-
Yehowa Nya ‘Miaƒe Taɖawo Katã Ƒe Xexlẽme’Gbetakpɔxɔ—2005 | August 1
-
-
“De Nye Aɖatsiwo Wò Goe Me”
12. Aleke míewɔ nya be Yehowa nya fu siwo eƒe amewo kpena la nyuie?
12 Menye ɖeko Yehowa nyaa amesi ƒomevi esubɔla ɖesiaɖe nye ko o, ke enya fu siwo kpem wo dometɔ ɖesiaɖe le hã nyuie. Le kpɔɖeŋu me, esime wonɔ Israel-viwo tem ɖe anyi abe kluviwo ene la, Yehowa gblɔ na Mose be: “Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.” (Mose II, 3:7) Akɔfaname kae nye si wònye be míanyae be ne míele dzi dom le tetekpɔwo me la, Yehowa kpɔa nusi me tom míele eye wòsea míaƒe hũɖeɖewo! Menye Amesi metsɔa ɖeke le míaƒe fukpekpewo me o ye wònye kura o.
13. Nukae ɖee fia be Yehowa sea veve ɖe esubɔlawo nu nyateƒe?
13 Yehowa ƒe ɖetsɔtsɔ le eme na amesiwo le ƒomedodo me kplii la gadze ɖe edzi le alesi wòse le eɖokui me ɖe Israel-viwo ŋu me. Togbɔ be woa ŋutɔwo ƒe tomaɖomaɖoe wɔnɛ be wokpea fu zi geɖe hã la, Yesaya ŋlɔ tso Yehowa ŋu be: ‘Esi woxaxa la, ete ɖe edzi.’ (Yesaya 63:9) Eyata esi nènye Yehowa subɔla wɔnuteƒe ta la, àte ŋu aka ɖe edzi be ne èle veve sem la, Yehowa hã sea veve. Ðe ema meʋã wò be nàkpe akɔ kple fukpekpewo vɔvɔ̃manɔmee ahayi edzi anɔ wò ŋutete ɖesiaɖe wɔm atsɔ asubɔe oa?—Petro I, 5:6, 7.
14. Nɔnɔme kawo mee wokpa Psalmo 56 lia le?
14 Kakaɖedzi si nɔ Fia Dawid si be Yehowa tsɔa ɖe le eme na ye hesea veve ɖe ye nu la dze nyuie le Psalmo 56 lia, si Dawid kpa esime wònɔ sisim le Fia Saul si di be yeawui la nu, me. Dawid si yi Gat, gake esi Filistitɔwo kpɔ eyama dze sii la, evɔ̃ be wole ye lé ge. Eŋlɔ bena: “Nye ketɔwo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖaa; eye amesiwo tsɔ dada le aʋa wɔm kplim la, sɔ gbɔ ŋutɔ.” Le ŋɔdzi si me Dawid ɖo ta la, edo gbe ɖa na Yehowa. Egblɔ be: “Wole nya trɔm nam gbesiagbe; eye woƒe susuwo katã nye be, woawɔ vɔ̃ ɖe ŋunye.”—Psalmo 56:3, 6.
15. (a) Nukae Dawid wɔnɛ esime wòbia Yehowa be wòade yeƒe aɖatsiwo lãgbalẽgoe me alo wòaŋlɔ wo ɖe agbalẽ me? (b) Ne míele dzi dom le nɔnɔme aɖe si le míaƒe xɔse dom kpɔ me la, nuka dzie míate ŋu aka ɖo?
15 Emegbe, abe alesi woŋlɔe ɖe Psalmo 56:8 ene la, Dawid gblɔ nya lédziname siawo be: “Wòe xlẽ nye sisiƒewo, ède nye aɖatsiwo wò goe me! Ðe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?” Aleke wòɖɔ Yehowa ƒe belélename wòlé dzi na amee nye esi! Ne nu te ɖe mía dzi la, míate ŋu afa avi ayɔ Yehowa. Ame deblibo Yesu gɔ̃ hã wɔe. (Hebritɔwo 5:7) Dawid ka ɖe edzi be Yehowa lé ŋku ɖe ye ŋu eye aɖo ŋku yeƒe vevesese helĩhelĩa dzi, abe ɖee wòde yeƒe aɖatsiwo lãgbalẽgoe me loo alo ŋlɔ wo ɖe agbalẽ me ene.c Ðewohĩ àsusui be yeƒe aɖatsiwo ayɔ lãgbalẽgoe la alo axɔ agbalẽa ƒe axa gbogbowo. Ne nenemae la, àte ŋu alé dzi ɖe ƒo. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.”—Psalmo 34:19.
-
-
Yehowa Nya ‘Miaƒe Taɖawo Katã Ƒe Xexlẽme’Gbetakpɔxɔ—2005 | August 1
-
-
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
-