15 lia ɖee fia be gbɔgbɔ siae nye “Yehowa.” Ðewohĩ esia ana míaƒe susu nayi mawudɔla si dzi Yehowa to kplɔ Israel viwo le gbe dzi la dzi. Mawu gblɔ tso eŋu be: “Nye ŋkɔ le eya amea ŋu.” (2 Mose 23:21, NW) Míate ŋu ate tɔ ɖe nya sia dzi ya o, gake anyo be míade dzesii be do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava la, enye “Nya la,” si fia be enye Nyanuɖela tɔxɛ le Yehowa kple esubɔlawo dome.—Yohanes 1:1.
-