INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ðokuitsɔtsɔsavɔ Kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Kpɔɖeŋu Aɖe
    Gbetakpɔxɔ—1997 | November 1
    • SƆHƐ agbledela si ŋkɔe nye Elisa dze ŋkeke aɖe gɔme kple anyigbadzobodɔ si wòwɔna gbesiagbe eye wòva trɔ zu ŋkeke si ɖe dzesi wu le eƒe agbe me. Esi Elisa nɔ dɔ wɔm le agblea me la, Eliya, amesi nye Israel ƒe nyagblɔɖila vevitɔ va ɖi ɖee. Ðewohĩ Elisa bia eɖokui be, ‘Nuka dim wòle le gbɔnye?’ Eteƒe medidi hafi wòkpɔ ŋuɖoɖoa o. Eliya da eƒe awu ʋlaya ɖo ɖe Elisa, si fia be Elisa ava xɔ ɖe eteƒe gbeɖeka. Elisa mebu eƒe yɔyɔ sia nu tsɛe o. Edzo le eƒe agble me enumake va zu Eliya subɔvi.—Fiawo I, 19:19-21.

  • Ðokuitsɔtsɔsavɔ Kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Kpɔɖeŋu Aɖe
    Gbetakpɔxɔ—1997 | November 1
    • Esi wotsɔ amekpekpea ɖo Elisa ŋkume be wòasubɔ etɔxɛe kple Eliya la, edzo le eƒe agble me enumake be wòava subɔ Israel ƒe nyagblɔɖila vevitɔ la. Edze ƒã be eƒe dɔ aɖewo nɔ tsɛ, elabena wonyae be eyae nye amesi “de tsi asi na Eliya.”c (Fiawo II, 3:11) Ke hã, Elisa bu eƒe dɔa mɔnukpɔkpɔe, eye wònɔ Eliya ŋu nuteƒewɔwɔtɔe.

      Mawu ƒe egbegbe subɔla geɖe ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ma fiana. Wo dometɔ aɖewo gblẽ “agblewo,” si nye agbenɔnɔ si mã wo ɖi, bene woaɖe gbeƒã nyanyuia le didiƒenyigbawo dzi alo anye Betel-ƒomea me tɔwo. Ame bubuwo zɔ mɔ yi dzronyigbawo dzi be woawɔ dɔ le Habɔbɔa ƒe xɔtudɔwo ŋu. Wo dometɔ geɖe le dɔ si ɖewohĩ amewo abu dɔ tsɛe la wɔm. Gake amesiwo le kluvidɔ wɔm na Yehowa dometɔ aɖeke mele dɔ maɖinu wɔm o. Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo katã lɔ̃ faa le esubɔm la ŋu, eye ayra woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔa.—Marko 10:29, 30.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe