INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 6/15 axa 12-16
  • Ènya Yehowa ƒe Habɔbɔ La?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènya Yehowa ƒe Habɔbɔ La?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame aɖe si Kpɔ Dziƒoʋakɔwo
  • Nusɔsrɔ̃ Bene Míadze Si Nu
  • Numekuku Hena Nugɔmesese
  • Nusi Yesaya Kpɔ
  • Nuka Xezekiel Kpɔ?
  • Yehowa Ƒe Aʋakɔ Dziŋɔ La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Elisa Kpɔ Dzotasiaɖamwo​—Wò Hã Èle Wo Kpɔma?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Yehowa ƒe Dziƒofiazikpui la ƒe Gãnyenye
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 6/15 axa 12-16

Ènya Yehowa ƒe Habɔbɔ La?

“Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu.”—YESAYA 66:1.

1, 2. (a) Kpeɖodzi si wokpɔna ka dzie nàte ŋu atɔ asii be habɔbɔ le Yehowa si? (b) Afikae nye Yehowa nɔƒe?

ÈXƆ edzi se be habɔbɔ le Yehowa sia? Ne èɖo eŋu be ẽ la, ke nukatae nèxɔ edzi se? Ðewohĩ àɖo eŋu be: ‘Fiaɖuƒe Akpata le mía si. Hame si me nuwo le ɖoɖo nu le eye hamemegãwo le eme la li. Nutome sue dzikpɔla si woɖo wòva srãa mí kpɔ edziedzi le mía si. Míedea takpekpe siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo nyuie. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe le míaƒe dukɔ me. Ðikekemanɔmee la, esiawo katã kple bubu geɖe ɖo kpe edzi be habɔbɔ si le dɔ dzi le Yehowa si.’

2 Nusiawo katã nye habɔbɔ si le ɖoɖo nu ƒe anyinɔnɔ ƒe kpeɖodziwo. Gake ne nusiwo míekpɔna si na míelɔ̃ ɖe edzi nenema la nye nusiwo le anyigba dzi afisia ko la, ke míenya Yehowa ƒe habɔbɔa tututu o. Yehowa gblɔ na Yesaya be Yeƒe afɔɖodzinu koe anyigba nye, ke dziƒoe nye Yeƒe fiazikpui. (Yesaya 66:1) “Dziƒo” ka ƒe nya gblɔm Yehowa le? Míaƒe dziŋgɔli yea? Yamenutome yea? Alo agbenɔnɔ ƒe ɖoƒe bubu aɖee? Yesaya yɔ Yehowa ƒe ‘nɔƒe kɔkɔe nyui la,’ eye hakpala la yɔ dziƒo sia be “enɔƒe.” Eyata “dziƒo” si woyɔ le Yesaya 66:1 la fia gbɔgbɔmenuto makpɔmakpɔ si me Yehowa le, nɔƒe si ƒo amesiame tɔ ta, alo kɔkɔƒe kekeake.—Yesaya 63:15; Psalmo 33:13, 14.

3. Aleke míawɔ aɖu ɖikeke dzi?

3 Eyata ne míedi be míase Yehowa ƒe habɔbɔa gɔme ahadze sii vavã la, ke dziƒo ŋue wòle be míatrɔ ɖo. Eye nu mae nyea ame aɖewo ƒe kuxi. Esi míekpɔa Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa o la, aleke míewɔ nya be eli? Ame aɖewo ake ɖi sẽ gɔ̃ hã, abia be, ‘Aleke míate ŋu aka ɖe edzi?’ Aleke xɔse ate ŋu aɖu ɖikeke dzii? Eƒe mɔnu vevi evee nye Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ veviedodotɔe le ame ɖokui si kpakple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me. Ekema nyateƒea ana ɖikekea naɖe ɖa. Ðikeke nɔ Mawu subɔla bubu aɖewo hã me kpɔ. Mina míabu Elisa ƒe subɔvi ŋu le esime Siria (Aram) fia dze Israel dzi la ŋu kpɔ.—Tsɔe sɔ kple Yohanes 20:24-29; Yakobo 1:5-8.

Ame aɖe si Kpɔ Dziƒoʋakɔwo

4, 5. (a) Kuxi kae nɔ Elisa ƒe subɔvi ŋu? (b) Aleke Yehowa ɖo Elisa ƒe gbedodoɖa ŋui?

4 Siria-fia ɖo aʋakɔ gbogbo aɖewo ɖe Dotan be woava lé Elisa. Esi Elisa ƒe subɔvi fɔ fɔŋli do go ɖe xexe, ɖewohĩ be yeaxɔ ya fafɛ le xɔ tame si nɔa gbadzaa le Titinaɣedzeƒe ƒe aƒewo ŋu la, dzidzi ƒoe ŋutɔ! Siriatɔwo ƒe aʋakɔ gã aɖe kple sɔwo kpakple aʋawɔtasiaɖamwo ɖe to ɖe dua nɔ lalam be yewoalé Mawu ƒe nyagblɔɖila la. Subɔvia do ɣli gblɔ na Elisa be: “Oo, nye aƒetɔ, nuka wɔ ge míala?” Anye be Elisa tsɔ kakaɖedzi gblɔ nɛ tufafatɔe be: “Megavɔ̃ o, elabena amesiwo le mía dzi la, sɔ gbɔ wu amesiwo le wo dzi.” Ðewohĩ awɔ na subɔvia be, ‘Afika ameawo le? Nyemele wo kpɔm o ɖe!’ Ɣeaɖewoɣi nu ma ate ŋu anye kuxi na míawo hã—be míate ŋu atsɔ nugɔmeseseŋku akpɔ dziƒoʋakɔwoe o.—Fiawo II, 6:8-16; Efesotɔwo 1:18.

5 Elisa do gbe ɖa be woaʋu ye subɔvia ƒe ŋku. Nukae dzɔ emegbe? “Tete Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ nu, eye kpɔ ɖa, dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le to la ŋu kpaŋkpaŋ ƒo xlã Elisa.” (Fiawo II, 6:17) Ẽ, ekpɔ dziƒoʋakɔwo, mawudɔlawo ƒe aʋakɔ siwo le klalo be yewoakpɔ Mawu ƒe subɔla la ta. Ese nusita kakaɖedzi nɔ Elisa si gɔme azɔ.

6. Aleke míawɔ anya nu le Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa ŋu?

6 Ðe sidzedzenu ƒe kuxi aɖe si ɖi Elisa ƒe subɔvi tɔ ɖea fu na mí ɣeaɖewoɣia? Nusiwo doa kplamatse mí alo Kristotɔwo ƒe dɔa le dukɔ aɖewo me le ŋutilã me gome koe míelɔ̃na kpɔkpɔa? Ne ele alea la, ɖe míate ŋu akpɔ mɔ be míakpɔ ŋutega tɔxɛ aɖe ale be nua me nakɔ na mía? Ao, elabena nane si menɔ Elisa ƒe subɔvia si o la le mía si—Biblia, agbalẽ blibo si me ŋutega geɖewo le, si ate ŋu ana míakpɔ alesi dziƒohabɔbɔa le. Gɔmeɖose siwo fiaa mɔ ame be míaƒe tamebubu kple agbenɔnɔ nadze hã le Nya ma si tso gbɔgbɔ me la me. Gake ele be míadze agbagba aku nu me be míase nu gɔme eye míasrɔ̃ alesi míawɔ anya nu tso alesi Yehowa ɖo nuwoe ŋu. Eye míate ŋu awɔe nenema to ɖokuisinusɔsrɔ̃ me, tsɔ kpe ɖe gbedodoɖa kple ŋugbledede ŋu.—Romatɔwo 12:12; Filipitɔwo 4:6; Timoteo II, 3:15-17.

Nusɔsrɔ̃ Bene Míadze Si Nu

7. (a) Kuxi kae anɔ ame aɖewo ŋu le ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ gome? (b) Nukatae viɖe le agbagba si míadze be míawɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu?

7 Menye amesiamee ɖokuisinusɔsrɔ̃ dzɔa dzi na o, le kpɔɖeŋu me, amesiwo melɔ̃a nusɔsrɔ̃ le suku o alo amesiwo si mɔnukpɔkpɔ ma mesu kpɔ le agbe me o. Gake ne míedi be míatsɔ míaƒe nugɔmeseseŋkuwo akpɔ Yehowa ƒe habɔbɔa eye míadze sii la, ke ele be míatu nusɔsrɔ̃ ƒe didi ɖo. Ne mèɖa nu wòvivi o ɖe, àse vivi nɛa? Abe alesi nuɖala ɖesiaɖe agblɔe na wò ene la, dɔ geɖe ŋutɔ nɔa nuɖuɖu vivi ɖaɖa ŋu. Evɔ kaka gaƒoƒo afã nava yi ko míeɖui vɔ alo maɖo nenema hã o. Gake vi siwo ɖokuisinusɔsrɔ̃ ɖena la ate ŋu anɔ anyi le ame ƒe agbemeŋkekewo katã me. Ðokuisinusɔsrɔ̃ ate ŋu ava zu numãme dodzidzɔname na mí ne míekpɔ alesi wòate ŋu ana míayi ŋgɔe. Esɔ be apostolo Paulo gblɔ be ele be míalé ŋku ɖe mía ŋutɔ mía ɖokui kple míaƒe nufiafia ŋu ɣesiaɣi eye míanɔ kutri kum le agbalẽxexlẽ le dutoƒo ŋu ɖaa. Agbagbadzedze ɣesiaɣi hiã, gake vi siwo wòɖena la ate ŋu anɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.—Timoteo I, 4:13-16.

8. Nɔnɔme ka ƒe dzie Lododowo ƒe agbalẽ de ƒo?

8 Nunyala aɖe si nɔ anyi le blema gblɔ be: “Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le tome ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.”—Lododowo 2:1-5.

9. (a) Ne míetsɔ sika ƒe asixɔxɔ sɔ kple ‘Mawu ŋuti sidzedze ŋutɔŋutɔ’ la, aleke wòle? (b) Dɔwɔnu kawoe hiã mí bene sidzedze vavãtɔ nasu mía si?

9 Èkpɔ amesi dzi agba la lea? Nya si wogblɔ gagbugbɔ gblɔ ye nye ‘Ne è. . . ’ Eye de dzesi nyagbɔgblɔ si nye ‘Ne èdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le tome ene.’ Bu tame le tomenukula siwo nɔ klosalo alo sika kum ƒe alafa geɖe le Bolivia, Mexico, South Africa, kple dukɔ bubuwo me ŋu kpɔ. Wowɔa dɔ sesẽ ŋutɔ, wotsɔa dzigawo kple sofiwo nɔa kpe siwo me woakpɔ kpe xɔasiwo le kumee. Wobu sika nu xɔasii ale gbegbe be le sikakuƒe aɖe le California, U.S.A. la, woɖe mɔ si didi kilometa 591 to tome eye eƒe todede anye kilometa ɖeka kple afã—ɖe sika ko ta. Gake ɖe, ɖe woɖua sikaa? Wonoa sikaa? Ne dɔ si wò alo tsikɔ le wuwòm le gbedadaƒo la, azu nu nàɖu alo tsi nànoa? Kpao, ga gome koe asixɔxɔ le eŋu le eye asi si wolɔ̃ ye eƒlelawo dona ɖe eŋu, eƒe asi trɔna ɣesiaɣi le asi si wodona ɖe eŋu le dukɔwo dome nu. Gake amewo ku ɖe eta. Enyo, agbagba kae wòle be míadze be gbɔgbɔmesika la, ‘Mawu ŋuti sidzedze ŋutɔŋutɔ,’ nasu mía si? Bu eŋu kpɔ, enye xexeame katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã, eƒe habɔbɔ, kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze ŋutɔŋutɔ! Míate ŋu azã gbɔgbɔ me dzigawo kple sofiwo le esia wɔwɔ me. Woawoe nye Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo kpena ɖe mía ŋu míekua Yehowa ƒe Nya la me eye míesea egɔme.—Hiob 28:12-19.

Numekuku Hena Nugɔmesese

10. Nukae Daniel kpɔ le ŋutega aɖe me?

10 Mina míaku nu me vie be Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa ŋuti sidzedze ŋutɔŋutɔ aɖewo nadze mía si susu gɔme. Mina míakpɔ Daniel ƒe ŋutega si wòkpɔ le Amegã Ðeɖi si bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi ŋu hena nugɔmesese tɔxɛ aɖe kpɔkpɔ. Daniel ŋlɔ be: “Meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotsɔ fiazikpui li anyi, eye amegã ɖeɖi aɖe bɔbɔ nɔ edzi, eƒe avɔ fu tititi, eye eƒe taɖa le abe ɖetifu, si me dza la ene, eƒe fiazikpui la nye dzoƒaɖe, eye tasiaɖamfɔ, siwo le eŋu la, nye dzobibi. Dzotɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye ame akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo.” (Daniel 7:9, 10) Amekawoe nye Yehowa subɔla akpe siawo? New World Translation me mawunyakpukpui siwo woŋlɔ ɖe axadzi, siwo míazã abe “dzigawo” kple “sofiwo” ene, kplɔ mí yi mawunyakpukpuiwo abe Psalmo 68:17 (Psalmo 68:18, Eʋegbe Biblia) kple Hebritɔwo 1:14 ene gbɔ. Ẽ, amesiawo siwo le subɔsubɔm ye nye dziƒodɔlawo!

11. Aleke Daniel ƒe ŋutega la akpe ɖe mía ŋu míase Elisa ƒe nyawo mee?

11 Daniel ƒe nuŋlɔɖia megblɔ be mawudɔla wɔnuteƒe siwo katã le Mawu ƒe ŋusẽ te ye wòkpɔ o. Wo dometɔ miliɔn bubu geɖewo agate ŋu anɔ anyi. Gake kakaɖedzitɔe la, ena be fifia míate ŋu anya nusita Elisa te ŋu gblɔ be “Amesiwo le mía dzi la, sɔ gbɔ wu amesiwo le wo dzi.” Togbɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo, mawudɔla mawɔnuteƒewo, le Siria-fia ƒe aʋakɔ la dzi hã, Yehowa ƒe dziƒoʋakɔwo sɔ gbɔ wu wo sasasã!—Psalmo 34:8; 91:11.

12. Aleke nàwɔ anya nu geɖe tso mawudɔlawo ŋu?

12 Ðewohĩ àdi be yeaganya nu bubuwo tso mawudɔla siawo ŋu, abe nusi nye woƒe wɔƒe le Yehowa subɔsubɔ me ene. Míate ŋu akpɔ le alesi woyɔna na mawudɔlawo le Helagbe me be wonye dɔlawo elabena woate ŋu aɖe nya sia gɔme hã be “dɔla.” Gake wowɔa dɔ geɖe wu ema. Ne èdi be yeanya la, ke ele be nàku nu me. Ne Insight on the Scriptures le asiwò la, àte ŋu asrɔ̃ nyati si nye “Angels,” (Mawudɔlawo,) alo nàkpɔ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo va yi me nyati siwo ƒo nu le mawudɔlawo ŋu. Nu gbogbo si nàte ŋu asrɔ̃ tso Mawu ƒe subɔla siawo siwo le dziƒo ŋu la awɔ nuku na wò eye wòana nànya alesi wokpena ɖe mía ŋui. (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Gake gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖewo wɔa dɔ tɔxɛwo le Mawu ƒe dziƒohabɔbɔa me.

Nusi Yesaya Kpɔ

13, 14. Nukae Yesaya kpɔ le ŋutega aɖe me, eye aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe edzii?

13 Mina míaku nu me le Yesaya ƒe ŋutega me azɔ. Ne èxlẽ ta 6, kpukpui 1 vaseɖe 7 la, ele be wòawɔ dɔ ɖe dziwò. Yesaya gblɔ be ‘yekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ fiazikpui dzi,’ eye ‘serafiwo tsi tre ɖe etame.’ Wodo ɣli nɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe gblɔm na wo nɔewo, wonɔ eƒe kɔkɔenyenye dom ɖe dzi. Ele be nuŋlɔɖi sia xexlẽ nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò. Aleke Yesaya wɔ ɖe eŋu? “Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! [Meɖo Sheol vɔ] elabena ame nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome; eye nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.” Aleke gbegbe ŋutega ma wɔ dɔ ɖe edzii nye si! Ewɔ dɔ ɖe dziwòa?

14 Ke aleke Yesaya wɔ te ŋu nɔ ŋutikɔkɔe sia gbegbe si wòkpɔ la nu? Eɖe eme be serafi aɖe va xɔ na ye eye wògblɔ na ye be: “Wò vodadawo ɖe ɖa, eye wolé avu wò nuvɔ̃wo.” (Yesaya 6:7) Yesaya te ŋu ka ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ dzi eye wòlé to ɖe Yehowa ƒe nyawo ŋu. Ðe màdi be yeanya nu geɖe wu tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo siwo ƒe ɖoƒe kɔkɔ ŋu oa? Ke nuka wòle be nàwɔ? Ku nu me ne nàkpɔ nyatakaka bubuwo. Dɔwɔnu aɖe si nàte ŋu azãe nye Watch Tower Publications Index eye nàdi agbalẽ siwo woyɔ le eme be nàkpɔ agbalẽ bubu siwo ɖe nya la me.

Nuka Xezekiel Kpɔ?

15. Nukae fia be kakaɖedzi le Xezekiel ƒe ŋutegaa ŋu?

15 Mina míatrɔ ɖe gbɔgbɔmenuwɔwɔ ƒomevi bubuwo ŋu. Wove Xezekiel nu wòkpɔ ŋutega ʋãme aɖe esime wònye aboyome le Babilon. Ʋu Xezekiel ta 1, ƒe kpukpui etɔ̃ gbãtɔawo le wò Biblia me. Aleke nya la dze egɔmee? Ðe wogblɔ be ‘Gbaɖegbe, le anyigba aɖe si le didiƒe ʋĩ dzi la . . .’? Menye glie o eye womeŋlɔe abe gli ene hã o. Kpukpui gbãtɔ gblɔ be: “Le ƒe [“blaetɔ̃lia,” NW] me le dzinu enelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, esime mele aboyomewo dome le Kebar-tɔsisi to la, eva me be, dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Mawu ƒe ŋutega.” Nukae nède dzesi le kpukpui sia ŋu? Eyɔ ɣeyiɣia kple teƒe si nyaa dzɔ le tututu. Numeɖeɖe siawo fia be Fia Yoyaxin ƒe aboyomeyiyi ƒe ƒe atɔ̃liae, si nye le 613 D.M.Ŋ. me.

16. Nukae Xezekiel kpɔ?

16 Yehowa ƒe asi va nɔ Xezekiel dzi, eye wòkpɔ Yehowa ƒe ŋutega dziŋɔ si me wòbɔbɔ nɔ fiazikpui dzi le dziƒotasiaɖam gã aɖe si ƒe afɔ titriwo ŋu ŋkuwo yɔ fũ dzi. Nusi ka mí le afisiae nye be nu gbagbeawo nye ene, ɖesiaɖe tsi tre ɖe afɔti ɖeka dzi. “Woƒe nɔnɔme enye si: Woɖi amegbetɔ, ɖesiaɖe to mo ene, eye aʋala ene li na wo dometɔ ɖesiaɖe. . . . Woƒe mo ɖi amegbetɔ ƒe mo le ŋgɔ, wo ame enea to dzata ƒe mo ɖe ɖusi me, wo ame enea to nyitsu ƒe mo ɖe mia me, eye wo ame enea to hɔ̃ ƒe mo ɖe megbe.”—Xezekiel 1:5, 6, 10.

17. Nukae kerubiawo ƒe mo eneawo tsi tre ɖi na?

17 Nukae nye nu gbagbe ene siawo? Xezekiel ŋutɔ gblɔe na mí be kerubiwoe. (Xezekiel 10:1-3, 14) Nukata woƒe mo nye ene? Be wòanye kpɔɖeŋu na Dziɖulagã Aƒetɔ Yehowa ƒe nɔnɔme ene siwo ɖe dzesi tae. Hɔ̃ la ƒe mo nye nunya si kpɔa nu dea didiƒe ƒe kpɔɖeŋu. (Hiob 39:27-29) Nukae nyitsu la ƒe mo tsi tre ɖi na? Le alesi ŋusẽ le nyitsu ƒe kɔ kple abɔgba ŋui ta la, nyitsu si wo kple ame le avu wɔm la te ŋu daa sɔ kple edola ɖe yame. Kakaɖedzitɔe la, nyitsu la nye Yehowa ƒe ŋusẽ si ŋu seɖoƒe mele o ƒe kpɔɖeŋu. Wozã dzata la na dzɔdzɔenyenye yomenɔnɔ dzideƒotɔe. Mlɔeba esɔ be amegbetɔ ƒe mo natsi tre ɖi na Mawu ƒe lɔlɔ̃, elabena amegbetɔ koe nye anyigba dzi nuwɔwɔ si te ŋu ɖea nɔnɔme sia fiana nunyatɔe.—Mateo 22:37, 39; Yohanes I, 4:8.

18. Aleke apostolo Yohanes ƒe nyawo gakpe ɖe mía ŋui be míanya nu geɖe tso dziƒohabɔbɔa ŋu?

18 Ŋutega bubuwo gali siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu nu bliboa katã me nakɔ na mí. Eƒe ɖee nye Yohanes ƒe ŋutega siwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me. Abe Xezekiel ene la, eya hã kpɔ Yehowa le ŋutikɔkɔe fiazikpui dzi kerubiwo le eŋu. Nuka wɔm kerubiawo le? Wole gbeƒã si serafiwo ɖe le Yesaya ta 6 la ke ɖem be: “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye wòli, eye wòle vava ge la!” (Nyaɖeɖefia 4:6-8) Yohanes kpɔ alẽvi hã le fiazikpuia gbɔ. Amekae wòate ŋu anye? Mawu ƒe Alẽvi, Yesu Kristo, la ŋutɔŋutɔe.—Nyaɖeɖefia 5:13, 14.

19. Nukae nèva de dzesii le Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu le nusɔsrɔ̃ sia me?

19 Eyata nukae ŋutega siawo kpe ɖe mía ŋu míekpɔ? Eyae nye be Yehowa Mawu, amesi bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzie le nɔƒe kɔkɔtɔ kekeake le dziƒohabɔbɔa me eye Alẽvi la si nye Yesu Kristo, Nya la, alo Logos, kpe ɖe eŋu. Emegbe míekpɔ mawudɔlawo ƒe dziƒoʋakɔ, si me serafiwo kple kerubiwo hã le. Wonye habɔbɔ gã ɖeka si me ɖekawɔwɔ le si le Yehowa ƒe tameɖoɖowo dzi wɔm la ƒe akpa aɖe. Eye tameɖoɖo mawo dometɔ ɖekae nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia le xexeame katã le nuwuɣi sia.—Marko 13:10; Yohanes 1:1-3; Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

20. Nya ka ŋue míaɖo le nyati si kplɔe ɖo me?

20 Mlɔeba, le anyigba dzi afisia la, Yehowa Ðasefo siwo kpea ta le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me be yewoasrɔ̃ Aƒetɔ Dziɖulagã la ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ hã li. Ðikeke aɖeke mele eme o be míate ŋu akpɔe azɔ be amesiwo le mía dzi la sɔ gbɔ wu amesiwo le Satana kple nyateƒea ƒe futɔwo dzi. Biabia si gasusɔe nye, Akpa kae dziƒohabɔbɔa wɔna le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe nyanyuia me? Míadzro nya ma kple bubuwo me le nyati si kplɔe ɖo me.

Numetotobiabiawo

◻ Be míanya Yehowa ƒe habɔbɔa la, nuka mee wòle be míase?

◻ Nuka teƒee Elisa ƒe subɔvi kpɔ, eye aleke nyagblɔɖila la de dzi ƒo nɛ?

◻ Aleke wòle be míabu ɖokuisinusɔsrɔ̃e?

◻ Aleke Daniel, Yesaya, kple Xezekiel ɖe nu mee na mí tso dziƒohabɔbɔa ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ðokuisinusɔsrɔ̃ ƒe viɖewo gbɔ nuɖuɖu si woɖa nyuie tɔ ŋu sasasã

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dziƒoʋakɔwo kpɔkpɔ ƒe ŋutega nye Elisa ƒe gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖo tso Yehowa gbɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe