INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 11/15 axa 32
  • Ŋkɔ ka ƒomevie le ŋuwò?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkɔ ka ƒomevie le ŋuwò?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 11/15 axa 32

Ŋkɔ ka ƒomevie le ŋuwò?

LE BIBLIA me la, nya “ŋkɔ” fiaa ame ƒe nɔnɔme ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, nunyala Fia Salomo ŋlɔ bena: “Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.” (Nyagblɔla 7:1; tsɔe sɔ kple Lododowo 22:1.) Le Salomo ƒe nyaa nu la, womedzia ame kple ŋkɔ nyui o. Ke boŋ eƒe agbenɔnɔ mee wòva xɔa ŋkɔ si ŋu gɔmesese nyui le la lena. Eƒe ŋkɔ aɖe nɔnɔme siwo le esi afia, eɖanye dɔmenyotɔ alo ɖokuitɔdila, nublanuikpɔla alo ɖekematsɔlemetɔ, ɖokuibɔbɔla alo dadala, eye eɖanye ame dzɔdzɔe alo ame vɔ̃ɖi gɔ̃ hãe wònye o.

De ŋugble le Dawid ŋu kpɔ. Eɖee fia le eƒe fiaɖuɣia be yenye ame sesẽ si mevɔ̃na o. Le ɣemaɣiwo ke me la, Dawid bɔbɔ eɖokui lɔ̃ ɖe eƒe vodadawo dzi hetrɔ dzime tso nuvɔ̃ gã siwo wòwɔ la me. Ele eteƒe be Yehowa ƒe nyagblɔɖila ɖee fia be Dawid nye ‘ŋutsu si dze Mawu ŋu.’ (Samuel I, 13:14) Tso ɖevime kee ŋkɔ nyui nɔ Dawid ŋu le Mawu gbɔ.

Gake Yuda-fia Yoram ɖo ŋkɔ gbegblẽ na eɖokui. Etrɔ eteviwo ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ eye ena wowu nɔviaŋutsu ade kple Yuda fiaviwo dometɔ aɖewo kura gɔ̃ hã. Mlɔeba Yehowa he dɔ vɔ̃ɖi aɖe ƒu Yoram si kplɔe yi tsiẽe. Biblia gblɔ be Yoram ‘yi, ke eƒe nu meve ame aɖeke o,’ alo abe alesi Today’s English Version gblɔe ene be, “eƒe kua mete ɖe ame aɖeke dzi o.”—Kronika II, 21:20.

Biblia ƒe lododo ƒe nyateƒenyenye dze le alesi Dawid kple Yoram ƒe agbe va yii me be: “Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna.” (Lododowo 10:7) Eyata ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nade ŋugble le nyabiabia sia ŋu moveviɖoɖotɔe be, ‘Ŋkɔ ka ƒomevie le ŋunye le Mawu kple hanyevi gbɔ?’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe