Na “Dzi Dzadzɛ” Nakpɔtɔ Anɔ Asiwò Le Ɣeyiɣi Sesẽ Siawo Me
KATOLIKOTƆWO ƒe nyadzɔdzɔŋlɔla, si ŋkɔe nye Vittorio Messori, gblɔ nu si wòde dzesi ku ɖe gbɔdɔdɔ me ŋukpenanu siwo wowɔ le Sɔlemehaa me nyitsɔ laa le Italy la ŋu be: “Ame aɖeke mate ŋu ake ɖi be agbe dzadzɛ nɔnɔ ƒe nya la nye kuxi le Sɔlemehaa me egbea o. . . . Eye womate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔ to nudidi si nye be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo nanye trewo la ɖeɖe ɖa me o, elabena gbɔdɔdɔ me ŋukpenanu siwo wowɔ la dometɔ 80 le alafa me nye gbɔdɔdɔ ƒe ŋukpenanu siwo nunɔlawo wɔ kple ŋutsuwo kpakple ŋutsuviwo.”—La Stampa.
Ðikeke mele eme o be ale si nu gbegblẽ wɔwɔ le agbogbo dom ɖe edzi la nye nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” ƒe dzesi. (2 Tim. 3:1-5) Abe ale si nyadzɔdzɔwo me nyatakakawo ɖee fia ene la, menye ame siwo mesubɔa Mawu o la ŋu koe agbe nyui nɔnɔ ƒe toyiyi le nu gblẽm le o, ke eva le ŋusẽ kpɔm ɖe ame siwo gblɔna be Mawu subɔlawoe yewonye la hã dzi. Woƒe dzi vɔ̃ɖi siwo ƒo ɖi la wɔe be woƒoa wo ɖokuiwo ɖe nuwɔna nyɔŋuwo me. (Ef. 2:2) Eya ta susu nyui aɖe tae Yesu xlɔ̃ nu be, “dzi mee susu vɔ̃wo bubu, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, agbe gbegblẽ nɔnɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo, busunyagbɔgblɔwo doa go tso.” (Mat. 15:19) Eya ta Yehowa Mawu di be yeƒe subɔlawo nalɔ̃ “dzi dzadzɛ.” (Lod. 22:11) Ekema alekee Kristotɔ ana dzi dzadzɛ nakpɔtɔ anɔ esi le ɣeyiɣi sesẽ siawo me?
Nu Kae Wòfia Be “Dzi Dzadzɛ” Nanɔ Ame Si?
Le Biblia me la, zi geɖe la, wozãa nya, “dzi” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, nya si wozãna na dzi le Biblia me la fiaa “ame si ƒomevi ame nye le ememe” eye “eyae nye amea ƒe amenyenye si ŋu Mawu léa ŋku ɖo, enye eƒe Mawu subɔsubɔ ƒe dzidzenuwo ƒe gɔmeɖoanyi, si fiaa mɔe le agbe nyui nɔnɔ gome.” Dzi la le tsitre ɖi na ame si tututu míenye le ememe. Abe ale si numekugbalẽa ƒe nyawo gblɔe ene la, dzi sia mee Yehowa dzrona, eye eya ŋue wòkpɔa ŋudzedze ɖo le esubɔlawo ŋu.—1 Pet. 3:4.
Le Biblia me la, “nu dzadzɛ” kple “nu kɔkɔe” ate ŋu afia nu si ŋu ɖi mele o. Gake le agbe nyui nɔnɔ kple mawusɔbɔsubɔ nyawo gome la, nya siawo ate ŋu afia nu si womeƒo ɖi o—nu si ƒe asixɔxɔ dzi womeɖe kpɔtɔ o, nu si ŋu womegblẽ nu le o, alo nu si dome womegblẽ o. Yesu gblɔ le Todzimawunyaa me be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dza le dzi me.” Le nyateƒe me la, ame siwo dza le ememe ŋu nya gblɔm wònɔ. (Mat. 5:8) Woƒe amelɔlɔ̃, didiwo, kple dzimesusuwo dza. Lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ʋã wo wolɔ̃ Yehowa ŋutɔŋutɔ kple woƒe dzi blibo alakpanuwɔwɔ manɔmee. (Luka 10:27) Enye wò hã wò didi be yeanɔ dzadzɛ alea, alo menye nenemae oa?
Nu Si Ta Wòsesẽ Be “Dzi Dzadzɛ” Nakpɔtɔ Anɔ Ame Si
Menye ɖeko wòle be Yehowa subɔla nanye ame si “ƒe asi me dza” ko o, ke ele hã be eƒe ‘dzi me nakɔ.’ (Ps. 24:3, 4) Ke hã, egbea la, ele sesẽm na Mawu subɔlawo tso ŋkeke yi ŋkeke be woakpɔtɔ anye ame siwo ƒe “dzi me kɔ.” Satana kple xexe si dzi ɖum wòle kpakple míaƒe ŋutilã madebliboa ƒonɛ ɖe mía nu be míawɔ nu si ate mí ɖa le Yehowa ŋu. Hafi míate ŋu aɖu ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo dzi la, ele vevie ŋutɔ be míalɔ̃ “dzi dzadzɛ” eye míaɖoe kplikpaa be míakpɔ eta. Esia akpɔ mía ta eye wòana míakpɔtɔ anye Mawu xɔlɔ̃wo. Alekee míawɔ be dzi dzadzɛ nakpɔtɔ anɔ mía si?
Woxlɔ̃ nu mí le Hebritɔwo 3:12 be: “Nɔviwo, mikpɔ nyuie, be dzi vɔ̃ɖi maxɔse nagaɖo mia dometɔ aɖeke me, le esi wòle tetem ɖa le Mawu gbagbe la gbɔ ta o.” “Dzi dzadzɛ” mate ŋu akpɔtɔ anɔ mía si ne míena ‘dzi maxɔse’ va su mía si o. Nukpɔsusu kawoe tso Satana Abosam gbɔ kaka ɖe xexea me siwo na amewo megaxɔa Mawu dzi sena o? Esiawo dometɔ aɖewoe nye nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia la, nukpɔsusu si nye be le agbe nyui nɔnɔ kple mawusɔbɔsubɔ gome la, nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenu vavã aɖeke meli o, kple susu si nye be menye Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo o. Mele be míaɖe mɔ nukpɔsusu vɔ̃ mawo nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. (Kol. 2:8) Biblia xexlẽ gbe sia gbe kple ŋugbledede vevie le nu si míexlẽ ŋu ye nye mɔ vevitɔ si dzi míato aɖu ŋusẽkpɔɖeamedzi mawo dzi. Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze vavãtɔ ado ŋusẽ lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa la eye wòana míakpɔ ŋudzedze ɖe ale si wòwɔa nu ɖe eƒe amewo ŋui la ŋu geɖe wu. Ele vevie ŋutɔ be lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu alea nanɔ mía me ne míedi be míaƒo asa na nuŋububu gbegblẽ mawo ahana ale si míexɔ Yehowa dzi se la me nakpɔtɔ asẽ ale be dzi dzadzɛ nakpɔtɔ anɔ mía si.—1 Tim. 1:3-5.
Ne Ŋutilã Ƒe Dzodzrowo Le Fu Ðem Na Mí
Ŋutilã ƒe dzodzrowo kple ŋutilãmenudidi vivivo ate ŋu anye ŋusẽkpɔɖeamedzi bubu si wòahiã be míakpe akɔ kple be “dzi dzadzɛ” nakpɔtɔ anɔ mía si. (1 Yoh. 2:15, 16) Galɔlɔ̃ alo didi be woaƒo kesinɔnu kple ŋutilãmenunɔamesi geɖewo nu ƒu na ame ɖokui ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔ ƒe dzi ŋu, si ana wòaƒo eɖokui ɖe nuwɔna siwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu la me. Kristotɔ ʋɛ aɖewo va zu nuteƒemawɔlawo le dɔwɔnyawo me, ɖewo ba ame bubuwo, alo fi amewo ƒe ga alo nu bubu siwo menye wo tɔ o.—1 Tim. 6:9, 10.
Gake ne míevɔ̃na na nu siwo madze Yehowa ŋu o wɔwɔ, míelɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye míeɖoe kplikpaa be míana dzitsinya nyui nanɔ mía si la, ekema míele eɖem le fiafiam be míelɔ̃ “dzi dzadzɛ.” Lɔlɔ̃ sia ʋãa mí be míayi edzi awɔ “nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me.” (Heb. 13:18) Ne míewɔa nu dzɔdzɔe la, míaƒe anukwareɖiɖi ate ŋu anye ɖaseɖiɖi nyui aɖe na amewo. Emilio, nɔviŋutsu Italytɔ aɖe, si nye ʋukula si wɔa dɔ na adzɔha aɖe la kpɔ kotokumekplo aɖe si me ga home si nye euro 470 (alo Amerika dɔlar 680) le, si ʋuɖola aɖe gblẽ ɖe ʋua me la. Ewɔ nuku na ehati dɔwɔlawo ŋutɔ esi wòtsɔ akplo la yi ɖana woƒe dɔdzikpɔla, eye eya hã tsɔe na ame si tɔ wònye hafi wòbú. Afɔ sia si Emilio ɖe la wɔ dɔ ɖe eƒe dɔwɔhatiwo dometɔ aɖewo dzi ale gbegbe be wova tsɔ ɖe le Biblia me nyawo me eye wolɔ̃ wote nusɔsrɔ̃ kpli wo. Nu si do tso emee nye be ame adre siwo tso ƒome vovovo eve me la va xɔ nyateƒea. Ɛ̃, míaƒe anukwareɖiɖi tso dzi dzadzɛ me ate ŋu aʋã amewo woakafu Mawu.—Tito 2:10.
Nu bubu aɖe si ate ŋu agblẽ nu le dzi dzadzɛ si le Kristotɔ si ŋu lae nye nukpɔsusu gbegblẽ si le amewo si ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu. Nyateƒe si wònye be amewo kpɔnɛ be naneke megblẽ le gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, ahasiwɔwɔ, kple ŋutsu kpakple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ ŋu o la ate ŋu agblẽ nu le dzi dzadzɛ si le Kristotɔ si la ŋu. Ne Kristotɔ na ta le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔ me la, ate ŋu ava nɔ agbe eve nɔm be yeatsɔ atsyɔ nu nu vɔ̃a dzi. Ðikekemanɔmee la, esia maɖee afia be “dzi dzadzɛ” le esi o.
Gabriele xɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 15 eye wòte mɔɖeɖedɔa wɔwɔ enumake. Ke hã, ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva te hadede kple ame maɖɔʋuwo le zãmodzakaɖeƒewo. (Ps. 26:4) Esia na wòte agbe gbegblẽ nɔnɔ, eye wòkplɔe de agbe eve nɔnɔ me, eye mlɔeba, wova ɖee le Kristo hamea me. Tohehe ma si Yehowa nae la na wòva bu tame vevie. Gabriele va gblɔ emegbe be: “Meva te nu siwo katã nyemebua nu veviwo tsã o la wɔwɔ moveviɖoɖotɔe. Meva nɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe henɔ agbagba dzem be mase nu si tututu Yehowa le gbɔgblɔm la gɔme, eye mesrɔ̃a teokrasigbalẽwo fɔléleɖenuŋutɔe. Meva kpɔ ale si gbegbe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ate ŋu avivi ame nu ahaɖe vi na amee kple ale si gbegbe Biblia xexlẽ kpakple gbedodoɖa tso dzi blibo me doa ŋusẽ amee la dze sii.” Esia kpe ɖe Gabriele ŋu wòɖe asi le eƒe agbe maɖɔʋua nɔnɔ ŋu eye wòna woa kple Yehowa dome gava le nyuie.
Fifia Gabriele gale subɔsubɔm ake abe mɔɖela ene, eye srɔ̃a hã le mɔɖeɖedɔa wɔm kplii. Nu si dzɔ ɖe nɔviŋutsu sia dzi la ɖo kpe edzi be Biblia kple “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la ƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu dzi dzadzɛ nasu esi eye wòaƒo asa na agbe gbegblẽ nɔnɔ.—Mat. 24:45; Ps. 143:10.
Ne Tetekpɔwo Va Mía Dzi
Tsitretsiɖeŋulawo ƒe fuɖename, ganyawo ƒe sesẽ, kple dɔléle sesẽwo na dzi ɖe le Mawu subɔla aɖewo ƒo. Ɣeaɖewoɣi la, esia gblẽa nu le woƒe dzi ŋu gɔ̃ hã. Nu sia dzɔ ɖe Fia David gɔ̃ hã dzi kpɔ; egblɔ be: “Nu te nye gbɔgbɔ ŋu, eye nye dzi lulu ɖe menye.” (Ps. 143:4) Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu do dzi le ɣeyiɣi mawo me? David ɖo ŋku ale si Mawu wɔa nu ɖe esubɔlawo ŋui kple ale si wòɖe eya ŋutɔ hã le nɔnɔme aɖewo me va yi la dzi. Ede ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ le Eƒe ŋkɔ gã la ta la ŋu. David susu Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu. (Ps. 143:5) Nenema kee ne míawo hã míedea ŋugble le mía Wɔla la kple nu siwo katã wòwɔ na mí kpakple nu siwo wòyi edzi le wɔwɔm na mí ŋu la, esia akpe ɖe mía ŋu ne míele tetekpɔwo me tom gɔ̃ hã.
Ne ame aɖe dze agɔ le mía dzi alo míese le mía ɖokui me be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, ate ŋu ate ɖe mía dzi. Ne míeyi edzi le nu si dzɔ ŋu bum la, ate ŋu awɔe be míagava nɔ mía nɔviwo lɔ̃m tututu o. Ate ŋu ana míadzudzɔ hadede kple mía nɔviwo, aɖe mía ɖokui ɖe aga eye míagava nɔ ɖe tsɔm le eme na wo ale si dze o. Gake ɖe nuwɔwɔ alea awɔ ɖeka kple didi be “dzi dzadzɛ” nanɔ mía sia? Eme kɔ ƒãa be taɖodzinu si nye be dzi ƒe nɔnɔme sia tɔgbi nanɔ mía si la gbɔ ɖoɖo lɔ ale si míewɔa nu kple mía nɔvi Kristotɔwo kple ale si míewɔa nu ɖe wo ŋu ne masɔmasɔwo do mo ɖa la ɖe eme.
Le xexe sia si yi edzi le gbegblẽm hele nyɔnyrɔm ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔnawo me me la, mí Kristotɔ vavãwo míeto vovo, elabena míelɔ̃ “dzi dzadzɛ.” Ne míede dzesi dzidzeme si dona tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me la, edoa ŋusẽ mí míedina be míanɔ agbe nyui. Ƒo wo katã ta la, enana be xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli aɖe nɔa mía kple mía Wɔla, Yehowa Mawu, si lɔ̃a ame siwo ƒe “dzi dza,” la dome. (Ps. 73:1) Ɛ̃, míate ŋu anɔ ame siwo akpɔ dzidzɔ la dome elabena, abe ale si Yesu do ŋugbee ene la, ame siwo si “dzi dzadzɛ” le lae “akpɔ Mawu” ne wole ale si Mawu le wo yramee la teƒe kpɔm.—Mat. 5:8.