INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Aleke Mawu Ðoe Be Agbea Nanɔ Na Mí?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • Nusɔsrɔ̃ 25 lia. Ale si anyigbaa dzena ne wokpɔe tso yamenutome ʋĩi ke.

      NUSƆSRƆ̃ 25

      Aleke Mawu Ðoe Be Agbea Nanɔ Na Mí?

      Biblia gblɔ be amegbetɔwo ƒe agbe le ‘kpuie eye wòyɔ fũu kple fukpekpe.’ (Hiob 14:1) Alea ye Mawu di be agbea nanɔ na mía? Ne menye nenema ye o la, ke aleke wòɖoe be agbea nanɔ na mí? Ðe tame si wòɖo ɖe mía ŋu la ava eme gbe ɖeka? Na míakpɔ nya fakɔname siwo Biblia gblɔ tsɔ ɖo nya mawo ŋui ɖa.

      1. Aleke Yehowa di be agbea nanɔ na mí?

      Yehowa di be míakpɔ dzidzɔ eye agbea nadze edzi na mí. Esi Mawu wɔ Adam kple Xawa, siwo nye amegbetɔ gbãtɔwo la, eda wo ɖe paradiso nyui aɖe si woyɔ be Eden-bɔ la me. Eye “Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo be: ‘Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi.’” (1 Mose 1:28) Eya ta, Yehowa di be woadzi viwo, woana anyigba bliboa nanye paradiso, eye woakpɔ lãwo dzi. Eɖoe be amegbetɔwo katã nanɔ lãmesẽ blibo me eye woanɔ agbe tegbee.

      Togbɔ be nuwo mele nenema fifia o hã la,a tame si Mawu ɖo ɖe mía ŋu la metrɔ o. (Yesaya 46:10, 11) Egadi kokoko be amegbetɔ toɖolawo nanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me, eye naneke nagaɖe fu na wo o.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

      2. Aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme fifia?

      Yehowa wɔ mí le mɔ aɖe nu be míehiã eƒe mɔfiafia, esia tae míedina be míadze sii eye míasubɔe ɖo. (Xlẽ Mateo 5:3-6.) Yehowa di be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kpli ye dome, ‘míazɔ le yeƒe mɔwo katã dzi ahalɔ̃ ye,’ eye míasubɔ ye kple “dzi blibo.” (5 Mose 10:12; Psalmo 25:14) Ne míewɔe alea la, míakpɔ dzidzɔ vavã, togbɔ be míele kuxiwo me tom gɔ̃ hã. Ne míesubɔa Yehowa la, míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme, elabe míenyae be míele agbe nɔm abe ale si wòdi tso mía si ene.

      SRƆ̃ NU BUBUWO

      Àkpɔe be ale si Yehowa trɔ asi le anyigba ŋu la ɖee fia be elɔ̃ mí ale gbegbe. Azɔ hã, àkpɔ nu si eƒe Nya, Biblia, gblɔ tso ale si wòɖoe be agbea nanɔ na mí la ŋu.

      Adam kple Xawa le tsa ɖim le Eden-bɔ dzeani si nye woƒe aƒe la me eye wole ŋku lém ɖe gbe damawo kple lã siwo le eme la ŋu.

      3. Tame nyui aɖee Yehowa ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu

      Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

      VIDEO: Nu Ka Tae Mawu Wɔ Anyigba La?—Videoa Ƒe Akpa Aɖe (1:41)

      • Nu ka tae Mawu wɔ anyigba nyui sia na mí?

      Mixlẽ Nyagblɔla 3:11, eye miadzro nyabiase sia me:

      • Nu kae mawunyakpukpui sia fia wò tso tame si Yehowa ɖo ɖe mía ŋu la ŋuti?

      4. Tame si Yehowa ɖo ɖe mía ŋu la metrɔ o

      Mixlẽ Psalmo 37:11, 29 kple Yesaya 55:11, eye miadzro biabia sia me:

      • Aleke míewɔ nya be tame si Yehowa ɖo ɖe mía ŋu la metrɔ o?

      A. Aƒe aɖe si ŋu nuwo gblẽ le vevie. Nu siwo wotsɔ gbã xɔa la le fofom le xɔa tame, fesreawo gbã keŋ, eye gbeɖuɖɔ le teƒeteƒewo le aƒea me. B. Aƒe ma kee wodzra ɖo nyuie wònya kpɔ, eye wodo seƒoƒowo ɖe eme tsɔ ɖo atsyɔ̃ nɛ.

      Ne nuwo gblẽ le aƒe aɖe ŋu vevie hã la, woagate ŋu adzrae ɖo. Nenema kee, togbɔ be amegbetɔwo gblẽ nu le anyigbaa ŋu vevie hã la, Mawu ava dzrae ɖo keŋkeŋ na ame siwo lɔ̃e

      5. Ne míesubɔa Yehowa la, esia nana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me

      Ne míenya nu si tae míele agbe ɖo la, esia nana míekpɔa dzidzɔ. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia si gbɔna me.

      VIDEO: Meva Nya Taɖodzinu Si Le Agbea Ŋu (5:03)

      • Esi Terumi va nya taɖodzinu si le agbea ŋu la, aleke esia ɖe vi nɛ?

      Mixlẽ Nyagblɔla 12:13, eye miadzro nyabiase sia me:

      • Esi wònye be Yehowa wɔ nu geɖe ŋutɔ na mí ta la, nu kae wòle be míawo hã míawɔ?

      AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Nu ka tae míele agbe ɖo?”

      • Ne ame aɖe bia nya sia la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

      NU SIWO MÍESRƆ̃

      Yehowa di be míanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me le anyigba dzi eye naneke nagaɖe fu na mí o. Ne míesubɔa Yehowa tso dzi blibo me la, míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme fifia gɔ̃ hã.

      Numetoto

      • Aleke Yehowa di be agbea nanɔ na Adam kple Xawa hafi?

      • Aleke míewɔ nya be tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la metrɔ o?

      • Aleke nàwɔ akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me?

      Anyo Be Nàwɔ Esia

      KU NU ME TSO NYATIA ŊU

      Le nyati sia me la, àkpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be Eden-bɔa nɔ anyi kpɔ vavã.

      “Eden Bɔ La—Enɔ Anyi Kpɔ Vavã? Alo Nyakpakpa Koe?” (Gbetakpɔxɔ, January 1, 2011)

      Xlẽ nu tso nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be anyigbaa anɔ anyi tegbee la ŋu.

      “Ðe Woatsrɔ̃ Anyigba La?” (Nyati sia le jw.org)

      Biblia na míenya tameɖoɖo si le agbea ŋu. Àte ŋu axlẽ nu tso eŋu le nyati sia me.

      “Tameɖoɖo Kae Le Agbea Ŋu?” (Nyati sia le jw.org)

      Le video sia me la, àkpɔ ale si ŋutsu aɖe si susu be nu sia nu le ye si la va ke ɖe nu si susɔ nɛ le agbe me la ŋu.

      Fifia Taɖodzinu Va Le Nye Agbe Ŋu (3:55)

      a Àsrɔ̃ nu tso nu si tae nuwo mele nenema fifia o la ŋu le nusɔsrɔ̃ si kplɔ esia ɖo me.

  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • 2. Ame kawoe aɖu fia kple Yesu?

      Menye Yesu ɖeɖe koe aɖu fia o. Biblia gblɔe ɖi be, amewo atso “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple ame ƒomevi ɖe sia ɖe kple dukɔ sia dukɔ me” aɖu fia kplii. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Ame nenie aɖu fia kple Kristo? Tso esime Yesu va anyigba dzi la, ame miliɔn geɖe va zu eyomedzelawo. Gake wo dometɔ 144,000 koe ayi dziƒo be woaɖu fia kple Yesu. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:1-4.) Kristo yomedzela bubuawo katã anye Fiaɖuƒea teviwo le anyigba dzi.—Psalmo 37:29.

  • Nu Siwo Mawu Fiaɖuƒea Ava Wɔ
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • Nu Siwo Mawu Fiaɖuƒea Ava Wɔ

      Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum xoxo le dziƒo. Eteƒe madidi o, ava trɔ nu geɖewo le anyigba dzi. Na míakpɔ nu nyui siwo míate ŋu akpɔ mɔ na ne Mawu Fiaɖuƒea va le anyigba dzi ɖum la dometɔ aɖewo ɖa.

      1. Aleke Mawu Fiaɖuƒea ana ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye naxɔ anyigba dzi?

      Yesu, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la, atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo kple dziɖuɖuwo le Armagedon-ʋaa me. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Ɣemaɣi la, Biblia ƒe ŋugbedodo si nye be, “esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o” la, ava eme bliboe. (Psalmo 37:10) Yesu ato Fiaɖuƒea dzi akpɔ egbɔ be ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye xɔ anyigba dzi.—Xlẽ Yesaya 11:4.

      2. Aleke agbea anɔ ne wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi?

      Le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, “ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Kpɔe ɖa le susu me be èle xexe aɖe si me ame sia ame nye ame dzɔdzɔe eye amewo katã lɔ̃ Yehowa kple wo nɔewo la me! Ame aɖeke madze dɔ o, eye ame sia ame anɔ agbe tegbee.

      3. Ne wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo vɔ la, nu kawoe Mawu Fiaɖuƒea awɔ?

      Ne wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo vɔ la, Yesu aɖu fia ƒe 1,000. Ɣemaɣi la, Yesu kple eƒe hatidziɖula siwo nye ame 144,000-awo akpe ɖe amegbetɔwo ŋu le anyigba dzi woava de blibo eye nu vɔ̃ maganɔ wo ŋu o. Kaka ƒe akpe ɖekaa nawu enu la, anyigba bliboa azu paradiso dzeani aɖe, eye ame sia ame anɔ dzidzɔ kpɔm le esi wole Yehowa ƒe sewo dzi wɔm ta. Eyome Yesu atsɔ Fiaɖuƒe la ade asi na Fofoa, Yehowa. Ɣemaɣi la, Yehowa ƒe ‘ŋkɔa ŋuti akɔ’ keŋkeŋ. (Mateo 6:9, 10) Adze kɔtɛ ɣemaɣi be Yehowa nye Dziɖula nyui si tsɔa ɖe le eme na eteviwo. Eyome Yehowa atsrɔ̃ Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo kpakple ame sia ame si tsi tre ɖe Eƒe dziɖuɖu ŋu. (Nyaɖeɖefia 20:7-10) Nu nyui siwo Mawu Fiaɖuƒea awɔ kple yayra siwo katã wòahe vɛ la anɔ anyi tegbee.

      SRƆ̃ NU BUBUWO

      Àkpɔ nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ato Fiaɖuƒea dzi ana eƒe ŋugbedodo siwo katã le Biblia me ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu la nava eme.

      4. Mawu Fiaɖuƒea aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa

      “Amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.” (Nyagblɔla 8:9) Gake Yehowa ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ sia ɖa.

      Mixlẽ Daniel 2:44 kple 2 Tesalonikatɔwo 1:6-8, eyome miadzro nyabiase siawo me:

      • Nu kae Yehowa kple Via Yesu awɔ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo kple wo dzi delawo?

      • Nu kawoe nèsrɔ̃ tso Yehowa kple Yesu ŋu si na nèka ɖe edzi be esɔ be woatsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu mawo kple wo dzi delawo?

      Yesu si nye Fia le dziƒo la le paradisonyigba dzi ɖum.

      5. Yesu ye nye Fia nyuitɔ

      Yesu, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la, awɔ nu nyui geɖe na eteviwo le anyigba dzi. Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ ale si Yesu ɖee fia xoxo be yedina vevie be yeakpe ɖe amewo ŋu eye Mawu na ŋusẽ ye be yeawɔe hã.

      VIDEO: Yesu Ðe Nu Siwo Fiaɖuƒea Ava Wɔ La Fia (1:13)

      Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, nu siwo wòwɔ la na míekpɔ nu siwo Fiaɖuƒea ava wɔ. Le aɖaka si gbɔna me la, kpɔe ɖa be yayra siwo ŋu woƒo nu tsoe la dometɔ kae nèle mɔ kpɔm na vevie? Mixlẽ mawunyakpukpui siwo woŋlɔ ɖe yayra mawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ.

      ESIME YESU NƆ ANYIGBA DZI LA . . . 

      NE YESU LE ANYIGBA DZI ÐUM TSO DZIƑO LA . . .

      • ekpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo abe ahom sesẽwo ene dzi.—Marko 4:36-41.

      • aɖɔ nu siwo katã gblẽ le míaƒe anyigbaa ŋu la ɖo.—Yesaya 35:1, 2.

      • ena nuɖuɖu ame akpe geɖe nukutɔe woɖu.—Mateo 14:17-21.

      • atsi dɔwuame nu le xexea me godoo.—Psalmo 72:16.

      • eda dɔ na ame geɖewo.—Luka 18:35-43.

      • ana ame sia ame nanɔ lãmesẽ blibo me.—Yesaya 33:24.

      • egbɔ agbe ame siwo ku.—Luka 8:49-55.

      • afɔ ame siwo ku la ɖe tsitre eye wòaɖe ku ɖa keŋkeŋ.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

      6. Mawu Fiaɖuƒea ana etsɔme nyui aɖe ŋutɔ nasu mía si

      Fiaɖuƒea ana tame si Yehowa ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu tso gɔmedzedzea me la nava eme bliboe. Amegbetɔwo anɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi. Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ ale si Yehowa to Via, Yesu, dzi be yeana yeƒe tameɖoɖoa nava eme.

      VIDEO: Ale Si Tɔgbi Etsɔme Nyui Si Le Mía Ŋgɔ La Anɔ (4:38)

      Mixlẽ Psalmo 145:16, eye miadzro biabia sia me:

      • Esi nèva nyae be Yehowa ‘atsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na woe’ la, aleke nèse le ɖokuiwò me?

      AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ne mí katã míelé nɔvisi la, míate ŋu akpɔ kuxi siwo le xexea me la gbɔ.”

      • Kuxi kawo gbɔe Mawu Fiaɖuƒea akpɔ siwo gbɔ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu akpɔ o?

      NU SIWO MÍESRƆ̃

      Mawu Fiaɖuƒea ana Mawu ƒe tameɖoɖoa nava eme. Ana anyigba bliboa nazu paradiso, afi si ame nyuiwo ɖeɖe sɔŋ anɔ eye woasubɔ Yehowa tegbee.

      Numetoto

      • Aleke Mawu Fiaɖuƒea ana Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti nakɔ?

      • Nu ka tae míeka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea ana Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me la nava eme?

      • Nu nyui siwo Fiaɖuƒea ava wɔ la dometɔ kae nèle mɔ kpɔm na vevie?

      Anyo Be Nàwɔ Esia

      KU NU ME TSO NYATIA ŊU

      Nu kae nye Armagedon? Àkpɔ ŋuɖoɖoa le nyati sia me.

      “Nu Kae Nye Armagedon-ʋa La?” (Nyati sia le jw.org)

      Xlẽ nu tso nu siwo adzɔ le ɣeyiɣi aɖe si gbɔna me, si Yesu yɔ be “xaxa gã“ la ŋu.—Mateo 24:21.

      “Nu Kae Nye Xaxa Gã La?” (Nyati sia le jw.org)

      Le video sia me la, àkpɔ ale si ƒomewo ate ŋu ade ŋugble le yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ la ŋu.

      Kpɔ Ðokuiwò Le Paradiso Me (1:50)

      Xlẽ nyati si nye “Nyabiase Geɖewo Ðe Fu Nam,” be nàkpɔ ale si ŋutsu aɖe si dze aglã ɖe dziɖuɖu ŋu la, va kpɔ biabia siwo nɔ fu ɖem nɛ la ƒe ŋuɖoɖowo.

      “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, January 1, 2012)

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe