“Mlã Ðevi”
AGBLEDEDE dzidzedzetɔe bia nu geɖe wu nuku aɖewo wuwu ɖe anyigba eye woatrɔ ayi le ɣleti ʋee aɖewo megbe be woaŋe nu. Dɔsesẽwɔwɔ geɖe hiã be woadzra anyigbaa ɖo ahaƒã nukuawo, eye woade tsi numiemieawo atrɔ asi le wo ŋu be woate ŋu atsi nyuie.
Dɔ siawo wɔwɔ na nya si wogblɔ le Lododowo 22:6 me kɔ, afisi gblɔ be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” Nyateƒee, dzilawo ƒe hehenana nye nu vevi aɖe le ɖeviwo nyinyi dzidzedzetɔe me.
Gake le egbe xexe sia si me woɖea mɔ ɖe nu ŋu le la, dzila geɖe do kpo aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ. Ne wokplɔ susu si le ame geɖe si be ɖeviwo ŋutɔ nasrɔ̃ alesi woakpɔ kuxiwo gbɔ ɖo la, enana wo viwo dagbana zi geɖe le wo ɖokui si be nu nadze edzi na yewo. Nuwɔna sia na wònɔa bɔbɔe be dzimakplawo kple ame mabunuwo gblẽa ɖeviawo dome.—Lododowo 13:20.
Aleke gbegbe wòanyo wue nye si be dzilawo naƒã Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo ɖe wo viwo me ne wotsɔ mawusosroɖa he wo tso ɖevime! Tso ɣekaɣi? Apostolo Paulo gblɔ be “tso ɖevime ke.” Nenemae wònɔ le ɖekakpui Timoteo gome. Dadaa Eunike kple mamaa Loide ƒã “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” ɖe Timoteo me si wɔe be ‘wòsrɔ̃e’ eye ‘wòkpɔ kakaɖedzi le wo me.’ Nukae nye emetsonu? Hehe ma wɔ akpa vevi aɖe be ‘wona nunyae hena agbexɔxɔ.’—Timoteo II 1:5; 3:14, 15.
Nenema ke egbea hã la, dzila siwo ‘mena ɖeɖi te wo ŋu le nu nyui wɔwɔ me o’ la, akpɔ teƒeɖoɖo ne ‘womegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o.’ (Galatiatɔwo 6:9) Nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe fofo tsoa aseye.”—Lododowo 23:24.