-
Yehowa Ƒe Gãnyenye Me Dzodzro Meli oGbetakpɔxɔ—2004 | January 15
-
-
Yehowa ƒe Nɔnɔme Nyuiwo De Ŋgɔ Loo!
20, 21. (a) Yehowa ƒe gãnyenye ŋuti nɔnɔme kawoe Psalmo 145:7-9 kafu? (b) Ŋusẽ kae Mawu ƒe nɔnɔme siwo woyɔ le afisia kpɔna ɖe amesiwo katã lɔ̃nɛ la dzi?
20 Abe alesi míekpɔe ene la, Psalmo 145 ƒe kpukpui ade gbãtɔawo gblɔ susu vevi siwo tae wòle be woakafu Yehowa ɖe eƒe gãnyenye si me manya dzro tsitotsito o ta. Kpukpui 7 vaseɖe 9 kafu Mawu ƒe gãnyenye to alesi wòƒo nu tso eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋui me. Dawid dzi ha be: “Woaɖe wò nyuiwɔwɔ gãwo ƒe ŋkuɖoɖodzi afia, eye woatso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti. Amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, medoa dziku kabakaba o, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ. Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.”
21 Le afisia la, Dawid ƒo nu tso Yehowa ƒe dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye—siwo nye nɔnɔme siwo Satana Abosam tɔ gbee la ŋu gbã. Ŋusẽ kae nɔnɔme mawo kpɔna ɖe amesiwo katã lɔ̃a Mawu eye wobɔbɔna ɖe eƒe dziɖulanyenye te la dzii? Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ si dzi Yehowa tona ɖua dzi lae nana esubɔlawo kpɔa dzidzɔ ale gbegbe be womate ŋu adzudzɔ ekafukafu gbeɖe o. Gawu la, Yehowa nyoa dɔme na “amewo katã.” Míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be esia akpe ɖe ame geɖe bubuwo ŋu be woatrɔ dzime eye woava zu Mawu vavã la subɔlawo hafi wòatsi megbe.—Dɔwɔwɔwo 14:15-17.
22. Aleke Yehowa wɔa nu ɖe esubɔlawo ŋui?
22 Dawid gade asixɔxɔ nɔnɔme siwo ŋu Mawu ŋutɔ ƒo nu le esime “[Wòto Mose ŋuti] yi heɖe gbe ƒã bena: Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ” hã ŋu. (Mose II, 34:6) Eyatae Dawid te ŋu gblɔ be: “Amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, medoa dziku kabakaba o, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ.” Togbɔ be Yehowa ƒe gãnyenye me dzodzro tsitotsito meli o hã la, edea bubu esubɔla amegbetɔwo ŋu to alesi wòwɔa nu ɖe wo ŋu tufafatɔe me. Ekpɔa nublanui na ame geɖe ŋutɔ eye wòlɔ̃na faa be yeatsɔ nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo ƒe nuvɔ̃wo ake wo to Yesu ƒe tafevɔsa dzi. Yehowa gbɔa dzi blewu hã, elabena enaa mɔnukpɔkpɔ esubɔlawo be woaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo ate ŋu anye mɔxenu na wo be woagage ɖe nuɖoanyi yeyea me o la dzi.—Petro II, 3:9, 13, 14.
-
-
Yehowa Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Sɔ gbɔGbetakpɔxɔ—2004 | January 15
-
-
Yehowa Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Sɔ gbɔ
‘Yehowa ƒe amenuveve sɔ gbɔ.’—PSALMO 145:8.
1. Aleke gbegbee Mawu ƒe lɔlɔ̃ keke tae?
“MAWU enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Nyagbɔgblɔ lédziname ma ɖo kpe edzi be Yehowa ɖua dzi le lɔlɔ̃ me. Nya lae nye be amegbetɔ siwo meɖoa toe o gɔ̃ hã ɖea vi tso ɣe kple tsidzadza si wònana lɔlɔ̃tɔe la me! (Mateo 5:44, 45) Le lɔlɔ̃ si le Mawu si na ameƒomea ƒe xexea ta la, eƒe futɔwo gɔ̃ hã ate ŋu atrɔ dzime, atrɔ ɖe eŋu, ahakpɔ agbe. (Yohanes 3:16) Gake eteƒe madidi o, Yehowa atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi gblẽkuwo ɖa be amegbetɔ siwo lɔ̃nɛ nate ŋu ase agbe ƒe vivi le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeyea me tegbee.—Psalmo 37:9-11, 29; Petro II, 3:13.
2. Lɔlɔ̃ tɔxɛ kae Yehowa ɖena fiana amesiwo ɖe adzɔgbe nɛ?
2 Yehowa ɖea lɔlɔ̃ fiaa eƒe tadeagula vavãwo le mɔ tɔxɛ si nɔa anyi ɖaa nu. Wotsɔa Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “amenuveve,” alo “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃” ɖɔa lɔlɔ̃ ma. Blema Fia Dawid de asixɔxɔ Mawu ƒe amenuveve ŋu. Nusiwo me Dawid ŋutɔ to kpakple ŋugbledede le mɔ siwo nu Mawu wɔa nu ɖe amewo ŋu le na wòdzi ha kakaɖedzitɔe be: ‘Yehowa ƒe amenuveve [alo “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃,” NW] sɔ gbɔ.’—Psalmo 145:8.
-