Dzi Nedzɔ Wò ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu Vevie
‘WOAYRA amesi kpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu.’ Amesia xlẽa Mawu ƒe Nya la ‘hedea ŋugble le eŋu zã kple keli.’ (Ps. 1:1, 2) Wò hã èkpɔa dzidzɔ ma tɔgbea? Aleke nàwɔ be dzidzɔ si Mawu ƒe Nya la naa nèkpɔna la nagade ŋgɔ wu?
Ðo To ne Yehowa Le Nu Ƒom
Mègaxlẽ nyawo dzro ko o. Kpɔ nusiwo ŋu nèle nu xlẽm le la ɖa le susu me. Se amesiwo ŋu wole nu ƒom le la ƒe gbe le susu me. Ne èle Biblia ƒe ta gbãtɔawo xlẽm la, se alesi Yehowa ŋutɔ le nu me kɔm tso alesi wòle nuwo wɔm ɖe ɖoɖo nui be anyigba dzi nanya nɔ na amegbetɔ ŋuti. See ɖa esi wògblɔ na Via, si nye Dɔnunɔla la, be ɣeyiɣia de azɔ be wòawɔ amegbetɔ gbãtɔwo. Kpɔ nudzɔdzɔa ɖa le susu me: Adam kple Xawa dze aglã, Mawu drɔ̃ ʋɔnu wo, emegbe wònya wo le Paradisoa me. (Mose I, ta 1-3) Newɔ dɔ ɖe dziwò vevie ne èxlẽe be gbe aɖe si tso dziƒo na kakaɖedzi be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi si gbɔ melɔ̃a nu lena o, amesi Mawu dɔ ɖo ɖa be wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe amegbetɔƒomea ta. (Mat. 3:16, 17) Dze agbagba nàkpɔ alesi apostolo Yohanes wɔ nui ɖa le susu me esime wòsee Yehowa gblɔ be: “Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye!” (Nyaɖ. 21:5) Mawu ƒe Nya la xexlẽ le mɔ sia nu nyea dzidzɔ loo!
Yi edzi nànɔ nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la xlẽm, eye àva dze sii be Yehowae nye amesi ƒe gãnyenye ƒo ɖesiaɖe ta, eye wòdze na bubu kple vɔvɔ̃. Àsee le ɖokuiwò me be yeva te ɖe Amesia si lɔ̃ mí, hewɔa nu kpli mí le nublanuikpɔkpɔ me la ŋu kplikplikpli, eya amesi kpena ɖe mía ŋu ne míebɔbɔ mía ɖokui heyi edzi le agbagba dzem be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu eye wòfiaa alesi míawɔ akpɔ dzidzedze le nusianu si míewɔna me la mí.—Yos. 1:8; Ps. 8:2; Yes. 41:10.
Ne èzã ɣeyiɣi geɖe tsɔ le Biblia xlẽm la, dzidzeme si nàkpɔ la agba go le esi nèle sidzedze nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na wò dzim ɖe edzi ta. Gake dzidzɔ si nàkpɔ la ayi ŋgɔ boo wu ema. Ne nusi xlẽm nèle la naa kpekpeɖeŋu si nèhiã be nàtsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe le nunya me wò la, àse le ɖokuiwò me abe hakpalaa ene, amesi gblɔ be: “Wò ɖaseɖiɖiwo nye nukunu, eyata nye luʋɔ léa wo me ɖe asi.” (Ps. 119:129) Wò hã dzi adzɔ wò ale gbegbe ne èkpɔ gɔmeɖosewo le Ŋɔŋlɔawo me, siwo akpe ɖe ŋuwò be nàtrɔ asi le wò tamesusu kple wò didiwo ŋu be woasɔ ɖe Mawu ƒe mɔ nu.—Yes. 55:8, 9.
Biblia naa agbenyuinɔnɔ ŋuti mɔfiame si kpɔa mía ta tso nuveviwɔame me eye wòfiaa mɔ nyuitɔ mí. Ne míele exlẽm la, míekpɔnɛ dzea sii be Yehowa nye Vifofo si nya kuxi siwo ado mo ɖa ne míena ŋutilã madebliboa ƒe dzodzrowo ɖu mía dzi. Medi be nu dziŋɔ siwo dona tsoa aɖabaŋeŋe ƒu eƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi me godoo la nadzɔ ɖe mía dzi o. Etsɔ ɖe le eme na mí eye wòdi be agbenɔnɔ si nye vivitɔ kekeake nanye mía tɔ gome. Eƒe Nya la xexlẽ kpena ɖe mía ŋu be míekpɔa yayra si wònye be eyama nanye mía Mawu kple Dziƒofofo la dzea sii bliboe wu.
Xlẽ Biblia Gbesiagbe
Hakpala la gblɔ le amesi xlẽa Mawu ƒe Nya la gbesiagbe ŋu be: “Nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!” (Ps. 1:3) Ẽ, togbɔ be míede blibo o, eye míele Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia me, eye Abosam dzea agbagba be yeavuvu mí ami hã la, Mawu ƒe Nya la xexlẽ edziedzi kple emenyawo tsɔtsɔ wɔ dɔe ana míakpɔ dzidzedze le nusianu si ku ɖe míaƒe ƒomedodo kple Yehowa ŋu me.
Esi nu tena ɖe mía dzi le nuɖoanyi xoxo sia me ta la, Wɔla la ƒe tamesusuwo xexlẽ gbesiagbe ɣeyiɣi kpui aɖe gɔ̃ hã xɔ asi eye ate ŋu ado ŋusẽ mí. Biblia la ƒe kpukpui ɖekaɖeka aɖewo siwo woyɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖewo me koe ame aɖewo siwo wode gaxɔ me ɖe woƒe xɔse ta la te ŋu kpɔ. Wolã kpukpui siawo, lé wo me nyawo ɖe susu me hede ŋugble le wo ŋu. Yehowa yra ɖe woƒe agbagbadzedzeawo dzi elabena wowɔ nu ɖe alesi nɔnɔmeawo nɔ nu be Mawu ƒe Nya la me sidzedze nasu wo si. (Mat. 5:3) Gake ablɔɖe si lolo wu le mí ame akpa gãtɔ si. Mele be míaƒo nya ta be ne míele kplakplakpla dzi nya xlẽ Biblia ƒe kpukpui aɖe zi ɖeka gbeɖeka ko la, akpɔ ŋusẽ wɔnuku aɖe ɖe mía dzi o. Ke boŋ anye yayra na mí ne míegbugbɔ asi trɔ le nusiwo le vevie na mí wu ŋuti ale be míate ŋu axlẽ Biblia ƒe akpa aɖe gbesiagbe, abu eŋu ahatsɔe ade dɔwɔna me le míaƒe agbenɔnɔ me.
Gake míenya be nane ate ŋu agblẽ ɖoɖo nyuitɔ kekeake si míawɔ hã me. Ne edzɔ nenema la, ele be míatsɔ nusiwo le vevie wu aɖo nɔƒe gbãtɔ. Le kpɔɖeŋu me, míaɖoe anɔ anyi ŋkeke ɖeka alo eve tsimanomanoe o. Eyata nuka kee adzɔ le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me o, ele be míadi ɣeyiɣi ano nyateƒea ƒe tsi atsɔ atu mía ɖokui ɖoe.—Dɔw. 17:11.
Xlẽ Mawu ƒe Nya la Katã
Wò ŋutɔ èxlẽ Biblia bliboa katã kpɔa? Ame aɖewo vɔ̃na ne wobu eŋu be woaxlẽ Biblia tso Mose I, vaseɖe Nyaɖeɖefia ke. Eyata amesiwo di be yewoaxlẽ Biblia bliboa katã la dometɔ geɖe dze egɔme tso Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo dzi. Nukatae? Ðewohĩ le alesi Biblia-gbalẽ mawo me nyawo ka wo tẽ le esi wole didim be yewoazɔ Kristo ƒe afɔtoƒewo la tae. Alo ate ŋu anye be esi wokpɔe be Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo mesɔ gbɔ fũ o tae—ɖeko wòsɔ gbɔ vie wu Biblia memama ɖe akpa ene me ƒe ɖeka. Gake esi wowu agbalẽ 27 mawo xexlẽ nu la, wotrɔ ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ 39 la ŋu hedze wo xexlẽ gɔme vivisesetɔe. Kaka woawu Hebri Ŋɔŋlɔawo xexlẽ nu la, Biblia xexlẽ edziedzi va ma wo, eyata woyi edzi gaxlẽ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo zi evelia, eye womedzudzɔ Biblia xexlẽ kpɔ o. Neva eme be wò hã Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe nazu numame na wò le wò agbemeŋkekewo katã me.
Ðe ame aɖe le wò ƒomea alo miaƒe hamea me si mete ŋu xlẽa nu oa? Nukata màɖoe be yeanɔ Biblia xlẽm na ame ma edziedzi o? Aɖe vi na wò, eye aɖe vi na eya hã esime wòle ŋugble dem le nya si sem wòle la ŋu hele eŋudɔ wɔm le eƒe agbe me.—Nyaɖ. 1:3.
Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, àdi be yeadze dɔ tɔxɛ aɖewo gɔme le wò Biblia xexlẽ gome. Nusiawo dometɔ aɖewo wɔwɔ ate ŋu ana nàse ƒomedodo si le Biblia ƒe agbalẽ vovovoawo dome la gɔme nyuie wu. Ne axadzinuŋɔŋlɔwo le wò Biblia me la, woate ŋu akplɔ wò ayi blemaŋutinyawo kple nya bubu siwo do ƒome kplii la gbɔ. Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ nusiwo dzɔ, siwo ta woŋlɔ psalmo vovovoawo kple lɛta siwo Yesu Kristo ƒe apostoloawo ŋlɔ ɖo. Wogblɔ nya gbogbo aɖewo ŋutɔ le Insight on the Scriptures me tso amewo, teƒewo, kple nɔnɔme vovovo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu. Nya vovovo siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu hea susu yia Biblia me nyagblɔɖiwo me vava dzi, wonaa míekpɔa fia kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi ɖeka me, eye wogblɔa ɣeyiɣi si me lɔƒo Biblia me nya geɖe dzɔ.
Ne èle ŋugble dem le nusi nèxlẽ ŋu la, àva se nusiwo ta nɔnɔme aɖewo do mo ɖa le Mawu ƒe amewo dome la gɔme. Àva kpɔ nusita Yehowa wɔ nu ɖe eƒe amewo ŋu le mɔ aɖewo nu hã. Alesi Yehowa bua dziɖuɖuwo, dukɔwo, kple ame vovovowo ƒe nuwɔnawoe me ava kɔ na wò nyuie wu. Esia ana Mawu ƒe nukpɔsusu me nagakɔ na wò geɖe wu.
Biblia me ŋutinyawo agado dzidzɔ na wò ɖe edzi ne èkpɔ nuto siwo me nuawo dzɔ le la ƒe anyigbatatawo. Biblia me nyigbatatawo ɖea teƒeawo ƒe nɔnɔme kpakple alesi wo dome didii fiana. Le kpɔɖeŋu me, anye afika lɔƒoe Israel-viwo tso Ƒudzĩa le? Aleke nye Ŋugbedodonyigba la ƒe lolome? Teƒeteƒe siwo Yesu zɔ yi hewɔ eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa le la ƒe didime ɖe? Nukanukawoe Paulo kpɔ le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔawo me? Anyigbatata vovovowo kple alesi woɖɔ teƒeawoe ana wò nuxexlẽ nagavivi ɖe edzi. Afikae nàkpɔ Biblia me nyigbatatawo le? Ðewo dze le New World Translation of the Holy Scriptures me. Anyigbatata siwo ade 70 ye le Insight-gbalẽawo me, eye anyigbatatadiƒe le babla gbãtɔa ƒe nuwuwu. Zã Watch Tower Publications Index nàtsɔ adi anyigbatata bubuwoe. Ne agbalẽ siawo meli o la, ekema zã anyigbatata siwo wota ɖe Gbetakpɔxɔ me ale woakpe ɖe ŋuwò le wò Biblia xexlẽ me.
Fia Dawid do kɔkɔ Yehowa le Hebri Ŋɔŋlɔawo me esi wògblɔ be: “Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Aleke woƒe xexlẽme mehesɔ gbɔe o!” (Ps. 139:17) Apostolo Paulo kafu Yehowa le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me elabena eyae nye Amesi “klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.” (Kor. II, 4:6) Dawid nɔ agbe ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Paulo; ke hã wo ame evea siaa kpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu. Wò hã àte ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe eŋu nenema ke ne èdi ɣeyiɣi xlẽ nusiwo katã Yehowa na wò le eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me.