-
Ame Kae Wɔ Se Siwo Kplɔa Míaƒe Xexe Gbahoo La?Gbetakpɔxɔ—2011 | July 1
-
-
Azɔ hã, susu si nye be anyigba meku ɖe naneke ŋu o la fɔ biabia bubu ɖe te: Nu kae na anyigba kple dziƒonuwo le zɔzɔm ɖe ɖoɖo nu? Gbe ɖeka Mawu gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi siawo na Hiob bena: “Ðe nàte ŋu asa Kima ɣletivihatsotso ƒe kawo sesĩea, alo ɖe nàte ŋu atu Kesil ɣletivihatsotso ƒe kawoa?” (Hiob 38:31, NW) Tso ŋkeke yi ŋkeke le Hiob ƒe agbenɔƒe geɖeawo me la, ekpɔa ale si ɣletivihatsotso siawo nɔa zɔ ɖemee le zã me.c Gake nu ka tae ɖoɖo si nu wozɔna ɖo la metrɔna le ƒe gbogbo aɖewo megbe gɔ̃ hã o? Nu ka gbɔe wòtso be ɣletiviwo kple dziƒonu bubuawo metraa mɔ o? Nya sia ŋu bubu anya wɔ dɔ ɖe Hiob dzi godoo.
Ne ɖe nu nogoo siwo ƒo xlã anyigba ye lé dziƒonuwo ɖe te la, anye ne kpɔɖeŋuka siwo ŋu woƒo nu tsoe le Hiob ƒe agbalẽa me mahiã o. Ƒe akpe geɖe megbe hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va srɔ̃ nu tso “ka” siwo lé dziƒonuwo ɖe te si wɔe be wole zɔzɔm ɖe ɖoɖo nu le yamenuto ƒe vivitia me la ŋu. Isaac Newton, kple emegbe Albert Einstein, va xɔ ŋkɔ ɖe ale si wote ŋu ke ɖe nya siawo ŋu ta. Hiob menya naneke tso dzɔdzɔmeŋusẽ siwo Mawu wɔ, siwo nana dziƒonuwo zɔna ɖe ɖoɖo nu le hatsotso me ŋu ya o. Ke hã, ƒe akpewo megbe la, wova ɖo kpe edzi be nya siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Hiob ƒe agbalẽa ŋlɔla wòŋlɔ la nye nyateƒe, ke mele alea kura le agbalẽnyala Aristotle ya ƒe susuwo gome o. Ðe esia meɖo kpe edzi be Senala la ŋutɔe ɖe nu siawo fia oa?
-
-
Ame Kae Wɔ Se Siwo Kplɔa Míaƒe Xexe Gbahoo La?Gbetakpɔxɔ—2011 | July 1
-
-
c Anɔ eme be “Kima ɣletivihatsotso” lae nye Pleiades ɣletivihatsotsoa. Ðewohĩ “Kesil ɣletivihatsotso” lae nye Orion ɣletivihatsotsoa. Ƒe akpe geɖe megbe hafi ɖoɖo si nu ɣletivihatsotsowo zɔna ɖo la trɔna.
-