Tsɔ Asi Dzadzɛwo De Ta Agu Na Yehowae
GBƆGBƆ ʋã hakpala Dawid wòdzi ha be: “Meklɔ nye asi fɔmaɖitɔe, eye maƒo xlã wò vɔsamlekpui, Yehowa.”—Psalmo 26:6.
Ðewohĩ Israel ƒe Lewi-nunɔlawo ƒe kɔnu si nye be woalia ayi vɔsamlekpuia dzi eye woada woƒe vɔsanuwo ɖe dzoa me ŋue Dawid kpa ha sia ɖo. Gake hafi nunɔlawo nawɔ tadeagudɔ sia la, wobia tso wo si be woaklɔ woƒe asiwo kple afɔwo. Esia menye nu tsɛ kura o. Ne nunɔla aɖe gbe afɔɖeɖe gbãtɔ sia wɔwɔ la, ate ŋu abu eƒe agbe!—Mose II, 30:18-21.
Ameŋukɔklɔ le kpɔɖeŋumɔ nu na wonɔa dzadzɛ le gbɔgbɔ kple ŋutilã me. (Yesaya 1:16; Efesotɔwo 5:26) Egbea Yehowa di be ‘míaƒo xlã yeƒe vɔsamlekpui’ to eyama subɔsubɔ me. Gake ebia be míatsɔ asi dzadzɛwo awɔe—asi siwo ŋu woklɔ “fɔmaɖitɔe,” abe alesi Dawid gblɔe ene. Menye nudidi tsɛe esia nye o, elabena amesiwo wɔa nu makɔmakɔ manyi Mawu ƒe Fiaɖuƒea dome o. (Galatiatɔwo 5:19-21) Mawumedɔwo wɔwɔ mefia be woate ŋu awɔ nu gbegblẽ faa o. Eyata apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazu ame madzemadze o.”—Korintotɔwo I, 9:27.
Ele be amesiwo dia Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple dzidzɔ vavãtɔ la natsɔ asi dzadzɛwo asubɔ Yehowae. Abe Dawid ene la, wozɔna “le dzimekɔkɔ kple dzɔdzɔenyenye me.”—Fiawo I, 9:4.