-
“Wò Tameɖoɖowo Adze Dzi”Gbetakpɔxɔ—2007 | May 15
-
-
HAKPALA Dawid do gbe ɖa le ha aɖe si wòkpa me be: “Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye! Gatsɔ wò xɔname do dzidzɔ nam, eye natsɔ gbɔgbɔ, si me lɔlɔ̃nu le la, lém ɖe asi!” (Psalmo 51:12, 14) Esi Dawid trɔ dzime le eya kple Bat-Seba ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ vɔ megbe la, eƒo koko na Yehowa Mawu be wòaklɔ yeƒe dzi ŋu eye wòade gbɔgbɔ, alo tamesusu ƒe nɔnɔme yeye ye me, bene yeawɔ nu dzɔdzɔe.
Ðe Yehowa wɔa dzi yeye dea mía me, alo dea lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ yeye gɔ̃ hã mía mea? Alo dzi dzadzɛa nye nu si wòle be míaku kutri atu ɖo ahakpɔ etaa? “Yehowa doa dziwo kpɔna,” gake afi kae wòkpɔa ŋusẽ ɖe nu siwo yia edzi le mía me dzi sena ɖo? (Lododowo 17:3; Yeremya 17:10) Ŋusẽ ka gbegbee wòkpɔna ɖe míaƒe agbe, míaƒe dzimedidiwo, kple míaƒe nuwɔnawo dzi?
-
-
“Wò Tameɖoɖowo Adze Dzi”Gbetakpɔxɔ—2007 | May 15
-
-
“Dzi Ƒe Tameɖoɖowo”—Ame Ka Ƒe Agbanɔamedzie?
Lododowo 16:1a gblɔ be: ‘Amegbetɔ tɔ enye dzi ƒe tameɖoɖowo.’ Edze ƒã be “dzi ƒe tameɖoɖowo” nye míaƒe agbanɔamedzi. Yehowa medzraa míaƒe dzi ɖo nukutɔe, alo naa lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ mí o. Ele be míadze agbagba be eƒe Nya, Biblia, me sidzedze vavã nasu mía si, míade ŋugble tso nu siwo míesrɔ̃na ŋu, eye míana míaƒe tamesusuwo nawɔ ɖeka kple etɔwo.—Lododowo 2:10, 11.
Ke hã, “dzi dzadzɛ” kple “gbɔgbɔ yeye” si Dawid bia fia be enya be nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe didi le ye me, eye be ehiã be Mawu nakpe ɖe ye ŋu yeaklɔ yeƒe dzi ŋu. Esi míede blibo o ta la, anɔ bɔbɔe be míaƒo mía ɖokui ɖe “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” me. (Galatiatɔwo 5:19-21) Be ‘míawu míaƒe ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ’ la, míahiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. (Kolosetɔwo 3:5) Aleke gbegbe wòle vevie be míado gbe ɖa abia eƒe kpekpeɖeŋu bene míagana ta le tetekpɔ me o, eye míaɖe nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo ɖa le míaƒe dzi mee nye esi!
-