INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 2/1 axa 19
  • “Yehowa Ƒe Ŋkɔ Enye Mɔ̃ Sesẽ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Yehowa Ƒe Ŋkɔ Enye Mɔ̃ Sesẽ”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wogale Agbe!
  • Gbedodoɖa ƒe Ŋusẽ
  • Ðo Ŋu Ðe Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Ŋu Ne Nɔnɔmewo Trɔ Le Wò Agbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • “Fia Wò Lɔlɔ̃num Mawɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Yehowa—“Xɔnametɔ” Le Biblia Ŋlɔɣiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Fia David Wɔ Nu Vɔ̃
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 2/1 axa 19

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

“Yehowa Ƒe Ŋkɔ Enye Mɔ̃ Sesẽ”

MÍELE ɣeyiɣi siwo me nuwo te ŋu trɔna kpata la me. Nuwo ate ŋu atrɔ kpata le zã ɖeka me le míaƒe agbenɔnɔ siwo adze abe ɖe woli ke ene la me, eye afɔku gã aɖewo dzɔna ɖe ame aɖewo dzi le vome hafi wonyana. Dunyahehe me zitɔtɔwo, amedzidzedze dziŋɔwo, dzɔdzɔmefɔkuwo, alo dɔléle sesẽ ate ŋu ahe dzɔgbevɔ̃e vɛ. Afikae wòɖatso o, afikae wòle be Kristotɔ natrɔ ɖo ne eƒe agbe ɖo afɔku me?

David si nye dutanyanyuigblɔla le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖeka la kpɔ ŋuɖoɖo na nyabiabia ma le dzikatsoƒoenu aɖe si dzɔ ɖe edzi me. Esi wònye ʋukula si wode dɔ asi na ta la, etso gbeɖeka ŋdi yina Betel-dɔwɔla siwo tsoa aƒeme (lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo mele alɔdzedɔwɔƒea o) kɔ ge. Xexeame mekɔ haɖe o. Ekɔ Rosalía ɖe ʋua me eye wòto afima kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe aɖe ŋu yina esi wòse tu ƒe ɖiɖi gbãtɔ.

Emegbe nuwo va dzɔ kpatakpata. Ese gbeɖiɖi aɖe abe nanee wó ene eye wòkpɔe be ya nɔ dodom le ʋufɔtia ɖeka me. Kasia ekpɔ asrafo aɖe le mɔa titina wòdzidze tu ɖe edzi. Nu etɔ̃ sɔŋ ye dzɔ zi ɖeka kloe: Tukpewo koe lu ʋɔ triii va ŋɔ Jeep la ƒe axa dzi flofloflo eye wògbã ʋua ƒe fesrewo ƒe ahuhɔ̃ewo; David kple Rosalía bɔbɔ; asrafoa da tua to ŋgɔgbehuhɔ̃ea me.

Togbɔ be David bɔbɔ hã la, esi tukpeawo nɔ Jeep la lɔm la, edze agbagba alesi wòate ŋui eye wòtɔ ʋua. David kple Rosalía susu be yewoaku godoo. Wodo gbe ɖa na Yehowa sesĩe be wòakpɔ yewo ta. Rosalía gblɔ emegbe be yenɔ alesi yeƒe ƒomea awɔ ne wose be yeku la ŋu bum le ɣeyiɣi mawo me!

Wogale Agbe!

Tukpea ƒe ɖiɖi kple ahuhɔ̃ea ƒe gbagbã tɔ azɔ eye David lé ŋku ɖe Rosalía ŋu. Esi wòkpɔ ʋu sue aɖe le eƒe kɔ ŋu la, dzika tso eƒo ŋutɔ. Gake ahuhɔ̃e gbãgbɛ aɖe koe de abi afima ke menye tukpee o. Ahuhɔ̃e gbãgbɛ siwo sii la na eƒe klonu nɔ ʋu ɖim, gake le ema megbe la, nu bubu aɖeke megawɔe o.

Ŋutsu aɖewo siwo nɔ asrafowuwo me, siwo sa avɔ ɣiwo ɖe alɔnu la va Jeep la gbɔ eye woblu ɖe wo ta be woado go eye woakɔ abɔ dzi. Wo dometɔ ɖeka si dze abe eyae nye woƒe amegã ene la trɔ ɖe asrafo ɖeka ŋu eye wògblɔ be: “Wogblɔ na mi be migada tu dumeviwo o.” Asrafoa dze agbagba be yeaɖe ye ɖokui nu be tukpewo ƒe ɖiɖie yese eye yesusu be Jeep la mee wotso.

Esi David gblɔ be Yehowa Ðasefowoe ye kple Rosalía yewonye la, woƒe adãwɔwɔ nu ka fa vie. Egblɔ nusi wònɔ wɔwɔm la na wo gake asrafoawo di be yewoasika wo ɖi. Nusi dzɔe nye be, asrafoha aɖe dze agbagba be yewoamu dziɖuɖua ŋdi ma eye ɖeko asrafo siawo va be yewoaxɔ kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea koe nye ma David kple Rosalía wonɔ Jeep la me va yina.

Nua na Rosalía tɔtɔ vevie gake elé dzi ɖe ƒo heli kpoo esi David nɔ kuku ɖem be woaɖe asi le yewo ŋu. Mlɔeba woɖe mɔ na wo be woadzo—gake Jeep la ya tsi anyi. Wozɔ yi mɔ to va ɖo ʋu yi alɔdzedɔwɔƒea eye dɔnɔdzikpɔƒe si le afima kpɔ Rosalía gbɔ.

Gbedodoɖa ƒe Ŋusẽ

David srɔ̃ nane le nusi teƒe wòkpɔ la me—mele be míabu gbedodoɖa nu tsɛ gbeɖe o, eye migaŋlɔ be gbeɖe o be zi geɖe la, enyea ametakpɔkpɔ ne míeɖe mía ɖokui fia be Yehowa Ðasefowoe míenye. Ate ŋu ava eme ɖe nya la nu ŋutɔŋutɔ be “Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.”—Lododowo 15:29; 18:10; Filipitɔwo 4:6.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]

Fotografía de Publicaciones Capriles, Caracas, Venezuela

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe