INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 14
  • Aleke Míate Ŋu Asubɔ Mawu Wòadze Eŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Míate Ŋu Asubɔ Mawu Wòadze Eŋu?
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Yehowa Subɔsubɔ Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe Wu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ðe Wòle Be Woade Ta Agu Na Mawu To Nɔnɔmetatawo Dzia?
    Nyɔ!—2008
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Amekawo Ƒe Tadedeague Dzea Mawu Ŋu?
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 14
Nusɔsrɔ̃ 14 lia. Yehowa Ðasefowo kple ame siwo wokpe la le ha dzim le hame ƒe kpekpe aɖe me.

NUSƆSRƆ̃ 14

Aleke Míate Ŋu Asubɔ Mawu Wòadze Eŋu?

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Abe ale si míekpɔe le nusɔsrɔ̃ si do ŋgɔ na esia me ene la, menye subɔsubɔhawo katãe dzea Mawu ŋu o. Gake míate ŋu asubɔ mía Wɔlaa le mɔ si dzea eŋu la nu. ‘Mawusubɔsubɔ’ ka ƒomevie dzea eŋu? (Yakobo 1:27) Na míakpɔ nya si Biblia gblɔ tso esia ŋu ɖa.

1. Aleke míawɔ anya ale si míasubɔ Mawu wòadze eŋu?

Biblia ye akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míasubɔ Mawu. Yesu gblɔ na Mawu be: “Wò nya la nye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Subɔsubɔha aɖewo gbe nyateƒe si Mawu ŋutɔ ɖe fia le eƒe Nya, Biblia me. Wotsɔ amegbetɔwo ƒe nufiafiawo kple kɔnyinyiwo ɖɔli nyateƒea. Gake Yehowa mekpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo “gbe Mawu ƒe se la” ŋu o. (Xlẽ Marko 7:9.) Gake ne ale si míesubɔa Mawui la wɔa ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia eye míewɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, míedoa dzidzɔ na Mawu ƒe dzi.

2. Aleke wòle be míasubɔ Yehowa Mawui?

Esi wònye be Yehowae nye mía Wɔla ta la, eya ɖeka koe wòle be míasubɔ. (Nyaɖeɖefia 4:11) Esia fia be, mele be míazã legba alo nɔnɔmewɔwɔ aɖeke le mía Wɔlaa subɔsubɔ me o, ke boŋ, ele be míalɔ̃e, eye míasubɔ eya ɖeka ko.—Xlẽ Yesaya 42:8.

Ele be míaƒe mawusubɔsubɔ nanɔ ‘kɔkɔe, eye wòadze Yehowa ŋu.’ (Romatɔwo 12:1) Esia fia be, ele be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo lɔ̃ Yehowa la lɔ̃ eƒe sedede siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu eye wowɔa wo dzi. Eye woƒoa asa na nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu, abe sigaretnono, atike vɔ̃ɖiwo zazã, alo aha tsu nono ene.a

3. Nu ka tae wòle be míawɔ ɖeka kple haxɔsetɔwo asubɔ Yehowa?

Kpekpe siwo míedena kwasiɖa sia kwasiɖa la naa mɔnukpɔkpɔ mí be ‘míakafu Yehowa le amehawo dome.’ (Psalmo 111:1, 2) Mɔ aɖe si dzi míetona wɔa esia ye nye be míedzia kafukafuhawo na Mawu. (Xlẽ Psalmo 104:33.) Yehowa di tso mía si be míanɔ kpekpeawo dem, elabena elɔ̃ mí, eye enya be kpekpeawo dede akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee. Le kpekpeawo me la, míedea dzi ƒo na mía nɔewo, eye esia ɖea vi na mí.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Míadzro nu si tae legbawo kple nɔnɔmewɔwɔwo zazã le mawusubɔsubɔ me medzea Yehowa ŋu o la me. Azɔ hã, àkpɔ mɔ vevi siwo dzi míate ŋu ato akafu Mawu.

4. Mele be míazã nɔnɔmewɔwɔwo kple legbawo le míaƒe mawusubɔsubɔ me o

Aleke míewɔ nya be nu mawo zazã medzea Mawu ŋu o? Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia si gbɔna me.

VIDEO: Ðe Nɔnɔmewɔwɔwo Zazã Le Subɔsubɔ Me Dzea Mawu Ŋua? (3:26)

Foto vovovoawo: 1. Israel viwo le sikanyivi legba subɔm le Sinai Toa gbɔ. 2. Ŋutsu aɖe si lé rosario ɖe asi la le gbe dom ɖa le ɖetugbui leaƒe Maria ƒe kpetata aɖe ŋgɔ.
  • Esi Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le blema la dometɔ aɖewo te kpɔ be yewoasubɔe to legba aɖe dzi la, nu kae dzɔ?

Nu si tae ame aɖewo zãa nɔnɔmewɔwɔwo le woƒe mawusubɔsubɔ me ye nye be, wodi be esia nakpe ɖe yewo ŋu yewoase le yewo ɖokui me be yewote ɖe Mawu ŋu kplikplikpli. Gake ɖe esia wɔwɔ ana Mawu nanɔ adzɔge tso wo gbɔ boŋua? Mixlẽ 2 Mose 20:4-6 kple Psalmo 106:35, 36, eye miadzro biabia siawo me:

  • Nɔnɔmewɔwɔ kple nu vovovo kawoe nèkpɔ be amewo zãna le woƒe mawusubɔsubɔ me?

  • Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne amewo le nu mawo zãm?

  • Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso nɔnɔmewɔwɔwo zazã atsɔ asubɔ Mawui ŋu?

5. Ne míesubɔa Yehowa ɖeka ko la, míavo tso alakpadzixɔsewo si me

Le video sia me la, àkpɔ ale si Yehowa subɔsubɔ le mɔ nyuitɔ nu ate ŋu ana míavo tso alakpadzixɔsewo si me. Mikpɔ VIDEOA.

VIDEO: Nyateƒea Na Ablɔɖem (5:16)

Mixlẽ Psalmo 91:14, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu kae Yehowa do ŋugbe be yeawɔ na mí ne míesubɔa eya ɖeka ko tsɔ ɖenɛ fiana be míelɔ̃e?

6. Míesubɔa Mawu le míaƒe hame ƒe kpekpewo me

Míekafua Yehowa hedea dzi ƒo na mía nɔewo ne míedzia ha eye míeɖoa nya ŋu le hame ƒe kpekpewo me. Mixlẽ Psalmo 22:22, eye miadzro biabia siawo me:

  • Ðe amewo ƒe nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me do dzidzɔ na wòa?

  • Ðe nàdi be yeadzra ɖo aɖo nya ŋu le hame ƒe kpekpe aɖe mea?

Nɔnɔmetata vovovoawo: Biblia nusrɔ̃vi aɖe si nye nyɔnu la le ale si wòasubɔ Mawu wòadze eŋu la srɔ̃m. 1. Ele kafukafuhawo dzim na Mawu le hame ƒe kpekpe aɖe me. 2. Ele nya ŋu ɖom le hame ƒe kpekpe aɖe me. 3. Ele video aɖe si ku ɖe Biblia me nyawo ŋu la ɖem fia nyɔnu aɖe kple vianyɔnuvi.

7. Edzɔa dzi na Yehowa ne míeƒoa nu tso nu siwo srɔ̃m míele ŋu na amewo

Míate ŋu ato mɔ vovovowo dzi agblɔ Biblia me nyateƒea na amewo. Mixlẽ Psalmo 9:1 kple 34:1, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu kae nèva srɔ̃ le Biblia me si ŋu nàdi be yeaƒo nu tsoe na ame aɖe?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Dzi mee Mawu kpɔna, eya ta, aleke kee míeɖasubɔe o, edzea eŋu.”

  • Nu kae nèsusu tso nya ma ŋu?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Míaƒe nu dzea mía Wɔla la ŋu ne míesubɔa eya ɖeka ko, ne míekafunɛ le hamea ƒe kpekpewo me, eye míeƒoa nu tso nu siwo míesrɔ̃ ŋu na ame bubuwo.

Numetoto

  • Aleke míawɔ anya ale si míasubɔ Mawu wòadze eŋu?

  • Nu ka tae Yehowa ɖeka koe wòle be míasubɔ?

  • Nu ka tae wòle be míawɔ ɖeka kple ame siwo dina be yewoadze Mawu ŋu ale be mía kpli wo míasubɔ Mawu ɖekae?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Xlẽ nu tso ale si nyɔnu aɖe wɔ dzudzɔ legbawo subɔsubɔ la ŋu le nyati si nye “Nyemeganye Kluvi Na Trɔ̃wo Azɔ O” la me.

“Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, July 1, 2011)

Xlẽ nu tso nu si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖo nya ŋu le hame ƒe kpekpewo me la ŋu.

“Mikafu Yehowa Le Hamea Me” (Gbetakpɔxɔ, January 2019)

Le video sia me la, àkpɔ ale si hame ƒe kpekpewo dede ɖe vi na ɖekakpui aɖe togbɔ be kpekpeawo dede menɔ bɔbɔe nɛ o hã.

Yehowa Léa Be Nam (3:07)

Ame geɖe xɔe se be atitsoga nye Kristotɔwo ƒe dzesi, gake ɖe wòle be míazãe le míaƒe mawusubɔsubɔ mea?

“Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Mezãa Atitsoga Le Tadedeagu Me O?” (Nyati sia le jw.org)

a Míava dzro nya siawo me le nusɔsrɔ̃ bubu siwo le ŋgɔ la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe